Psalms 126 (BOECS)
undefined Mɔzɔha. 1 Esi Yehowa kplɔ aboyomeyilawo gbɔe va Zion la,míenɔ abe drɔ̃ekulawo ene. 2 Nukoko yɔ míaƒe nu me fũu,eye dzidzɔhawo yɔ míaƒe aɖewo dzi.Tete wogblɔ le dukɔwo dome be,“Yehowa wɔ nu gã na wo ameawo.” 3 Nyateƒee, Yehowa wɔ nu gãwo na mí,eya ta dzidzɔ yɔ mía me. 4 O! Yehowa, gaɖo míaƒe nunyonamewo te,abe tɔʋu si le Gbegbe ene. 5 Ame siwo ƒã nu kple aɖatsi la,axa nu kple dzidzɔhawo. 6 Ame si do go le nukuwo ƒãm kple aɖatsi laatrɔ agbɔ kple dzidzɔhawo, atsɔ lu bablawo agbɔe.