Judges 13 (BOECS)

1 Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume, ale Yehowa tsɔ wo de asi na Filistitɔwo ƒe blaene sɔŋ. 2 Ŋutsu aɖe nɔ Zora du la me, eŋkɔe nye Manoa, tso Dan ƒe to la me. Manoa srɔ̃ tsi ko, medzi vi kpɔ o. 3 Yehowa ƒe dɔla aɖe ɖe eɖokui fiae eye wògblɔ nɛ be, “Wò la, ètsi ko eye mèdzi vi o gake èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi. 4 Azɔ la, kpɔ egbɔ be mèno wain alo aha muame aɖeke o, eye màɖu naneke si ŋuti mekɔ o 5 elabena àfɔ fu eye àdzi ŋutsuvi. Talũhɛ maka eƒe ta ŋu o, elabena ŋutsuvi la anye Naziritɔ, ame si woɖe ɖe aga na Mawu tso dadaa ƒe dɔ me, eye eyae adze Israelviwo ɖeɖe tso Filistitɔwo ƒe asi me gɔme.” 6 Tete nyɔnu la yi srɔ̃a gbɔ eye wògblɔ nɛ be, “Mawu ƒe ame aɖe va gbɔnye, edzi ŋɔ ŋutɔ eye wòdze abe Mawudɔla ene. Nyemebia afi si wòtso lae o, eye meyɔ eƒe ŋkɔ hã nam o. 7 Egblɔ nam be, ‘Èle fu fɔ ge, àdzi ŋutsuvi, eya ta azɔ la, mègano wain alo aha muame bubu aɖeke o eye mègaɖu nu makɔmakɔ aɖeke o elabena ŋutsuvi la anye Naziritɔ na Mawu tso eƒe dzigbe va se ɖe eƒe kugbe.’ ” 8 Tete Manoa do gbe ɖa na Yehowa be, “Oo, Aƒetɔ, míeɖe kuku, na ame si tso Mawu gbɔ la, nagava mía gbɔ eye wòafia nu mí tso ale si míahe ɖevi si dzi ge míala la ŋu.” 9 Mawu se Manoa ƒe gbedodoɖa eye Mawudɔla la gaɖe eɖokui fia srɔ̃a esime wònɔ agble me. Eya ɖeka koe nɔ afi ma: Manoa menɔ afi ma o 10 eya ta nyɔnu la ƒu du sesĩe ɖagblɔ na srɔ̃a be, “Eyae nye ekem! Ŋutsu si va gbɔnye nyitsɔ la, eya kee gava.” 11 Manoa ƒu du kple srɔ̃a yi ŋutsu la gbɔ eye Manoa biae be, “Wòe nye ŋutsu si ƒo nu kple srɔ̃nye nyitsɔa?”Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyee.” 12 Ale Manoa biae be, “Ne wò nyawo va eme la, ɖoɖo kawoe anɔ ɖevia ƒe agbenɔnɔ kple eƒe dɔwɔna ŋu?” 13 Yehowa ƒe dɔla ɖo eŋu nɛ be, “Ele be srɔ̃wò nawɔ nu sia nu si megblɔ nɛ. 14 Mele be wòaɖu waintsetse alo ano wain alo aha muame o eye mele be wòaɖu nu makɔmakɔ aɖeke hã o. Ele be wòawɔ nu sia nu si ƒe se mede nɛ.” 15 Manoa gblɔ na Yehowa ƒe dɔla la be, “Míadi be nànɔ mía gbɔ va se ɖe esime míalé gbɔ̃vi aɖe aɖa nui na wò.” 16 Yehowa ƒe dɔla la ɖo eŋu be, “Togbɔ be mielém ɖi hã la, nyemaɖu miaƒe nuɖaɖa ƒe ɖeke o gake ne miedzra numevɔsa aɖe ɖo la, mitsɔe na Yehowa.” Manoa menya be Yehowa ƒe dɔlae wònye o. 17 Manoa bia Yehowa ƒe dɔla la be “Wò ŋkɔ ɖe? Ale be ne wò nya la va eme la, ne míade bubu ŋuwò.” 18 Eɖo eŋu be, “Nu ka ŋuti nèle nye ŋkɔ biam ɖo? Nye ŋkɔ ƒo gɔmesese ta.” 19 Manoa lé gbɔ̃vi aɖe kpe ɖe nuɖuvɔsa ŋu eye wòsa vɔ na Yehowa le agakpe aɖe dzi. Tete Yehowa wɔ nukunu aɖe le Manoa kple srɔ̃a ŋkume. 20 Esi dzo ƒe aɖewo tso vɔsamlekpui la dzi ɖo ta dziŋgɔli me la, Yehowa ƒe dɔla la to dzo la me yi dziƒo. Esi Manoa kple srɔ̃a kpɔ esia la, wotsyɔ mo anyi. 21 Esi Yehowa ƒe dɔla la megaɖe eɖokui fia Manoa kple srɔ̃a o la, Manoa kpɔe dze sii be Yehowa ƒe dɔlae. 22 Manoa do ɣli gblɔ na srɔ̃a be, “Aléle, míedze na ku elabena míekpɔ Mawu.” 23 Ke srɔ̃a gblɔ nɛ be, “Nenye ɖe Yehowa le mía wu ge la, anye ne maxɔ míaƒe numevɔsa kple nuɖuvɔsa o eye maɖe eɖokui afia mí, agblɔ nya wɔnuku sia na mí eye wòawɔ nukunu siawo o.” 24 Esi wodzi ɖevia la, wona ŋkɔe be Samson. Mawu yrae eye wòtsi. 25 Yehowa ƒe Gbɔgbɔ de asi edzidzedze me le Dan ƒe asaɖa me le Zora kple Estaol duawo dome.

