Numbers 6 (BOECS)

1 Yehowa gblɔ na Mose be, 2 “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne ŋutsu aɖe alo nyɔnu aɖe di be yeaɖe adzɔgbe tɔxɛ aɖe hekɔ eɖokui ŋu na Yehowa abe Nazaritɔ ene la, 3 mele nɛ be wòano wain alo nu muame aɖeke alo aha sesẽ si wowɔ tso wain me alo aha si wotsɔ ɖo ƒãe o. Mano waintsetse me tsi alo aɖu waintsetse o. 4 Ŋkeke ale si wònye Nazaritɔ ko la, maɖu naneke si do tso waintsetse me o; maɖu kuawo alo tsroa gɔ̃ hã o. 5 “ ‘Le ɣeyiɣi mawo katã me la, mele be wòako ta alo alũ ge gɔ̃ hã o, elabena enye ame kɔkɔe, eye wokɔ eŋuti na Yehowa. Eya ta ele nɛ be wòagblẽ eƒe ɖa ɖi wòato ʋluyaa. 6 “ ‘Le ɣeyiɣi si me wòɖe eɖokui ɖe aga na Yehowa la, mate ɖe ame kuku ŋu o. 7 Ne eya ŋutɔ fofoa alo dadaa alo nɔvia ŋutsu alo nɔvia nyɔnu gɔ̃ hã ku la, magblẽ kɔ ɖo na eɖokui le wo ta o, elabena eƒe ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe dzesi le ta dzi nɛ, 8 eye wokɔ eŋuti na Yehowa to ɣeyiɣi la katã me. 9 “ ‘Ne ame aɖe ku le exa la, ame kuku la gblẽ kɔ ɖo nɛ, ekema ako ta le ŋkeke adre megbe. Ekema eŋuti akɔ tso ale si amea nɔ egbɔ hafi ku la ta. 10 Le ŋkeke enyilia gbe la, ele be wòatsɔ akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve ayi na nunɔla le agbadɔ la ƒe mɔnu. 11 Nunɔla la atsɔ xeviawo dometɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye wòatsɔ evelia asa numevɔe. Ale wòalé avu le ale si wògblẽ kɔ ɖoe la ta. Agbugbɔ eƒe adzɔgbe la aɖe gbe ma gbe, eye wòana eƒe ɖa nagade asi toto me. 12 Ŋkeke siwo wòwɔ eƒe adzɔgbeɖeɖe dzi hafi gblẽ kɔ ɖo la, megale eme o. Ele nɛ be wòagadze eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi wɔwɔ gɔme kple eƒe adzɔgbe yeye la, eye wòana alẽ si xɔ ƒe ɖeka hena eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. 13 “ ‘Ne adzɔgbe si wòɖe be yeaɖe ye ɖokui ɖe aga na Yehowa ƒe ɣeyiɣi wu enu la, ele be wòayi agbadɔ la ƒe mɔnu, 14 eye wòasa numevɔ na Yehowa kple alẽ si xɔ ƒe ɖeka, eye wòde blibo. Ele be wòagana alẽnɔ si xɔ ƒe ɖeka, eye wòde blibo hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo ɖeka si de blibo la na ŋutifafavɔsa. 