Isaiah 19 (BOECS)
1 Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Egipte ŋu.Kpɔ ɖa, Yehowa ɖi tso dziƒo gbɔna va Egiptekple du le lilikpowo dzi.Egipte legbawo dzo nyanyanya le eŋkume,eye vɔvɔ̃ na be, Egiptetɔwo ƒe dzi lolo ɖe dɔ me na wo. 2 “Mana be Egiptetɔwo nawɔ avu kple wo nɔewo,nɔvi kple nɔvi nawɔ avu, zɔhɛ natso ɖe zɔhɛ ŋu,du natso ɖe du ŋu,eye fiaɖuƒe natso ɖe fiaɖuƒe ŋuti. 3 Dzi aɖe le Egiptetɔwo ƒo, eye matɔtɔ woƒe ɖoɖowo.Woayi aɖabia nu le legbawo, ŋɔligbɔgbɔwo,ŋɔliyɔlawo kple afakalawo gbɔ. 4 Matsɔ Egiptetɔwo ade ŋutasẽla aɖe ƒe ŋusẽ te,eye fia vɔ̃ɖi aɖe aɖu wo dzi.”Aƒetɔ, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. 5 Nil tɔsisi la amie,eye eme aƒu kplakplakpla. 6 Tɔʋumetsiwo aƒaƒã, anɔ ʋeʋẽm.Egipte tɔʋuwo hã amie, eye wo me aƒu.Aƒla kple aɖa siwo le tɔsisi la me la ayrɔ. 7 Nenema ke gbe siwo mie ɖe Nil tɔsisi la tokple esiwo mie ɖe tɔsisi la kple ƒu laƒe godoƒe la hã ayrɔ.Nuku siwo le bo dzi le Nil tɔsisi la to la afia,eye ya aƒo wo adzoe. 8 Tɔƒodelawo kple ame siwo doa ƒu ɖe tɔsisi la me la aɖe hũu, afa konyi,eye nenema ke ame siwo daa asabu ɖe tɔa me la hã axa nu. 9 Ɖetitrelawo abu mɔkpɔkpɔ,nenema kee nye aklalavɔ biɖibiɖiwo lɔ̃lawo hã. 10 Ketelɔlawo ƒe mo atsi daaeye agbatedɔwɔlawo katã ƒe dzi axa nu. 11 Zoan ƒe dumegãwo azu bometsilawo.Farao ƒe aɖaŋuɖola nyanuwo ɖo aɖaŋu manyatalenuwo.Aleke nàte ŋu agblɔ na Farao be,“Menye nunyalawo dometɔ ɖeka,menye blemafiawo ƒe nusrɔ̃la?” 12 Afi ka miaƒe nunyalawo le azɔ.Wonegblɔ nu siwo Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,ɖo ɖe Egipte ŋu la na mí. 13 Zoan ƒe dumegãwo zu bometsilawo.Woble Memfis ƒe dukplɔlawo,eye ame siwo nye eƒe dzogoedzikpewo la kplɔ Egipte trae. 14 Yehowa tsɔ ŋuzitsɔame ƒe gbɔgbɔ de wo me.Ale wòna Egipte mu sɔgɔsɔgɔ le nu siwo katãwòwɔna la me abe ale si ahanomunɔtɔ mlina le xe sieya ŋutɔ ɖe la me ene. 15 Naneke meli Egipte nawɔ o, ta alo asike,deʋaya alo keti mate ŋu awɔ naneke na Egipte o. 16 Ɣe ma ɣi la, Egiptetɔwo azu abe nyɔnuwo ene. Ŋɔ adzi wo woadzo nyanyanya le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe asi si wòkɔ dzi ɖe wo ŋuti la ta. 17 Ne woyɔ Yuda ŋkɔ teti hã la, ŋɔ adzi Egiptetɔwo, eye woƒe dzi age ɖe dɔ me na wo ɖe gbegblẽ si Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, wɔ ɖe wo ŋu la ta. 18 Le ɣe ma ɣi la, du gã atɔ̃ le Egiptenyigba dzi atrɔ adze Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la yome, eye woasrɔ̃ Hebrigbe agblɔ. Woayɔ du siawo dometɔ ɖeka be Heliopolis, Ɣekeklẽdu. 