Genesis 14 (BOECS)

1 Azɔ la, aʋa dzɔ le anyigba la dzi. Amrafel, Sinar fia, Ariok, Elasar fia, Kedolaoma, Elam fia kple Tidal, Goyim fia, 2 ho aʋa ɖe Bera, Sodom fia, Birsa, Gomora fia, Sinab, Adma fia, Semeber, Zeboyim fia kple Bela fia (si woyɔna be Zoar la) ŋu. 3 Fia siwo tso Sodom, Gomora, Adma, Seboyim kple Bela la na woƒe aʋakɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Sidom balime si nye (Dzeƒu la ƒe balime.) 4 Wonye Fia Kedolaoma teviwo ƒe wuieve sɔŋ, ke wotso ɖe fia sia ŋu le ƒe wuietɔ̃lia me. 5 Le ƒe wuienelia me la, Kedolaoma kple fia siwo kpe ɖe eŋu la yi ɖasi Refaimtɔwo le Asterot, Karnaimtɔwo kple Zuzitɔwo le Ham, Emitɔwo le Save Kiriataim 6 kple Horitɔwo le Seir ƒe tonyigba dzi heyi keke El Paran, afi si te ɖe gbegbe la ŋu. 7 Wotrɔ azɔ yi En Misfat (afi si woyɔna egbegbe be Kades la), eye woɖu Amalekitɔwo kple Amoritɔwo, ame siwo nɔ Hazazon Tamar la dzi. 8 Tete fia siwo tso Sodom, Gomora, Adma, Zeboyim kple Bela (si nye Zoar) la yi ɖaƒu asaɖa anyi ɖe Sidim Balime, 9 ɖe Kedolaoma, Elam fia, Tidal, Goyim fia, Amrafel, Sinar fia kple Ariok, Elasar fia ŋu. Fia ene kpe aʋa kple fia atɔ̃. 10 Ke aŋɔʋe geɖewo nɔ teƒe ma, eye esi Sodom kple Gomora fiawo si yina la, wo dometɔ aɖewo ge dze aŋɔʋeawo me. Ame mamlɛawo si yi toawo dzi. 11 Dziɖulawo ha Sodom kple Gomora ƒe kesinɔnuwo kple nuɖuɖuwo katã heɖo ta aƒe kpli wo. 12 Wolé Lot, ame si nye Abram ƒe tɔgãyɔvi si nɔ Sodom la, eye wokplɔe dzoe kple eƒe kesinɔnuwo katã. 13 Ame siwo si la dometɔ ɖeka va ka nya la ta na Abram, Hebritɔ la, esime wònɔ asaɖa me le Mamre si nye Amoritɔ la ƒe ati gãwo te. Mamre nye Eskol kple Aner, ame siwo nɔ Abram dzi la nɔvi. 14 Esi Abram se be woɖe aboyo Lot la, eƒo ƒu ame alafa etɔ̃ kple wuienyi (318) siwo nye aʋawɔlawo la tso eƒe aƒe me, eye wòkplɔ aʋakɔ la ɖo va se ɖe Dan. 15 Wodze aʋakɔ la dzi le zã ma me, eye wonya wo va se ɖe Hoba le Damasko ƒe anyiehe lɔƒo. 16 Abram xɔ futɔwo ƒe kesinɔnuwo, Lot kple eƒe kesinɔnuwo hekpe ɖe Lot ƒe nyɔnuwo kple ame bubu siwo katã wolé le aʋa la me la ŋu le futɔwo si. 17 Esi Abram trɔ gbɔna tso aʋa si wòho ɖe Kedolaoma kple fia bubuawo ŋu le Save balime (si wogayɔna be Fia ƒe Balime) la, Sodom fia va kpee, 18 eye Salem fia Melkizedek, ame si nye Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nunɔla la tsɔ abolo kple wain vɛ nɛ, 19 eye wòyra Abram gblɔ be,“Mawu Dziƒoʋĩtɔ,dziƒo kple anyigba wɔla nayra Abram, 20 eye woakafu Mawu Dziƒoʋĩtɔ la,ame si tsɔ wò futɔwo de asi na wò la.”Tete Abraham tsɔ nuawo katã ƒe ewolia nɛ. 21 Sodom fia gblɔ na Abram be, “Ɖe asi le nye ame siwo nèlé la ko ŋu nam, eye nàtsɔ kesinɔnu siwo nèha tso nye du me la faa.” 22 Abram ɖo eŋu nɛ be, “Mele adzɔgbe ɖem na Yehowa, Mawu Dziƒoʋĩtɔ, ame si wɔ dziƒo kple anyigba la 23 be nyemaxɔ ɖetika ɖeka gɔ̃ hã le asiwò o, ne menye nenema o la, àva gblɔ be, ‘Abram zu kesinɔtɔ le nu si menae la ta.’ 24 Nu si maxɔ koe anye nu si ɖekakpui siawo ɖu. Ke tsɔ kesinɔnuawo ƒe akpa aɖe na Aner, Eskol kple Mamre, ame siwo kpe ɖe ŋunye le aʋa la wɔwɔ me.”