In Other Versions

Judges 13 in the ANGEFD

Judges 13 in the ANTPNG2D

Judges 13 in the AS21

Judges 13 in the BAGH

Judges 13 in the BBPNG

Judges 13 in the BBT1E

Judges 13 in the BDS

Judges 13 in the BEV

Judges 13 in the BHAD

Judges 13 in the BIB

Judges 13 in the BLPT

Judges 13 in the BNT

Judges 13 in the BNTABOOT

Judges 13 in the BNTLV

Judges 13 in the BOATCB

Judges 13 in the BOATCB2

Judges 13 in the BOBCV

Judges 13 in the BOCNT

Judges 13 in the BOGWICC

Judges 13 in the BOHCB

Judges 13 in the BOHCV

Judges 13 in the BOHLNT

Judges 13 in the BOHNTLTAL

Judges 13 in the BOICB

Judges 13 in the BOILNTAP

Judges 13 in the BOITCV

Judges 13 in the BOKCV

Judges 13 in the BOKCV2

Judges 13 in the BOKHWOG

Judges 13 in the BOKSSV

Judges 13 in the BOLCB

Judges 13 in the BOLCB2

Judges 13 in the BOMCV

Judges 13 in the BONAV

Judges 13 in the BONCB

Judges 13 in the BONLT

Judges 13 in the BONUT2

Judges 13 in the BOPLNT

Judges 13 in the BOSCB

Judges 13 in the BOSNC

Judges 13 in the BOTLNT

Judges 13 in the BOVCB

Judges 13 in the BOYCB

Judges 13 in the BPBB

Judges 13 in the BPH

Judges 13 in the BSB

Judges 13 in the CCB

Judges 13 in the CUV

Judges 13 in the CUVS

Judges 13 in the DBT

Judges 13 in the DGDNT

Judges 13 in the DHNT

Judges 13 in the DNT

Judges 13 in the ELBE

Judges 13 in the EMTV

Judges 13 in the ESV

Judges 13 in the FBV

Judges 13 in the FEB

Judges 13 in the GGMNT

Judges 13 in the GNT

Judges 13 in the HARY

Judges 13 in the HNT

Judges 13 in the IRVA

Judges 13 in the IRVB

Judges 13 in the IRVG

Judges 13 in the IRVH

Judges 13 in the IRVK

Judges 13 in the IRVM

Judges 13 in the IRVM2

Judges 13 in the IRVO

Judges 13 in the IRVP

Judges 13 in the IRVT

Judges 13 in the IRVT2

Judges 13 in the IRVU

Judges 13 in the ISVN

Judges 13 in the JSNT

Judges 13 in the KAPI

Judges 13 in the KBT1ETNIK

Judges 13 in the KBV

Judges 13 in the KJV

Judges 13 in the KNFD

Judges 13 in the LBA

Judges 13 in the LBLA

Judges 13 in the LNT

Judges 13 in the LSV

Judges 13 in the MAAL

Judges 13 in the MBV

Judges 13 in the MBV2

Judges 13 in the MHNT

Judges 13 in the MKNFD

Judges 13 in the MNG

Judges 13 in the MNT

Judges 13 in the MNT2

Judges 13 in the MRS1T

Judges 13 in the NAA

Judges 13 in the NASB

Judges 13 in the NBLA

Judges 13 in the NBS

Judges 13 in the NBVTP

Judges 13 in the NET2

Judges 13 in the NIV11

Judges 13 in the NNT

Judges 13 in the NNT2

Judges 13 in the NNT3

Judges 13 in the PDDPT

Judges 13 in the PFNT

Judges 13 in the RMNT

Judges 13 in the SBIAS

Judges 13 in the SBIBS

Judges 13 in the SBIBS2

Judges 13 in the SBICS

Judges 13 in the SBIDS

Judges 13 in the SBIGS

Judges 13 in the SBIHS

Judges 13 in the SBIIS

Judges 13 in the SBIIS2

Judges 13 in the SBIIS3

Judges 13 in the SBIKS

Judges 13 in the SBIKS2

Judges 13 in the SBIMS

Judges 13 in the SBIOS

Judges 13 in the SBIPS

Judges 13 in the SBISS

Judges 13 in the SBITS

Judges 13 in the SBITS2

Judges 13 in the SBITS3

Judges 13 in the SBITS4

Judges 13 in the SBIUS

Judges 13 in the SBIVS

Judges 13 in the SBT

Judges 13 in the SBT1E

Judges 13 in the SCHL

Judges 13 in the SNT

Judges 13 in the SUSU

Judges 13 in the SUSU2

Judges 13 in the SYNO

Judges 13 in the TBIAOTANT

Judges 13 in the TBT1E

Judges 13 in the TBT1E2

Judges 13 in the TFTIP

Judges 13 in the TFTU

Judges 13 in the TGNTATF3T

Judges 13 in the THAI

Judges 13 in the TNFD

Judges 13 in the TNT

Judges 13 in the TNTIK

Judges 13 in the TNTIL

Judges 13 in the TNTIN

Judges 13 in the TNTIP

Judges 13 in the TNTIZ

Judges 13 in the TOMA

Judges 13 in the TTENT

Judges 13 in the UBG

Judges 13 in the UGV

Judges 13 in the UGV2

Judges 13 in the UGV3

Judges 13 in the VBL

Judges 13 in the VDCC

Judges 13 in the YALU

Judges 13 in the YAPE

Judges 13 in the YBVTP

Judges 13 in the ZBP