Isaiah 7 (BOECS)
1 Le Yuda fia, Ahaz, Uzia ƒe vi, Yotam ƒe tɔgbuiyɔvi ŋɔli la, Siria fia Rezin kple Israel fia, Peka, Remalia ƒe vi, woho aʋa va dze Yerusalem dzi, gake womete ŋu xɔ du la o, du la gale te ko. 2 Azɔ wogblɔ na David ƒe aƒe la be, Siria wɔ ɖeka kple Efraim, eya ta Ahaz kple dukɔ la katã ƒe dzi ʋuʋu abe ale si ya ʋuʋua avemetiwoe ene. 3 Yehowa gblɔ na Yesaya be, “Wò kple viwò ŋutsu, Seya Yasub, mido go ne miakpe Ahaz le dzigbeta si le avɔnyala ƒe mɔdzi la ƒe nuwuƒe. 4 Gblɔ nɛ be, ‘Kpɔ nyuie, lé dzi ɖe ƒo, eye mègavɔ̃ o. Dzi megaɖe le ƒo wò le dzoti takpo eve siawo, Rezin kple Siria kpakple Remalia ƒe vi ƒe dziku sesẽ la ta o. 5 Siria, Efraim kple Remalia ƒe vi woɖo nugbe ɖe wò gbegblẽ ŋu be, 6 “Mina míadze Yuda dzi; mina míavuvui, míamae ɖe mía ɖokuiwo dome, eye míatsɔ Tabel ƒe vi aɖo fiae ɖe enu.” 7 Gake ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:“ ‘Madze edzi o,mava eme o, 8 elabena Siria ƒe tae nye Damasko,eye Damasko ƒe tae nye Rezin.Le ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ la me,woagbã Efraim gudugudu,ale womaganɔ te o. 9 Efraim ƒe tae nye Samaria,eye Samaria ƒe tae nye Remalia ƒe viŋutsu.Ne mienɔ te sesĩe le xɔse me o la,ekema mianɔ te hã o.’ ” 10 Yehowa gaƒo nu na Ahaz be, 11 “Bia dzesi Yehowa, wò Mawu la. Eɖanye gogloƒe ke loo alo kɔkɔƒe ke o.” 12 Ke Ahaz ɖo eŋu nɛ be, “Nyemabia o; nyemado Yehowa akpɔ o.” 13 Tete Yesaya gblɔ be “Azɔ la, David ƒe aƒe, see. Ɖe mesɔ gbɔ be miado amegbetɔ ƒe dzigbɔɖi akpɔ oa? Ɖe miado nye Mawu hã ƒe dzigbɔɖi akpɔa? 14 Eya ta Aƒetɔ la ŋutɔ ana dzesi mi. Ɖetugbi si menya ŋutsu kpɔ o la afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi, ana ŋkɔe be Imanuel. 15 Ano nyinotsi babla kple anyitsi va se ɖe esime wòanya ale si wòade vovototo nyui kple vɔ̃ dome, 16 gake hafi ɖevi la nanya ale si wòade vovototo nyui kple vɔ̃ domee la, fia eve siwo mievɔ̃na na vevie la ƒe anyigba azu gbegbe. 17 Yehowa ana be ŋɔdzinu si tɔgbi medzɔ kpɔ tso keke esime Efraim ma ɖa tso Yuda gbɔ o la nadzɔ ɖe wò kple wò amewo kple fofowò ƒe aƒe dzi. Akplɔ Asiria fia aƒu wò.” 18 Gbe ma gbe la, Yehowa alia aku ayɔ nudzodzoewo tso Egipte tɔʋuwo ƒe mlɔewo nu ke kple anyiwo tso Asirianyigba dzi 19 Woava adze ɖe bali globowo kple kpetowo me. Woava dze ɖe ŋuvewo kple tsiʋewo katã me. 20 Gbe ma gbe la, Aƒetɔ la atsɔ lãnu si wòɣe le tɔ la godo, Asiria fia, be wòalũ ta na mi, alũ ɖa siwo le miaƒe afɔwo ŋu, eye wòalũ ge hã na mi. 21 Gbe ma gbe la, nyivi ɖeka kple gbɔ̃ eve pɛ koe atsi ame ɖeka si. 22 Ɖe nyinotsi gbogbo si wonana ta la, ame sia ame akpɔ nyinotsi babla aɖu. Ame siwo katã susɔ ɖe anyigba la dzi la, aɖu nyinotsi kpekẽ la, eye woano anyitsi hã. 23 Gbe ma gbe la, afi sia afi si wainka akpe le, eye wòxɔa klosaloga akpe ɖeka (1,000) la, ŋu kple aŋɔkawo koe amie ɖe teƒe ma. 24 Ŋutsuwo ayi afi ma kple da kple dati, elabena ŋu kple aŋɔkawo koe axɔ anyigba la dzi. 25 Ke hena togbɛ siwo woŋlɔna kple kodzoe tsã la, miagate ŋu ayi afi mawo o, ɖe vɔvɔ̃ na ŋu kple aŋɔkawo ta, ke woava zu nyiwo kple alẽwo nyiƒe.
