Numbers 24 (BOECS)
1 Balaam dze sii azɔ be edze Yehowa ŋu be yeayra Israel, eya ta megayi ɖaka nu abe ale si wòwɔna tsã la ene o, ke boŋ edze ŋgɔ gbegbe la. 2 Esi Balaam kpɔ eŋgɔ la, ekpɔ Israelviwo woƒu asaɖa anyi ɖe woƒe to vovovoawo me. Tete Mawu ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe edzi, 3 eye wògblɔ nya ɖi be,“Balaam, Beor ƒe viŋutsu gblɔ be:ame si kpɔa nu nyuie la ƒe nyagblɔɖi, 4 ame si sea Mawu ƒe nya la ƒe nyagblɔɖi,ame si xɔa ɖeɖefia tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ,ame si tsyɔa mo anyi,eye eƒe ŋku nɔa te la ƒe nyawo. 5 “O! Yakob, wò agbadɔwo dzeani loo!O! Israel, wò nɔƒewo nyo! 6 “Wokeke abe balimewo ene.Wole abe amabɔ siwo le tɔsisi to ene.Wole abe aloe si Yehowa do ene.Wole abe sedati le tɔwo to ene. 7 Tsi asi tso woƒe tɔkpowo me.Tsi anɔ woƒe kuwo me fũu. “Woƒe fia axɔ ŋkɔ wu Agag.Woado woƒe fiaɖuƒe ɖe dzi. 8 “Mawu kplɔ wo do goe tso Egipte.Woƒe ŋusẽ le abe to ƒe ŋusẽ ene.Wovuvu dukɔ siwo tso ɖe wo ŋu,eye woŋe woƒe ƒuwo wuliwuliheŋɔ wo kple woƒe aŋutrɔwo. 9 Wole adeklo dzi abe dzata ene,eye abe dzatanɔ ene la, ame ka ate ŋu anyɔ wo? “Woayra ame siwo yraa wò.Eye woaƒo fi ade ame siwo ƒoa fi dea wò!” 10 Fia Balak do dɔmedzoe vevie azɔ ɖe Balaam ŋu. Eƒo asikpe hedo ɣli be, “Meyɔ wò be nàƒo fi ade nye futɔwo, ke nèyra wo boŋ zi etɔ̃. 11 Dzo le afi sia! Trɔ yi mia de! Medi be made bubu gã aɖe ŋuwò, ke Yehowa te wò ɖe megbe tso bubu gã sia gbɔ!” 12 Balaam ɖo eŋu na Balak be, “Ɖe nyemegblɔe na wò ame dɔdɔwo 13 be ne Balak tsɔ klosalo kple sika de fiasã aɖe me wòyɔ kpikpikpi nam hã la, nyemate ŋu agblẽ Yehowa ƒe nyawo ɖi agblɔ nye ŋutɔ nye nyawo oa? Megblɔ be nya si Yehowa agblɔ la ko magblɔ! 14 “Ɛ̃, matrɔ azɔ ayi nye ŋutɔ nye amewo dome. Ke gbã la, na magblɔ nu si Israelviwo awɔ wò amewo la na wò!” 15 Ale wògblɔ nyagblɔɖi siawo nɛ:“Balaam, Beor ƒe viŋutsuenye ame si ƒe ŋkuwo woʋu! 16 Esea Mawu ƒe nyawo,nunya tso Dziƒoʋĩtɔ la gbɔ le esi.Ekpɔa nu si Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ɖena fianɛ.Etsyɔ mo anyi, eye eƒe ŋkuwo ʋu. 17 “Mekpɔe le Israel ŋgɔ be,le ŋgɔgbe ʋĩi la,ɣletivi aɖe adzɔ tso Yakob me!Dziɖula sia tso Israel.Aɖu Moabtɔwo dzi;atsrɔ̃ Set ƒe viwo. 18 Israel axɔ Edom kple Seir siaa;woaɖu woƒe futɔwo dzi.Ke Israel akpɔ ŋusẽ 19 dziɖula atso Yakob,eye wòagbã du geɖewo.” 20 Balaam kpɔ Amalektɔwo ƒe aƒewo dzi ɖa, eye wògblɔ nya ɖi be,“Amalek nye gbãtɔ le dukɔwo dome tsãKe tsɔtsrɔ̃ koe le ŋgɔ nɛ fifia!” 21 Ekpɔ Kenitɔwo dzi ɖa hegblɔ be,“Ɛ̃, èle teƒe sesẽ aɖe,èwɔ wò atɔwo ɖe agakpewo me, 22 ke woatsrɔ̃ mi, Kenitɔwo.Asiria fia ƒe aʋakɔ sesẽ laaɖe aboyo mi tso anyigba sia dzi!” 23 Ewu eƒe nyagblɔɖi la nu be,“Aléle! Ame ka ate ŋu anɔ agbene Mawu wɔ nu sia? 24 Tɔdziʋuwo atso Kipro ƒutawoaɖu Eber kple Asiria dzi,ke woaɖu woawo hã dzi.” 25 Ale Balaam kple Balak klã mɔ, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe trɔ yi wo de.
