Numbers 20 (BOECS)
1 Israelviwo ɖo Zin gbedzi le ƒea ƒe ɣleti gbãtɔ me. Woƒu asaɖa anyi ɖe Kades. Miriam ku, eye woɖii ɖe afi ma. 2 Tsi mebɔ ɖe afi ma na nono o, ale ameawo gadze aglã ɖe Mose kple Aron ŋu. Ameha gã aɖe ɖi anyi, 3 eye wowɔ takpekpe ɖe Mose kple Aron ŋu. Wodo ɣli ɖe Mose ta gblɔ be, “Ɖe míawo hã míaku kple mía nɔvi lɔlɔ̃a siwo Yehowa wu hafi! 4 Ɖe nèɖoe koŋ kplɔ Yehowa ƒe amewo va gbedzi le afi sia be míawo kple míaƒe lãhawo siaa natsrɔ̃! 5 Nu ka koŋkoŋkoŋ ta nèna míedzo le Egipte, eye nèkplɔ mí va teƒe sesẽ sia ɖo? Ègblɔ na mí be míayi anyigba nyui si dzi nuku wɔnukuwo abe gbotiwo, wain tsetsewo kple yevuboɖatiwo ene le. Anyigba si ƒe nya nègblɔ na mí ɖe? Tsi teti gɔ̃ hã meli ade mía nu míano le afi sia o!” 6 Mose kple Aron wotrɔ le wo gbɔ yi Agbadɔ la ƒe mɔnu. Wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia wo. 7 Yehowa gblɔ na Mose be, 8 “Tsɔ Aron ƒe atikplɔ la. Mi kple Aron miƒo ameawo nu ƒu. Ƒo nu le ameawo ƒe ŋkume na agakpe si le afi mɛ ɖa la be wòana tsi nado tso eme; eye nàna tsi wo tso agakpe la me wòade na ameawo kple woƒe lãwo katã.” 9 Mose wɔ nu si Mawu ɖo nɛ. Etsɔ atikplɔ la tso afi si wòdzrae ɖo le Yehowa ŋkume. 10 Mose kple Aron woyɔ ameawo, eye wona woƒo ƒu ɖe agakpe la gbɔ. Mose gblɔ na wo be, “Miɖo to, mi aglãdzelawo! Ɖe míaɖe tsi tso agakpe sia me na mia?” 11 Mose kɔ atikplɔ la dzi, eye wòƒo agakpe la zi eve. Enumake tsi do bababa tso agakpe la me ameawo kple woƒe lãwo no. 12 Ke Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Zi ale si mieɖo ŋu ɖe ŋunye o, eye miekɔ ŋutinye le Israelviwo ŋkume o ta la, miakplɔ Israelviwo ade anyigba si ŋugbe medo na wo la dzi o!” 13 Wona ŋkɔ teƒe sia be Meriba, si gɔmee nye “Dzrewɔtsi,” elabena afi siae Israelviwo tso ɖe Yehowa ŋu le eye Yehowa ɖee fia wo be yele kɔkɔe le woƒe ŋkume. 14 Esi Mose nɔ Kades la, eɖo amewo ɖe Edom fia gbɔ be,“Míawoe nye nɔviwò Israel ƒe dzidzimeviwo. Ènya ale si míaƒe ŋutinya wɔ nublanuii, 15 ale si mía tɔgbuiwo yi Egipte, nɔ afi ma ƒe geɖewo, eye wozu kluviwo na Egiptetɔwo. 16 Ke esi míedo ɣli na Yehowa la, ese míaƒe kokoƒoƒo, eye wòɖo mawudɔla aɖe ɖa wòva kplɔ mí dzoe le Egipte.“Fifia míele Kades. Míeƒu asaɖa anyi ɖe wò liƒo dzi. 17 Míeɖe kuku ɖe mɔ na mí míato wò anyigba dzi. Míakpɔ nyuie be míato miaƒe agblewo kple waingblewo me o. Míano tsi tso miaƒe vudowo me hã o. Míanɔ mɔ gã la dzi ko tẽe. Míadzo le mɔ gã la dzi o va se ɖe esime míado go le wò anyigba dzi.” 18 Ke Edom fia gblɔ na wo be,“Migaɖo afɔ nye anyigba dzi o! Ne mietee kpɔ be yewoaɖo afɔ nye anyigba dzi la, nye aʋakɔ akpe