Isaiah 49 (BOECS)

1 Miɖo tom, mi ƒukpowo,mise nya sia, mi didiƒe dukɔwo:Hafi woava dzim la, Yehowa yɔm.Tso nye vidzĩ me wòyɔ nye ŋkɔ. 2 Ewɔ nye nu abe yi ɖaɖɛ ene.Etsɔm ɣla ɖe eƒe asi ƒe vɔvɔli te.Etsɔm wɔ aŋutrɔ ɖaɖɛ,eye wòɣlam ɖe eƒe daku me. 3 Egblɔ nam be, “Wòe nye nye dɔla, Israel,si me maɖe nye atsyɔ̃ afia le.” 4 Ke megblɔ be, “Nye agbagbadzedzewo nye dzodzro.Megblẽ nye ŋusẽ ɖe yame,eye nyemeɖe vi aɖeke o.Ke hã la, nu si nye tɔnye gome la,le Yehowa ƒe asi me, eye nye fetu le nye Mawu gbɔ.” 5 Azɔ la, ale Yehowa,ame si mem ɖe dɔ me be manye yeƒe dɔla la,be makplɔ Yakob gbɔe ne maƒo ƒu Israel ɖe egbɔ,elabena wode bubu ŋunye le Yehowa ŋkume,eye nye Mawu nye nye ŋusẽ la gblɔe nye esi: 6 “Nu tsɛ ko wònye le ŋkuwò me be,nènye nye dɔla, be nàgaɖo Israel ƒe towo te,eye nàkplɔ Israel ƒe ame siwo mesusɔ ɖi la gbɔe.Gawu la, mawɔ wò nànye kekeli na ame siwo menye Yudatɔwo o la,be nàhe nye ɖeɖe vɛ na anyigba ƒe mlɔenuwo ke.” 7 Ale Yehowa, Ɖela kple Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔna dziɖulawo ƒe dɔla be,“Fiawo akpɔ wò, eye woatso anɔ tsitre.Fiaviwo akpɔ wò, eye woade ta aguna Yehowa nuteƒewɔla,Israel ƒe Kɔkɔetɔ la,ame si tia wò la ta.” 8 Ale Yehowa gblɔe nye esi,“Le nye dɔmenyo ƒe ɣeyiɣiwo me la, matɔ na wò,eye le xɔxɔgbe makpe ɖe ŋu wò.Malé wò ɖe asi, eye mawɔ wò nànye nubabla na amewo,be nàgbugbɔ anyigba aɖo te,eye nagbugbɔ eƒe domenyinusiwo tsi yame la ama, 9 ekema nàgblɔ na aboyomenɔlawo be, ‘Mido va’,eye na ame siwo le blukɔ me la be, ‘Miva kekeli nu!’ “Woaɖu nu le mɔwo to, eye woakpɔ gbeɖuƒele togbɛ ƒuƒluwo tame. 10 Dɔ kple tsikɔ magawu wo azɔ o.Dzogbe xɔdzo alo ŋdɔkutsu magaɖu wo azɔ o.Ame si kpɔa nublanui na wo la anye woƒe mɔfiala,eye wòakplɔ wo ayi tɔʋuwo to. 11 Matrɔ nye towo katã woazu mɔtatawo,eye woakɔ nye mɔ dodowo ɖe dzi. 12 Kpɔ ɖa, woatso teƒe didiwo ava.