In Other Versions
Isaiah 7 in the ANGEFD
Isaiah 7 in the ANTPNG2D
Isaiah 7 in the AS21
Isaiah 7 in the BAGH
Isaiah 7 in the BBPNG
Isaiah 7 in the BBT1E
Isaiah 7 in the BDS
Isaiah 7 in the BEV
Isaiah 7 in the BHAD
Isaiah 7 in the BIB
Isaiah 7 in the BLPT
Isaiah 7 in the BNT
Isaiah 7 in the BNTABOOT
Isaiah 7 in the BNTLV
Isaiah 7 in the BOATCB
Isaiah 7 in the BOATCB2
Isaiah 7 in the BOBCV
Isaiah 7 in the BOCNT
Isaiah 7 in the BOGWICC
Isaiah 7 in the BOHCB
Isaiah 7 in the BOHCV
Isaiah 7 in the BOHLNT
Isaiah 7 in the BOHNTLTAL
Isaiah 7 in the BOICB
Isaiah 7 in the BOILNTAP
Isaiah 7 in the BOITCV
Isaiah 7 in the BOKCV
Isaiah 7 in the BOKCV2
Isaiah 7 in the BOKHWOG
Isaiah 7 in the BOKSSV
Isaiah 7 in the BOLCB
Isaiah 7 in the BOLCB2
Isaiah 7 in the BOMCV
Isaiah 7 in the BONAV
Isaiah 7 in the BONCB
Isaiah 7 in the BONLT
Isaiah 7 in the BONUT2
Isaiah 7 in the BOPLNT
Isaiah 7 in the BOSCB
Isaiah 7 in the BOSNC
Isaiah 7 in the BOTLNT
Isaiah 7 in the BOVCB
Isaiah 7 in the BOYCB
Isaiah 7 in the BPBB
Isaiah 7 in the BPH
Isaiah 7 in the BSB
Isaiah 7 in the CCB
Isaiah 7 in the CUV
Isaiah 7 in the CUVS
Isaiah 7 in the DBT
Isaiah 7 in the DGDNT
Isaiah 7 in the DHNT
Isaiah 7 in the DNT
Isaiah 7 in the ELBE
Isaiah 7 in the EMTV
Isaiah 7 in the ESV
Isaiah 7 in the FBV
Isaiah 7 in the FEB
Isaiah 7 in the GGMNT
Isaiah 7 in the GNT
Isaiah 7 in the HARY
Isaiah 7 in the HNT
Isaiah 7 in the IRVA
Isaiah 7 in the IRVB
Isaiah 7 in the IRVG
Isaiah 7 in the IRVH
Isaiah 7 in the IRVK
Isaiah 7 in the IRVM
Isaiah 7 in the IRVM2
Isaiah 7 in the IRVO
Isaiah 7 in the IRVP
Isaiah 7 in the IRVT
Isaiah 7 in the IRVT2
Isaiah 7 in the IRVU
Isaiah 7 in the ISVN
Isaiah 7 in the JSNT
Isaiah 7 in the KAPI
Isaiah 7 in the KBT1ETNIK
Isaiah 7 in the KBV
Isaiah 7 in the KJV
Isaiah 7 in the KNFD
Isaiah 7 in the LBA
Isaiah 7 in the LBLA
Isaiah 7 in the LNT
Isaiah 7 in the LSV
Isaiah 7 in the MAAL
Isaiah 7 in the MBV
Isaiah 7 in the MBV2
Isaiah 7 in the MHNT
Isaiah 7 in the MKNFD
Isaiah 7 in the MNG
Isaiah 7 in the MNT
Isaiah 7 in the MNT2
Isaiah 7 in the MRS1T
Isaiah 7 in the NAA
Isaiah 7 in the NASB
Isaiah 7 in the NBLA
Isaiah 7 in the NBS
Isaiah 7 in the NBVTP
Isaiah 7 in the NET2
Isaiah 7 in the NIV11
Isaiah 7 in the NNT
Isaiah 7 in the NNT2
Isaiah 7 in the NNT3
Isaiah 7 in the PDDPT
Isaiah 7 in the PFNT
Isaiah 7 in the RMNT
Isaiah 7 in the SBIAS
Isaiah 7 in the SBIBS
Isaiah 7 in the SBIBS2
Isaiah 7 in the SBICS
Isaiah 7 in the SBIDS
Isaiah 7 in the SBIGS
Isaiah 7 in the SBIHS
Isaiah 7 in the SBIIS
Isaiah 7 in the SBIIS2
Isaiah 7 in the SBIIS3
Isaiah 7 in the SBIKS
Isaiah 7 in the SBIKS2
Isaiah 7 in the SBIMS
Isaiah 7 in the SBIOS
Isaiah 7 in the SBIPS
Isaiah 7 in the SBISS
Isaiah 7 in the SBITS
Isaiah 7 in the SBITS2
Isaiah 7 in the SBITS3
Isaiah 7 in the SBITS4
Isaiah 7 in the SBIUS
Isaiah 7 in the SBIVS
Isaiah 7 in the SBT
Isaiah 7 in the SBT1E
Isaiah 7 in the SCHL
Isaiah 7 in the SNT
Isaiah 7 in the SUSU
Isaiah 7 in the SUSU2
Isaiah 7 in the SYNO
Isaiah 7 in the TBIAOTANT
Isaiah 7 in the TBT1E
Isaiah 7 in the TBT1E2
Isaiah 7 in the TFTIP
Isaiah 7 in the TFTU
Isaiah 7 in the TGNTATF3T
Isaiah 7 in the THAI
Isaiah 7 in the TNFD
Isaiah 7 in the TNT
Isaiah 7 in the TNTIK
Isaiah 7 in the TNTIL
Isaiah 7 in the TNTIN
Isaiah 7 in the TNTIP
Isaiah 7 in the TNTIZ
Isaiah 7 in the TOMA
Isaiah 7 in the TTENT
Isaiah 7 in the UBG
Isaiah 7 in the UGV
Isaiah 7 in the UGV2
Isaiah 7 in the UGV3
Isaiah 7 in the VBL
Isaiah 7 in the VDCC
Isaiah 7 in the YALU
Isaiah 7 in the YAPE
Isaiah 7 in the YBVTP
Isaiah 7 in the ZBP