Revelation 6 (BOECS)

1 Mekpɔ Alẽvi la wòʋu nutrenu adreawo ƒe gbãtɔ. Emegbe la, mese nu gbagbe eneawo dometɔ ɖeka gblɔ kple gbe si le abe dziɖegbe ene la be, “Va!” 2 Mekpɔ sɔ ɣi aɖe le ŋgɔnye! Sɔdola la lé dati ɖe asi, eye wotsɔ fiakuku nɛ, eye wòdo sɔ la do go dzo abe kalẽtɔ si ɖoe kplikpaa be yeaɖu dzi la ene. 3 Alẽvi la ɖe nutrenu evelia ɖa, eye wòʋu agbalẽ evelia hã. Mese nu gbagbe evelia wògblɔ be, “Va!” 4 Tete sɔ bubu do go va; ebiã, eye adã le mo nɛ. Wona ŋusẽ edola be wòaɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi, eye wòana amewo nawu wo nɔewo. Ale wotsɔ yi gã aɖe de asi nɛ. 5 Esi Alẽvi la ɖe nutrenu etɔ̃lia ɖa la, mese nu gbagbe etɔ̃lia wògblɔ be, “Va!” Eye mekpɔ sɔ yibɔ aɖe. Edola lé nudanu ɖe asi. 6 Mese nane si ɖi ame ƒe gbe le nu gbagbe eneawo dome la le gbɔgblɔm be, “Bli agba ɖeka axɔ apaɖila ƒe ŋkeke ɖeka ƒe fetu, eye lu agba etɔ̃ anye apaɖila ƒe ŋkeke ɖeka ƒe fetu. Mikpɔ egbɔ be miegblẽ ami kple wain dome o!” 7 Esi Alẽvi la ɖe nutrenu enelia ɖa la, mese nu gbagbe enelia wògblɔ be, “Va!” 8 Mekpɔ sɔ si ɖi ku ŋutɔ la le ŋkunyeme! Edola ŋkɔe nye Ku, eye Tsiẽƒe le eyome kplikplikpli. Wona ŋusẽ wo ɖe anyigba ƒe mama enelia ƒe ɖeka dzi, be woawu amewo kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ kpakple lã wɔadã siwo le anyigba dzi la. 9 Esi Alẽvi la ɖe nutrenu atɔ̃lia ɖa la, mekpɔ vɔsamlekpui aɖe. Le vɔsamlekpui la te la, mekpɔ ame siwo katã wowu ɖe Mawu ƒe Nya la gbɔgblɔ kple ɖaseɖiɖi anukwaretɔe ta la ƒe luʋɔwo. 10 Wodo ɣli kple gbe sesẽ be, “Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ, kɔkɔetɔ kple dzɔdzɔetɔ, va se ɖe ɣe ka ɣi nàdrɔ̃ ʋɔnu anyigbadzitɔwo, eye nàbia hlɔ̃ ɖe míaƒe ʋu ta?” 11 Tete wotsɔ awu ʋlaya ɣi na wo dometɔ ɖe sia ɖe, eye wogblɔ na wo bena woalala vie va se ɖe esime woƒe hadɔlawo kple wo nɔvi siwo wole wuwu ge abe woawo ke ene la hã ƒe xexlẽme nu nade. 12 Mekpɔ Alẽvi la wòɖe nutrenu adelia ɖa. Enumake anyigba ʋuʋu sesĩe. Ɣe ƒe keklẽ trɔ zu yibɔɔ abe avɔ si wolɔ̃ kple gbɔ̃fu yibɔ la ene. Nenema ke ɣleti hã biã dzẽe abe ʋu ene, 13 eye ɣletivi siwo le dziƒo la ge va dze anyigba abe ale si gbotsetse siwo tsi megbe la dudunae ne ya sesẽ aɖe ʋuʋu ati la ene. 14 Dziŋgɔli gbugbɔ yi megbe abe lãgbalẽ si woŋlɔ ene, eye to ɖe sia ɖe kple ƒukpo ɖe sia ɖe te ɖa le wo nɔƒe. 15 Tete anyigbadzifiawo, bubumewo, aʋafiawo, hotsuitɔwo, kalẽtɔwo kple kluvi ɖe sia ɖe kple ablɔɖevi ɖe sia ɖe yi ɖaɣla wo ɖokuiwo ɖe agadowo me kple agakpewo dome. 16 Wogblɔ na towo kple agakpewo be, “Mimu dze mía dzi ne miaɣla mí ɖa tso ame si nɔ fiazikpui la dzi la ƒe ŋkume kple Alẽvi la ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la gbɔ, 17 elabena woƒe dɔmedzoeŋkeke gã la ɖo vɔ. Ame kae ate ŋu anɔ te ɖe enu?”

