Jeremiah 2 (BOECS)

1 Yehowa ƒe gbe va gbɔnye be, 2 “Yi nàkui ɖe to me na Yerusalem be, “Ale Yehowa gblɔe nye si:“ ‘Meɖo ŋku wò ɖetugbime ƒe nuteƒewɔwɔ dzi,kple ale si nèlɔ̃mee esi nènye nye ŋugbetɔ.Èkplɔm ɖo to gbedadaƒokple kuɖiɖinyigba dzi. 3 Israel nɔ kɔkɔe na Yehowa,eƒe nukuwo ƒe ŋgɔgbetɔwo,ame siwo katã ʋuʋui la,dze agɔ eya ta dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe wo dzi.’ ”Yehowae gblɔe. 4 Se Yehowa ƒe nya, O Yakob ƒe aƒe,mi Israel ƒe aƒe la ƒe towo katã. 5 Ale Yehowa gblɔe nye si.“Vodada kae mia fofowo kpɔ le ŋunye bewotra ɖa tso gbɔnye nenema gbegbe?Wokplɔ legba maɖinuwo ɖoeye woawo ŋutɔ hã zu nu maɖinuwo. 6 Womebia be, ‘Afi ka Yehowa,ame si kplɔ mí tso Egipte, to dzogbe,afi si nuku mewɔna le o,to gbedadaƒo kple aganuwo,to kuɖiɖinyigba dzi kple viviti me,anyigba si dzi ame aɖeke metonaalo tso aƒe ɖo o la le?’ o. 7 Mekplɔ mi va anyigba si nyoa nu la dzi bemiaɖu eƒe kutsetsewo kple eƒe nu nyuiwo,gake mieva do gu nye anyigbaeye miewɔ nye domenyinu wòzu ŋunyɔnu. 8 Nunɔlawo gɔ̃ hã mebia be, ‘Afi ka Yehowa le?’ o.Ame siwo wɔa sea ŋuti dɔ la menyam o.Kplɔlawo dze aglã ɖe ŋutinye.Nyagblɔɖilawo gblɔ nya ɖi le Baal ƒe ŋkɔ meeye wokplɔ legba maɖinuwo ɖo.” 9 Yehowa be, “Eya ta megatsɔ nya ɖe mia ŋu,eye matsɔ nya ɖe mia viwo ƒe viwo ŋuti. 10 Mitso ƒu ne miava Kiprotɔwoƒe fukpo dzi ne miakpɔ nu.Midɔ ame ɖo ɖe Kedar ne woalé ŋkuɖe nuwo ŋu nyuie.Mikpɔe ɖa be nane nɔ anyi alea kpɔ hã. 11 Ɖe dukɔ aɖe ɖɔli eƒe mawuwo kpɔa?Evɔ menye mawuwoe wonye hafi o;gake nye dukɔ tsɔ woƒe ŋutikɔkɔeɖɔli legba maɖinuwoe. 12 O, dziƒowo, miaƒe nu neku le esia ta,eye miadzo nyanyanya kple ŋɔdzi gã.”Yehowae gblɔe. 13 “Nye dukɔ wɔ nu vɔ̃ eve.Wogbe nu le nye agbetsivudo lagbɔ eye woɖe woawo ŋutɔ ƒe tsiʋewo,tsiʋe siwo ŋɔ eye tsi mate ŋu atɔ ɖe wo me o. 14 Subɔvi alo kluvie Israel nye tso dzidzimea?Ke nu ka ta wòva zu nuhaha ɖo? 15 Dzatawo ɖe gbe, wole gbe tem ɖe eŋu.Wowɔ eƒe anyigba wòzu gbegbe.Wotɔ dzo eƒe duwo eye wozu aƒedowo. 16 Memfistɔwo kple Tapanhestɔwo hãƒlɔ dzodome na wo. 17 Ɖe menye miawo ŋutɔe he esiava mia ɖokui dzii esi miegbe Yehowa,miaƒe Mawu la esi wòkplɔ mi le mɔ dzi oa? 18 Azɔ nu ka ta miebe yewoayi ɖe Egipte,aɖano Sihor me tsi?Eye nu ka ta miayi Asiria bemiano Frat tɔsisi me tsi? 19 Miaƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ahe to na mieye miaƒe megbedede aka mo na mi.Bu eŋu nàdze si ale si wòavɔ̃ɖi na wò,ahave wòe esi nègblẽ Yehowa,wò Mawu la ɖi, eye mèvɔ̃m o la ta.”Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. 