Ɖewo atso anyiehe,ɖewo atso ɣetoɖoƒe, eye ɖewo hãatso Aswan nutowo me.” 13 Mido dzidzɔɣli, o mi dziƒowo!O! Anyigba netso aseye.Mido ha ɖa kple dzidzɔ.O, mi towo!Elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ,eye wòakpɔ nublanui naame siwo ŋu wode abie. 14 Ke Zion gblɔ be, “Yehowa gblem ɖi,Aƒetɔ la ŋlɔm be.” 15 “Ɖe nyɔnu aŋlɔ vi si le no nu la be,eye makpɔ nublanui na vi si eya ŋutɔ dzi oa?Togbɔ be ate ŋu aŋlɔe be hã la,nye ya nyemaŋlɔ wò be o! 16 Kpɔ ɖa, meŋlɔ wò ŋkɔ ɖe nye asiƒowo me,eye wò gliwo le ŋkunye me ɖaa. 17 Viwò ŋutsuwo ɖe abla trɔ gbɔ,eye ame siwo ha mi la dzo le mia gbɔ. 18 Mifɔ mo dzi, eye miatsa ŋku godoo.Mia viŋutsuwo katã aƒo ƒu ava mia gbɔ,zi ale si mele agbe.” Yehowae gblɔe.“Miado wo abe ale si wodoa atsyɔ̃ɖonuwoe ene,eye miatsɔ wo ado abe ale si ŋugbetɔ doa nu ene. 19 “Togbɔ be wogbã mi,miezu aƒedo, eye miaƒe anyigba zu gbegbe hã la,azɔ la, anɔ sue akpa na wò amewo,eye ame siwo vuvu mi la,anɔ adzɔge na mi. 20 Vi siwo wodzi na mi le miaƒe konyifaɣiwo me la,agblɔ ɖe to me na mi be,‘Teƒe sia le sue akpa na mí.Mina teƒe keke mí míanɔ.’ 21 Ekema àgblɔ le wò dzi me be,‘Ame kae dzi ame siawo katã nam?Kunyawo dzɔ ɖe dzinye, eye metsi ko.Woɖe aboyom hegbe nu le gbɔnye.Ame kae nyi ame siawo wotsi?Nye ɖeka ko wogblẽ ɖi,ke ame siawo ɖe afi ka wotso?’ ” 22 Ale Aƒetɔ, Yehowa gblɔe nye esi,“Kpɔ ɖa, mamia asi Trɔ̃subɔlawo,makɔ nye aflaga dzi na amewo.Woalé mia viŋutsuwo ɖe woƒe abɔwo dome atsɔ vɛ,eye woakɔ mia vinyɔnuwo ɖe abɔta vɛ. 23 Fiawo aɖu fofo na mia viwo,fia nyɔnuwo ana no mia viwo.Woade ta agu, atsyɔ mo anyi na mi le ŋkuwò me,eye woaɖuɖɔ ke le afɔŋu na wò.Ekema ànyae be nyee nye Yehowa,ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔwo dana ɖe dzinye la,nyemenana ŋu kpea wo o.” 24 Ɖe woate ŋu axɔ nu siwo kalẽtɔwo ha lale wo si alo axɔ aboyomewo le ŋutasẽlawo sia? 25 Ke ale Yehowa gblɔ nye esi,“Ɛ̃, woate ŋu axɔ nuhahawo le kalẽtɔwo si,eye woaɖe aboyomewo le ŋutasẽlawo ƒe fego me.Mawɔ avu kple ame siwo awɔavu kpli wò, eye maɖe viwòwo. 26 Mana ame siwo te wò ɖe enyi lanaɖu woawo ŋutɔ ƒe ŋutilã,eye woano woawo ŋutɔ ƒe ʋu wòamu wo abe wain ene,ekema amegbetɔƒomea anyae be,nye Yehowae nye wò Ɖela,eye Yakob ƒe Ŋusẽtɔ lae nye wò Xɔnametɔ.”

