Ruth 3 (BOECS)

1 Gbe ɖeka la, lɔ̃xoa Naomi gblɔ nɛ be, “Vinye, ɣeyiɣi mede be madi ŋutsu aɖe na wò nàɖe, ale be nàganɔ srɔ̃gbe oa? 2 Ŋutsu si le nye susu me lae nye Boaz. Enyo dɔ me na mí ŋutɔ, eye gawu la, míaƒe ƒometɔ wònye. Menya be ele lu gbɔ ge le zã sia me le eƒe lugbɔƒe, 3 eya ta wɔ ɖe nya si magblɔ na wò la dzi. Le tsi, nàsi amiʋeʋĩ, eye nàta avɔ nyui aɖe ayi lugbɔƒea. Mègana wòakpɔ wò o, va se ɖe esime wòaɖu nu vɔ hafi. 4 Lé ŋku ɖe afi si wòamlɔ la ŋu, eye nàyi aɖaklo avɔ ɖa le eƒe afɔ gbɔ, eye nàmlɔ eƒe afɔ nu. Ekema agblɔ nu si ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la na wò.” 5 Rut ɖo eŋu be, “Enyo, mesee; mawɔ nu sia nu si nègblɔ la.” 6 Ale Rut yi lugbɔƒe la, eye wòwɔ nu si lɔ̃xoa gblɔ nɛ la pɛpɛpɛ. 7 Esi Boaz ɖu nu, eye wòno nu vɔ la, eyi ɖamlɔ anyi dzidzemetɔe ɖe afi si woƒo lu ƒu ɖo la. Rut wɔ ɖɔɖɔɖɔ yi ɖaɖe avɔ le Boaz ƒe afɔ gbɔ, eye wòmlɔ eƒe afɔ nu. 8 Le zãtitina lɔƒo la, Boaz ɖi vo, nyɔ hefɔ bɔbɔ nɔ anyi. Ekpɔ nyɔnu aɖe wòmlɔ eƒe afɔ nu. 9 Ebiae be, “Wò ame kae?”Rut ɖo eŋu be, “Nye Rut, wò dɔlanyɔnue, nye aƒetɔ. Keke wò avɔ ɖe wò dɔlanyɔnu dzi, elabena srɔ̃ɖia nènye.” 10 Boaz do ɣli be, “Meda akpe na Mawu ɖe ɖetugbi abe wò ene ta, elabena ègale Naomi nu vem fifia wu tsã gɔ̃ hã. Eme kɔ ƒãa be ŋutsu aɖe si metsi abe nye ene o, eɖanye ame dahe alo hotsuitɔ o, eyae anyo na wò wu hafi. Ke èɖe asi le ɖokuitɔdidi ŋu, ale be nàɖem, eye nàdzi domenyila na Naomi. 11 Azɔ la, vinye, megavɔ̃ o. Mawɔ nya sia ƒe akpa ɖe sia ɖe ŋu dɔ, elabena ame sia ame nya be ènye ame tɔxɛ aɖe. 12 Ke kuxi ɖeka aɖe le nya la ŋu. Enye nyateƒe be wò ƒometɔe menye, ke ame bubu aɖe gali si do ƒome kpli wò wum. 13 Tsi afi sia dɔ. Ne ŋu ke la, maƒo nu kplii. Ne aɖe wò la, ekema enyo; newɔ eƒe dɔdeasi. Ke ne maɖe wò o la, ekema meta Yehowa be nye ŋutɔ maɖe wò. Mlɔ afi sia va se ɖe esime ŋu nake.” 14 Ale Rut mlɔ Boaz ƒe afɔ nu va se ɖe fɔŋli. Efɔ kaba hafi ŋu ke nyuie, elabena Boaz gblɔ nɛ be, “Mègana ame aɖeke nanya be nyɔnu aɖe va lugbɔƒe le afi sia o.” 15 Boaz gagblɔ nɛ hã be, “Ɖo wò taɖedzi la ɖe anyigba.” Esi Rut wɔ alea la, Boaz ku lu dzidzenu ade kɔ ɖe avɔ la me, eye wòlée nɛ. Ale wòtrɔ yi aƒe me. 16 Esi wòɖo aƒe me la, lɔ̃xoa biae be, “Vinyenyɔnu, aleke nèdee?”Rut gblɔ nu sia nu si Boaz wɔ nɛ la na lɔ̃xoa, 17 eye wògblɔ kpe ɖe eŋu be, “Eyae tsɔ lu dzidzenu ade sia nam hegblɔ kpe ɖe eŋu be, ‘Menyo be nàtrɔ ayi lɔ̃xowò gbɔ kple asi ƒuƒlu o.’ ” 18 Tete Naomi gblɔ na Rut be, “Vinyenyɔnu, lala va se ɖe esime nàkpɔ ale si nya la ava wu enui ɖa, elabena Boaz madzudzɔ o, va se ɖe esime wòakpɔ ta na nya la egbea.”

