Nehemiah 9 (BOECS)

1 Le ɣleti sia ke ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia gbe la, Israelviwo gava kpe ta. Azɔ la, wotsi nu dɔ, ta akpanya, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me. 2 Israelviwo ɖe wo ɖokui ɖe aga tso amedzrowo gbɔ. Wotsi tsitre ɖe wo nɔƒewo, eye woʋu woawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ kple wo fofowo ƒe nu tovowo wɔwɔ me. 3 Woxlẽ Seawo tso Yehowa, woƒe Mawu, ƒe Segbalẽ la me gaƒoƒo etɔ̃, eye wowɔ gaƒoƒo etɔ̃ bubu ŋu dɔ heʋu woƒe nu vɔ̃wo me hesubɔ Yehowa, woƒe Mawu la. 4 Levitɔ aɖewo nɔ agba la dzi, eye wonɔ Yehowa kafum kple aseyetsohawo. Ame siawoe nye, Yesua, Bani, Kadmiel, Sebania, Buni, Serebia, Bani kple Kenani. 5 Levitɔwo ƒe kplɔlawo gblɔ na ameawo be, “Mitsi tsitre miakafu Yehowa, miaƒe Mawu la, elabena eli tso mavɔ me yi mavɔ me. Mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la! Elolo sãa wu nu si míate ŋu abu kple ale si míate ŋu agblɔ!” Kplɔla siawoe nye Yesua, Kadmiel, Bani, Hasabneia, Serebia, Hodia, Sebania kple Petahia. 6 Ezra do gbe ɖa be, “O! Yehowa, wò ɖeka koe nye Mawu. Wòe wɔ dziƒo kple dziƒowo ƒe dziƒo, anyigba kple atsiaƒu kple nu siwo katã le wo me. Wòe kpɔa wo katã dzi, eye wòe mawudɔlawo katã subɔna. 7 “Wòe nye Yehowa Mawu, ame si tia Abram, eye nèkplɔe do goe tso Ur le Kaldea, eye nètrɔ ŋkɔ nɛ be Abraham. 8 Esi wòwɔ nuteƒe na wò la, èbla nu kplii tegbee be yeatsɔ Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo kple Girgasitɔwo ƒe anyigba anae kple eƒe dzidzimeviwo tegbetegbe. Èwɔ wò ŋugbedodo dzi, elabena ènye nuteƒewɔla. 9 “Èkpɔ mía tɔgbuiwo ƒe fukpekpe kple nuxaxa le Egipte, eye nèse woƒe ɣlidodo tso Ƒu Dzĩ la to. 10 Èwɔ dzesi kple nukunu triakɔwo fia Fia Farao kple eƒe amewo, elabena ènya fu siwo Egiptetɔwo nɔ wo wɔm. Èxɔ ŋkɔ gã le nu gã siwo nèwɔ, eye womaŋlɔ wo be akpɔ o la ta. 11 Èma atsiaƒu la ɖe akpa eve me, ale be wò amewo nate ŋu azɔ anyigba ƒuƒui dzi atso atsiaƒu la! Gake ètsrɔ̃ woƒe futɔwo ɖe atsiaƒu la ƒe gogloƒe. Wonyrɔ abe kpe ene ɖe atsiaƒu la me. 12 Ètsɔ lilikpo dodo kplɔ mía tɔgbuiwo le ŋkeke me, eye nèkplɔ wo kple dzosɔti le zã me, ale be woate ŋu akpɔ mɔ. 13 “Èɖiɖi va Sinai to la dzi, èƒo nu kpli wo tso dziƒo, eye nèna Se kple ɖoɖo nyui siwo le eteƒe la wo. 14 Ède Se na wo tso Dzudzɔgbe kɔkɔe la ŋu, ède Seawo na wo to wò dɔla, Mose dzi be woawɔ wo katã dzi. 15 “Esi dɔ wu wo la, èna nuɖuɖu wo tso dziƒo, eye esi tsikɔ wu wo la, èna tsi wo tso agakpe la me. Èɖe gbe na wo be woayi aɖaxɔ anyigba si nèka atam be yeana wo. 16 Ke mía tɔgbuiwo nye dadalawo kple kɔlialiatɔwo, eye wogbe toɖoɖo wò Seawo. 17 “Wogbe wò Seawo dzi wɔwɔ, eye womebu nukunu siwo nèwɔ le wo dome o, ke boŋ wodze aglã, eye wotia kplɔla aɖe be wòakplɔ yewo atrɔ ayi kluvinyenye me le Egipte! Ke tsɔtsɔke ƒe Mawu kple amenuvela nènye. Mèdoa dɔmedzoe kabakaba o; lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ le mewò, eya ta megble wo ɖi o, 18 togbɔ be wowɔ sikanyivilegba, eye wogblɔ be ‘Esiae nye míaƒe mawu! Eyae kplɔ mi tso Egipte’ hã. Wowɔ nu vɔ̃ le mɔ geɖewo nu, 19 ke le wò amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ ta la, mègble wo ɖi be woaku le gbedzi o! Alilĩkpododo la kplɔa wo yia ŋgɔe gbe sia gbe, eye dzosɔti la fiaa mɔ wo le zã me. 20 Èɖo wò Gbɔgbɔ nyui la ɖa be wòafia nu wo. Mèdzudzɔ mananana wo tso dziƒo o, mèdzudzɔ tsinana wo be wòatsi woƒe tsikɔwuame nu o. 21 Èkpɔ wo dzi ƒe blaene le gbedzi, naneke mehiã wo le ɣeyiɣi ma me o. Woƒe awuwo mevuvu o, eye woƒe afɔwo hã mete o! 22 “Èkpe ɖe wo ŋu woɖu fiaɖuƒe gãwo kple dukɔ geɖewo dzi, eye nèda wò amewo ɖe anyigba la ƒe dzogoe ɖe sia ɖe dzi. Woxɔ Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, si nɔ Hesbon kple Ɔg, Basan fia, ƒe anyigbawo. 