19 Le ŋkeke mawo me la, woaɖi vɔsamlekpui gã aɖe ɖe Egiptenyigba la titina na Yehowa, eye woaɖi ŋkuɖodzikpe ɖe woƒe liƒo dzi na Yehowa. 20 Esiae nye dzesi kple ŋkuɖodzi na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, le Egiptenyigba dzi. Ne wodo ɣli na Yehowa le woƒe futɔwo ta la, aɖo ɖela kple ametaʋlila ɖe wo be wòaɖe wo le woƒe futɔwo ƒe asi me. 21 Le ŋkeke ma me la, Yehowa aɖe eɖokui afia Egiptetɔwo, woadze si Yehowa, eye woatsɔ woƒe vɔsawo kple nunanawo asubɔe. Woaɖe adzɔgbe na Yehowa, eye woawɔ edzi. 22 Yehowa akplɔ dɔvɔ̃ aƒu Egiptetɔwo; aƒo wo, eye wòagayɔ dɔ wo. Woatrɔ ɖe Yehowa ŋu, eye wòase woƒe kukuɖeɖe ahayɔ dɔ wo. 23 Le ŋkeke ma me la, woado mɔ gã aɖe ɖe Egipte kple Asiria dome, Asiriatɔwo azɔ edzi ayi Egipte, Egiptetɔwo hã azɔ edzi ayi Asiria, eye wo kple eve la woasubɔ ɖekae. 24 Ɣe ma ɣi la, Israel, nye etɔ̃lia akpe ɖe Egipte kple Asiria ŋu, esiae nye yayra le anyigba dzi. 25 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ayra wo agblɔ be, “Woayra wò, Egipte, nye dukɔ, Asiria, nye asinudɔwɔwɔ kple wò, Israel, nye domenyinu.”
In Other Versions
Isaiah 19 in the ANGEFD
Isaiah 19 in the ANTPNG2D
Isaiah 19 in the AS21
Isaiah 19 in the BAGH
Isaiah 19 in the BBPNG
Isaiah 19 in the BBT1E
Isaiah 19 in the BDS
Isaiah 19 in the BEV
Isaiah 19 in the BHAD
Isaiah 19 in the BIB
Isaiah 19 in the BLPT
Isaiah 19 in the BNT
Isaiah 19 in the BNTABOOT
Isaiah 19 in the BNTLV
Isaiah 19 in the BOATCB
Isaiah 19 in the BOATCB2
Isaiah 19 in the BOBCV
Isaiah 19 in the BOCNT
Isaiah 19 in the BOGWICC
Isaiah 19 in the BOHCB
Isaiah 19 in the BOHCV
Isaiah 19 in the BOHLNT
Isaiah 19 in the BOHNTLTAL
Isaiah 19 in the BOICB
Isaiah 19 in the BOILNTAP
Isaiah 19 in the BOITCV
Isaiah 19 in the BOKCV
Isaiah 19 in the BOKCV2
Isaiah 19 in the BOKHWOG
Isaiah 19 in the BOKSSV
Isaiah 19 in the BOLCB
Isaiah 19 in the BOLCB2
Isaiah 19 in the BOMCV
Isaiah 19 in the BONAV
Isaiah 19 in the BONCB
Isaiah 19 in the BONLT
Isaiah 19 in the BONUT2
Isaiah 19 in the BOPLNT
Isaiah 19 in the BOSCB
Isaiah 19 in the BOSNC
Isaiah 19 in the BOTLNT
Isaiah 19 in the BOVCB
Isaiah 19 in the BOYCB
Isaiah 19 in the BPBB
Isaiah 19 in the BPH
Isaiah 19 in the BSB
Isaiah 19 in the CCB
Isaiah 19 in the CUV
Isaiah 19 in the CUVS
Isaiah 19 in the DBT
Isaiah 19 in the DGDNT
Isaiah 19 in the DHNT
Isaiah 19 in the DNT
Isaiah 19 in the ELBE