20 “Tso gbe aɖe gbe ke nèŋe wò kɔkuti,eye nètso wò bablawo, ègblɔ bena,‘Nyemasubɔ wò o!’Vavã, èmlɔ anyi abe gbolo eneɖe togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzikple ati dama ɖe sia ɖe te. 21 Medo wò abe wainti nyuitɔ si tso wainka vavãsiwo tsena nyuie la dometɔ ɖeka ene.Ke nu ka ta nèwɔ ɖe ŋutinye alea hezuabe wainka si mie le eɖokui si la ene? 22 Togbɔ be èle tsi kple adzalẽeye nèle adzalẽ ʋeʋĩ geɖe hã la,wò nu vɔ̃ ƒe ɖiƒoƒo gale nye ŋkume kokoko.”Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 23 “Nu ka ta nàgblɔ be,‘Nyemeɖu kɔ o,nyemeƒu du dze Baalwo yome o?’Kpɔ ale si nèwɔ le balime la ɖa.Bu nu si nèwɔ la ŋu kpɔ.Èle abe kposɔnɔ si ɖia dueye wòle du sim tso afi yi afi mɛ la ene. 24 Èle abe gbetedzi si nyagbegbe nyuie hele ya ʋẽmkple eƒe ŋɔti le eƒe fieŋufieŋu me la ene.Ne asiyɔyɔ le edzrom la,ame ka ate ŋu axe mɔ nɛ?Mehiã gɔ̃ hã be atsu siwo le eyome tim lanakplɔe ɖo ɖeɖi nate wo ŋuti oelabena ne eɖo asiyɔyɔ dzi la,woake ɖe eŋu bɔbɔe. 25 Mègaƒu du va se ɖe esime wò afɔwo natsi ƒuƒlu,eye wò ve me naƒu kplakplakpla o.Gake, ègblɔ be, ‘Mehiã o;melɔ̃ dutamawuwo eya taele nam be mati wo yome.’ 26 “Abe ale si ŋu kpea fiafitɔ ne asi su edzi ene la,nenema ke ŋu akpe Israel ƒe aƒe la,woƒe fiawo, woƒe dumegãwo,woƒe nunɔlawo kple woƒe nyagblɔɖilawo. 27 Wogblɔna na ati be, ‘Wòe nye fofonye.’Wogblɔna na kpe be, ‘Wòe dzim.’Wotrɔ woƒe megbe demke menye woƒe ŋkume o,gake ne woɖo xaxa me la, wogblɔna be,‘Va, nàɖe mí!’ 28 Ekema afi ka gɔ̃e mawu siwo miewɔna mia ɖokuiwo la le?Woneva ne woate ŋu aɖe mi,ne mieɖo xaxa me!O Yuda, wò mawuwo sɔ gbɔabe wò duwo ene.” 29 Yehowa be, “Nu ka ta mietsɔ nya ɖe ŋutinye ɖo?”Evɔ mi katã miedze aglã ɖe ŋutinye. 30 “Dzodzroe mehe to na wò amewo,elabena mehe ɖɔɖɔɖo aɖeke va woƒe agbe mee o.Wò yi vuvu wò nyagblɔɖilawo abe dzata dɔwui ene. 31 “O dzidzime sia, mibu Yehowa ƒe nya ŋu.“Gbegbee menye na Israel looalo viviti tsiɖitsiɖi ƒe anyigba?Nu ka ta nye dukɔ le gbɔgblɔm be,‘Ablɔɖe le mía si be míatsaeya ta miagatrɔ ava gbɔwò o?’ 32 Ɖe ɖetugbi aŋlɔ eƒe atsyɔ̃ɖonuwo bealo ŋugbetɔ naŋlɔ eƒe lekewɔnuwo bea?Gake nye dukɔ ŋlɔm be hena ɣeyiɣi didi aɖe. 33 Aleke nèhenya ahiãdidii!Nyɔnu siwo bi ɖe ŋunyɔnuwo wɔwɔme hã ate ŋu asrɔ̃ nu tso gbɔwò. 34 Amewo kpɔ ame maɖifɔ dahewoƒe ʋu le wò awuwo me,evɔ mèlé wo wonɔ ʋɔ gbãm hafi o,gake le esiawo katã megbe hã la, 35 ègblɔ be, ‘Nyemeɖi fɔ o.Mekpɔ dziku ɖe ŋutinye o.’Ke madrɔ̃ ʋɔnu wò elabena ègblɔ be,‘Nyemewɔ nu vɔ̃ o.’ 36 Nu ka ta nèle yiyim nenema gbegbele wò mɔwo trɔm?Egipte ana ŋu nakpe wò abe ale si Asiria hãna ŋu kpe wò ene. 37 Àtsɔ asi akpla ta hafi adzo le teƒe ma hãelabena Yehowa gbe nu le ame siwo dzi nèka ɖo la gbɔ.Eya ta womakpe ɖe ŋuwò o.