23 Èna Israelviwo dzi sɔ gbɔ fũu abe dziƒoɣletiviwo ene, eye nèkplɔ wo va anyigba si ŋugbe nèdo na wo tɔgbuiwo la dzi. 24 Èbɔbɔ dukɔ blibowo ɖe anyi le wo ŋgɔ, Kanaan fiawo kple woƒe amewo gɔ̃ hã zu ŋusẽmanɔŋutɔwo! 25 Wò amewo xɔ du gã siwo woglã la kple agbledenyigba nyuiwo. Woxɔ aƒe geɖe siwo me nu nyuiwo abe vudo, waingblewo, amitivewo kple kutsetseti geɖewo ene la le. Ale woɖu nu ɖi ƒo, eye wò yayrawo sɔ gbɔ ɖe wo dzi. 26 “Ke, togbɔ be nèwɔ esiawo katã na wo hã la, wosẽ to, eye wodze aglã ɖe ŋuwò. Woɖe asi le wò sewo ŋu, wowu nyagblɔɖila siwo gblɔ na wo be woatrɔ ava gbɔwò, eye wogawɔ nu vɔ̃ vɔ̃ɖi bubu geɖewo. 27 Ale nètsɔ wo de asi na woƒe futɔwo. Ke le woƒe xaxaɣiwo me la, wodo ɣli na wò, èse woƒe ɣlidodo tso dziƒo, eye le wò amenuveve ta la, èɖo amewo ɖa be woaɖe wo tso woƒe futɔwo ƒe 28 “Ke esi nuwo nɔ yiyim na wo nyuie ko la, wò amewo gatrɔ ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu, eye nègana woƒe futɔwo gaɖu wo dzi. Ke ne wò amewo trɔ va gbɔwò, ɖe kuku na wò, bia wò kpekpeɖeŋu ko la, ègaɖoa to wo tso dziƒo, eye nèɖea wo to wò amenuveve gã la me! 29 Èhea to na wo ale be nàtrɔ wo ɖe wò seawo ŋu. Ke, togbɔ be wò seawo dzi wɔwɔe naa agbe ame hã la, wò amewo nye dadalawo, eye womeɖo to o, ke boŋ woyi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi. 30 Ègbɔ dzi ɖi na wo ƒe geɖewo, eye to wò Gbɔgbɔ dzi la, èna nyagblɔɖilawo ƒo nu na wo be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, ke womeɖo to wo o. Ale nègana dukɔ siwo subɔa trɔ̃wo la gaɖu wo dzi. 31 Ke le wò amenuveve sɔ gbɔ la ta la, mètsrɔ̃ wo keŋkeŋ alo gble wo ɖi o. Mawu amenuvetɔ kple dɔmenyotɔ gãe nènye! 32 “Eya ta, azɔ la, Oo, Mawu gã, si ŋu ŋɔdzi le, wò ame si wɔa wò lɔlɔ̃ kple amenuveve ƒe ŋugbedodo dzi la, mègana fukpekpe siwo katã va mía dzi la, naɖi nu tsɛ aɖeke le wò ŋkume o. Fukpekpe geɖewo va míawo ŋutɔ, míaƒe fiawo, fiaviwo, nyagblɔɖilawo kple tɔgbuiwo dzi ɣeyiɣi si Asiria fia ɖu mía dzi zi gbãtɔ va se ɖe egbe. 33 Tɔwò dzɔ ɣe sia ɣi si nèhe to na mí. Míewɔ nu vɔ̃ ale gbegbe be nu si dze mí la koe nèwɔ mí. 34 Míaƒe fiawo, dumegãwo, nunɔlawo kple mía tɔgbuiwo mewɔ wò sewo dzi o, eye womeɖo to wò nuxlɔ̃amenyawo o. 35 Togbɔ be èwɔ nukunu geɖewo na wo, eye nèkɔ wò amenuveve ɖe wo dzi fũu hã la, womesubɔ wò o. Èna anyigba gã aɖe si nyoa nu la wo, gake wogbe asiɖeɖe le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu. 36 “Ale míeganye kluviwo le afii, le anyigba si dzi nu nyuiwo bɔ ɖo fũu la dzi! Míeganye kluviwo le nu nyui gbogbo siawo dome! 37 Anyigba sia dzi nuku nyuiwo va yi fia siwo nèna woɖu mía dzi le míaƒe nu vɔ̃wo ta la ƒe asime. Wokpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe ŋutilã kple míaƒe lãwo dzi. Míesubɔa wo abe ale si wodi ene, eye míezu nublanuitɔ gãwo.” 38 “Le esiawo katã ta la, míegale ŋugbe dom be míasubɔ Aƒetɔ la, eya ta mí kple míaƒe dumegãwo kple Levitɔwo kple nunɔlawo míele asi dem nubabla sia te.”

