Revelation 22 (BOECS)
1 Tete mawudɔla la fia agbetsitɔsisi lam, eye eme kɔ keŋkeŋkeŋ abe kristalokpe ene; ele sisim tso Mawu ƒe fiazikpui la kple Alẽvi la gbɔ 2 heva to dumɔ gã la titina. Agbeti la le tɔsisi la ƒe goawo kple eve dzi; etsea ku wuieve ɣleti ɖe sia ɖe, eye eƒe aŋgbawo nye dɔyɔgbe na dukɔwo. 3 Fiƒode aɖeke maganɔ anyi azɔ o. Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui anɔ du la me, eye eƒe dɔlawo asubɔe. 4 Woakpɔ eƒe ŋkume, eye eƒe ŋkɔ anɔ woƒe ŋgowo nu. 5 Zã maganɔ anyi o. Womahiã akaɖi ƒe keklẽ alo ɣe ƒe keklẽ o, elabena Aƒetɔ Mawu ana akaɖi wo, eye woaɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me. 6 Mawudɔla la gblɔ nam be, “Nya siawo nye nya siwo ŋu woaɖo dzi ɖo la, eye wonye nyateƒe. Aƒetɔ la, nyagblɔɖilawo ƒe gbɔgbɔ ƒe Mawu la dɔ eƒe dɔla be wòafia nu siwo ava dzɔ kpuie la eƒe dɔlawo.” 7 “Kpɔ ɖa, megbɔna kpuie! Woayra ame si lé nyagblɔɖi siwo le agbalẽ sia me la me ɖe asi.” 8 Nye, Yohanes, nyee nye ame si se nu siawo katã, eye mekpɔ wo. Eye esi mese, hekpɔ nu siawo la, medze klo ɖe mawudɔla si ɖe nu siawo katã fiam la ƒe afɔ nu be masubɔe. 9 Ke egblɔ nam be, “Mègawɔe o! Nye hã dɔla ko menye abe wò ke ene, kpe ɖe nɔviwò nyagblɔɖilawo kple ame siwo katã lé agbalẽ sia me nyawo me ɖe asi la ŋu; subɔ Mawu ko!” 10 Tete wògblɔ nam be, “Mègatre nyagblɔɖi siwo le agbalẽ sia me la nu o, elabena ɣeyiɣi la tu aƒe. 11 Vɔ̃wɔla nenɔ vɔ̃wɔwɔ dzi, ame vɔ̃ɖi nenɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ dzi, nyuiwɔla hã nenɔ nyuiwɔwɔ dzi, eye ame si le kɔkɔe la, nenɔ kɔkɔenyenye dzi.” 12 “Kpɔ ɖa, megbɔna kpuie! Nye fetu kpe ɖe ŋutinye, eye maxe fe na ame sia ame le nu si wòwɔ la nu. 13 Nyee nye Alfa kple Omega, Gbãtɔ kple Mamlɛtɔ, Gɔmedzedze kple Nuwuwu. 14 “Woayra ame siwo nya woƒe awu ʋlayawo be woakpɔ mɔ ayi ɖe agbeti la gbɔ, eye be woato agboawo nu age ɖe du la me. 15 Ke avuwo, akunyawɔlawo, ahasiwɔlawo, hlɔ̃dolawo, trɔ̃subɔlawo kple ame siwo lɔ̃a aʋatso, eye wokanɛ hã la atsi agbo la godo. 16 “Nye, Yesue dɔ nye mawudɔla be wòatsɔ ɖaseɖiɖi siawo na wò hena hameawo. Nyee nye Ke tso David me kple eƒe dzidzimevi. Nyee nye Ŋukeɣletivi Keklẽ la.” 17 Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la gblɔ be, “Va!” Eye ame si le esem la hã negblɔ be, “Va!” Ne tsikɔ le ame aɖe wum la, neva; eye ame sia ame si lɔ̃ ko la, nexɔ agbetsi la no faa. 18 Mele nu xlɔ̃m ame sia ame si le agbalẽ sia me nyagblɔɖiwo sem la be: Ne ame aɖe atsɔ nane akpe wo la, Mawu ana dɔvɔ̃ siwo katã ƒe nya woŋlɔ ɖe agbalẽ la me la nava edzi, 19 eye ne ame aɖe aɖe nya aɖewo le nyagblɔɖigbalẽ sia me la, Mawu mana wòakpɔ gome le agbeti la kple du kɔkɔe si ŋuti woƒo nu le le agbalẽ sia me la me o. 20 Ame si le ɖase ɖim le nu siawo ŋuti la gblɔ be, “Ɛ̃, megbɔna kpuie.”Amen. Va, Aƒetɔ Yesu. 21 Aƒetɔ Yesu ƒe amenuveve nenɔ anyi kple Mawu ƒe amewo. Amen.
