Mark 14 (BOECS)

1 Azɔ esusɔ ŋkeke eve pɛ ko ne Ŋutitoto kple Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui la naɖo, eye nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo ganɔ ayemɔ si dzi woato alé Yesu, awui le bebeme la dim. 2 Ke wogblɔ be, “Míate ŋu awui le ŋkekenyui la dzi o, ne míewɔe la, ʋunyaʋunya adzɔ.” 3 Le ɣeyiɣi sia me la, Yesu le Betania, le Simɔn ame si lé kpodɔ kpɔ la ƒe aƒe me. Esi wonɔ fiẽnu ɖum la, nyɔnu aɖe tsɔ amiʋeʋĩ xɔasi aɖe, si le goe nyui aɖe me la vɛ. Eʋu nu le amiʋeʋĩ la nu, eye wòtrɔ wo katã kɔ ɖe Yesu ƒe tame. 4 Ame siwo nɔ kplɔa ŋu la dometɔ aɖewo bia wo nɔewo kple dziku be, “Nu ka ŋuti wògblẽ ami xɔasi sia ɖo? 5 Woate ŋu adzrae wòaxɔ asi wu klosaloga alafa etɔ̃ eye woatsɔ ga la ama na ame dahewo.” Ale woka mo na nyɔnu la vevie. 6 Yesu gblɔ na wo be, “Miɖe asi le eŋu. Nu ka ŋuti miele fu ɖem nɛ? Nu nyui aɖe wònye wòwɔ nam. 7 Ame dahewo le mia dome ɣe sia ɣe eye miate ŋu ana kpekpeɖeŋu wo ɣe sia ɣi si mielɔ̃, ke nye la, nyemanɔ mia dome ɖaa o. 8 “Nyɔnu sia wɔ nu si wòate ŋui la nam. Esi ami na nye ŋutilã, si ɖi ge wole le ŋkeke kpui aɖewo megbe la do ŋgɔ. 9 Vavã mele egblɔm na mi be dɔ nyui si nyɔnu sia wɔ la mabu akpɔ o, afi sia afi si woagblɔ mawunya le, le xexe sia me godoo la, woagblɔ nu nyui si wòwɔ eye woakafui.” 10 Le ɣeyiɣi sia me la, Yuda Iskariɔt, ame si nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka la do go dzaa yi nunɔlagãwo gbɔ be yeawɔ babla kpli wo le ale si wòade Yesu asi na wo be woawu la ŋu. 11 Esi nunɔlagãwo se nu si ta wòva wo gbɔ ɖo la, wokpɔ dzidzɔ ŋutɔ ale wodo ga home aɖe ŋugbe nɛ. Le esia ta Yuda Iskariɔt de asi teƒe kple gaƒoƒo nyuitɔ si me wòade Yesu asi la didi me. 12 Le Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe ŋkeke gbãtɔ si dzi woawu alẽviwo le la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ eye wobiae be, “Afi ka míele Ŋutitotoŋkekenyui la ɖu ge le?” 13 Edɔ nusrɔ̃la eve ɖo ɖe Yerusalem be woawɔ dzadzraɖo ɖe ŋkeke la ɖuɖu ŋu. Egblɔ na wo be, “Ne miege ɖe dua me le yiyim la, miado go ŋutsu aɖe si lé tsize ɖe ta. 14 Mikplɔ ame sia ɖo eye miage ɖe aƒe si me wòage ɖo la me. Migblɔ na aƒea tɔ be, ‘Míaƒe Aƒetɔe dɔ mí be míava kpɔ xɔ si me nèdzra ɖo ɖi na mí be míaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le!’ 15 Aƒetɔ la akplɔ mi ayi dziƒoxɔ dzi eye wòafia xɔ gã aɖe si me wòdzra ɖo la mi. Miɖo kplɔ̃ ɖe afi ma hena míaƒe Ŋutitotoŋkeke la ɖuɖu.” 16 Nusrɔ̃la eveawo yi dua me eye wokpɔ be nu sia nu si Yesu gblɔ na wo la va eme tututu, ale wowɔ Ŋutitotoŋkeke la ƒe nuɖuɖu ɖoɖo da ɖi. 17 Le fiẽ me la, Yesu va ɖo kple nusrɔ̃la wuieveawo. 