John 9 (BOECS)

1 Esi Yesu yina la, ekpɔ ŋutsu aɖe si wodzi ŋkuagbãtɔe. 2 Nusrɔ̃lawo bia Yesu be, “Nufiala, ame kae wɔ nu vɔ̃, ŋutsu sia alo edzilawo ƒe nu vɔ̃wo tae wodzii ŋkuagbãtɔea? Eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃e wɔe be wòle alea loo alo edzilawo ƒe nu vɔ̃woe?” 3 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Menye ame sia alo edzilawo ƒe nu vɔ̃ ta ame sia ƒe ŋku gbã ɖo o. Wodzii nenema be woatsɔ aɖe Mawu ƒe ŋusẽ afia. 4 Esi ŋu ke la, ele be míawɔ ame si dɔm la ƒe dɔ. Ne zã do la, ame aɖeke mate ŋu awɔ dɔ o. 5 Zi ale si mele xexea me la, nyee nye xexea me ƒe kekeli la.” 6 Esi wògblɔ nya sia la, eɖe ta ɖe anyigba, eye wòtsɔ ta la blu ba vi aɖe ɖe asi hesisi ɖe ŋkuagbãtɔ la ƒe ŋkuwo dzi. 7 Azɔ egblɔ nɛ be, “Yi nàle tsi le Siloam Ta la me” (Siloam gɔmee nye, “Wodɔe ɖa”). Ŋkuagbãtɔ la yi ɖawɔ abe ale si Yesu gblɔ nɛ la ene, eye enumake eƒe ŋkuwo ʋu, wòkpɔ nu. 8 Ŋutsu sia ƒe aƒelikawo kple ame siwo katã nyae tsã be nubiala wònye la bia wo nɔewo be, “Alo ɖe menye ŋkuagbãtɔ ma si nɔ nu biam lae nye esia oa?” 9 Ame aɖewo be eyae, eye ɖewo hã be menye eyae o, ɖeko wòɖii. Ke ŋutsu la ŋutɔ gblɔ be, “Nyee.” 10 Ameawo biae be, “Ke aleke wɔ hafi wò ŋkuwo ʋu?” 11 Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Ŋutsu aɖe si woyɔna be Yesu lae nya anyi vi aɖe tsɔ sisi ɖe nye ŋkuwo dzi hegblɔ nam be maɖale tsi le Siloam Ta la me. Mewɔ esia ale nye ŋkuwo ʋu, eye mede asi nukpɔkpɔ me.” 12 Ameawo gabiae be, “Afi ka ame sia le?”Eɖo eŋu na wo be, “Nyemenya o.” 13 Ale ameawo kplɔ ŋutsu la yi ɖe Farisitɔwo gbɔe. 14 Ke gbe si gbe Yesu nya anyi tsɔ ʋu ŋku nɛ la nye Dzudzɔgbe ŋkeke. 15 Farisitɔ la hã biae be aleke wòwɔ hafi nèle nu kpɔm? Egblɔ na wo be, “Etsɔ ba sisi ɖe nye ŋkuwo dzi, eye meɖale tsi, eye nye ŋkuwo ʋu, eye mele nu kpɔm.” 16 Farisitɔwo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Ŋutsu sia metso Mawu gbɔ o, elabena mede bubu Dzudzɔgbe ŋkeke la ŋu o.”Ke bubuawo bia be, “Aleke nu vɔ̃ wɔla nate ŋu awɔ nukunu siawoe?” Ale mama ɖo wo dome. 17 Mlɔeba la, wogatrɔ ɖe ŋkuagbãtɔ la ŋu hebiae be, “Ame ka ƒomevi nèbu be enye? Wòe wòʋu ŋku na.”Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Nyagblɔɖila wònye.” 18 Yudatɔwo mexɔe se be ŋutsu la nye ŋkuagbãtɔ, eye Yesu ʋu eƒe ŋkuwo o va se ɖe esime woyɔ edzilawo vɛ. 19 Wobia wo be, “Mia vie nye ame sia? Ŋkuagbãtɔe wònye hafi miedzia? Nenye be ele eme nenema ɖe, aleke wɔ wòle nu kpɔm fifia?” 