Jeremiah 6 (BOECS)

1 “Misi yi sitsoƒe, mi Benyaminviwo!Misi tso Yerusalem!Miku kpẽ le Tekoa!Mitu aflaga ɖe Bet Hakerem!Elabena gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ dziŋɔaɖe zɔ tso anyiehe gbɔna. 2 Magblẽ Zion vinyɔnu si dze tugbe nyuiehele wusewuse la dome. 3 Alẽkplɔlawo kple woƒe alẽhawo atso ɖe eŋuti,woava tu woƒe agbadɔwo aƒo xlãe,ɖe sia ɖe axɔ teƒe si wòanyi eƒe lãhawo le.” 4 “Midzra ɖo, miawɔ aʋa kplii!Mitso, mina míadze aʋa le ŋdɔ me, gake ao,ŋkeke le bubum eye ɣetrɔ ƒe vɔvɔli le ɖiɖim ɖe edzi. 5 Eya ta mitso ne míadze aʋa le zã mene miagbã eƒe mɔ sesẽwo!” 6 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:“Milã atiawo, eye miaƒu kpo ɖe Yerusalem ŋu.Ele be woahe to na du siaelabena eyɔ fũu kple ŋutasesẽ. 7 Abe ale si vudo dzia tsii ene la,nenema eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le dzidzimii.Nu vlo wɔwɔ kple ŋutasesẽ bɔ ɖe eme.Eƒe dɔléle kple abiwo le nye ŋkume ɖaa. 8 Oo, Yerusalem,se nyagbename, ne menye nenema o la,matrɔ adzo le gbɔwò, eye mawɔ wò anyigbawòazu gbegbe, ale be ame aɖeke mate ŋu anɔ edzi o.” 9 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,gblɔe nye si,“Mina ne woaxa Israel ƒe ame susɔeawoabe ale si woxaa waintsetsele kawo ŋu ƒiaƒiaƒiae ene.Gatsɔ wò asiwo lili kawo ŋuabe ame si le wain gbem la ene.” 10 Ame ka maƒo nu na, eye mana nuxɔxlɔ̃e?Ame ka aɖo tom?Woƒe towo xe, eya ta womate ŋu ase nu o.Yehowa ƒe nya vea dɔ me na woeye womedinɛ be yewoase o. 11 Ke Yehowa ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la yɔm fũueye nyemate ŋu atu nu ɖe enu o. “Trɔe kɔ ɖe ɖevi siwo le mɔtata dzikple ɖekakpui siwo ƒo ta kpli la dzi,akɔ ɖe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu siaa dzi.Nenema kee wòanɔ na ametsitsisiwo do dɔgɔ̃e le ƒe geɖe xɔxɔ ta. 12 Woatsɔ woƒe aƒewo ana ame bubuwo hekpe ɖe woƒe agblewokple wo srɔ̃nyɔnuwo ŋu,ne medo nye asi ɖa ɖe ame siwole anyigba dzi la ŋuti.”Yehowae gblɔe. 13 “Elabena wo katã wonye ŋuklẽlawo ɖe viɖe ŋuti,tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi,nyagblɔɖilawo kple nunɔlawo siaa nye alakpatɔwo. 14 Wobla abi na nye dukɔ abe ɖe menyeabi gã aɖeke wònye o ene.Wole gbɔgblɔm be,‘Ŋutifafa, ŋutifafa.’Evɔ la, ŋutifafa aɖeke meli hafi o. 15 Ɖe woƒe ŋunyɔnu siwo wɔm wole la,le ŋu kpem na woa?Ao, ŋukpe ɖeka pɛ hã mele mo na wo o,eye womenya ale si woƒemo natsi dãae gɔ̃ hã o.Eya ta woatsi aʋatsilawo dome.Ne mele to hem na wo la,woaƒo wo aƒu anyi.”Yehowae gblɔe. 