18 Esime wonɔ anyi ɖe kplɔ̃a ŋu nɔ nua ɖum la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Vavã mele egblɔm na mi be mia dometɔ ɖeka si le nu ɖum kplim fifia la adem asi.” 19 Wo katã woxa nu, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe bia Yesu ɖekaɖekae be, “Nyee nye ame si ade wò asia?” 20 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mi ame wuieve siwo ƒe asi le agba me le nu ɖum kplim fifia la dometɔ ɖekae le nu sia wɔ ge. 21 Amegbetɔ Vi la aku abe ale si Mawu ƒe gbeƒãɖelawo gblɔe da ɖi xoxoxo la ene, gake baba na ame si adem asi la. Le nyateƒe me la, ɖe womegaxa dzii o la anyo nɛ wu.” 22 Esi wonɔ nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖe asi, da akpe ɖe eta eye wòŋe eme hetsɔe na nusrɔ̃lawo gblɔ be, “Mixɔe ɖu, esiae nye nye ŋutilã.” 23 Etsɔ wainkplu la heda akpe ɖe eta, eye wòtsɔe na wo eye wo katã wonoe le enu. 24 Egblɔ na wo be, “Esiae nye nye ʋu, si wotsɔ tre nubabla yeye la nui. Esi wokɔ ɖe anyi ɖe ame geɖewo ta. 25 Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, nyemagano naneke tso wain ƒe kutsetse me o, va se ɖe gbe ma gbe, esime manoe yeyee le mawufiaɖuƒe la me.” 26 Le esia megbe la, wodzi ha, da akpe na Mawu eye wodo go yi Amito la dzi. 27 Yesu gblɔ na wo be, “Mi katã miele nu gbe ge le gbɔnye, elabena Mawu gblɔ to eƒe gbeƒãɖelawo dzi be,“ ‘Mele alẽkplɔla la ƒo ge,eye alẽawo akaka gbẽe.’ 28 Gake ne mefɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, madze mia ŋgɔ ayi Galilea, afi si mado go mi le.” 29 Petro gblɔ nɛ be, “Ne ame sia ame gblẽ wò ɖi hã la, nye ya nyemagblẽ wò ɖi gbeɖe o!” 30 Yesu gblɔ nɛ be, “Petro, nyateƒe gblɔm mele na wò be, hafi koklo naku atɔ zi eve etsɔ fɔŋli la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.” 31 Petro gblɔ kple kakaɖedzi be, “Gbeɖe, nyemagblẽ wò ɖi akpɔ o. Ne ehiã be maku kpli wò kura gɔ̃ hã la, malɔ̃ aku faa.” Nusrɔ̃la mamlɛawo hã ɖe adzɔgbe nenema ke. 32 Azɔ wova ɖo teƒe si woyɔna be Getsemanebɔ la me. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Minɔ afi sia ne mayi aɖado gbe ɖa.” 33 Ekplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes ɖe asi. Le gaƒoƒo sia me la, vevesese helĩhelĩ kple nuxaxa yɔ eme. 34 Egblɔ na nusrɔ̃la etɔ̃awo be, “Nuxaxa te ɖe nye luʋɔ dzi ale gbegbe be ɖeko wòwɔ abe ɖe mele kukum ene. Minɔ afi sia mianɔ ŋudzɔ kplim.” 