In Other Versions

Ruth 3 in the ANGEFD

Ruth 3 in the ANTPNG2D

Ruth 3 in the AS21

Ruth 3 in the BAGH

Ruth 3 in the BBPNG

Ruth 3 in the BBT1E

Ruth 3 in the BDS

Ruth 3 in the BEV

Ruth 3 in the BHAD

Ruth 3 in the BIB

Ruth 3 in the BLPT

Ruth 3 in the BNT

Ruth 3 in the BNTABOOT

Ruth 3 in the BNTLV

Ruth 3 in the BOATCB

Ruth 3 in the BOATCB2

Ruth 3 in the BOBCV

Ruth 3 in the BOCNT

Ruth 3 in the BOGWICC

Ruth 3 in the BOHCB

Ruth 3 in the BOHCV

Ruth 3 in the BOHLNT

Ruth 3 in the BOHNTLTAL

Ruth 3 in the BOICB

Ruth 3 in the BOILNTAP

Ruth 3 in the BOITCV

Ruth 3 in the BOKCV

Ruth 3 in the BOKCV2

Ruth 3 in the BOKHWOG

Ruth 3 in the BOKSSV

Ruth 3 in the BOLCB

Ruth 3 in the BOLCB2

Ruth 3 in the BOMCV

Ruth 3 in the BONAV

Ruth 3 in the BONCB

Ruth 3 in the BONLT

Ruth 3 in the BONUT2

Ruth 3 in the BOPLNT

Ruth 3 in the BOSCB

Ruth 3 in the BOSNC

Ruth 3 in the BOTLNT

Ruth 3 in the BOVCB

Ruth 3 in the BOYCB

Ruth 3 in the BPBB

Ruth 3 in the BPH

Ruth 3 in the BSB

Ruth 3 in the CCB

Ruth 3 in the CUV

Ruth 3 in the CUVS

Ruth 3 in the DBT

Ruth 3 in the DGDNT

Ruth 3 in the DHNT

Ruth 3 in the DNT

Ruth 3 in the ELBE

Ruth 3 in the EMTV

Ruth 3 in the ESV

Ruth 3 in the FBV

Ruth 3 in the FEB

Ruth 3 in the GGMNT

Ruth 3 in the GNT

Ruth 3 in the HARY

Ruth 3 in the HNT

Ruth 3 in the IRVA

Ruth 3 in the IRVB

Ruth 3 in the IRVG

Ruth 3 in the IRVH

Ruth 3 in the IRVK

Ruth 3 in the IRVM

Ruth 3 in the IRVM2

Ruth 3 in the IRVO

Ruth 3 in the IRVP

Ruth 3 in the IRVT

Ruth 3 in the IRVT2

Ruth 3 in the IRVU

Ruth 3 in the ISVN

Ruth 3 in the JSNT

Ruth 3 in the KAPI

Ruth 3 in the KBT1ETNIK

Ruth 3 in the KBV

Ruth 3 in the KJV

Ruth 3 in the KNFD

Ruth 3 in the LBA

Ruth 3 in the LBLA

Ruth 3 in the LNT

Ruth 3 in the LSV

Ruth 3 in the MAAL

Ruth 3 in the MBV

Ruth 3 in the MBV2

Ruth 3 in the MHNT

Ruth 3 in the MKNFD

Ruth 3 in the MNG

Ruth 3 in the MNT

Ruth 3 in the MNT2

Ruth 3 in the MRS1T

Ruth 3 in the NAA

Ruth 3 in the NASB

Ruth 3 in the NBLA

Ruth 3 in the NBS

Ruth 3 in the NBVTP

Ruth 3 in the NET2

Ruth 3 in the NIV11

Ruth 3 in the NNT

Ruth 3 in the NNT2

Ruth 3 in the NNT3

Ruth 3 in the PDDPT

Ruth 3 in the PFNT

Ruth 3 in the RMNT

Ruth 3 in the SBIAS

Ruth 3 in the SBIBS

Ruth 3 in the SBIBS2

Ruth 3 in the SBICS

Ruth 3 in the SBIDS

Ruth 3 in the SBIGS

Ruth 3 in the SBIHS

Ruth 3 in the SBIIS

Ruth 3 in the SBIIS2

Ruth 3 in the SBIIS3

Ruth 3 in the SBIKS

Ruth 3 in the SBIKS2

Ruth 3 in the SBIMS

Ruth 3 in the SBIOS

Ruth 3 in the SBIPS

Ruth 3 in the SBISS

Ruth 3 in the SBITS

Ruth 3 in the SBITS2

Ruth 3 in the SBITS3

Ruth 3 in the SBITS4

Ruth 3 in the SBIUS

Ruth 3 in the SBIVS

Ruth 3 in the SBT

Ruth 3 in the SBT1E

Ruth 3 in the SCHL

Ruth 3 in the SNT

Ruth 3 in the SUSU

Ruth 3 in the SUSU2

Ruth 3 in the SYNO

Ruth 3 in the TBIAOTANT

Ruth 3 in the TBT1E

Ruth 3 in the TBT1E2

Ruth 3 in the TFTIP

Ruth 3 in the TFTU

Ruth 3 in the TGNTATF3T

Ruth 3 in the THAI

Ruth 3 in the TNFD

Ruth 3 in the TNT

Ruth 3 in the TNTIK

Ruth 3 in the TNTIL

Ruth 3 in the TNTIN

Ruth 3 in the TNTIP

Ruth 3 in the TNTIZ

Ruth 3 in the TOMA

Ruth 3 in the TTENT

Ruth 3 in the UBG

Ruth 3 in the UGV

Ruth 3 in the UGV2

Ruth 3 in the UGV3

Ruth 3 in the VBL

Ruth 3 in the VDCC

Ruth 3 in the YALU

Ruth 3 in the YAPE

Ruth 3 in the YBVTP

Ruth 3 in the ZBP