aʋa kpli mi!” 19 Israelviwo ƒe ame dɔdɔwo yi edzi be,“Fia bubutɔ, mɔ gã la dzi ko míanɔ. Ne míano tsi tso miaƒe vudo me gɔ̃ hã la, míaxe fe ɖe sia ɖe si nàbia la ɖe eta. Ale si míatso eme ayi ko biam míele; míegale nu bubu aɖeke biam o.” 20 Edom fia gbe gbidigbidi gblɔ na wo be,“Migage ɖe nye anyigba dzi o.”Ena aʋakɔ gã aɖe ƒu asaɖa anyi ɖe eƒe liƒo dzi. 21 Esi Edom gbe be womato yeƒe anyigba dzi o ta la, Israelviwo glɔ̃ mɔ to Edom ŋu. 22 Israelviwo ƒe ha blibo la ho, dze mɔ tso Kades, eye wova ɖo Hor to la gbɔ. 23 Le Hor to la gbɔ, teƒe si te ɖe Edom ƒe liƒo ŋu la, Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, 24 “Azã la su be Aron naku, elabena made anyigba, si metsɔ na Israelviwo la dzi o, le esi mi ame evea mietsi tsitre ɖe nye ɖoɖowo ŋu tso tsi si le Meriba ŋu la ta. 25 Azɔ, kplɔ Aron kple via Eleazar yi Hor to la dzi. 26 Ɖe Aron ƒe nunɔlawuwo le eŋuti, eye nàdo wo na via, Eleazar. Aron aku ɖe afi ma.” 27 Ale Mose wɔ nu si Yehowa ɖo nɛ. Wo ame etɔ̃ la wolia Hor to la esi ameawo katã nɔ wo kpɔm. 28 Esi woɖo toa tame la, Mose ɖe nunɔlawuawo le Aron ŋu, eye wòtsɔ wo do na Aron ƒe viŋutsu Eleazar. Aron ku ɖe to la tame. Mose kple Eleazar trɔ gbɔ, 29 eye esi ameawo se be Aron ku la, Israelviwo fae ŋkeke blaetɔ̃.
In Other Versions
Numbers 20 in the ANGEFD
Numbers 20 in the ANTPNG2D
Numbers 20 in the AS21
Numbers 20 in the BAGH
Numbers 20 in the BBPNG
Numbers 20 in the BBT1E
Numbers 20 in the BDS
Numbers 20 in the BEV
Numbers 20 in the BHAD
Numbers 20 in the BIB
Numbers 20 in the BLPT
Numbers 20 in the BNT
Numbers 20 in the BNTABOOT
Numbers 20 in the BNTLV
Numbers 20 in the BOATCB
Numbers 20 in the BOATCB2
Numbers 20 in the BOBCV
Numbers 20 in the BOCNT
Numbers 20 in the BOGWICC
Numbers 20 in the BOHCB
Numbers 20 in the BOHCV
Numbers 20 in the BOHLNT
Numbers 20 in the BOHNTLTAL
Numbers 20 in the BOICB
Numbers 20 in the BOILNTAP
Numbers 20 in the BOITCV
Numbers 20 in the BOKCV
Numbers 20 in the BOKCV2
Numbers 20 in the BOKHWOG
Numbers 20 in the BOKSSV
Numbers 20 in the BOLCB
Numbers 20 in the BOLCB2
Numbers 20 in the BOMCV
Numbers 20 in the BONAV
Numbers 20 in the BONCB
Numbers 20 in the BONLT
Numbers 20 in the BONUT2
Numbers 20 in the BOPLNT
Numbers 20 in the BOSCB
Numbers 20 in the BOSNC
Numbers 20 in the BOTLNT
Numbers 20 in the BOVCB
Numbers 20 in the BOYCB
Numbers 20 in the BPBB
Numbers 20 in the BPH
Numbers 20 in the BSB
Numbers 20 in the CCB
Numbers 20 in the CUV
Numbers 20 in the CUVS
Numbers 20 in the DBT
Numbers 20 in the DGDNT
Numbers 20 in the DHNT
Numbers 20 in the DNT
