Joshua 18 (BOECS)
1 Esi Israelviwo xɔ anyigba vɔ megbe la, wo katã wova kpe ta ɖe Silo, eye wotu Yehowa ƒe Agbadɔ ɖe afi ma. 2 Womema anyigba na Israel ƒe to adre haɖe o. 3 Ale Yosua bia Israelviwo be, “Va se ɖe ɣe ka ɣie mialala hafi anya ame siwo le anyigba si Yehowa, mia Mawu la na mi la dzi? 4 Mitia ame etɔ̃ tso to ɖe sia ɖe me, eye madɔ wo ɖa be woayi aɖatsa ŋku le afi siwo dzi míeɖu haɖe o la dzi, ale be woana manya woƒe lolome kple anyigba la ƒe lolome si to ɖe sia ɖe adi be yeaxɔ, ekema mate ŋu amae na mi. 5 Mama anyigba la ɖe akpa adre me: Yuda ƒe viwo anɔ woƒe anyigba dzi le dziehe, eye Yosef ƒe viwo anɔ anyiehe. 6 Miŋlɔ nu tso anyigba la ƒe akpa adreawo ŋu tsɔ vɛ nam. Ekema mada akɔ ɖe edzi le Yehowa, míaƒe Mawu la ŋkume ale be manya ale si mama anyigba lae. 7 Ke miɖo ŋku edzi be womama anyigba na Levitɔwo o, elabena Yehowa ƒe nunɔlawo wonye, eye woƒe nunɔladɔe nye woƒe domenyinu wɔnuku la. Gad ƒe viwo kple Ruben ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã magaxɔ anyigba aɖeke o, elabena woxɔ anyigba xoxo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, afi si ŋugbe Mose do na wo.” 8 Ame siwo wotia la dze mɔ be woata anyigba la vɛ na Yosua ekema ate ŋu ama anyigba la na toawo to akɔdada le Yehowa ŋkume me. 9 Ame tiatiawo wɔ abe ale si woɖo na wo ene. Woma anyigba la ɖe akpa adre me, woŋlɔ du siwo nɔ mama ɖe sia ɖe me la da ɖi, eye wotrɔ va Yosua gbɔ le asaɖa la me le Silo. 10 Le afi ma, le asaɖa la me le Silo la, Yehowa fia Yosua to akɔdada la me, ale si wòama anyigba lae na to vovovoawo. 11 Anyigba si wotsɔ na Benyamin ƒe viwo la nɔ Yuda ƒe viwo kple Yosef ƒe viwo ƒe anyigbawo dome. 12 Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba ƒe anyiehe dze egɔme tso Yɔdan tɔsisi la to, yi Yeriko ƒe anyiehe, to tonyigba la kple Bet Aven gbegbe la dzi. 13 Liƒo la tso afi ma ɖo ta dziehe yi Luz, afi si wogayɔna be Betel, heyi Atarot Ada, le Bet Horon ƒe tonyigba dzi le dziehe. 14 Liƒo la trɔ tso afi ma ɖo ta dziehe, eto to si le Bet Horon kasa le dziehe hewu nu ɖe Kiriat Baal, du si wogayɔna be Kiriat Yearim, si nye Yuda ƒe viwo ƒe duwo dometɔ ɖeka la gbɔ. Esiae nye Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba ƒe ɣetoɖoƒeliƒo. 15 Anyigba la ƒe anyigbemeliƒo tso Kiriat Yearim du la to, yi Efrɔn to la dzi, yi Naftoa vudo la gbɔ, 16 heyi to si le Ben Hinom ƒe Balime le Refaim ƒe balime ƒe anyiehe gome. Etso afi ma, heto Hinom ƒe balime hetrɔ yi dziehe gome, afi si Yebusitɔwo nɔ, eye wòyi ɖatɔ En Rogel. 17 Tso En Rogel la, liƒo la ɖo ta anyiehe kple ɣedzeƒe gome yi En Semes kple Gelilot le Adumim ƒe akpa kemɛ. Etrɔ tso afi ma ɖo ta Bohan, Ruben ƒe vi ƒe kpe la gbɔ, 18 eye wòzɔ Bet Araba ƒe anyieheliƒo la ŋu heyi Araba. 19 Egaɖo ta dziehe, dze le Bet Hogla ŋu, eye wòwu nu ɖe Dzeƒu la to. Teƒe siae nye Yɔdan tɔsisi la ƒe seƒe le dziehe gome. 20 Yɔdan tɔsisi lae nye anyigba sia ƒe ɣedzeƒeliƒo.Anyigba siae wotsɔ na Benyamin ƒe viwo. 21 Du blaeve-vɔ-ade siwo nɔ anyigba sia dzi la woe nye:Yeriko, Bet Hogla, Emek Keziz, 22 Bet Araba, Zemaraim, Betel, 23 Avim, Para, Ofra, 24 Kefar Amoni, Ofni, Geba. Du wuieve kple woƒe kɔƒeduwo. 25 Gibeon, Rama, Beerot, 26 Mizpeh, Kefira, Moza, 27 Rekem, Irpeel, Tarala, 28 Zela, Haelef, Yebus (alo Yerusalem), Gibea kple Kiriat Yearim. Wo katã le du wuiene.Wotsɔ du wuiene siawo kple kɔƒe siwo katã ƒo xlã wo la na Benyamin ƒe ƒome la.