In Other Versions

Genesis 14 in the ANGEFD

Genesis 14 in the ANTPNG2D

Genesis 14 in the AS21

Genesis 14 in the BAGH

Genesis 14 in the BBPNG

Genesis 14 in the BBT1E

Genesis 14 in the BDS

Genesis 14 in the BEV

Genesis 14 in the BHAD

Genesis 14 in the BIB

Genesis 14 in the BLPT

Genesis 14 in the BNT

Genesis 14 in the BNTABOOT

Genesis 14 in the BNTLV

Genesis 14 in the BOATCB

Genesis 14 in the BOATCB2

Genesis 14 in the BOBCV

Genesis 14 in the BOCNT

Genesis 14 in the BOGWICC

Genesis 14 in the BOHCB

Genesis 14 in the BOHCV

Genesis 14 in the BOHLNT

Genesis 14 in the BOHNTLTAL

Genesis 14 in the BOICB

Genesis 14 in the BOILNTAP

Genesis 14 in the BOITCV

Genesis 14 in the BOKCV

Genesis 14 in the BOKCV2

Genesis 14 in the BOKHWOG

Genesis 14 in the BOKSSV

Genesis 14 in the BOLCB

Genesis 14 in the BOLCB2

Genesis 14 in the BOMCV

Genesis 14 in the BONAV

Genesis 14 in the BONCB

Genesis 14 in the BONLT

Genesis 14 in the BONUT2

Genesis 14 in the BOPLNT

Genesis 14 in the BOSCB

Genesis 14 in the BOSNC

Genesis 14 in the BOTLNT

Genesis 14 in the BOVCB

Genesis 14 in the BOYCB

Genesis 14 in the BPBB

Genesis 14 in the BPH

Genesis 14 in the BSB

Genesis 14 in the CCB

Genesis 14 in the CUV

Genesis 14 in the CUVS

Genesis 14 in the DBT

Genesis 14 in the DGDNT

Genesis 14 in the DHNT

Genesis 14 in the DNT

Genesis 14 in the ELBE

Genesis 14 in the EMTV

Genesis 14 in the ESV

Genesis 14 in the FBV

Genesis 14 in the FEB

Genesis 14 in the GGMNT

Genesis 14 in the GNT

Genesis 14 in the HARY

Genesis 14 in the HNT

Genesis 14 in the IRVA

Genesis 14 in the IRVB

Genesis 14 in the IRVG

Genesis 14 in the IRVH

Genesis 14 in the IRVK

Genesis 14 in the IRVM

Genesis 14 in the IRVM2

Genesis 14 in the IRVO

Genesis 14 in the IRVP

Genesis 14 in the IRVT

Genesis 14 in the IRVT2

Genesis 14 in the IRVU

Genesis 14 in the ISVN

Genesis 14 in the JSNT

Genesis 14 in the KAPI

Genesis 14 in the KBT1ETNIK

Genesis 14 in the KBV

Genesis 14 in the KJV

Genesis 14 in the KNFD

Genesis 14 in the LBA

Genesis 14 in the LBLA

Genesis 14 in the LNT

Genesis 14 in the LSV

Genesis 14 in the MAAL

Genesis 14 in the MBV

Genesis 14 in the MBV2

Genesis 14 in the MHNT

Genesis 14 in the MKNFD

Genesis 14 in the MNG

Genesis 14 in the MNT

Genesis 14 in the MNT2

Genesis 14 in the MRS1T

Genesis 14 in the NAA

Genesis 14 in the NASB

Genesis 14 in the NBLA

Genesis 14 in the NBS

Genesis 14 in the NBVTP

Genesis 14 in the NET2

Genesis 14 in the NIV11

Genesis 14 in the NNT

Genesis 14 in the NNT2

Genesis 14 in the NNT3

Genesis 14 in the PDDPT

Genesis 14 in the PFNT

Genesis 14 in the RMNT

Genesis 14 in the SBIAS

Genesis 14 in the SBIBS

Genesis 14 in the SBIBS2

Genesis 14 in the SBICS

Genesis 14 in the SBIDS

Genesis 14 in the SBIGS

Genesis 14 in the SBIHS

Genesis 14 in the SBIIS

Genesis 14 in the SBIIS2

Genesis 14 in the SBIIS3

Genesis 14 in the SBIKS

Genesis 14 in the SBIKS2

Genesis 14 in the SBIMS

Genesis 14 in the SBIOS

Genesis 14 in the SBIPS

Genesis 14 in the SBISS

Genesis 14 in the SBITS

Genesis 14 in the SBITS2

Genesis 14 in the SBITS3

Genesis 14 in the SBITS4

Genesis 14 in the SBIUS

Genesis 14 in the SBIVS

Genesis 14 in the SBT

Genesis 14 in the SBT1E

Genesis 14 in the SCHL

Genesis 14 in the SNT

Genesis 14 in the SUSU

Genesis 14 in the SUSU2

Genesis 14 in the SYNO

Genesis 14 in the TBIAOTANT

Genesis 14 in the TBT1E

Genesis 14 in the TBT1E2

Genesis 14 in the TFTIP

Genesis 14 in the TFTU

Genesis 14 in the TGNTATF3T

Genesis 14 in the THAI

Genesis 14 in the TNFD

Genesis 14 in the TNT

Genesis 14 in the TNTIK

Genesis 14 in the TNTIL

Genesis 14 in the TNTIN

Genesis 14 in the TNTIP

Genesis 14 in the TNTIZ

Genesis 14 in the TOMA

Genesis 14 in the TTENT

Genesis 14 in the UBG

Genesis 14 in the UGV

Genesis 14 in the UGV2

Genesis 14 in the UGV3

Genesis 14 in the VBL

Genesis 14 in the VDCC

Genesis 14 in the YALU

Genesis 14 in the YAPE

Genesis 14 in the YBVTP

Genesis 14 in the ZBP