Numbers 20 in the ELBE
Numbers 20 in the EMTV
Numbers 20 in the ESV
Numbers 20 in the FBV
Numbers 20 in the FEB
Numbers 20 in the GGMNT
Numbers 20 in the GNT
Numbers 20 in the HARY
Numbers 20 in the HNT
Numbers 20 in the IRVA
Numbers 20 in the IRVB
Numbers 20 in the IRVG
Numbers 20 in the IRVH
Numbers 20 in the IRVK
Numbers 20 in the IRVM
Numbers 20 in the IRVM2
Numbers 20 in the IRVO
Numbers 20 in the IRVP
Numbers 20 in the IRVT
Numbers 20 in the IRVT2
Numbers 20 in the IRVU
Numbers 20 in the ISVN
Numbers 20 in the JSNT
Numbers 20 in the KAPI
Numbers 20 in the KBT1ETNIK
Numbers 20 in the KBV
Numbers 20 in the KJV
Numbers 20 in the KNFD
Numbers 20 in the LBA
Numbers 20 in the LBLA
Numbers 20 in the LNT
Numbers 20 in the LSV
Numbers 20 in the MAAL
Numbers 20 in the MBV
Numbers 20 in the MBV2
Numbers 20 in the MHNT
Numbers 20 in the MKNFD
Numbers 20 in the MNG
Numbers 20 in the MNT
Numbers 20 in the MNT2
Numbers 20 in the MRS1T
Numbers 20 in the NAA
Numbers 20 in the NASB
Numbers 20 in the NBLA
Numbers 20 in the NBS
Numbers 20 in the NBVTP
Numbers 20 in the NET2
Numbers 20 in the NIV11
Numbers 20 in the NNT
Numbers 20 in the NNT2
Numbers 20 in the NNT3
Numbers 20 in the PDDPT
Numbers 20 in the PFNT
Numbers 20 in the RMNT
Numbers 20 in the SBIAS
Numbers 20 in the SBIBS
Numbers 20 in the SBIBS2
Numbers 20 in the SBICS
Numbers 20 in the SBIDS
Numbers 20 in the SBIGS
Numbers 20 in the SBIHS
Numbers 20 in the SBIIS
Numbers 20 in the SBIIS2
Numbers 20 in the SBIIS3
Numbers 20 in the SBIKS
Numbers 20 in the SBIKS2
Numbers 20 in the SBIMS
Numbers 20 in the SBIOS
Numbers 20 in the SBIPS
Numbers 20 in the SBISS
Numbers 20 in the SBITS
Numbers 20 in the SBITS2
Numbers 20 in the SBITS3
Numbers 20 in the SBITS4
Numbers 20 in the SBIUS
Numbers 20 in the SBIVS
Numbers 20 in the SBT
Numbers 20 in the SBT1E
Numbers 20 in the SCHL
Numbers 20 in the SNT
Numbers 20 in the SUSU
Numbers 20 in the SUSU2
Numbers 20 in the SYNO
Numbers 20 in the TBIAOTANT
Numbers 20 in the TBT1E
Numbers 20 in the TBT1E2
Numbers 20 in the TFTIP
Numbers 20 in the TFTU
Numbers 20 in the TGNTATF3T
Numbers 20 in the THAI
Numbers 20 in the TNFD
Numbers 20 in the TNT
Numbers 20 in the TNTIK
Numbers 20 in the TNTIL
Numbers 20 in the TNTIN
Numbers 20 in the TNTIP
Numbers 20 in the TNTIZ
Numbers 20 in the TOMA
Numbers 20 in the TTENT
Numbers 20 in the UBG
Numbers 20 in the UGV
Numbers 20 in the UGV2
Numbers 20 in the UGV3
Numbers 20 in the VBL
Numbers 20 in the VDCC
Numbers 20 in the YALU
Numbers 20 in the YAPE
Numbers 20 in the YBVTP
Numbers 20 in the ZBP