Isaiah 19 in the EMTV
Isaiah 19 in the ESV
Isaiah 19 in the FBV
Isaiah 19 in the FEB
Isaiah 19 in the GGMNT
Isaiah 19 in the GNT
Isaiah 19 in the HARY
Isaiah 19 in the HNT
Isaiah 19 in the IRVA
Isaiah 19 in the IRVB
Isaiah 19 in the IRVG
Isaiah 19 in the IRVH
Isaiah 19 in the IRVK
Isaiah 19 in the IRVM
Isaiah 19 in the IRVM2
Isaiah 19 in the IRVO
Isaiah 19 in the IRVP
Isaiah 19 in the IRVT
Isaiah 19 in the IRVT2
Isaiah 19 in the IRVU
Isaiah 19 in the ISVN
Isaiah 19 in the JSNT
Isaiah 19 in the KAPI
Isaiah 19 in the KBT1ETNIK
Isaiah 19 in the KBV
Isaiah 19 in the KJV
Isaiah 19 in the KNFD
Isaiah 19 in the LBA
Isaiah 19 in the LBLA
Isaiah 19 in the LNT
Isaiah 19 in the LSV
Isaiah 19 in the MAAL
Isaiah 19 in the MBV
Isaiah 19 in the MBV2
Isaiah 19 in the MHNT
Isaiah 19 in the MKNFD
Isaiah 19 in the MNG
Isaiah 19 in the MNT
Isaiah 19 in the MNT2
Isaiah 19 in the MRS1T
Isaiah 19 in the NAA
Isaiah 19 in the NASB
Isaiah 19 in the NBLA
Isaiah 19 in the NBS
Isaiah 19 in the NBVTP
Isaiah 19 in the NET2
Isaiah 19 in the NIV11
Isaiah 19 in the NNT
Isaiah 19 in the NNT2
Isaiah 19 in the NNT3
Isaiah 19 in the PDDPT
Isaiah 19 in the PFNT
Isaiah 19 in the RMNT
Isaiah 19 in the SBIAS
Isaiah 19 in the SBIBS
Isaiah 19 in the SBIBS2
Isaiah 19 in the SBICS
Isaiah 19 in the SBIDS
Isaiah 19 in the SBIGS
Isaiah 19 in the SBIHS
Isaiah 19 in the SBIIS
Isaiah 19 in the SBIIS2
Isaiah 19 in the SBIIS3
Isaiah 19 in the SBIKS
Isaiah 19 in the SBIKS2
Isaiah 19 in the SBIMS
Isaiah 19 in the SBIOS
Isaiah 19 in the SBIPS
Isaiah 19 in the SBISS
Isaiah 19 in the SBITS
Isaiah 19 in the SBITS2
Isaiah 19 in the SBITS3
Isaiah 19 in the SBITS4
Isaiah 19 in the SBIUS
Isaiah 19 in the SBIVS
Isaiah 19 in the SBT
Isaiah 19 in the SBT1E
Isaiah 19 in the SCHL
Isaiah 19 in the SNT
Isaiah 19 in the SUSU
Isaiah 19 in the SUSU2
Isaiah 19 in the SYNO
Isaiah 19 in the TBIAOTANT
Isaiah 19 in the TBT1E
Isaiah 19 in the TBT1E2
Isaiah 19 in the TFTIP
Isaiah 19 in the TFTU
Isaiah 19 in the TGNTATF3T
Isaiah 19 in the THAI
Isaiah 19 in the TNFD
Isaiah 19 in the TNT
Isaiah 19 in the TNTIK
Isaiah 19 in the TNTIL
Isaiah 19 in the TNTIN
Isaiah 19 in the TNTIP
Isaiah 19 in the TNTIZ
Isaiah 19 in the TOMA
Isaiah 19 in the TTENT
Isaiah 19 in the UBG
Isaiah 19 in the UGV
Isaiah 19 in the UGV2
Isaiah 19 in the UGV3
Isaiah 19 in the VBL
Isaiah 19 in the VDCC
Isaiah 19 in the YALU
Isaiah 19 in the YAPE
Isaiah 19 in the YBVTP
Isaiah 19 in the ZBP