In Other Versions

Jeremiah 2 in the ANGEFD

Jeremiah 2 in the ANTPNG2D

Jeremiah 2 in the AS21

Jeremiah 2 in the BAGH

Jeremiah 2 in the BBPNG

Jeremiah 2 in the BBT1E

Jeremiah 2 in the BDS

Jeremiah 2 in the BEV

Jeremiah 2 in the BHAD

Jeremiah 2 in the BIB

Jeremiah 2 in the BLPT

Jeremiah 2 in the BNT

Jeremiah 2 in the BNTABOOT

Jeremiah 2 in the BNTLV

Jeremiah 2 in the BOATCB

Jeremiah 2 in the BOATCB2

Jeremiah 2 in the BOBCV

Jeremiah 2 in the BOCNT

Jeremiah 2 in the BOGWICC

Jeremiah 2 in the BOHCB

Jeremiah 2 in the BOHCV

Jeremiah 2 in the BOHLNT

Jeremiah 2 in the BOHNTLTAL

Jeremiah 2 in the BOICB

Jeremiah 2 in the BOILNTAP

Jeremiah 2 in the BOITCV

Jeremiah 2 in the BOKCV

Jeremiah 2 in the BOKCV2

Jeremiah 2 in the BOKHWOG

Jeremiah 2 in the BOKSSV

Jeremiah 2 in the BOLCB

Jeremiah 2 in the BOLCB2

Jeremiah 2 in the BOMCV

Jeremiah 2 in the BONAV

Jeremiah 2 in the BONCB

Jeremiah 2 in the BONLT

Jeremiah 2 in the BONUT2

Jeremiah 2 in the BOPLNT

Jeremiah 2 in the BOSCB

Jeremiah 2 in the BOSNC

Jeremiah 2 in the BOTLNT

Jeremiah 2 in the BOVCB

Jeremiah 2 in the BOYCB

Jeremiah 2 in the BPBB

Jeremiah 2 in the BPH

Jeremiah 2 in the BSB

Jeremiah 2 in the CCB

Jeremiah 2 in the CUV

Jeremiah 2 in the CUVS

Jeremiah 2 in the DBT

Jeremiah 2 in the DGDNT

Jeremiah 2 in the DHNT

Jeremiah 2 in the DNT

Jeremiah 2 in the ELBE

Jeremiah 2 in the EMTV

Jeremiah 2 in the ESV

Jeremiah 2 in the FBV

Jeremiah 2 in the FEB

Jeremiah 2 in the GGMNT

Jeremiah 2 in the GNT

Jeremiah 2 in the HARY

Jeremiah 2 in the HNT

Jeremiah 2 in the IRVA

Jeremiah 2 in the IRVB

Jeremiah 2 in the IRVG

Jeremiah 2 in the IRVH

Jeremiah 2 in the IRVK

Jeremiah 2 in the IRVM

Jeremiah 2 in the IRVM2

Jeremiah 2 in the IRVO

Jeremiah 2 in the IRVP

Jeremiah 2 in the IRVT

Jeremiah 2 in the IRVT2

Jeremiah 2 in the IRVU

Jeremiah 2 in the ISVN

Jeremiah 2 in the JSNT

Jeremiah 2 in the KAPI

Jeremiah 2 in the KBT1ETNIK

Jeremiah 2 in the KBV

Jeremiah 2 in the KJV

