Leviticus 15 (BOECS)
1 Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, 2 “Migblɔ na Israelviwo be, ‘Ne ŋutsu aɖe le afu ɖɔm la, eŋuti mekɔ o. 3 Ne afua le dodom alo ne enu tso hã la, ŋutsu la ŋu mekɔ o. 4 “ ‘Abati si dzi wòmlɔ kple nu si dzi wònɔ hã ŋu mekɔ o, 5 eya ta ame si ka asi ŋutsu la ƒe abati ŋu hã ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ; ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, eye wòale tsi. 6 Ame si nɔ zikpui si dzi ŋutsu si ŋu mekɔ o nɔ la hã ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. Ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, eye wòale tsi. 7 “ ‘Ame si ka asi ŋutsu si le afu ɖɔm ŋuti la ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ, eye ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, ale tsi. 8 “ ‘Ne ŋutsu si le afu ɖɔm ɖe ta ɖe ame si ŋuti kɔ ŋu la, ele na ame ma be wòanya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ. 9 “ ‘Nu sia nu si dzi afuɖɔla la anɔ ne ele sɔ dom la, ŋuti mekɔ o, 10 eye ame si aka asi nu siwo dzi wònɔ do sɔ la dometɔ aɖe ŋu la ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ. Nenema ke ame si fɔ nuawo hã la ŋuti mekɔ o va se ɖe fie; ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, ale tsi. 11 “ ‘Ne ŋutsu si ŋu mekɔ o, meklɔ asi hafi ka asi ame aɖe ŋu o la, ele na amea hã be wòanya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ. 12 “ ‘Ele be woagbã ze si ŋu ŋutsu la ka asii, eye woaklɔ atinu si ŋu wòka asii. 13 “ ‘Ne ŋutsu aɖe ŋu kɔ tso afuɖɔɖɔ me la, nexlẽ ŋkeke adre hena eƒe ŋutikɔklɔ ƒe kɔnu, nenya eƒe awuwo eye wòale tsi nyuie ekema eŋuti akɔ. 14 Le ŋkeke enyia gbe la, alé akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve, ado ɖe Yehowa ŋkume le Agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wòatsɔ wo ana nunɔla la. 15 Nunɔla la atsɔ akpakpawo dometɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye wòatsɔ evelia asa numevɔ. Ale nunɔla la alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume le afu si wòɖɔ la ta. 16 “ ‘Ɣe sia ɣi si ŋutsu aɖe anye tsi la, ele nɛ be wòale tsi nyuie, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ. 17 Ele be wòanya nudodo alo ayi si ŋu ŋutsu ƒe tsi la ka la kple tsi, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ. 18 Ne ŋutsu aɖe dɔ nyɔnu aɖe gbɔ la, ele be wo ame eve la nale tsi, eye wo ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. 19 “ ‘Ne nyɔnu aɖe kpɔ dzinu la, eŋu mekɔ o va se ɖe esime ŋkeke adre nava yi. Le ɣeyiɣi sia me la, ame sia ame si ka asi eŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. 20 “ ‘Nu sia nu si dzi wòamlɔ alo anɔ le ɣe ma ɣi me la ŋuti mekɔ o. 21 Ame sia ame si ka asi eƒe abati ŋu la anya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ. 22 Ame sia ame si ka asi eƒe nunɔdzi aɖe ŋu la, anya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ. 