35 Azɔ la, ezɔ yi ŋgɔ vie ɖatsyɔ mo anyi eye wòdo gbe ɖa bia be ne ele bɔbɔe la, gaƒoƒo la nato ye ŋu ayi. 36 Egblɔ be, “Aba, Fofo, nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe na wò. Na kplu sia nato nunye ayi, ke menye nu si nye ŋutɔ medi o, ke boŋ wò lɔlɔ̃nu nava eme.” 37 Le esia megbe la, etrɔ yi nusrɔ̃la etɔ̃awo gbɔ eye wòva ke ɖe wo ŋu wonɔ alɔ̃ dɔm. Yesu yɔ Petro gblɔ be, “Simɔn, alɔ̃ dɔm mielea? Ekema miate ŋu anɔ ŋudzɔ kplim gaƒoƒo ɖeka pɛ teti hã oa? 38 Minɔ ŋudzɔ, eye miado gbe ɖa be miage ɖe tetekpɔ me o. Gbɔgbɔ la le klalo, gake ŋutilã ya gbɔdzɔ.” 39 Yesu gatrɔ yi teƒe la, eye wògado gbe ɖa vevie, hegbugbɔ nu siwo wòbia tsã la bia. 40 Esi wògatrɔ va la, ekpɔ nusrɔ̃lawo woganɔ alɔ̃ dɔm ko, elabena alɔ̃ bla woƒe ŋkuwo. Womenya nya si woagblɔ nɛ esi wòva kpɔ wo o. 41 Etrɔ gbɔ va wo gbɔ zi etɔ̃lia eye wògblɔ na wo be, “Miegale alɔ̃dɔdɔ dzi le ɖiɖim ɖe emea? Esɔ gbɔ azɔ! Gaƒoƒo la de. Kpɔ ɖa, wode Amegbetɔ Vi la asi na nu vɔ̃ wɔlawo. 42 Mitso mídzo! Mikpɔ ɖa, ame si le denye ge asi lae nye ema gbɔna!” 43 Esi Yesu ganɔ nu ƒom la, eƒe nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka si woyɔna be, Yuda Iskariɔt kple ameha gã aɖe, siwo lé yiwo kple kpowo ɖe asi henɔ nyanyram ŋutɔ la va do. Ame siawoe nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple Yudatɔwo ƒe amegã bubuwo dɔ be woalé Yesu vɛ. 44 Hafi woava ɖo teƒea la, Yuda Iskariɔt gblɔ na wo do ŋgɔ be, “Ame si ŋu mate ɖo agbugbɔ nu na la, eyae, milée, ne miakplɔe ayii.” 45 Esi ameha la va ɖo teƒea teti ko la, Yuda Iskariɔt zɔ ɖe Yesu dzi hedo ɣli yɔe be, “Nufiala” eye wògbugbɔ nu nɛ. 46 Ameha la dze Yesu dzi helée sesĩe. 47 Gake ame aɖe he eƒe yi ɖe go eye wòkpa nunɔlagã la ƒe dɔla ƒe to ɖeka wòge va dze anyigba. 48 Yesu bia elélawo be, “Adzodala vɔ̃ɖi aɖee menye hafi mietsɔ yiwo kple kpowo ɖe asi va be yewoaléma? 49 Menɔ gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu gbe sia gbe nɔ nu fiam. Ke esia va eme be woawu Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la nu.” 50 Le esime nya siawo katã nɔ dzɔdzɔm la, eƒe nusrɔ̃lawo katã si dzo. 51 Ɖekakpui aɖe si ta aklala biɖibiɖi ko la nɔ Yesu yome. Esi amelélawo te kpɔ be yewoalée la, 52 esi amama hegblẽ eƒe avɔ la ɖi. 53 Wokplɔ Yesu yi nunɔlagã ƒe aƒe me, afi si nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe amegã bubuwo kple agbalẽfialawo va ɖi anyi ɖo le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. 