Isaiah 33 (BOECS)
1 Baba na wò, o nugblẽla!Wò ame si womegblẽ o.Baba na wò, o ametatrɔla!Wò ame si womede asi o.Ne èdzudzɔ nugbegblẽ la, woagblẽ wò hãne èdzudzɔ ametatɔtrɔ la, woatrɔ wò hã tawò. 2 O! Yehowa, ve mía nu;míele diwòm vevie.Nye míaƒe ŋusẽ ŋdi sia ŋdi.Nye mía ɖela le xaxaɣeyiɣiwo me. 3 Ne èɖe gbe la, amewo sina,ne ètso la, dukɔwo kakana hlẽna. 4 O! Dukɔwo, woaƒo miaƒe nuhahawo nu ƒuabe ale si woƒoa ŋɔviwo nu ƒue ene,eye amewo adze wo dzi abe ale si ʋetsuviwoƒe ha gã aɖe dzea nu dzi ene. 5 Wodo Yehowa ɖe dzi,elabena etsɔ dziƒo wɔ nɔƒee.Atsɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔkple dzɔdzɔenyenye ayɔ Zion. 6 Anye gɔmeɖokpe sesẽ na míaƒe ɣeyiɣiwo.Anye nudzraɖoƒe gã na ɖeɖekpɔkpɔ,dziƒonunya kple sidzedze, eye Yehowavɔvɔ̃anye safui na kesinɔnu sia. 7 Kpɔ ɖa woƒe kalẽtɔwo le avi fam sesĩe le mɔtatawo dzi.Ŋutifafa ƒe ame dɔdɔwo fa avi vevie. 8 Gbedzimɔwo ɖi gbɔlo, eye mɔzɔla aɖeke mele mɔtatawo dzi o.Nubabla la me gblẽ.Wodo ŋunyɔ eƒe ɖasefowo,eye womede bubu ame aɖeke ŋuti o. 9 Anyigba la ƒu kplakplakpla,eye naneke megale edzi o.Ŋu kpe Lebanon, eye wòyrɔ sũu.Saron le abe Araba gbegbe ene.Basan kple Karmel lũ xɛ abe ati ene. 10 Yehowa be, “Matso azɔ, woadom ɖe dzi,eye woakɔ nye alɔ ɖe dzi azɔ. 11 Atsakiti nye fu nèfɔ, eye nèdzi gbe ƒuƒu.Wò gbɔgbɔ nye dzo si fia wò. 12 Woafiã abe akalo ene,eye woatɔ dzo wo abe ŋuve si wolã kɔ ɖi ene.” 13 Mi ame siwo le adzɔge, mise nu si mewɔ.Mi ame siwo tso kpuiƒe, mide dzesi nye ŋusẽ! 14 Ŋɔdzi lé nu vɔ̃ wɔla siwo le Zion,eye vɔvɔ̃ dze Mawumavɔ̃lawo dzi, wobia be,“Mía dometɔ kae anɔ te ɖe dzobinu la nu?Mía dometɔ kae anɔ anyi ɖe dzo mavɔ̃ sia me.” 15 Ame si zɔna le dzɔdzɔenyenye me,eye wògblɔa nu si le eteƒe,ame si tsri viɖe si wokpɔ to amebaba me, eye mexɔa zãnu o,ame si xe eƒe towo be magase hlɔ̃donyawo o,ame si mia eƒe ŋkuwobe makpɔ nu gbegblẽ wɔwɔ o. 16 Esiae nye ame si anɔ kɔkɔƒe,eye eƒe bebeƒe anye mɔ sesẽ si le towo tame.Akpɔ abolo aɖu ɖaa,eye tsinono mahiãe o. 17 Wò ŋkuwo akpɔ fia la le eƒe atsyɔ̃ɖoɖo gã me,eye àkpɔ anyigba keke la le adzɔge. 