Psalms 125 (BOECS)
undefined Mɔzɔha. 1 Ame siwo ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu lale abe Zion to si meʋãna o,eye wònɔa anyi ɖikaa la ene. 2 Abe ale si towo ƒo xlã Yerusalem ene la,nenema Yehowa ƒo xlã eƒe dukɔ lae,tso fifia yi ɖe mavɔ me. 3 Ame vɔ̃ɖiwo ƒe fiatikplɔ manɔ anyigba siwoka na ame dzɔdzɔewo la dzi o,ne menye nenema o la,ame dzɔdzɔewo ava tsɔ woƒe asi awɔ nu vɔ̃ɖii. 4 O! Yehowa, wɔ nyui na nu nyui wɔlawo,ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka. 5 Ke ame siwo trɔ ɖe mɔ gɔglɔ̃ dzi la,Yehowa atsɔ wo aƒu gbe, kpe ɖe nu vɔ̃ɖi wɔlawo ŋu. Ŋutifafa nenɔ Israel dzi.