In Other Versions

Nehemiah 9 in the ANGEFD

Nehemiah 9 in the ANTPNG2D

Nehemiah 9 in the AS21

Nehemiah 9 in the BAGH

Nehemiah 9 in the BBPNG

Nehemiah 9 in the BBT1E

Nehemiah 9 in the BDS

Nehemiah 9 in the BEV

Nehemiah 9 in the BHAD

Nehemiah 9 in the BIB

Nehemiah 9 in the BLPT

Nehemiah 9 in the BNT

Nehemiah 9 in the BNTABOOT

Nehemiah 9 in the BNTLV

Nehemiah 9 in the BOATCB

Nehemiah 9 in the BOATCB2

Nehemiah 9 in the BOBCV

Nehemiah 9 in the BOCNT

Nehemiah 9 in the BOGWICC

Nehemiah 9 in the BOHCB

Nehemiah 9 in the BOHCV

Nehemiah 9 in the BOHLNT

Nehemiah 9 in the BOHNTLTAL

Nehemiah 9 in the BOICB

Nehemiah 9 in the BOILNTAP

Nehemiah 9 in the BOITCV

Nehemiah 9 in the BOKCV

Nehemiah 9 in the BOKCV2

Nehemiah 9 in the BOKHWOG

Nehemiah 9 in the BOKSSV

Nehemiah 9 in the BOLCB

Nehemiah 9 in the BOLCB2

Nehemiah 9 in the BOMCV

Nehemiah 9 in the BONAV

Nehemiah 9 in the BONCB

Nehemiah 9 in the BONLT

Nehemiah 9 in the BONUT2

Nehemiah 9 in the BOPLNT

Nehemiah 9 in the BOSCB

Nehemiah 9 in the BOSNC

Nehemiah 9 in the BOTLNT

Nehemiah 9 in the BOVCB

Nehemiah 9 in the BOYCB

Nehemiah 9 in the BPBB

Nehemiah 9 in the BPH

Nehemiah 9 in the BSB

Nehemiah 9 in the CCB

Nehemiah 9 in the CUV

Nehemiah 9 in the CUVS

Nehemiah 9 in the DBT

Nehemiah 9 in the DGDNT

Nehemiah 9 in the DHNT

Nehemiah 9 in the DNT

Nehemiah 9 in the ELBE

Nehemiah 9 in the EMTV

Nehemiah 9 in the ESV

Nehemiah 9 in the FBV

Nehemiah 9 in the FEB

Nehemiah 9 in the GGMNT

Nehemiah 9 in the GNT

Nehemiah 9 in the HARY

Nehemiah 9 in the HNT

Nehemiah 9 in the IRVA

Nehemiah 9 in the IRVB

Nehemiah 9 in the IRVG

Nehemiah 9 in the IRVH

Nehemiah 9 in the IRVK

Nehemiah 9 in the IRVM

Nehemiah 9 in the IRVM2

Nehemiah 9 in the IRVO

Nehemiah 9 in the IRVP

Nehemiah 9 in the IRVT

Nehemiah 9 in the IRVT2

Nehemiah 9 in the IRVU

Nehemiah 9 in the ISVN

Nehemiah 9 in the JSNT

Nehemiah 9 in the KAPI

Nehemiah 9 in the KBT1ETNIK

Nehemiah 9 in the KBV

Nehemiah 9 in the KJV