15 Kpe ɖe esiawo ŋu la, agana abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã kusi ɖeka, akpɔnɔ siwo wowɔ kple wɔ memee si dzi wokɔ ami ɖo, aboŋgo si wowɔ kple wɔ maʋamaʋã si dzi wokɔ ami ɖo, eye wòagatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa akpe ɖe nu siawo ŋu. 16 “ ‘Nunɔla la atsɔ nunana siawo ada ɖe Yehowa ŋkume. Atsɔ nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la ana gbã, emegbe la, wòana numevɔsa la. 17 Le esiawo megbe la, atsɔ agbo la hena ŋutifafavɔsa na Yehowa kple abolo maʋamaʋã la ƒe kusi, eye wòawu enu kple nuɖuvɔsa la kple nunovɔsa la. 18 “ ‘Azɔ la, adzɔgbeɖela la ako eƒe ɖa ʋluya la, si nye eƒe adzɔgbeɖeɖe ƒe dzesi. Awɔ nu sia le agbadɔ la ƒe mɔnu. Le esia megbe la, woatsɔ ɖa si wòko la ade dzo me le ŋutifafavɔsa la te. 19 “ ‘Le takoko na adzɔgbeɖela la megbe la, nunɔla la atsɔ agbo la ƒe abɔ memee, abolo maʋamaʋãwo kple aboŋgo maʋamaʋãwo dometɔ ɖeka, eye wòatsɔ wo katã ade asi na adzɔgbeɖela la. 20 Nunɔla la anye wo katã le yame, tso afii yi afi mɛ le Yehowa ŋkume abe vɔsa ene. Wonye nunana kɔkɔe na nunɔla la kpe ɖe eƒe axa kple abɔ siwo wònye le yame le Yehowa ŋkume la ŋuti. Le esia megbe la, adzɔgbeɖela la ate ŋu ano wain azɔ, elabena evo tso eƒe adzɔgbeɖeɖe me. 21 “ ‘Esiawoe nye se siwo ku ɖe ame si ɖe adzɔgbe be yeaɖe ye ɖokui ɖe aga ɣeyiɣi aɖe na Yehowa kple eƒe vɔsawo ne ɣeyiɣi la wu enu la ŋu. Hekpe ɖe vɔsa siawo ŋu la, ele be adzɔgbeɖela la nagana nu bubu siwo ŋugbe wòdo le eƒe adzɔgbeɖeɣi.’ ” 22 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose be, 23 “Gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be: ‘Ale miayra Israelviwo, agblɔe nye esi: 24 “ ‘ “Yehowa ayra wò,eye wòakpɔ dziwò! 25 Yehowa akɔ ŋkume ɖe wò,eye wòave nuwò! 26 Yehowa atrɔ mo ɖe gbɔwò,eye wòana ŋutifafa wò.” ’ 27 “Ale woayɔ nye ŋkɔ atɔ ɖe Israelviwo ŋu, eye mayra wo.”