In Other Versions
Numbers 24 in the ANGEFD
Numbers 24 in the ANTPNG2D
Numbers 24 in the AS21
Numbers 24 in the BAGH
Numbers 24 in the BBPNG
Numbers 24 in the BBT1E
Numbers 24 in the BDS
Numbers 24 in the BEV
Numbers 24 in the BHAD
Numbers 24 in the BIB
Numbers 24 in the BLPT
Numbers 24 in the BNT
Numbers 24 in the BNTABOOT
Numbers 24 in the BNTLV
Numbers 24 in the BOATCB
Numbers 24 in the BOATCB2
Numbers 24 in the BOBCV
Numbers 24 in the BOCNT
Numbers 24 in the BOGWICC
Numbers 24 in the BOHCB
Numbers 24 in the BOHCV
Numbers 24 in the BOHLNT
Numbers 24 in the BOHNTLTAL
Numbers 24 in the BOICB
Numbers 24 in the BOILNTAP
Numbers 24 in the BOITCV
Numbers 24 in the BOKCV
Numbers 24 in the BOKCV2
Numbers 24 in the BOKHWOG
Numbers 24 in the BOKSSV
Numbers 24 in the BOLCB
Numbers 24 in the BOLCB2
Numbers 24 in the BOMCV
Numbers 24 in the BONAV
Numbers 24 in the BONCB
Numbers 24 in the BONLT
Numbers 24 in the BONUT2
Numbers 24 in the BOPLNT
Numbers 24 in the BOSCB
Numbers 24 in the BOSNC
Numbers 24 in the BOTLNT
Numbers 24 in the BOVCB
Numbers 24 in the BOYCB
Numbers 24 in the BPBB
Numbers 24 in the BPH
Numbers 24 in the BSB
Numbers 24 in the CCB
Numbers 24 in the CUV
Numbers 24 in the CUVS
Numbers 24 in the DBT
Numbers 24 in the DGDNT
Numbers 24 in the DHNT
Numbers 24 in the DNT
Numbers 24 in the ELBE
Numbers 24 in the EMTV
Numbers 24 in the ESV
Numbers 24 in the FBV
Numbers 24 in the FEB
Numbers 24 in the GGMNT
Numbers 24 in the GNT
Numbers 24 in the HARY
Numbers 24 in the HNT
Numbers 24 in the IRVA
Numbers 24 in the IRVB
Numbers 24 in the IRVG
Numbers 24 in the IRVH
Numbers 24 in the IRVK
Numbers 24 in the IRVM
Numbers 24 in the IRVM2
Numbers 24 in the IRVO
Numbers 24 in the IRVP
Numbers 24 in the IRVT
Numbers 24 in the IRVT2
Numbers 24 in the IRVU
Numbers 24 in the ISVN
Numbers 24 in the JSNT
Numbers 24 in the KAPI
Numbers 24 in the KBT1ETNIK
Numbers 24 in the KBV
Numbers 24 in the KJV
Numbers 24 in the KNFD
Numbers 24 in the LBA
Numbers 24 in the LBLA
Numbers 24 in the LNT
Numbers 24 in the LSV
Numbers 24 in the MAAL
Numbers 24 in the MBV
Numbers 24 in the MBV2
Numbers 24 in the MHNT
Numbers 24 in the MKNFD
Numbers 24 in the MNG
Numbers 24 in the MNT
Numbers 24 in the MNT2
Numbers 24 in the MRS1T
Numbers 24 in the NAA
Numbers 24 in the NASB
Numbers 24 in the NBLA
Numbers 24 in the NBS
Numbers 24 in the NBVTP
Numbers 24 in the NET2
Numbers 24 in the NIV11
Numbers 24 in the NNT
Numbers 24 in the NNT2
Numbers 24 in the NNT3
Numbers 24 in the PDDPT
Numbers 24 in the PFNT
Numbers 24 in the RMNT
Numbers 24 in the SBIAS
Numbers 24 in the SBIBS
Numbers 24 in the SBIBS2
Numbers 24 in the SBICS
Numbers 24 in the SBIDS
Numbers 24 in the SBIGS
Numbers 24 in the SBIHS
Numbers 24 in the SBIIS
Numbers 24 in the SBIIS2
Numbers 24 in the SBIIS3
Numbers 24 in the SBIKS
Numbers 24 in the SBIKS2
Numbers 24 in the SBIMS
Numbers 24 in the SBIOS
Numbers 24 in the SBIPS
Numbers 24 in the SBISS
Numbers 24 in the SBITS
Numbers 24 in the SBITS2
Numbers 24 in the SBITS3
Numbers 24 in the SBITS4
Numbers 24 in the SBIUS
Numbers 24 in the SBIVS
Numbers 24 in the SBT
Numbers 24 in the SBT1E
Numbers 24 in the SCHL
Numbers 24 in the SNT
Numbers 24 in the SUSU
Numbers 24 in the SUSU2
Numbers 24 in the SYNO
Numbers 24 in the TBIAOTANT
Numbers 24 in the TBT1E
Numbers 24 in the TBT1E2
Numbers 24 in the TFTIP
Numbers 24 in the TFTU
Numbers 24 in the TGNTATF3T
Numbers 24 in the THAI
Numbers 24 in the TNFD
Numbers 24 in the TNT
Numbers 24 in the TNTIK
Numbers 24 in the TNTIL
Numbers 24 in the TNTIN
Numbers 24 in the TNTIP
Numbers 24 in the TNTIZ
Numbers 24 in the TOMA
Numbers 24 in the TTENT
Numbers 24 in the UBG
Numbers 24 in the UGV
Numbers 24 in the UGV2
Numbers 24 in the UGV3
Numbers 24 in the VBL
Numbers 24 in the VDCC
Numbers 24 in the YALU
Numbers 24 in the YAPE
Numbers 24 in the YBVTP
Numbers 24 in the ZBP