Nehemiah 9 in the KNFD

Nehemiah 9 in the LBA

Nehemiah 9 in the LBLA

Nehemiah 9 in the LNT

Nehemiah 9 in the LSV

Nehemiah 9 in the MAAL

Nehemiah 9 in the MBV

Nehemiah 9 in the MBV2

Nehemiah 9 in the MHNT

Nehemiah 9 in the MKNFD

Nehemiah 9 in the MNG

Nehemiah 9 in the MNT

Nehemiah 9 in the MNT2

Nehemiah 9 in the MRS1T

Nehemiah 9 in the NAA

Nehemiah 9 in the NASB

Nehemiah 9 in the NBLA

Nehemiah 9 in the NBS

Nehemiah 9 in the NBVTP

Nehemiah 9 in the NET2

Nehemiah 9 in the NIV11

Nehemiah 9 in the NNT

Nehemiah 9 in the NNT2

Nehemiah 9 in the NNT3

Nehemiah 9 in the PDDPT

Nehemiah 9 in the PFNT

Nehemiah 9 in the RMNT

Nehemiah 9 in the SBIAS

Nehemiah 9 in the SBIBS

Nehemiah 9 in the SBIBS2

Nehemiah 9 in the SBICS

Nehemiah 9 in the SBIDS

Nehemiah 9 in the SBIGS

Nehemiah 9 in the SBIHS

Nehemiah 9 in the SBIIS

Nehemiah 9 in the SBIIS2

Nehemiah 9 in the SBIIS3

Nehemiah 9 in the SBIKS

Nehemiah 9 in the SBIKS2

Nehemiah 9 in the SBIMS

Nehemiah 9 in the SBIOS

Nehemiah 9 in the SBIPS

Nehemiah 9 in the SBISS

Nehemiah 9 in the SBITS

Nehemiah 9 in the SBITS2

Nehemiah 9 in the SBITS3

Nehemiah 9 in the SBITS4

Nehemiah 9 in the SBIUS

Nehemiah 9 in the SBIVS

Nehemiah 9 in the SBT

Nehemiah 9 in the SBT1E

Nehemiah 9 in the SCHL

Nehemiah 9 in the SNT

Nehemiah 9 in the SUSU

Nehemiah 9 in the SUSU2

Nehemiah 9 in the SYNO

Nehemiah 9 in the TBIAOTANT

Nehemiah 9 in the TBT1E

Nehemiah 9 in the TBT1E2

Nehemiah 9 in the TFTIP

Nehemiah 9 in the TFTU

Nehemiah 9 in the TGNTATF3T

Nehemiah 9 in the THAI

Nehemiah 9 in the TNFD

Nehemiah 9 in the TNT

Nehemiah 9 in the TNTIK

Nehemiah 9 in the TNTIL

Nehemiah 9 in the TNTIN

Nehemiah 9 in the TNTIP

Nehemiah 9 in the TNTIZ

Nehemiah 9 in the TOMA

Nehemiah 9 in the TTENT

Nehemiah 9 in the UBG

Nehemiah 9 in the UGV

Nehemiah 9 in the UGV2

Nehemiah 9 in the UGV3

Nehemiah 9 in the VBL

Nehemiah 9 in the VDCC

Nehemiah 9 in the YALU

Nehemiah 9 in the YAPE

Nehemiah 9 in the YBVTP

Nehemiah 9 in the ZBP