Mark 7 (BOECS)

1 Gbe ɖeka la, Farisitɔwo kple Agbalẽfiala aɖewo tso Yerusalem va Yesu gbɔ. 2 Ame siawo de dzesii be Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖewo meklɔa asi le Yudatɔwo ƒe kɔnu nu hafi ɖua nu o. 3 (Elabena Yudatɔwo, vevietɔ Farisitɔwo ɖe woklɔa asi kple abɔ va se ɖe abɔkugluinu ke abe ale si wo tɔgbuiwo wɔnɛ hafi ɖua nu ene. 4 Ne wotso asi me gbɔ la, ele be woawɔ kɔnu sia godoo hafi ade asi nuɖuɖu ŋu. Esia nye se siwo dzi wowɔna pɛpɛpɛ ƒe alafa nanewo la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka. Kɔnu bubu si me wogalé ɖe asi lae nye nuɖazewo, ganuwo kple gagbawo kɔklɔ.) 5 Ale Farisitɔwo kple agbalẽfiala siawo va bia Yesu be, “Nu ka ta wò nusrɔ̃lawo megawɔa míaƒe blemakɔnu o ɖo? Womeklɔa asi ɖe kɔnua nu hafi ɖua nu o.” 6 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyateƒe ŋutɔe Yesaya to esi wògblɔ nya ɖi tso mi alakpatɔ siawo ŋuti; abe ale si woŋlɔe ɖi ene be,“ ‘Ame siawo le kafuyem kple woƒe nuyiwo,ke woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye. 7 Woƒe subɔsubɔ nye dzodzro,elabena woƒe nufiafiawo nye amewo ƒe sededewo ko.’  8 Elabena miegbe nu le Mawu ƒe ɖoɖo vavãwo gbɔ hewɔa mia ŋutɔwo ƒe kɔnyinyiwo dzi. 9 Ɖe mieɖoe koŋ le nu gbem le Mawu ƒe sewo gbɔ, eye mietu afɔ wo dzi le miawo ŋutɔ ƒe kɔnyinyiwo ta. 10 “Le kpɔɖeŋu me, Mose de se si tso Mawu gbɔ la na mi be, ‘Bu fofowò kple dawò.’ Egblɔ kpe ɖe eŋu be, ‘Ame si agblɔ nya vlo ɖe fofoa alo dadaa ŋu la dze na ku,’ 11 gake miawo la, miegblɔ be ame ate ŋu agblɔ na fofoa alo dadaa si hiã nane la be, nu si wòle be matsɔ na wò la nye kɔban (esi gɔmee nye, metsɔe na Mawu). 12 Mieɖea mɔ nɛ be wòawɔ nu si dze be wòawɔ la na fofoa alo dadaa o. 13 Ale miegbe Mawu ƒe nya, eye miewɔna ɖe miaƒe kɔnyinyi, siwo mieɖo anyi la dzi. Miaƒe wɔna geɖewo le alea.” 14 Azɔ Yesu yɔ ameha la be woava ɖo to ye. Egblɔ na wo be, “Mi katã miɖo to nyuie, ne miase nya siawo gɔme. 15 Naneke meli si tsoa gota gena ɖe ame me, si ate ŋu aƒo ɖi amea o, ke boŋ nu siwo doa go tso amea me la, woawoe nye nu siwo ƒoa ɖii. [ 16 Ame si to senu li na la nesee.]” 