54 Petro nɔ adzɔge ʋĩi le Yesu yome. Esi wòva ɖo nunɔlagã la ƒe aƒe me la, eto nu xa dzaa ge ɖe aƒea me eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe subɔla gbɔ nɔ dzo ƒum. 55 Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la gãwo nɔ nutsotso aɖewo dim le Yesu ŋu be yewoatsɔ abu fɔe, eye yewoatso kufia nɛ, gake womete ŋu kpɔ nutsotso aɖeke o. 56 Ame geɖewo va ɖi alakpaɖasewo, gake nya siwo katã wogblɔ la mesɔ o. Ame sia ame ƒe ɖaseɖiɖi to vovo tso nɔvia tɔ gbɔ. 57 Mlɔeba la, ame aɖewo da alakpa ɖe esi be, 58 “Míese wògblɔ be, ‘Magbã gbedoxɔ sia, si amegbetɔwo tu la eye matu bubu si manye amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔ o la le ŋkeke etɔ̃ megbe.’ ” 59 Togbɔ be wogblɔ alea hã la, amewo ƒe nutsotsowo gato vovo. 60 Mlɔeba la, nunɔlagã la tso, bia Yesu le ʋɔnua ŋkume be, “Ɖe nèle gbegbem be yemaɖo nutsotso gbogbo siwo wotsɔ ɖe ŋuwò la ƒe ɖeke ŋu oa? Nya aɖeke mele asiwò nàtsɔ aʋli ɖokuiwò tae oa?” 61 Yesu meke nu o, ke boŋ ezi kpi kpoo.Nunɔlagã la gabiae be, “Wòe nye Kristo, si nye Yayratɔ la ƒe Via?” 62 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyee, tso azɔ dzi miakpɔ Amegbetɔ Vi la wòanɔ anyi ɖe Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nuɖusime, eye wòanɔ lilikpowo dzi atso dziƒo ava.” 63 Ŋuɖoɖo sia do dziku na nunɔlagã la ale gbegbe be wòdze eƒe awu si wòdo la hegblɔ be, “Ɖe wòhiã be míagadi ɖasefowo ɖe eŋua? 64 Gbeɖe, míekpɔ afiatsotso xoxo elabena miawo ŋutɔ miese busunya si wògblɔ.”Azɔ nu kae nye miaƒe afiatsotso? Wo katã wobu fɔe be, “Edze na ku.” 65 Azɔ ame aɖewo tu ta ɖe mo nɛ ƒia, ɖewo tsɔ nu bla mo nɛ, eye ɖewo hã tu kɔe sesĩe hegblɔ be, “Gblɔe na mí. Ame kae ƒo wò?” Eŋudzɔlawo hã ƒoe. 66 Le ɣeyiɣi sia me la, Petro nɔ aƒea ƒe gbadzaƒe. Ɖetugbivi aɖe si nye nunɔlagã la ƒe subɔla ɖeka la kpɔ Petro dze sii esime wònɔ dzo ƒum. 67 Ɖetugbivi la te ɖe Petro ŋu, eye wòlé ŋku ɖe eŋu nyuie.Ke edo ɣli be, “Wò hã Yesu si tso Nazaret la yomedzelawo dometɔ ɖeka nènye.” 68 Ke Petro sẽ nu gblɔ be, “Nyemenya alo se nu si gblɔm nèle la gɔme o.” Ale wòtso ɖanɔ agbo la ƒe mɔnu. 69 Subɔla la ƒe ŋku ganɔ Petro ŋu kokoko. Ekpɔ afi si wòɖanɔ eye wòyɔ ame bubuwo hegblɔ na wo be, “Mebe ame sia la, Yesu yomenɔlawo dometɔ ɖeka wònye.” 70 Petro gasẽ nu be yemenya Yesu o! Ke ame siwo tsi tsitre ɖe dzoa gbɔ la hã de asi gbɔgblɔ me na Petro be, “Vavã, wò hã wo dometɔ ɖekae nènye elabena Galilea nètso!” 71 Petro ta nu gblɔ be, “Le nyateƒe me la, nyemenya ame si ŋuti miele nu ƒom le la gɔ̃ hã o.” 72 Kasia koklo ku atɔ zi evelia. Enumake Petro ɖo ŋku Yesu ƒe nya siawo dzi be, “Hafi koklo naku atɔ zi eve la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.” Esia na be eƒe dzi gbã eye wòfa avi hehehe.