In Other Versions
Joshua 18 in the ANGEFD
Joshua 18 in the ANTPNG2D
Joshua 18 in the AS21
Joshua 18 in the BAGH
Joshua 18 in the BBPNG
Joshua 18 in the BBT1E
Joshua 18 in the BDS
Joshua 18 in the BEV
Joshua 18 in the BHAD
Joshua 18 in the BIB
Joshua 18 in the BLPT
Joshua 18 in the BNT
Joshua 18 in the BNTABOOT
Joshua 18 in the BNTLV
Joshua 18 in the BOATCB
Joshua 18 in the BOATCB2
Joshua 18 in the BOBCV
Joshua 18 in the BOCNT
Joshua 18 in the BOGWICC
Joshua 18 in the BOHCB
Joshua 18 in the BOHCV
Joshua 18 in the BOHLNT
Joshua 18 in the BOHNTLTAL
Joshua 18 in the BOICB
Joshua 18 in the BOILNTAP
Joshua 18 in the BOITCV
Joshua 18 in the BOKCV
Joshua 18 in the BOKCV2
Joshua 18 in the BOKHWOG
Joshua 18 in the BOKSSV
Joshua 18 in the BOLCB
Joshua 18 in the BOLCB2
Joshua 18 in the BOMCV
Joshua 18 in the BONAV
Joshua 18 in the BONCB
Joshua 18 in the BONLT
Joshua 18 in the BONUT2
Joshua 18 in the BOPLNT
Joshua 18 in the BOSCB
Joshua 18 in the BOSNC
Joshua 18 in the BOTLNT
Joshua 18 in the BOVCB
Joshua 18 in the BOYCB
Joshua 18 in the BPBB
Joshua 18 in the BPH
Joshua 18 in the BSB
Joshua 18 in the CCB
Joshua 18 in the CUV
Joshua 18 in the CUVS
Joshua 18 in the DBT
Joshua 18 in the DGDNT
Joshua 18 in the DHNT
Joshua 18 in the DNT
Joshua 18 in the ELBE
Joshua 18 in the EMTV
Joshua 18 in the ESV
Joshua 18 in the FBV
Joshua 18 in the FEB
Joshua 18 in the GGMNT
Joshua 18 in the GNT
Joshua 18 in the HARY
Joshua 18 in the HNT
Joshua 18 in the IRVA
Joshua 18 in the IRVB
Joshua 18 in the IRVG
Joshua 18 in the IRVH
Joshua 18 in the IRVK
Joshua 18 in the IRVM
Joshua 18 in the IRVM2
Joshua 18 in the IRVO
Joshua 18 in the IRVP
Joshua 18 in the IRVT
Joshua 18 in the IRVT2
Joshua 18 in the IRVU
Joshua 18 in the ISVN
Joshua 18 in the JSNT
Joshua 18 in the KAPI
Joshua 18 in the KBT1ETNIK
Joshua 18 in the KBV
Joshua 18 in the KJV
Joshua 18 in the KNFD
Joshua 18 in the LBA
Joshua 18 in the LBLA
Joshua 18 in the LNT
Joshua 18 in the LSV
Joshua 18 in the MAAL
Joshua 18 in the MBV
Joshua 18 in the MBV2
Joshua 18 in the MHNT
Joshua 18 in the MKNFD
Joshua 18 in the MNG
Joshua 18 in the MNT
Joshua 18 in the MNT2
Joshua 18 in the MRS1T
Joshua 18 in the NAA
Joshua 18 in the NASB
Joshua 18 in the NBLA
Joshua 18 in the NBS
Joshua 18 in the NBVTP
Joshua 18 in the NET2
Joshua 18 in the NIV11
Joshua 18 in the NNT
Joshua 18 in the NNT2
Joshua 18 in the NNT3
Joshua 18 in the PDDPT
Joshua 18 in the PFNT
Joshua 18 in the RMNT
Joshua 18 in the SBIAS
Joshua 18 in the SBIBS
Joshua 18 in the SBIBS2
Joshua 18 in the SBICS
Joshua 18 in the SBIDS
Joshua 18 in the SBIGS
Joshua 18 in the SBIHS
Joshua 18 in the SBIIS
Joshua 18 in the SBIIS2
Joshua 18 in the SBIIS3
Joshua 18 in the SBIKS
Joshua 18 in the SBIKS2
Joshua 18 in the SBIMS
Joshua 18 in the SBIOS
Joshua 18 in the SBIPS
Joshua 18 in the SBISS
Joshua 18 in the SBITS
Joshua 18 in the SBITS2
Joshua 18 in the SBITS3
Joshua 18 in the SBITS4
Joshua 18 in the SBIUS
Joshua 18 in the SBIVS
Joshua 18 in the SBT
Joshua 18 in the SBT1E
Joshua 18 in the SCHL
Joshua 18 in the SNT
Joshua 18 in the SUSU
Joshua 18 in the SUSU2
Joshua 18 in the SYNO
Joshua 18 in the TBIAOTANT
Joshua 18 in the TBT1E
Joshua 18 in the TBT1E2
Joshua 18 in the TFTIP
Joshua 18 in the TFTU
Joshua 18 in the TGNTATF3T
Joshua 18 in the THAI
Joshua 18 in the TNFD
Joshua 18 in the TNT
Joshua 18 in the TNTIK
Joshua 18 in the TNTIL
Joshua 18 in the TNTIN
Joshua 18 in the TNTIP
Joshua 18 in the TNTIZ
Joshua 18 in the TOMA
Joshua 18 in the TTENT
Joshua 18 in the UBG
Joshua 18 in the UGV
Joshua 18 in the UGV2
Joshua 18 in the UGV3
Joshua 18 in the VBL
Joshua 18 in the VDCC
Joshua 18 in the YALU
Joshua 18 in the YAPE
Joshua 18 in the YBVTP
Joshua 18 in the ZBP