Jeremiah 2 in the KNFD

Jeremiah 2 in the LBA

Jeremiah 2 in the LBLA

Jeremiah 2 in the LNT

Jeremiah 2 in the LSV

Jeremiah 2 in the MAAL

Jeremiah 2 in the MBV

Jeremiah 2 in the MBV2

Jeremiah 2 in the MHNT

Jeremiah 2 in the MKNFD

Jeremiah 2 in the MNG

Jeremiah 2 in the MNT

Jeremiah 2 in the MNT2

Jeremiah 2 in the MRS1T

Jeremiah 2 in the NAA

Jeremiah 2 in the NASB

Jeremiah 2 in the NBLA

Jeremiah 2 in the NBS

Jeremiah 2 in the NBVTP

Jeremiah 2 in the NET2

Jeremiah 2 in the NIV11

Jeremiah 2 in the NNT

Jeremiah 2 in the NNT2

Jeremiah 2 in the NNT3

Jeremiah 2 in the PDDPT

Jeremiah 2 in the PFNT

Jeremiah 2 in the RMNT

Jeremiah 2 in the SBIAS

Jeremiah 2 in the SBIBS

Jeremiah 2 in the SBIBS2

Jeremiah 2 in the SBICS

Jeremiah 2 in the SBIDS

Jeremiah 2 in the SBIGS

Jeremiah 2 in the SBIHS

Jeremiah 2 in the SBIIS

Jeremiah 2 in the SBIIS2

Jeremiah 2 in the SBIIS3

Jeremiah 2 in the SBIKS

Jeremiah 2 in the SBIKS2

Jeremiah 2 in the SBIMS

Jeremiah 2 in the SBIOS

Jeremiah 2 in the SBIPS

Jeremiah 2 in the SBISS

Jeremiah 2 in the SBITS

Jeremiah 2 in the SBITS2

Jeremiah 2 in the SBITS3

Jeremiah 2 in the SBITS4

Jeremiah 2 in the SBIUS

Jeremiah 2 in the SBIVS

Jeremiah 2 in the SBT

Jeremiah 2 in the SBT1E

Jeremiah 2 in the SCHL

Jeremiah 2 in the SNT

Jeremiah 2 in the SUSU

Jeremiah 2 in the SUSU2

Jeremiah 2 in the SYNO

Jeremiah 2 in the TBIAOTANT

Jeremiah 2 in the TBT1E

Jeremiah 2 in the TBT1E2

Jeremiah 2 in the TFTIP

Jeremiah 2 in the TFTU

Jeremiah 2 in the TGNTATF3T

Jeremiah 2 in the THAI

Jeremiah 2 in the TNFD

Jeremiah 2 in the TNT

Jeremiah 2 in the TNTIK

Jeremiah 2 in the TNTIL

Jeremiah 2 in the TNTIN

Jeremiah 2 in the TNTIP

Jeremiah 2 in the TNTIZ

Jeremiah 2 in the TOMA

Jeremiah 2 in the TTENT

Jeremiah 2 in the UBG

Jeremiah 2 in the UGV

Jeremiah 2 in the UGV2

Jeremiah 2 in the UGV3

Jeremiah 2 in the VBL

Jeremiah 2 in the VDCC

Jeremiah 2 in the YALU

Jeremiah 2 in the YAPE

Jeremiah 2 in the YBVTP

Jeremiah 2 in the ZBP