In Other Versions

Mark 14 in the ANGEFD

Mark 14 in the ANTPNG2D

Mark 14 in the AS21

Mark 14 in the BAGH

Mark 14 in the BBPNG

Mark 14 in the BBT1E

Mark 14 in the BDS

Mark 14 in the BEV

Mark 14 in the BHAD

Mark 14 in the BIB

Mark 14 in the BLPT

Mark 14 in the BNT

Mark 14 in the BNTABOOT

Mark 14 in the BNTLV

Mark 14 in the BOATCB

Mark 14 in the BOATCB2

Mark 14 in the BOBCV

Mark 14 in the BOCNT

Mark 14 in the BOGWICC

Mark 14 in the BOHCB

Mark 14 in the BOHCV

Mark 14 in the BOHLNT

Mark 14 in the BOHNTLTAL

Mark 14 in the BOICB

Mark 14 in the BOILNTAP

Mark 14 in the BOITCV

Mark 14 in the BOKCV

Mark 14 in the BOKCV2

Mark 14 in the BOKHWOG

Mark 14 in the BOKSSV

Mark 14 in the BOLCB

Mark 14 in the BOLCB2

Mark 14 in the BOMCV

Mark 14 in the BONAV

Mark 14 in the BONCB

Mark 14 in the BONLT

Mark 14 in the BONUT2

Mark 14 in the BOPLNT

Mark 14 in the BOSCB

Mark 14 in the BOSNC

Mark 14 in the BOTLNT

Mark 14 in the BOVCB

Mark 14 in the BOYCB

Mark 14 in the BPBB

Mark 14 in the BPH

Mark 14 in the BSB

Mark 14 in the CCB

Mark 14 in the CUV

Mark 14 in the CUVS

Mark 14 in the DBT

Mark 14 in the DGDNT

Mark 14 in the DHNT

Mark 14 in the DNT

Mark 14 in the ELBE

Mark 14 in the EMTV

Mark 14 in the ESV

Mark 14 in the FBV

Mark 14 in the FEB

Mark 14 in the GGMNT

Mark 14 in the GNT

Mark 14 in the HARY

Mark 14 in the HNT

Mark 14 in the IRVA

Mark 14 in the IRVB

Mark 14 in the IRVG

Mark 14 in the IRVH

Mark 14 in the IRVK

Mark 14 in the IRVM

Mark 14 in the IRVM2

Mark 14 in the IRVO

Mark 14 in the IRVP

Mark 14 in the IRVT

Mark 14 in the IRVT2

Mark 14 in the IRVU

Mark 14 in the ISVN

Mark 14 in the JSNT

Mark 14 in the KAPI

Mark 14 in the KBT1ETNIK

Mark 14 in the KBV

Mark 14 in the KJV

Mark 14 in the KNFD

Mark 14 in the LBA

Mark 14 in the LBLA

Mark 14 in the LNT

Mark 14 in the LSV

Mark 14 in the MAAL

Mark 14 in the MBV

Mark 14 in the MBV2

Mark 14 in the MHNT

Mark 14 in the MKNFD

Mark 14 in the MNG

Mark 14 in the MNT

Mark 14 in the MNT2

Mark 14 in the MRS1T

Mark 14 in the NAA

Mark 14 in the NASB

Mark 14 in the NBLA

Mark 14 in the NBS

Mark 14 in the NBVTP

Mark 14 in the NET2

Mark 14 in the NIV11

Mark 14 in the NNT

Mark 14 in the NNT2

Mark 14 in the NNT3

Mark 14 in the PDDPT

Mark 14 in the PFNT

Mark 14 in the RMNT

Mark 14 in the SBIAS

Mark 14 in the SBIBS

Mark 14 in the SBIBS2

Mark 14 in the SBICS

Mark 14 in the SBIDS

Mark 14 in the SBIGS

Mark 14 in the SBIHS

Mark 14 in the SBIIS

Mark 14 in the SBIIS2

Mark 14 in the SBIIS3

Mark 14 in the SBIKS

Mark 14 in the SBIKS2

Mark 14 in the SBIMS

Mark 14 in the SBIOS

Mark 14 in the SBIPS

Mark 14 in the SBISS

Mark 14 in the SBITS

Mark 14 in the SBITS2

Mark 14 in the SBITS3

Mark 14 in the SBITS4

Mark 14 in the SBIUS

Mark 14 in the SBIVS

Mark 14 in the SBT

Mark 14 in the SBT1E

Mark 14 in the SCHL

Mark 14 in the SNT

Mark 14 in the SUSU

Mark 14 in the SUSU2

Mark 14 in the SYNO

Mark 14 in the TBIAOTANT

Mark 14 in the TBT1E

Mark 14 in the TBT1E2

Mark 14 in the TFTIP

Mark 14 in the TFTU

Mark 14 in the TGNTATF3T

Mark 14 in the THAI

Mark 14 in the TNFD

Mark 14 in the TNT

Mark 14 in the TNTIK

Mark 14 in the TNTIL

Mark 14 in the TNTIN

Mark 14 in the TNTIP

Mark 14 in the TNTIZ

Mark 14 in the TOMA

Mark 14 in the TTENT

Mark 14 in the UBG

Mark 14 in the UGV

Mark 14 in the UGV2

Mark 14 in the UGV3

Mark 14 in the VBL

Mark 14 in the VDCC

Mark 14 in the YALU

Mark 14 in the YAPE

Mark 14 in the YBVTP

Mark 14 in the ZBP