In Other Versions

Isaiah 49 in the ANGEFD

Isaiah 49 in the ANTPNG2D

Isaiah 49 in the AS21

Isaiah 49 in the BAGH

Isaiah 49 in the BBPNG

Isaiah 49 in the BBT1E

Isaiah 49 in the BDS

Isaiah 49 in the BEV

Isaiah 49 in the BHAD

Isaiah 49 in the BIB

Isaiah 49 in the BLPT

Isaiah 49 in the BNT

Isaiah 49 in the BNTABOOT

Isaiah 49 in the BNTLV

Isaiah 49 in the BOATCB

Isaiah 49 in the BOATCB2

Isaiah 49 in the BOBCV

Isaiah 49 in the BOCNT

Isaiah 49 in the BOGWICC

Isaiah 49 in the BOHCB

Isaiah 49 in the BOHCV

Isaiah 49 in the BOHLNT

Isaiah 49 in the BOHNTLTAL

Isaiah 49 in the BOICB

Isaiah 49 in the BOILNTAP

Isaiah 49 in the BOITCV

Isaiah 49 in the BOKCV

Isaiah 49 in the BOKCV2

Isaiah 49 in the BOKHWOG

Isaiah 49 in the BOKSSV

Isaiah 49 in the BOLCB

Isaiah 49 in the BOLCB2

Isaiah 49 in the BOMCV

Isaiah 49 in the BONAV

Isaiah 49 in the BONCB

Isaiah 49 in the BONLT

Isaiah 49 in the BONUT2

Isaiah 49 in the BOPLNT

Isaiah 49 in the BOSCB

Isaiah 49 in the BOSNC

Isaiah 49 in the BOTLNT

Isaiah 49 in the BOVCB

Isaiah 49 in the BOYCB

Isaiah 49 in the BPBB

Isaiah 49 in the BPH

Isaiah 49 in the BSB

Isaiah 49 in the CCB

Isaiah 49 in the CUV

Isaiah 49 in the CUVS

Isaiah 49 in the DBT

Isaiah 49 in the DGDNT

Isaiah 49 in the DHNT

Isaiah 49 in the DNT

Isaiah 49 in the ELBE

Isaiah 49 in the EMTV

Isaiah 49 in the ESV

Isaiah 49 in the FBV

Isaiah 49 in the FEB

Isaiah 49 in the GGMNT

Isaiah 49 in the GNT

Isaiah 49 in the HARY

Isaiah 49 in the HNT

Isaiah 49 in the IRVA

Isaiah 49 in the IRVB

Isaiah 49 in the IRVG

Isaiah 49 in the IRVH

Isaiah 49 in the IRVK

Isaiah 49 in the IRVM

Isaiah 49 in the IRVM2

Isaiah 49 in the IRVO

Isaiah 49 in the IRVP

Isaiah 49 in the IRVT

Isaiah 49 in the IRVT2

Isaiah 49 in the IRVU

Isaiah 49 in the ISVN

Isaiah 49 in the JSNT

Isaiah 49 in the KAPI

Isaiah 49 in the KBT1ETNIK

Isaiah 49 in the KBV

Isaiah 49 in the KJV

Isaiah 49 in the KNFD

Isaiah 49 in the LBA

Isaiah 49 in the LBLA

Isaiah 49 in the LNT

Isaiah 49 in the LSV

Isaiah 49 in the MAAL

Isaiah 49 in the MBV

Isaiah 49 in the MBV2

Isaiah 49 in the MHNT

Isaiah 49 in the MKNFD

Isaiah 49 in the MNG

Isaiah 49 in the MNT

Isaiah 49 in the MNT2

Isaiah 49 in the MRS1T

Isaiah 49 in the NAA

Isaiah 49 in the NASB

Isaiah 49 in the NBLA

Isaiah 49 in the NBS

Isaiah 49 in the NBVTP

Isaiah 49 in the NET2

Isaiah 49 in the NIV11

Isaiah 49 in the NNT

Isaiah 49 in the NNT2

Isaiah 49 in the NNT3

Isaiah 49 in the PDDPT

Isaiah 49 in the PFNT

Isaiah 49 in the RMNT

Isaiah 49 in the SBIAS

Isaiah 49 in the SBIBS

Isaiah 49 in the SBIBS2

Isaiah 49 in the SBICS

Isaiah 49 in the SBIDS

Isaiah 49 in the SBIGS

Isaiah 49 in the SBIHS

Isaiah 49 in the SBIIS

Isaiah 49 in the SBIIS2

Isaiah 49 in the SBIIS3

Isaiah 49 in the SBIKS

Isaiah 49 in the SBIKS2

Isaiah 49 in the SBIMS

Isaiah 49 in the SBIOS

Isaiah 49 in the SBIPS

Isaiah 49 in the SBISS

Isaiah 49 in the SBITS

Isaiah 49 in the SBITS2

Isaiah 49 in the SBITS3

Isaiah 49 in the SBITS4

Isaiah 49 in the SBIUS

Isaiah 49 in the SBIVS

Isaiah 49 in the SBT

Isaiah 49 in the SBT1E

Isaiah 49 in the SCHL

Isaiah 49 in the SNT

Isaiah 49 in the SUSU

Isaiah 49 in the SUSU2

Isaiah 49 in the SYNO

Isaiah 49 in the TBIAOTANT

Isaiah 49 in the TBT1E

Isaiah 49 in the TBT1E2

Isaiah 49 in the TFTIP

Isaiah 49 in the TFTU

Isaiah 49 in the TGNTATF3T

Isaiah 49 in the THAI

Isaiah 49 in the TNFD

Isaiah 49 in the TNT

Isaiah 49 in the TNTIK

Isaiah 49 in the TNTIL

Isaiah 49 in the TNTIN

Isaiah 49 in the TNTIP

Isaiah 49 in the TNTIZ

Isaiah 49 in the TOMA

Isaiah 49 in the TTENT

Isaiah 49 in the UBG

Isaiah 49 in the UGV

Isaiah 49 in the UGV2

Isaiah 49 in the UGV3

Isaiah 49 in the VBL

Isaiah 49 in the VDCC

Isaiah 49 in the YALU

Isaiah 49 in the YAPE

Isaiah 49 in the YBVTP

Isaiah 49 in the ZBP