16 Ale Yehowa gblɔe nye esi:“Mitsi tsitre ɖe mɔdogoeƒewone miaɖo ŋku anyi akpɔ nu.Mibia blemamɔwo ta se,mibia afi si mɔ nyuitɔ le ne miazɔ edzi,eye miaƒe luʋɔwo akpɔ gbɔɖeme.Gake miegblɔ be, ‘Miazɔ le edzi o.’ 17 Meɖo gbetakpɔlawo na mi hegblɔ na mi be,‘Miɖo to kpẽ la ƒe ɖiɖi!’Gake miegblɔ be,‘Míaɖo to o.’ 18 Eya ta miesee o. Oo, mi dukɔwo, Oo ɖasefowo,milé ŋku ɖe nu si ava dzɔ ɖe wo dzi la ŋu. 19 Oo, anyigba, see.Mele gbegblẽ he ge va dukɔ sia dzi,esia nye woƒe tameɖoɖowo ƒe metsonu,elabena womeɖo to nye nyawo o,eye wogbe nye se dzi wɔwɔ. 20 Nu ka dzudzɔʋeʋĩdonu si tso Seba nye namalo gbeʋeʋĩ si tso didiƒenyigba dzi la awɔ nam?Miaƒe numevɔsawo medze ŋunye oeye miaƒe akpedavɔsawo medo dzidzɔ nam o.” 21 Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi:“Kpɔ ɖa, matsɔ nukikliwo ada ɖe dukɔ sia ŋgɔ.Fofowo kple viŋutsuwo siaa akli wo adze anyieye aƒelikawo kple xɔlɔ̃wo hã atsrɔ̃.” 22 Ale Yehowa gblɔe nye si,“Kpɔ ɖa asrafoha gã aɖetso anyiehenyigba dzi gbɔna.Wonye dukɔ xɔŋkɔ aɖe tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke. 23 Wogbɔna kple aŋutrɔ kple akplɔ.Woƒe ta me sẽ, eye womekpɔa nublanui o.Esi wole woƒe sɔwo dzi gbɔna la,woƒe hoowɔwɔ le abe atsiaƒue dze agbo ene.Wobla akpa abe ame siwo dze aʋa ɖi ene bewoava akpe aʋa kpli wò, Oo, Zion vinyɔnu. 24 “Míese nutsotso geɖe tso wo ŋueya ta míaƒe alɔwo ku ɖe mia ŋu.Ŋɔdzi lé mí eye míese veve abe nyɔnu si le ku lém la ene. 25 Migado yi ɖe agble alo azɔ le mɔtatawo dzi o,elabena yi le futɔ la si eye ŋɔdzi ƒo xlã mi kpe ɖo. 26 Oo, nye dukɔ, mita akpanya,miamli le dzofi me.Fa konyi vevie kple ɣli abeame si viŋutsu ɖeka hɔ̃ɔ ku na la ene,elabena nugblẽla la ava ƒo ɖemía dzi zi ɖeka kpoyi! 27 “Metsɔ wò ɖo galolõlae eye nye dukɔenye ga si lolõ ge woala,be nànya, eye nàdo woƒe mɔwo kpɔ. 28 Wo katã nye aglãdzela vɔ̃ɖivɔ̃ɖiwo.Wole tsatsam be woagblẽ ame ŋu.Wole abe akɔbli kple gayibɔ ene.Ame dovowoe wo katã wonye. 29 Wole ʋu yɔm kple ŋusẽ bewoafia nu manyomanyo la le gadzẽ la me,gake wowɔe ʋuu do kpoe.Elabena womayɔ ʋu ɖe ame vɔ̃ɖi te wòatrɔ o. 30 Woyɔa wo be klosalo si wogbe,elabena Yehowa gbe nu le wo gbɔ.”