18 Àbu ŋɔdzinu siwo nèwɔ va yi le wò susu me be,“Afi ka amegã ma le?Afi ka ame si dzɔa adzɔga la le?Afi ka amegã si kpɔa gbetakpɔxɔwo dzi la le?” 19 Màgakpɔ ɖokuiŋudzela mawo azɔ o,ame siwo fiana, eye woƒe nuƒo gɔme menyasena o. 20 Wò ŋku nenɔ Zion dzi.Du si me mieɖua miaƒe ŋkekenyuiwo le;wò ŋkuwo akpɔ Yerusalem,ŋutifafaƒe kple agbadɔ si womaɖe ɖa akpɔ o.Womaho eƒe tsyotiwo le tomealo alã ka siwo wohe ɖe wo ŋuti o. 21 Afi mae Yehowa, le eƒe ŋutikɔkɔe me,anye míaƒe Ŋusẽtɔ le.Anɔ abe teƒe si tɔ gbadzawo kple tɔʋuwo le la ene.Tɔdziʋu siwo wokuna kple tablu la,made afi ma oeye meli gã aɖeke hã mato edzi ayi o, 22 elabena Yehowae nye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la.Yehowae nye ame si wɔ sewo na mí,eye Yehowae nye míaƒe fia.Eyae nye ame si aɖe mí. 23 Wò abaladokawo me gbɔdzɔ;womebla wò abaladotiawo sesĩe o;ale wò abalawo me meke o,eya ta woama afunyinu gbogboawo,eye tekunɔwo gɔ̃ hã atsɔ nuhahawo adzoe. 24 Ame siwo le Zion la dometɔ aɖeke magblɔ be,“Mele dɔ lém” o,eye woatsɔ ame siwo le afi ma la ƒe nuvɔ̃wo ake wo.
In Other Versions
Isaiah 33 in the ANGEFD
Isaiah 33 in the ANTPNG2D
Isaiah 33 in the AS21
Isaiah 33 in the BAGH
Isaiah 33 in the BBPNG
Isaiah 33 in the BBT1E
Isaiah 33 in the BDS
Isaiah 33 in the BEV
Isaiah 33 in the BHAD
Isaiah 33 in the BIB
Isaiah 33 in the BLPT
Isaiah 33 in the BNT
Isaiah 33 in the BNTABOOT
Isaiah 33 in the BNTLV
Isaiah 33 in the BOATCB
Isaiah 33 in the BOATCB2
Isaiah 33 in the BOBCV
Isaiah 33 in the BOCNT
Isaiah 33 in the BOGWICC
Isaiah 33 in the BOHCB
Isaiah 33 in the BOHCV
Isaiah 33 in the BOHLNT
Isaiah 33 in the BOHNTLTAL
Isaiah 33 in the BOICB
Isaiah 33 in the BOILNTAP
Isaiah 33 in the BOITCV
Isaiah 33 in the BOKCV
Isaiah 33 in the BOKCV2
Isaiah 33 in the BOKHWOG
Isaiah 33 in the BOKSSV
Isaiah 33 in the BOLCB
Isaiah 33 in the BOLCB2
Isaiah 33 in the BOMCV
Isaiah 33 in the BONAV
Isaiah 33 in the BONCB
Isaiah 33 in the BONLT
Isaiah 33 in the BONUT2
Isaiah 33 in the BOPLNT
Isaiah 33 in the BOSCB
Isaiah 33 in the BOSNC
Isaiah 33 in the BOTLNT
Isaiah 33 in the BOVCB
Isaiah 33 in the BOYCB
Isaiah 33 in the BPBB
Isaiah 33 in the BPH
Isaiah 33 in the BSB
Isaiah 33 in the CCB
Isaiah 33 in the CUV
Isaiah 33 in the CUVS
Isaiah 33 in the DBT
Isaiah 33 in the DGDNT
Isaiah 33 in the DHNT
Isaiah 33 in the DNT
Isaiah 33 in the ELBE
Isaiah 33 in the EMTV
Isaiah 33 in the ESV
Isaiah 33 in the FBV
Isaiah 33 in the FEB
Isaiah 33 in the GGMNT
Isaiah 33 in the GNT
Isaiah 33 in the HARY
Isaiah 33 in the HNT