23 Eɖanye abati o, eɖanye nu si dzi wònɔ o, ne ame aɖe ka asi eŋu ko la, amea ŋu makɔ o va se ɖe fiẽ. 24 “ ‘Ŋutsu si adɔ nyɔnu sia gbɔ le eƒe asiɖoanyiɣi, eye ʋua ƒe ɖe ka eŋu la, eŋuti makɔ o hena ŋkeke adre, eye abati ɖe sia ɖe si dzi wòamlɔ la ŋu makɔ o. 25 “ ‘Ne gbɔtotsitsi la xɔ ɣeyiɣi wu ale si wòxɔna tsã alo wòva le ɣeyiɣi trama aɖe dzi le ɣletia me la, ekema nyɔnu la ŋuti mekɔ o, zi ale si ʋu la le dodom abe ale si wònɔna ne wòɖo asi anyi ene. 26 Esia fia be nu sia nu si dzi wòamlɔ le ɣeyiɣi ma me la ŋu makɔ o, abe ale si wòanɔ le eƒe gbɔtotsitsi ŋutɔ me ene. Nenema ke nu sia nu si dzi wòanɔ hã ŋu mekɔ o. 27 Ame sia ame si ka asi eƒe abati alo nu si dzi wònɔ ŋu la ŋu mekɔ o. Ele be wòanya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ. 28 “ ‘Ne gbɔtotsitsi sia nu tso, eye ŋkeke adre va yi la, ekema eŋuti kɔ azɔ. 29 Le ŋkeke enyia gbe la, nyɔnu la atsɔ akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve ayi na nunɔla la le Agbadɔ la ƒe mɔnu. 30 Nunɔla la atsɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, atsɔ evelia asa numevɔ, eye wòalé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume le ale si gbɔtotsitsi na eŋu mekɔ o la ta. 31 “ ‘Ale ne Israelviwo ŋu mekɔ o la, miakɔ wo ŋuti; ne menye nenema o la, woagblẽ kɔ ɖo na nye Agbadɔ si le wo dome, eye woaku.’ ” 32 Eya ta esiae nye se na ŋutsu si le afu ɖɔm kple ŋutsu si nye tsi, eye eŋu mekɔ o, 33 kple se le nyɔnuwo ƒe gbɔtotsitsi ŋu kple se na ŋutsu si adɔ nyɔnu si tsi gbɔto, eye eŋu mekɔ o la gbɔ.
In Other Versions
Leviticus 15 in the ANGEFD
Leviticus 15 in the ANTPNG2D
Leviticus 15 in the AS21
Leviticus 15 in the BAGH
Leviticus 15 in the BBPNG
Leviticus 15 in the BBT1E
Leviticus 15 in the BDS
Leviticus 15 in the BEV
Leviticus 15 in the BHAD
Leviticus 15 in the BIB
Leviticus 15 in the BLPT
Leviticus 15 in the BNT
Leviticus 15 in the BNTABOOT
Leviticus 15 in the BNTLV
Leviticus 15 in the BOATCB
Leviticus 15 in the BOATCB2
Leviticus 15 in the BOBCV
Leviticus 15 in the BOCNT
Leviticus 15 in the BOGWICC
Leviticus 15 in the BOHCB
Leviticus 15 in the BOHCV
Leviticus 15 in the BOHLNT
Leviticus 15 in the BOHNTLTAL
Leviticus 15 in the BOICB
Leviticus 15 in the BOILNTAP
Leviticus 15 in the BOITCV
Leviticus 15 in the BOKCV
Leviticus 15 in the BOKCV2
Leviticus 15 in the BOKHWOG
Leviticus 15 in the BOKSSV
Leviticus 15 in the BOLCB
Leviticus 15 in the BOLCB2
Leviticus 15 in the BOMCV
Leviticus 15 in the BONAV
Leviticus 15 in the BONCB
Leviticus 15 in the BONLT
Leviticus 15 in the BONUT2
Leviticus 15 in the BOPLNT
Leviticus 15 in the BOSCB
Leviticus 15 in the BOSNC
Leviticus 15 in the BOTLNT
Leviticus 15 in the BOVCB
Leviticus 15 in the BOYCB
Leviticus 15 in the BPBB
Leviticus 15 in the BPH
Leviticus 15 in the BSB
Leviticus 15 in the CCB
Leviticus 15 in the CUV
Leviticus 15 in the CUVS
Leviticus 15 in the DBT