In Other Versions

Jeremiah 6 in the ANGEFD

Jeremiah 6 in the ANTPNG2D

Jeremiah 6 in the AS21

Jeremiah 6 in the BAGH

Jeremiah 6 in the BBPNG

Jeremiah 6 in the BBT1E

Jeremiah 6 in the BDS

Jeremiah 6 in the BEV

Jeremiah 6 in the BHAD

Jeremiah 6 in the BIB

Jeremiah 6 in the BLPT

Jeremiah 6 in the BNT

Jeremiah 6 in the BNTABOOT

Jeremiah 6 in the BNTLV

Jeremiah 6 in the BOATCB

Jeremiah 6 in the BOATCB2

Jeremiah 6 in the BOBCV

Jeremiah 6 in the BOCNT

Jeremiah 6 in the BOGWICC

Jeremiah 6 in the BOHCB

Jeremiah 6 in the BOHCV

Jeremiah 6 in the BOHLNT

Jeremiah 6 in the BOHNTLTAL

Jeremiah 6 in the BOICB

Jeremiah 6 in the BOILNTAP

Jeremiah 6 in the BOITCV

Jeremiah 6 in the BOKCV

Jeremiah 6 in the BOKCV2

Jeremiah 6 in the BOKHWOG

Jeremiah 6 in the BOKSSV

Jeremiah 6 in the BOLCB

Jeremiah 6 in the BOLCB2

Jeremiah 6 in the BOMCV

Jeremiah 6 in the BONAV

Jeremiah 6 in the BONCB

Jeremiah 6 in the BONLT

Jeremiah 6 in the BONUT2

Jeremiah 6 in the BOPLNT

Jeremiah 6 in the BOSCB

Jeremiah 6 in the BOSNC

Jeremiah 6 in the BOTLNT

Jeremiah 6 in the BOVCB

Jeremiah 6 in the BOYCB

Jeremiah 6 in the BPBB

Jeremiah 6 in the BPH

Jeremiah 6 in the BSB

Jeremiah 6 in the CCB

Jeremiah 6 in the CUV

Jeremiah 6 in the CUVS

Jeremiah 6 in the DBT

Jeremiah 6 in the DGDNT

Jeremiah 6 in the DHNT

Jeremiah 6 in the DNT

Jeremiah 6 in the ELBE

Jeremiah 6 in the EMTV

Jeremiah 6 in the ESV

Jeremiah 6 in the FBV

Jeremiah 6 in the FEB

Jeremiah 6 in the GGMNT

Jeremiah 6 in the GNT

Jeremiah 6 in the HARY

Jeremiah 6 in the HNT

Jeremiah 6 in the IRVA

Jeremiah 6 in the IRVB

Jeremiah 6 in the IRVG

Jeremiah 6 in the IRVH

Jeremiah 6 in the IRVK

Jeremiah 6 in the IRVM

Jeremiah 6 in the IRVM2

Jeremiah 6 in the IRVO

Jeremiah 6 in the IRVP

Jeremiah 6 in the IRVT

Jeremiah 6 in the IRVT2

Jeremiah 6 in the IRVU

Jeremiah 6 in the ISVN

Jeremiah 6 in the JSNT

Jeremiah 6 in the KAPI

Jeremiah 6 in the KBT1ETNIK

Jeremiah 6 in the KBV

Jeremiah 6 in the KJV

Jeremiah 6 in the KNFD

Jeremiah 6 in the LBA

Jeremiah 6 in the LBLA

Jeremiah 6 in the LNT

Jeremiah 6 in the LSV

Jeremiah 6 in the MAAL

Jeremiah 6 in the MBV

Jeremiah 6 in the MBV2

Jeremiah 6 in the MHNT

Jeremiah 6 in the MKNFD

Jeremiah 6 in the MNG

Jeremiah 6 in the MNT

Jeremiah 6 in the MNT2

Jeremiah 6 in the MRS1T

Jeremiah 6 in the NAA

Jeremiah 6 in the NASB

Jeremiah 6 in the NBLA

Jeremiah 6 in the NBS

Jeremiah 6 in the NBVTP

Jeremiah 6 in the NET2

Jeremiah 6 in the NIV11

Jeremiah 6 in the NNT

Jeremiah 6 in the NNT2

Jeremiah 6 in the NNT3

Jeremiah 6 in the PDDPT

Jeremiah 6 in the PFNT

Jeremiah 6 in the RMNT

Jeremiah 6 in the SBIAS

Jeremiah 6 in the SBIBS

Jeremiah 6 in the SBIBS2

Jeremiah 6 in the SBICS

Jeremiah 6 in the SBIDS

Jeremiah 6 in the SBIGS

Jeremiah 6 in the SBIHS

Jeremiah 6 in the SBIIS

Jeremiah 6 in the SBIIS2

Jeremiah 6 in the SBIIS3

Jeremiah 6 in the SBIKS

Jeremiah 6 in the SBIKS2

Jeremiah 6 in the SBIMS

Jeremiah 6 in the SBIOS

Jeremiah 6 in the SBIPS

Jeremiah 6 in the SBISS

Jeremiah 6 in the SBITS

Jeremiah 6 in the SBITS2

Jeremiah 6 in the SBITS3

Jeremiah 6 in the SBITS4

Jeremiah 6 in the SBIUS

Jeremiah 6 in the SBIVS

Jeremiah 6 in the SBT

Jeremiah 6 in the SBT1E

Jeremiah 6 in the SCHL

Jeremiah 6 in the SNT

Jeremiah 6 in the SUSU

Jeremiah 6 in the SUSU2

Jeremiah 6 in the SYNO

Jeremiah 6 in the TBIAOTANT

Jeremiah 6 in the TBT1E

Jeremiah 6 in the TBT1E2

Jeremiah 6 in the TFTIP

Jeremiah 6 in the TFTU

Jeremiah 6 in the TGNTATF3T

Jeremiah 6 in the THAI

Jeremiah 6 in the TNFD

Jeremiah 6 in the TNT

Jeremiah 6 in the TNTIK

Jeremiah 6 in the TNTIL

Jeremiah 6 in the TNTIN

Jeremiah 6 in the TNTIP

Jeremiah 6 in the TNTIZ

Jeremiah 6 in the TOMA

Jeremiah 6 in the TTENT

Jeremiah 6 in the UBG

Jeremiah 6 in the UGV

Jeremiah 6 in the UGV2

Jeremiah 6 in the UGV3

Jeremiah 6 in the VBL

Jeremiah 6 in the VDCC

Jeremiah 6 in the YALU

Jeremiah 6 in the YAPE

Jeremiah 6 in the YBVTP

Jeremiah 6 in the ZBP