In Other Versions

Revelation 6 in the ANGEFD

Revelation 6 in the ANTPNG2D

Revelation 6 in the AS21

Revelation 6 in the BAGH

Revelation 6 in the BBPNG

Revelation 6 in the BBT1E

Revelation 6 in the BDS

Revelation 6 in the BEV

Revelation 6 in the BHAD

Revelation 6 in the BIB

Revelation 6 in the BLPT

Revelation 6 in the BNT

Revelation 6 in the BNTABOOT

Revelation 6 in the BNTLV

Revelation 6 in the BOATCB

Revelation 6 in the BOATCB2

Revelation 6 in the BOBCV

Revelation 6 in the BOCNT

Revelation 6 in the BOGWICC

Revelation 6 in the BOHCB

Revelation 6 in the BOHCV

Revelation 6 in the BOHLNT

Revelation 6 in the BOHNTLTAL

Revelation 6 in the BOICB

Revelation 6 in the BOILNTAP

Revelation 6 in the BOITCV

Revelation 6 in the BOKCV

Revelation 6 in the BOKCV2

Revelation 6 in the BOKHWOG

Revelation 6 in the BOKSSV

Revelation 6 in the BOLCB

Revelation 6 in the BOLCB2

Revelation 6 in the BOMCV

Revelation 6 in the BONAV

Revelation 6 in the BONCB

Revelation 6 in the BONLT

Revelation 6 in the BONUT2

Revelation 6 in the BOPLNT

Revelation 6 in the BOSCB

Revelation 6 in the BOSNC

Revelation 6 in the BOTLNT

Revelation 6 in the BOVCB

Revelation 6 in the BOYCB

Revelation 6 in the BPBB

Revelation 6 in the BPH

Revelation 6 in the BSB

Revelation 6 in the CCB

Revelation 6 in the CUV

Revelation 6 in the CUVS

Revelation 6 in the DBT

Revelation 6 in the DGDNT

Revelation 6 in the DHNT

Revelation 6 in the DNT

Revelation 6 in the ELBE

Revelation 6 in the EMTV

Revelation 6 in the ESV

Revelation 6 in the FBV

Revelation 6 in the FEB

Revelation 6 in the GGMNT

Revelation 6 in the GNT

Revelation 6 in the HARY

Revelation 6 in the HNT

Revelation 6 in the IRVA

Revelation 6 in the IRVB

Revelation 6 in the IRVG

Revelation 6 in the IRVH

Revelation 6 in the IRVK

Revelation 6 in the IRVM

Revelation 6 in the IRVM2

Revelation 6 in the IRVO

Revelation 6 in the IRVP

Revelation 6 in the IRVT

Revelation 6 in the IRVT2

Revelation 6 in the IRVU

Revelation 6 in the ISVN

Revelation 6 in the JSNT

Revelation 6 in the KAPI

Revelation 6 in the KBT1ETNIK

Revelation 6 in the KBV

Revelation 6 in the KJV

Revelation 6 in the KNFD

Revelation 6 in the LBA

Revelation 6 in the LBLA

Revelation 6 in the LNT

Revelation 6 in the LSV

Revelation 6 in the MAAL

Revelation 6 in the MBV

Revelation 6 in the MBV2

Revelation 6 in the MHNT

Revelation 6 in the MKNFD

Revelation 6 in the MNG

Revelation 6 in the MNT

Revelation 6 in the MNT2

Revelation 6 in the MRS1T

Revelation 6 in the NAA

Revelation 6 in the NASB

Revelation 6 in the NBLA

Revelation 6 in the NBS

Revelation 6 in the NBVTP

Revelation 6 in the NET2

Revelation 6 in the NIV11

Revelation 6 in the NNT

Revelation 6 in the NNT2

Revelation 6 in the NNT3

Revelation 6 in the PDDPT

Revelation 6 in the PFNT

Revelation 6 in the RMNT

Revelation 6 in the SBIAS

Revelation 6 in the SBIBS

Revelation 6 in the SBIBS2

Revelation 6 in the SBICS

Revelation 6 in the SBIDS

Revelation 6 in the SBIGS

Revelation 6 in the SBIHS

Revelation 6 in the SBIIS

Revelation 6 in the SBIIS2

Revelation 6 in the SBIIS3

Revelation 6 in the SBIKS

Revelation 6 in the SBIKS2

Revelation 6 in the SBIMS

Revelation 6 in the SBIOS

Revelation 6 in the SBIPS

Revelation 6 in the SBISS

Revelation 6 in the SBITS

Revelation 6 in the SBITS2

Revelation 6 in the SBITS3

Revelation 6 in the SBITS4

Revelation 6 in the SBIUS

Revelation 6 in the SBIVS

Revelation 6 in the SBT

Revelation 6 in the SBT1E

Revelation 6 in the SCHL

Revelation 6 in the SNT

Revelation 6 in the SUSU

Revelation 6 in the SUSU2

Revelation 6 in the SYNO

Revelation 6 in the TBIAOTANT

Revelation 6 in the TBT1E

Revelation 6 in the TBT1E2

Revelation 6 in the TFTIP

Revelation 6 in the TFTU

Revelation 6 in the TGNTATF3T

Revelation 6 in the THAI

Revelation 6 in the TNFD

Revelation 6 in the TNT

Revelation 6 in the TNTIK

Revelation 6 in the TNTIL

Revelation 6 in the TNTIN

Revelation 6 in the TNTIP

Revelation 6 in the TNTIZ

Revelation 6 in the TOMA

Revelation 6 in the TTENT

Revelation 6 in the UBG

Revelation 6 in the UGV

Revelation 6 in the UGV2

Revelation 6 in the UGV3

Revelation 6 in the VBL

Revelation 6 in the VDCC

Revelation 6 in the YALU

Revelation 6 in the YAPE

Revelation 6 in the YBVTP

Revelation 6 in the ZBP