20 Edzilawo ɖo eŋu be, “Vavã mía vie, eye ŋkuagbãtɔe míedzii. 21 Gake míenya ale si wòwɔ hafi le nu kpɔm o, eye míenya ame si ʋu eƒe ŋkuwo nɛ o. Mibia eya ŋutɔ; etsi, ate ŋu aƒo nu, aɖe eɖokui nu.” 22 Edzilawo gblɔ nya sia, elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo, elabena Yudatɔwo ɖoe be ame si agblɔ be Yesue nye Kristo la la, woanyae le gbedoxɔ la me. 23 Esia ta edzilawo gblɔ be, “Etsi, mibia eya ŋutɔ ɖo.” 24 Farisitɔawo gayɔ ŋutsu si ƒe ŋkuwo gbã kpɔ la zi evelia, eye wogblɔ nɛ be, “Kafu Mawu boŋ. Míenya be nu vɔ̃ wɔla wònye.” 25 Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Eɖanye nu vɔ̃ wɔla o, eɖanye ame nyui o, nyemenya o. Nu ɖeka si ko menya lae nye be, tsã la, menye ŋkuagbãtɔ, ke azɔ la, mele nu kpɔm!” 26 Ameawo gabiae be, “Nu ka wòwɔ na wò? Aleke wòwɔ hafi ʋu wò ŋkuwo na wò?” 27 Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Megblɔ nya sia na mi xoxo, gake miesee o. Nu ka ta miedi be magagblɔe na mi ɖo? Alo ɖe miedi be yewoazu eƒe nusrɔ̃lawoa?” 28 Farisitɔawo de asi ŋutsu la dzudzu me hegblɔ be, “Wò la, ŋutsu sia ƒe nusrɔ̃lae nènye, ke míawo la, Mose ƒe nusrɔ̃lawoe míenye. 29 Míenya be Mawu ƒo nu na Mose, ke ame sia la, míenya afi si wòtso hã o.” 30 Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Ewɔ nuku ŋutɔ be mienya afi si wòtso o, gake eyae ʋu nye ŋkuwo nam. 31 Mienya be Mawu meɖoa to nu vɔ̃ wɔlawo o, ke boŋ eɖoa to mawuvɔ̃la kple ame si wɔa eƒe lɔlɔ̃nu. 32 Ame aɖeke mese kpɔ be ame aɖe ʋu ŋku na ame si wodzi ŋkuagbãtɔe kpɔ o. 33 Ɖe ŋutsu sia metso Mawu gbɔ o la, mate ŋu awɔ naneke o.” 34 Wogblɔ na ŋutsu la be, “Wò la, nu vɔ̃ me wodzi wò ɖo. Nu ka ta nèdi be yeafia nu mí ɖo?” Ale wonyae do goe. 35 Yesu se be wonya ŋutsu sia le gbedoxɔ me, eya ta esi wòdo goe la, ebiae be, “Èxɔ Amegbetɔ Vi la dzi sea?” 36 Ŋutsu la biae be, “Aƒetɔ, ame kae? Gblɔe nam, ne maxɔ edzi ase.” 37 Yesu gblɔ nɛ be, “Ame si nèle kpɔkpɔm lae. Le nyateƒe me la, eyae le nu ƒom na wò fifia.” 38 Ŋutsu la gblɔ be, “Aƒetɔ, mexɔe se,” eye wòsubɔe. 39 Yesu gblɔ nɛ be, “Nye la, ʋɔnudɔdrɔ̃ ta meva xexea me ɖo, be ŋkuagbãtɔwo nakpɔ nu, eye ame siwo le nu kpɔm la nazu ŋkuagbãtɔwo.” 40 Farisitɔ siwo nɔ afi ma la biae be, “Ɖe nèle gbɔgblɔm be míawo hã míenye ŋkuagbãtɔwoa?” 41 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ne mienye ŋkuagbãtɔwo la, womabu fɔ mi be miewɔ nu vɔ̃ o, gake esi miebe yewole nu kpɔm la, miaƒe nu vɔ̃wo anɔ mia dzi.”

