Matthew 6 (BOECS)

1 “Mikpɔ nyuie be miagawɔ miaƒe dzɔdzɔenyenyedɔwo le amewo ƒe ŋkume be woakpɔ o. Ne miewɔe nenema la, miaxɔ fetu aɖeke tso mia Fofo si le dziƒo la gbɔ o. 2 “Eya ta ne miena nu ame dahe aɖe la, migaɖe gbeƒãe kple kpẽ abe ale si alakpatɔwo wɔna le woƒe ƒuƒoƒewo kple mɔtatawo dzi, be amewo nakafu yewo ene o. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, woxɔ woƒe fetu la katã xoxo. 3 Ke ne miena nu ame dahe aɖe la, migana miaƒe miabɔ nanya nu si wɔm miaƒe ɖusibɔ le la o, 4 ale be miaƒe nunana nanye bebemenu. Ekema mia Fofo si kpɔa nu si wowɔna le bebeme la natu fe na mi. 5 “Ne miele gbe dom ɖa la, migawɔ abe alakpatɔwo ene o, elabena wolɔ̃a gbedodoɖa le tsitrenu le ƒuƒoƒewo kple mɔtatawo ƒe dzogoewo dzi, be amewo nakpɔ yewo. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be woxɔ woƒe fetu la katã xoxo. 6 Ne èbe yeado gbe ɖa la, yi ɖe wò xɔ me nàtu ʋɔa, eye nàdo gbe ɖa na Fofowò, ame si womekpɔna o la, ekema Fofowò, ame si kpɔa nu si wowɔna le bebeme la, atu fe na wò. 7 Ne miele gbe dom ɖa la, migagblɔ nyawo taŋtaŋ abe trɔ̃subɔlawo ene o, elabena wobuna be yewoaxɔ yewoƒe ŋuɖoɖo le nya geɖewo gbɔgblɔ ta. 8 Miganɔ abe woawo ene o, elabena mia Fofo nya nu siwo hiã mi la gɔ̃ hafi miebianɛ. 9 “Ale si miado gbe ɖae nye esi:“ ‘Mía Fofo si le dziƒo,woade bubu wò ŋkɔ ŋuti, 10 wò fiaɖuƒe neva,woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dziabe ale si wowɔnɛ le dziƒo ene. 11 Na nuɖuɖu si míaɖu egbe la mi. 12 Tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí abeale si míawo hã míetsɔnɛ kea,ame siwo daa vo ɖe mía ŋuti la ene. 13 Mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o,ke boŋ ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la ƒe asi me.’ 14 Elabena ne mietsɔ vo siwo amewo da ɖe mia ŋuti la ke wo la, ekema mia Fofo si le dziƒo hã atsɔ ake miawo hã. 15 Ke ne mietsɔ amewo ƒe nu vɔ̃wo ke wo o la, mia Fofo hã matsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi o. 16 “Ne mietsi nu dɔ la, migayɔ mo lilili abe ale si alakpanuwɔlawo wɔna ene o. Ame siawo yɔa mo lilili, be amewo nakpɔ be yewole nutsitsidɔ me. Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be ame siawo xɔ woƒe fetu blibo la xoxo. 17 Ke ne miawo mietsi nu dɔ la, midzra mia ɖokui ɖo nyuie abe ɖe miele naneke wɔm o ene, 18 ale be ame aɖeke maganya be mietsi nu dɔ o, negbe mia Fofo si womekpɔna o, gake eya kpɔa nu sia nu si wowɔna le bebeme la axe fe na mi. 19 “Migadzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe anyigba dzi, afi si agbagblaʋui kple ɣebialéle gblẽa nu le, eye fiafitɔwo gbãa ʋɔ hefia nu le la o, 20 ke boŋ midzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo, afi si agbagblaʋui kple ɣebialéle megblẽa nu le, eye fiafitɔwo megbãa ʋɔ hefia nu le la o. 21 Elabena afi si miaƒe kesinɔnuwo le la, afi ma miaƒe dzi hã anɔ. 22 “Ŋkue nye akaɖi na ame blibo la, eya ta ne wò ŋku dzi kɔ la, wò ame blibo la àyɔ fũu kple kekeli. 23 Ke ne wò ŋku dzi mekɔ o la, wò ame blibo la, àyɔ fũu kple viviti. Ekema ne kekeli si le mewò trɔ zu viviti la, aleke gbegbe viviti la asẽ ŋui! 24 “Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; alé fu ɖeka, eye wòalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋu vevie, eye wòagbe nu le evelia gbɔ. Màte ŋu asubɔ Mawu kple ga o. 25 “Eya ta mele egblɔm na mi be, migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nu si miaɖu alo miano ŋu o; alo le miaƒe ŋutilã ŋuti, nu si miata ŋu o. Ɖe miaƒe agbe mexɔ asi wu nuɖuɖu, eye miaƒe ŋutilã mexɔ asi wu nudodo oa? 26 Mikpɔ dziƒoxeviwo ɖa; womeƒãa nu alo ŋea nu alo ƒoa nu nu ƒu ɖe avawo me o. Ke mia Fofo si le dziƒo la naa nuɖuɖu wo. Ɖe mi amegbetɔwo miexɔ asi sãa wu dziƒoxeviwo oa? 27 Mia dometɔ kae ate ŋu ato dzitsitsi me atsɔ gaƒoƒo ɖeka pɛ akpe ɖe eƒe agbe ŋu? 28 “Ekema nu ka ŋuti mietsia dzi ɖe nutata ŋu ɖo? Mikpɔ ale si dzogbenyawo le gbedzi tsinae ɖa. Womewɔa dɔ alo trea ɖeti o. 29 Ke mele egblɔm na mi be Solomo, ame si nɔ atsyɔ̃ gã me hã ƒe atsyɔ̃ɖoɖo mede seƒoƒo siawo tɔ nu kura o. 30 Ke nenye be Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe le gbedzi, gbe si nɔa anyi egbe, eye wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzo me etsɔ la, ɖe mate ŋu na mi sãa wu gbe siawo oa? O mi xɔse ʋɛ tɔwo? 31 Eya ta migatsi dzi anɔ biabiam be, ‘Nu ka míaɖu?’ alo ‘Nu ka miano?’ alo, ‘Nu ka míata?’ o. 32 Elabena trɔ̃subɔlawo tia nenem nu siawo katã yome, ke mia Fofo si le dziƒo la nya miaƒe hiahiãwo katã. 33 Ke midi Mawu ƒe fiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbã, eye woatsɔ nu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi. 34 Eya ta migatsi dzi ɖe etsɔ si gbɔna la ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la atsi dzi ɖe eɖokui ŋu elabena kuxi sɔ gbɔ le ŋkeke sia ŋkeke me xoxo.