17 Azɔ Yesu ge ɖe aƒe aɖe me be yeadzo le ameha la gbɔ vie. Eƒe nusrɔ̃lawo va biae le afi sia be wòaɖe lo si wòdo la gɔme na yewo. 18 Yesu bia wo be, “Ekema miawo hã miese nya siawo gɔme oa? Miate ŋu ade dzesii be nu siwo mieɖuna la megblẽa nu le mia ŋu o? 19 Ne ame ɖu nu la, meyina eƒe dzi me o, ke boŋ etoa eƒe dɔkaviwo me hezua nugodo.” (Egblɔ nya sia be yeafia be nuɖuɖu ɖe sia ɖe ŋuti kɔ.) 20 Egagblɔ be, “Nya vlo doa go tso egblɔla ƒe dzi me, eye wòƒoa ɖi ame, 21 elabena ame ƒe dzi mee susu baɖa doa go tsona. Nu baɖawo abe, fieŋuifieŋui alo matrewɔwɔ, fififi, amewuwu, ahasiwɔwɔ 22 ŋubiabiã, ŋutasesẽ, amebeble, makɔmakɔnyenye, ŋuʋaʋã, ameŋugbegblẽ, dada kple movinuwɔna bubuwo. 23 Nu vɔ̃ɖi siawo katã doa go tso miaƒe dziwo me, eye woawoe nye nu siwo ƒoa ɖi mi ale be miedze be miado ɖe Mawu ŋkume o.” 24 Yesu dzo le Galilea heyi Tiro kple Sidon nutowo me. Edze agbagba be yeaɣla ye ɖokui ɖe aƒe aɖe me, gake mete ŋui o. Mekpɔ ɖo hafi eƒe vava ɖi hoo abe ale si wònɔna ɖaa ene o. 25 Nyɔnu aɖe si ƒe vi gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ fu ɖem na la va egbɔ enumake. Nyɔnu sia se Yesu ŋkɔ, eva dze klo ɖe eƒe afɔ nu 26 heɖe kuku nɛ be wòanya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe le ye vi la me. Nyɔnu la nye Sirofoiniketɔ. 27 Yesu gblɔ nɛ be, “Ele be ɖeviwo naɖi ƒo gbã; gawu la, menyo be woatsɔ ɖeviwo ƒe nuɖuɖu ana avuwo o.” 28 Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, esia nye nyateƒe, gake wotsɔa ɖeviwo ƒe nuɖuɖu wuwlui si susɔ la naa avuvi siwo le kplɔ̃ te.” 29 Yesu gblɔ nɛ be, “Le nya sia ta la, heyi, gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le viwò nyɔnuvi la me.” 30 Esi nyɔnu sia va ɖo aƒe me la, ekpɔ via nyɔnuvi la wòmlɔ anyi ɖe aba dzi kpoo, elabena gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le eme. 31 Azɔ Yesu tso Tiro yi Sidon to Dekapoli alo Du Ewoawo me gatrɔ yi Galilea ƒua nu. 32 Wokplɔ tokunɔ aɖe si menya nuƒoƒo nyuie o la vɛ nɛ, eye amewo ɖe kuku nɛ be wòayɔ dɔe. 33 Yesu kplɔ tokunɔ la dzoe le ameawo dome yi adzɔge, eye wòƒo eƒe asibidɛwo ɖe eƒe towo me. Azɔ eɖe ta hesi ɖe eƒe aɖe dzi. 34 Ewu mo dzi kpɔ dziƒo, eye wògbɔ fũu heɖe gbe be, “Hefata!” (si gɔmee nye “Ʋu!”). 35 Enumake ame la ƒe towo ʋu, eye wòde asi nusese kple nuƒoƒo me nyuie. 36 Yesu de se na ameha la be womegana amewo nanya nu si yewɔ la o. Ke zi ale si wòde se sia na wo la, nenema kee wokakaa nya la. 37 Elabena nuwɔna la wɔ nuku na wo. Ale amewo nɔ gbɔgblɔm ɖaa be, “Nu sia nu si wòwɔna la nye nukunu. Ewɔnɛ be tokunɔ sea nu, eye aɖetututɔ hã ƒoa nu eme kɔna!”