In Other Versions

John 9 in the ANGEFD

John 9 in the ANTPNG2D

John 9 in the AS21

John 9 in the BAGH

John 9 in the BBPNG

John 9 in the BBT1E

John 9 in the BDS

John 9 in the BEV

John 9 in the BHAD

John 9 in the BIB

John 9 in the BLPT

John 9 in the BNT

John 9 in the BNTABOOT

John 9 in the BNTLV

John 9 in the BOATCB

John 9 in the BOATCB2

John 9 in the BOBCV

John 9 in the BOCNT

John 9 in the BOGWICC

John 9 in the BOHCB

John 9 in the BOHCV

John 9 in the BOHLNT

John 9 in the BOHNTLTAL

John 9 in the BOICB

John 9 in the BOILNTAP

John 9 in the BOITCV

John 9 in the BOKCV

John 9 in the BOKCV2

John 9 in the BOKHWOG

John 9 in the BOKSSV

John 9 in the BOLCB

John 9 in the BOLCB2

John 9 in the BOMCV

John 9 in the BONAV

John 9 in the BONCB

John 9 in the BONLT

John 9 in the BONUT2

John 9 in the BOPLNT

John 9 in the BOSCB

John 9 in the BOSNC

John 9 in the BOTLNT

John 9 in the BOVCB

John 9 in the BOYCB

John 9 in the BPBB

John 9 in the BPH

John 9 in the BSB

John 9 in the CCB

John 9 in the CUV

John 9 in the CUVS

John 9 in the DBT

John 9 in the DGDNT

John 9 in the DHNT

John 9 in the DNT

John 9 in the ELBE

John 9 in the EMTV

John 9 in the ESV

John 9 in the FBV

John 9 in the FEB

John 9 in the GGMNT

John 9 in the GNT

John 9 in the HARY

John 9 in the HNT

John 9 in the IRVA

John 9 in the IRVB

John 9 in the IRVG

John 9 in the IRVH

John 9 in the IRVK

John 9 in the IRVM

John 9 in the IRVM2

John 9 in the IRVO

John 9 in the IRVP

John 9 in the IRVT

John 9 in the IRVT2

John 9 in the IRVU

John 9 in the ISVN

John 9 in the JSNT

John 9 in the KAPI

John 9 in the KBT1ETNIK

John 9 in the KBV

John 9 in the KJV

John 9 in the KNFD

John 9 in the LBA

John 9 in the LBLA

John 9 in the LNT

John 9 in the LSV

John 9 in the MAAL

John 9 in the MBV

John 9 in the MBV2

John 9 in the MHNT

John 9 in the MKNFD

John 9 in the MNG

John 9 in the MNT

John 9 in the MNT2

John 9 in the MRS1T

John 9 in the NAA

John 9 in the NASB

John 9 in the NBLA

John 9 in the NBS

John 9 in the NBVTP

John 9 in the NET2

John 9 in the NIV11

John 9 in the NNT

John 9 in the NNT2

John 9 in the NNT3

John 9 in the PDDPT

John 9 in the PFNT

John 9 in the RMNT

John 9 in the SBIAS

John 9 in the SBIBS

John 9 in the SBIBS2

John 9 in the SBICS

John 9 in the SBIDS

John 9 in the SBIGS

John 9 in the SBIHS

John 9 in the SBIIS

John 9 in the SBIIS2

John 9 in the SBIIS3

John 9 in the SBIKS

John 9 in the SBIKS2

John 9 in the SBIMS

John 9 in the SBIOS

John 9 in the SBIPS

John 9 in the SBISS

John 9 in the SBITS

John 9 in the SBITS2

John 9 in the SBITS3

John 9 in the SBITS4

John 9 in the SBIUS

John 9 in the SBIVS

John 9 in the SBT

John 9 in the SBT1E

John 9 in the SCHL

John 9 in the SNT

John 9 in the SUSU

John 9 in the SUSU2

John 9 in the SYNO

John 9 in the TBIAOTANT

John 9 in the TBT1E

John 9 in the TBT1E2

John 9 in the TFTIP

John 9 in the TFTU

John 9 in the TGNTATF3T

John 9 in the THAI

John 9 in the TNFD

John 9 in the TNT

John 9 in the TNTIK

John 9 in the TNTIL

John 9 in the TNTIN

John 9 in the TNTIP

John 9 in the TNTIZ

John 9 in the TOMA

John 9 in the TTENT

John 9 in the UBG

John 9 in the UGV

John 9 in the UGV2

John 9 in the UGV3

John 9 in the VBL

John 9 in the VDCC

John 9 in the YALU

John 9 in the YAPE

John 9 in the YBVTP

John 9 in the ZBP