Isaiah 33 in the IRVA
Isaiah 33 in the IRVB
Isaiah 33 in the IRVG
Isaiah 33 in the IRVH
Isaiah 33 in the IRVK
Isaiah 33 in the IRVM
Isaiah 33 in the IRVM2
Isaiah 33 in the IRVO
Isaiah 33 in the IRVP
Isaiah 33 in the IRVT
Isaiah 33 in the IRVT2
Isaiah 33 in the IRVU
Isaiah 33 in the ISVN
Isaiah 33 in the JSNT
Isaiah 33 in the KAPI
Isaiah 33 in the KBT1ETNIK
Isaiah 33 in the KBV
Isaiah 33 in the KJV
Isaiah 33 in the KNFD
Isaiah 33 in the LBA
Isaiah 33 in the LBLA
Isaiah 33 in the LNT
Isaiah 33 in the LSV
Isaiah 33 in the MAAL
Isaiah 33 in the MBV
Isaiah 33 in the MBV2
Isaiah 33 in the MHNT
Isaiah 33 in the MKNFD
Isaiah 33 in the MNG
Isaiah 33 in the MNT
Isaiah 33 in the MNT2
Isaiah 33 in the MRS1T
Isaiah 33 in the NAA
Isaiah 33 in the NASB
Isaiah 33 in the NBLA
Isaiah 33 in the NBS
Isaiah 33 in the NBVTP
Isaiah 33 in the NET2
Isaiah 33 in the NIV11
Isaiah 33 in the NNT
Isaiah 33 in the NNT2
Isaiah 33 in the NNT3
Isaiah 33 in the PDDPT
Isaiah 33 in the PFNT
Isaiah 33 in the RMNT
Isaiah 33 in the SBIAS
Isaiah 33 in the SBIBS
Isaiah 33 in the SBIBS2
Isaiah 33 in the SBICS
Isaiah 33 in the SBIDS
Isaiah 33 in the SBIGS
Isaiah 33 in the SBIHS
Isaiah 33 in the SBIIS
Isaiah 33 in the SBIIS2
Isaiah 33 in the SBIIS3
Isaiah 33 in the SBIKS
Isaiah 33 in the SBIKS2
Isaiah 33 in the SBIMS
Isaiah 33 in the SBIOS
Isaiah 33 in the SBIPS
Isaiah 33 in the SBISS
Isaiah 33 in the SBITS
Isaiah 33 in the SBITS2
Isaiah 33 in the SBITS3
Isaiah 33 in the SBITS4
Isaiah 33 in the SBIUS
Isaiah 33 in the SBIVS
Isaiah 33 in the SBT
Isaiah 33 in the SBT1E
Isaiah 33 in the SCHL
Isaiah 33 in the SNT
Isaiah 33 in the SUSU
Isaiah 33 in the SUSU2
Isaiah 33 in the SYNO
Isaiah 33 in the TBIAOTANT
Isaiah 33 in the TBT1E
Isaiah 33 in the TBT1E2
Isaiah 33 in the TFTIP
Isaiah 33 in the TFTU
Isaiah 33 in the TGNTATF3T
Isaiah 33 in the THAI
Isaiah 33 in the TNFD
Isaiah 33 in the TNT
Isaiah 33 in the TNTIK
Isaiah 33 in the TNTIL
Isaiah 33 in the TNTIN
Isaiah 33 in the TNTIP
Isaiah 33 in the TNTIZ
Isaiah 33 in the TOMA
Isaiah 33 in the TTENT
Isaiah 33 in the UBG
Isaiah 33 in the UGV
Isaiah 33 in the UGV2
Isaiah 33 in the UGV3
Isaiah 33 in the VBL
Isaiah 33 in the VDCC
Isaiah 33 in the YALU
Isaiah 33 in the YAPE
Isaiah 33 in the YBVTP
Isaiah 33 in the ZBP