In Other Versions
Revelation 22 in the ANGEFD
Revelation 22 in the ANTPNG2D
Revelation 22 in the AS21
Revelation 22 in the BAGH
Revelation 22 in the BBPNG
Revelation 22 in the BBT1E
Revelation 22 in the BDS
Revelation 22 in the BEV
Revelation 22 in the BHAD
Revelation 22 in the BIB
Revelation 22 in the BLPT
Revelation 22 in the BNT
Revelation 22 in the BNTABOOT
Revelation 22 in the BNTLV
Revelation 22 in the BOATCB
Revelation 22 in the BOATCB2
Revelation 22 in the BOBCV
Revelation 22 in the BOCNT
Revelation 22 in the BOGWICC
Revelation 22 in the BOHCB
Revelation 22 in the BOHCV
Revelation 22 in the BOHLNT
Revelation 22 in the BOHNTLTAL
Revelation 22 in the BOICB
Revelation 22 in the BOILNTAP
Revelation 22 in the BOITCV
Revelation 22 in the BOKCV
Revelation 22 in the BOKCV2
Revelation 22 in the BOKHWOG
Revelation 22 in the BOKSSV
Revelation 22 in the BOLCB
Revelation 22 in the BOLCB2
Revelation 22 in the BOMCV
Revelation 22 in the BONAV
Revelation 22 in the BONCB
Revelation 22 in the BONLT
Revelation 22 in the BONUT2
Revelation 22 in the BOPLNT
Revelation 22 in the BOSCB
Revelation 22 in the BOSNC
Revelation 22 in the BOTLNT
Revelation 22 in the BOVCB
Revelation 22 in the BOYCB
Revelation 22 in the BPBB
Revelation 22 in the BPH
Revelation 22 in the BSB
Revelation 22 in the CCB
Revelation 22 in the CUV
Revelation 22 in the CUVS
Revelation 22 in the DBT
Revelation 22 in the DGDNT
Revelation 22 in the DHNT
Revelation 22 in the DNT
Revelation 22 in the ELBE
Revelation 22 in the EMTV
Revelation 22 in the ESV
Revelation 22 in the FBV
Revelation 22 in the FEB
Revelation 22 in the GGMNT
Revelation 22 in the GNT
Revelation 22 in the HARY
Revelation 22 in the HNT
Revelation 22 in the IRVA
Revelation 22 in the IRVB
Revelation 22 in the IRVG
Revelation 22 in the IRVH
Revelation 22 in the IRVK
Revelation 22 in the IRVM
Revelation 22 in the IRVM2
Revelation 22 in the IRVO
Revelation 22 in the IRVP
Revelation 22 in the IRVT
Revelation 22 in the IRVT2
Revelation 22 in the IRVU
Revelation 22 in the ISVN
Revelation 22 in the JSNT
Revelation 22 in the KAPI
Revelation 22 in the KBT1ETNIK
Revelation 22 in the KBV
Revelation 22 in the KJV
Revelation 22 in the KNFD
Revelation 22 in the LBA
Revelation 22 in the LBLA
Revelation 22 in the LNT
Revelation 22 in the LSV
Revelation 22 in the MAAL
Revelation 22 in the MBV
Revelation 22 in the MBV2
Revelation 22 in the MHNT
Revelation 22 in the MKNFD
Revelation 22 in the MNG
Revelation 22 in the MNT
Revelation 22 in the MNT2
Revelation 22 in the MRS1T
Revelation 22 in the NAA
Revelation 22 in the NASB
Revelation 22 in the NBLA
Revelation 22 in the NBS
Revelation 22 in the NBVTP
Revelation 22 in the NET2
Revelation 22 in the NIV11
Revelation 22 in the NNT
Revelation 22 in the NNT2
Revelation 22 in the NNT3
Revelation 22 in the PDDPT
Revelation 22 in the PFNT
Revelation 22 in the RMNT
Revelation 22 in the SBIAS
Revelation 22 in the SBIBS
Revelation 22 in the SBIBS2
Revelation 22 in the SBICS
Revelation 22 in the SBIDS
Revelation 22 in the SBIGS
Revelation 22 in the SBIHS
Revelation 22 in the SBIIS
Revelation 22 in the SBIIS2
Revelation 22 in the SBIIS3
Revelation 22 in the SBIKS
Revelation 22 in the SBIKS2
Revelation 22 in the SBIMS
Revelation 22 in the SBIOS
Revelation 22 in the SBIPS
Revelation 22 in the SBISS
Revelation 22 in the SBITS
Revelation 22 in the SBITS2
Revelation 22 in the SBITS3
Revelation 22 in the SBITS4
Revelation 22 in the SBIUS
Revelation 22 in the SBIVS
Revelation 22 in the SBT
Revelation 22 in the SBT1E
Revelation 22 in the SCHL
Revelation 22 in the SNT
Revelation 22 in the SUSU
Revelation 22 in the SUSU2
Revelation 22 in the SYNO
Revelation 22 in the TBIAOTANT
Revelation 22 in the TBT1E
Revelation 22 in the TBT1E2
Revelation 22 in the TFTIP
Revelation 22 in the TFTU
Revelation 22 in the TGNTATF3T
Revelation 22 in the THAI
Revelation 22 in the TNFD
Revelation 22 in the TNT
Revelation 22 in the TNTIK
Revelation 22 in the TNTIL
Revelation 22 in the TNTIN
Revelation 22 in the TNTIP
Revelation 22 in the TNTIZ
Revelation 22 in the TOMA
Revelation 22 in the TTENT
Revelation 22 in the UBG
Revelation 22 in the UGV
Revelation 22 in the UGV2
Revelation 22 in the UGV3
Revelation 22 in the VBL
Revelation 22 in the VDCC
Revelation 22 in the YALU
Revelation 22 in the YAPE
Revelation 22 in the YBVTP
Revelation 22 in the ZBP