Leviticus 15 in the DGDNT
Leviticus 15 in the DHNT
Leviticus 15 in the DNT
Leviticus 15 in the ELBE
Leviticus 15 in the EMTV
Leviticus 15 in the ESV
Leviticus 15 in the FBV
Leviticus 15 in the FEB
Leviticus 15 in the GGMNT
Leviticus 15 in the GNT
Leviticus 15 in the HARY
Leviticus 15 in the HNT
Leviticus 15 in the IRVA
Leviticus 15 in the IRVB
Leviticus 15 in the IRVG
Leviticus 15 in the IRVH
Leviticus 15 in the IRVK
Leviticus 15 in the IRVM
Leviticus 15 in the IRVM2
Leviticus 15 in the IRVO
Leviticus 15 in the IRVP
Leviticus 15 in the IRVT
Leviticus 15 in the IRVT2
Leviticus 15 in the IRVU
Leviticus 15 in the ISVN
Leviticus 15 in the JSNT
Leviticus 15 in the KAPI
Leviticus 15 in the KBT1ETNIK
Leviticus 15 in the KBV
Leviticus 15 in the KJV
Leviticus 15 in the KNFD
Leviticus 15 in the LBA
Leviticus 15 in the LBLA
Leviticus 15 in the LNT
Leviticus 15 in the LSV
Leviticus 15 in the MAAL
Leviticus 15 in the MBV
Leviticus 15 in the MBV2
Leviticus 15 in the MHNT
Leviticus 15 in the MKNFD
Leviticus 15 in the MNG
Leviticus 15 in the MNT
Leviticus 15 in the MNT2
Leviticus 15 in the MRS1T
Leviticus 15 in the NAA
Leviticus 15 in the NASB
Leviticus 15 in the NBLA
Leviticus 15 in the NBS
Leviticus 15 in the NBVTP
Leviticus 15 in the NET2
Leviticus 15 in the NIV11
Leviticus 15 in the NNT
Leviticus 15 in the NNT2
Leviticus 15 in the NNT3
Leviticus 15 in the PDDPT
Leviticus 15 in the PFNT
Leviticus 15 in the RMNT
Leviticus 15 in the SBIAS
Leviticus 15 in the SBIBS
Leviticus 15 in the SBIBS2
Leviticus 15 in the SBICS
Leviticus 15 in the SBIDS
Leviticus 15 in the SBIGS
Leviticus 15 in the SBIHS
Leviticus 15 in the SBIIS
Leviticus 15 in the SBIIS2
Leviticus 15 in the SBIIS3
Leviticus 15 in the SBIKS
Leviticus 15 in the SBIKS2
Leviticus 15 in the SBIMS
Leviticus 15 in the SBIOS
Leviticus 15 in the SBIPS
Leviticus 15 in the SBISS
Leviticus 15 in the SBITS
Leviticus 15 in the SBITS2
Leviticus 15 in the SBITS3
Leviticus 15 in the SBITS4
Leviticus 15 in the SBIUS
Leviticus 15 in the SBIVS
Leviticus 15 in the SBT
Leviticus 15 in the SBT1E
Leviticus 15 in the SCHL
Leviticus 15 in the SNT
Leviticus 15 in the SUSU
Leviticus 15 in the SUSU2
Leviticus 15 in the SYNO
Leviticus 15 in the TBIAOTANT
Leviticus 15 in the TBT1E
Leviticus 15 in the TBT1E2
Leviticus 15 in the TFTIP
Leviticus 15 in the TFTU
Leviticus 15 in the TGNTATF3T
Leviticus 15 in the THAI
Leviticus 15 in the TNFD
Leviticus 15 in the TNT
Leviticus 15 in the TNTIK
Leviticus 15 in the TNTIL
Leviticus 15 in the TNTIN
Leviticus 15 in the TNTIP
Leviticus 15 in the TNTIZ
Leviticus 15 in the TOMA
Leviticus 15 in the TTENT
Leviticus 15 in the UBG
Leviticus 15 in the UGV
Leviticus 15 in the UGV2
Leviticus 15 in the UGV3
Leviticus 15 in the VBL
Leviticus 15 in the VDCC
Leviticus 15 in the YALU
Leviticus 15 in the YAPE
Leviticus 15 in the YBVTP
Leviticus 15 in the ZBP