In Other Versions

Mark 7 in the ANGEFD

Mark 7 in the ANTPNG2D

Mark 7 in the AS21

Mark 7 in the BAGH

Mark 7 in the BBPNG

Mark 7 in the BBT1E

Mark 7 in the BDS

Mark 7 in the BEV

Mark 7 in the BHAD

Mark 7 in the BIB

Mark 7 in the BLPT

Mark 7 in the BNT

Mark 7 in the BNTABOOT

Mark 7 in the BNTLV

Mark 7 in the BOATCB

Mark 7 in the BOATCB2

Mark 7 in the BOBCV

Mark 7 in the BOCNT

Mark 7 in the BOGWICC

Mark 7 in the BOHCB

Mark 7 in the BOHCV

Mark 7 in the BOHLNT

Mark 7 in the BOHNTLTAL

Mark 7 in the BOICB

Mark 7 in the BOILNTAP

Mark 7 in the BOITCV

Mark 7 in the BOKCV

Mark 7 in the BOKCV2

Mark 7 in the BOKHWOG

Mark 7 in the BOKSSV

Mark 7 in the BOLCB

Mark 7 in the BOLCB2

Mark 7 in the BOMCV

Mark 7 in the BONAV

Mark 7 in the BONCB

Mark 7 in the BONLT

Mark 7 in the BONUT2

Mark 7 in the BOPLNT

Mark 7 in the BOSCB

Mark 7 in the BOSNC

Mark 7 in the BOTLNT

Mark 7 in the BOVCB

Mark 7 in the BOYCB

Mark 7 in the BPBB

Mark 7 in the BPH

Mark 7 in the BSB

Mark 7 in the CCB

Mark 7 in the CUV

Mark 7 in the CUVS

Mark 7 in the DBT

Mark 7 in the DGDNT

Mark 7 in the DHNT

Mark 7 in the DNT

Mark 7 in the ELBE

Mark 7 in the EMTV

Mark 7 in the ESV

Mark 7 in the FBV

Mark 7 in the FEB

Mark 7 in the GGMNT

Mark 7 in the GNT

Mark 7 in the HARY

Mark 7 in the HNT

Mark 7 in the IRVA

Mark 7 in the IRVB

Mark 7 in the IRVG

Mark 7 in the IRVH

Mark 7 in the IRVK

Mark 7 in the IRVM

Mark 7 in the IRVM2

Mark 7 in the IRVO

Mark 7 in the IRVP

Mark 7 in the IRVT

Mark 7 in the IRVT2

Mark 7 in the IRVU

Mark 7 in the ISVN

Mark 7 in the JSNT

Mark 7 in the KAPI

Mark 7 in the KBT1ETNIK

Mark 7 in the KBV

Mark 7 in the KJV

Mark 7 in the KNFD

Mark 7 in the LBA

Mark 7 in the LBLA

Mark 7 in the LNT

Mark 7 in the LSV

Mark 7 in the MAAL

Mark 7 in the MBV

Mark 7 in the MBV2

Mark 7 in the MHNT

Mark 7 in the MKNFD

Mark 7 in the MNG

Mark 7 in the MNT

Mark 7 in the MNT2

Mark 7 in the MRS1T

Mark 7 in the NAA

Mark 7 in the NASB

Mark 7 in the NBLA

Mark 7 in the NBS

Mark 7 in the NBVTP

Mark 7 in the NET2

Mark 7 in the NIV11

Mark 7 in the NNT

Mark 7 in the NNT2

Mark 7 in the NNT3

Mark 7 in the PDDPT

Mark 7 in the PFNT

Mark 7 in the RMNT

Mark 7 in the SBIAS

Mark 7 in the SBIBS

Mark 7 in the SBIBS2

Mark 7 in the SBICS

Mark 7 in the SBIDS

Mark 7 in the SBIGS

Mark 7 in the SBIHS

Mark 7 in the SBIIS

Mark 7 in the SBIIS2

Mark 7 in the SBIIS3

Mark 7 in the SBIKS

Mark 7 in the SBIKS2

Mark 7 in the SBIMS

Mark 7 in the SBIOS

Mark 7 in the SBIPS

Mark 7 in the SBISS

Mark 7 in the SBITS

Mark 7 in the SBITS2

Mark 7 in the SBITS3

Mark 7 in the SBITS4

Mark 7 in the SBIUS

Mark 7 in the SBIVS

Mark 7 in the SBT

Mark 7 in the SBT1E

Mark 7 in the SCHL

Mark 7 in the SNT

Mark 7 in the SUSU

Mark 7 in the SUSU2

Mark 7 in the SYNO

Mark 7 in the TBIAOTANT

Mark 7 in the TBT1E

Mark 7 in the TBT1E2

Mark 7 in the TFTIP

Mark 7 in the TFTU

Mark 7 in the TGNTATF3T

Mark 7 in the THAI

Mark 7 in the TNFD

Mark 7 in the TNT

Mark 7 in the TNTIK

Mark 7 in the TNTIL

Mark 7 in the TNTIN

Mark 7 in the TNTIP

Mark 7 in the TNTIZ

Mark 7 in the TOMA

Mark 7 in the TTENT

Mark 7 in the UBG

Mark 7 in the UGV

Mark 7 in the UGV2

Mark 7 in the UGV3

Mark 7 in the VBL

Mark 7 in the VDCC

Mark 7 in the YALU

Mark 7 in the YAPE

Mark 7 in the YBVTP

Mark 7 in the ZBP