In Other Versions

Numbers 6 in the ANGEFD

Numbers 6 in the ANTPNG2D

Numbers 6 in the AS21

Numbers 6 in the BAGH

Numbers 6 in the BBPNG

Numbers 6 in the BBT1E

Numbers 6 in the BDS

Numbers 6 in the BEV

Numbers 6 in the BHAD

Numbers 6 in the BIB

Numbers 6 in the BLPT

Numbers 6 in the BNT

Numbers 6 in the BNTABOOT

Numbers 6 in the BNTLV

Numbers 6 in the BOATCB

Numbers 6 in the BOATCB2

Numbers 6 in the BOBCV

Numbers 6 in the BOCNT

Numbers 6 in the BOGWICC

Numbers 6 in the BOHCB

Numbers 6 in the BOHCV

Numbers 6 in the BOHLNT

Numbers 6 in the BOHNTLTAL

Numbers 6 in the BOICB

Numbers 6 in the BOILNTAP

Numbers 6 in the BOITCV

Numbers 6 in the BOKCV

Numbers 6 in the BOKCV2

Numbers 6 in the BOKHWOG

Numbers 6 in the BOKSSV

Numbers 6 in the BOLCB

Numbers 6 in the BOLCB2

Numbers 6 in the BOMCV

Numbers 6 in the BONAV

Numbers 6 in the BONCB

Numbers 6 in the BONLT

Numbers 6 in the BONUT2

Numbers 6 in the BOPLNT

Numbers 6 in the BOSCB

Numbers 6 in the BOSNC

Numbers 6 in the BOTLNT

Numbers 6 in the BOVCB

Numbers 6 in the BOYCB

Numbers 6 in the BPBB

Numbers 6 in the BPH

Numbers 6 in the BSB

Numbers 6 in the CCB

Numbers 6 in the CUV

Numbers 6 in the CUVS

Numbers 6 in the DBT

Numbers 6 in the DGDNT

Numbers 6 in the DHNT

Numbers 6 in the DNT

Numbers 6 in the ELBE

Numbers 6 in the EMTV

Numbers 6 in the ESV

Numbers 6 in the FBV

Numbers 6 in the FEB

Numbers 6 in the GGMNT

Numbers 6 in the GNT

Numbers 6 in the HARY

Numbers 6 in the HNT

Numbers 6 in the IRVA

Numbers 6 in the IRVB

Numbers 6 in the IRVG

Numbers 6 in the IRVH

Numbers 6 in the IRVK

Numbers 6 in the IRVM

Numbers 6 in the IRVM2

Numbers 6 in the IRVO

Numbers 6 in the IRVP

Numbers 6 in the IRVT

Numbers 6 in the IRVT2

Numbers 6 in the IRVU

Numbers 6 in the ISVN

Numbers 6 in the JSNT

Numbers 6 in the KAPI

Numbers 6 in the KBT1ETNIK

Numbers 6 in the KBV

Numbers 6 in the KJV

Numbers 6 in the KNFD

Numbers 6 in the LBA

Numbers 6 in the LBLA

Numbers 6 in the LNT

Numbers 6 in the LSV

Numbers 6 in the MAAL

Numbers 6 in the MBV

Numbers 6 in the MBV2

Numbers 6 in the MHNT

Numbers 6 in the MKNFD

Numbers 6 in the MNG

Numbers 6 in the MNT

Numbers 6 in the MNT2

Numbers 6 in the MRS1T

Numbers 6 in the NAA

Numbers 6 in the NASB

Numbers 6 in the NBLA

Numbers 6 in the NBS

Numbers 6 in the NBVTP

Numbers 6 in the NET2

Numbers 6 in the NIV11

Numbers 6 in the NNT

Numbers 6 in the NNT2

Numbers 6 in the NNT3

Numbers 6 in the PDDPT

Numbers 6 in the PFNT

Numbers 6 in the RMNT

Numbers 6 in the SBIAS

Numbers 6 in the SBIBS

Numbers 6 in the SBIBS2

Numbers 6 in the SBICS

Numbers 6 in the SBIDS

Numbers 6 in the SBIGS

Numbers 6 in the SBIHS

Numbers 6 in the SBIIS

Numbers 6 in the SBIIS2

Numbers 6 in the SBIIS3

Numbers 6 in the SBIKS

Numbers 6 in the SBIKS2

Numbers 6 in the SBIMS

Numbers 6 in the SBIOS

Numbers 6 in the SBIPS

Numbers 6 in the SBISS

Numbers 6 in the SBITS

Numbers 6 in the SBITS2

Numbers 6 in the SBITS3

Numbers 6 in the SBITS4

Numbers 6 in the SBIUS

Numbers 6 in the SBIVS

Numbers 6 in the SBT

Numbers 6 in the SBT1E

Numbers 6 in the SCHL

Numbers 6 in the SNT

Numbers 6 in the SUSU

Numbers 6 in the SUSU2

Numbers 6 in the SYNO

Numbers 6 in the TBIAOTANT

Numbers 6 in the TBT1E

Numbers 6 in the TBT1E2

Numbers 6 in the TFTIP

Numbers 6 in the TFTU

Numbers 6 in the TGNTATF3T

Numbers 6 in the THAI

Numbers 6 in the TNFD

Numbers 6 in the TNT

Numbers 6 in the TNTIK

Numbers 6 in the TNTIL

Numbers 6 in the TNTIN

Numbers 6 in the TNTIP

Numbers 6 in the TNTIZ

Numbers 6 in the TOMA

Numbers 6 in the TTENT

Numbers 6 in the UBG

Numbers 6 in the UGV

Numbers 6 in the UGV2

Numbers 6 in the UGV3

Numbers 6 in the VBL

Numbers 6 in the VDCC

Numbers 6 in the YALU

Numbers 6 in the YAPE

Numbers 6 in the YBVTP

Numbers 6 in the ZBP