In Other Versions

Matthew 6 in the ANGEFD

Matthew 6 in the ANTPNG2D

Matthew 6 in the AS21

Matthew 6 in the BAGH

Matthew 6 in the BBPNG

Matthew 6 in the BBT1E

Matthew 6 in the BDS

Matthew 6 in the BEV

Matthew 6 in the BHAD

Matthew 6 in the BIB

Matthew 6 in the BLPT

Matthew 6 in the BNT

Matthew 6 in the BNTABOOT

Matthew 6 in the BNTLV

Matthew 6 in the BOATCB

Matthew 6 in the BOATCB2

Matthew 6 in the BOBCV

Matthew 6 in the BOCNT

Matthew 6 in the BOGWICC

Matthew 6 in the BOHCB

Matthew 6 in the BOHCV

Matthew 6 in the BOHLNT

Matthew 6 in the BOHNTLTAL

Matthew 6 in the BOICB

Matthew 6 in the BOILNTAP

Matthew 6 in the BOITCV

Matthew 6 in the BOKCV

Matthew 6 in the BOKCV2

Matthew 6 in the BOKHWOG

Matthew 6 in the BOKSSV

Matthew 6 in the BOLCB

Matthew 6 in the BOLCB2

Matthew 6 in the BOMCV

Matthew 6 in the BONAV

Matthew 6 in the BONCB

Matthew 6 in the BONLT

Matthew 6 in the BONUT2

Matthew 6 in the BOPLNT

Matthew 6 in the BOSCB

Matthew 6 in the BOSNC

Matthew 6 in the BOTLNT

Matthew 6 in the BOVCB

Matthew 6 in the BOYCB

Matthew 6 in the BPBB

Matthew 6 in the BPH

Matthew 6 in the BSB

Matthew 6 in the CCB

Matthew 6 in the CUV

Matthew 6 in the CUVS

Matthew 6 in the DBT

Matthew 6 in the DGDNT

Matthew 6 in the DHNT

Matthew 6 in the DNT

Matthew 6 in the ELBE

Matthew 6 in the EMTV

Matthew 6 in the ESV

Matthew 6 in the FBV

Matthew 6 in the FEB

Matthew 6 in the GGMNT

Matthew 6 in the GNT

Matthew 6 in the HARY

Matthew 6 in the HNT

Matthew 6 in the IRVA

Matthew 6 in the IRVB

Matthew 6 in the IRVG

Matthew 6 in the IRVH

Matthew 6 in the IRVK

Matthew 6 in the IRVM

Matthew 6 in the IRVM2

Matthew 6 in the IRVO

Matthew 6 in the IRVP

Matthew 6 in the IRVT

Matthew 6 in the IRVT2

Matthew 6 in the IRVU

Matthew 6 in the ISVN

Matthew 6 in the JSNT

Matthew 6 in the KAPI

Matthew 6 in the KBT1ETNIK

Matthew 6 in the KBV

Matthew 6 in the KJV

Matthew 6 in the KNFD

Matthew 6 in the LBA

Matthew 6 in the LBLA

Matthew 6 in the LNT

Matthew 6 in the LSV

Matthew 6 in the MAAL

Matthew 6 in the MBV

Matthew 6 in the MBV2

Matthew 6 in the MHNT

Matthew 6 in the MKNFD

Matthew 6 in the MNG

Matthew 6 in the MNT

Matthew 6 in the MNT2

Matthew 6 in the MRS1T

Matthew 6 in the NAA

Matthew 6 in the NASB

Matthew 6 in the NBLA

Matthew 6 in the NBS

Matthew 6 in the NBVTP

Matthew 6 in the NET2

Matthew 6 in the NIV11

Matthew 6 in the NNT

Matthew 6 in the NNT2

Matthew 6 in the NNT3

Matthew 6 in the PDDPT

Matthew 6 in the PFNT

Matthew 6 in the RMNT

Matthew 6 in the SBIAS

Matthew 6 in the SBIBS

Matthew 6 in the SBIBS2

Matthew 6 in the SBICS

Matthew 6 in the SBIDS

Matthew 6 in the SBIGS

Matthew 6 in the SBIHS

Matthew 6 in the SBIIS

Matthew 6 in the SBIIS2

Matthew 6 in the SBIIS3

Matthew 6 in the SBIKS

Matthew 6 in the SBIKS2

Matthew 6 in the SBIMS

Matthew 6 in the SBIOS

Matthew 6 in the SBIPS

Matthew 6 in the SBISS

Matthew 6 in the SBITS

Matthew 6 in the SBITS2

Matthew 6 in the SBITS3

Matthew 6 in the SBITS4

Matthew 6 in the SBIUS

Matthew 6 in the SBIVS

Matthew 6 in the SBT

Matthew 6 in the SBT1E

Matthew 6 in the SCHL

Matthew 6 in the SNT

Matthew 6 in the SUSU

Matthew 6 in the SUSU2

Matthew 6 in the SYNO

Matthew 6 in the TBIAOTANT

Matthew 6 in the TBT1E

Matthew 6 in the TBT1E2

Matthew 6 in the TFTIP

Matthew 6 in the TFTU

Matthew 6 in the TGNTATF3T

Matthew 6 in the THAI

Matthew 6 in the TNFD

Matthew 6 in the TNT

Matthew 6 in the TNTIK

Matthew 6 in the TNTIL

Matthew 6 in the TNTIN

Matthew 6 in the TNTIP

Matthew 6 in the TNTIZ

Matthew 6 in the TOMA

Matthew 6 in the TTENT

Matthew 6 in the UBG

Matthew 6 in the UGV

Matthew 6 in the UGV2

Matthew 6 in the UGV3

Matthew 6 in the VBL

Matthew 6 in the VDCC

Matthew 6 in the YALU

Matthew 6 in the YAPE

Matthew 6 in the YBVTP

Matthew 6 in the ZBP