1 Peter 4 (BEV)

1 Eya ta, esi Kristo kpe fu le eƒe ŋutilã me ta la, miawo hã mitsɔ nɔnɔme ma ke bla miaƒe aliwo dzii, elabena ame si kpe fu le eƒe ŋutilã me la, klã ɖa tso nu vɔ̃ gbɔ, 2 elabena hena eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo le anyigba dzi la, menɔa agbe le ŋutilãmenudzodzrowo nu o, ke boŋ ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu. 3 Tsã la, miegblẽ ɣeyiɣi geɖe le nu siwo Trɔ̃subɔlawo wɔna la me, esiwo nye, ahĩawɔwɔ, nudzodzro vɔ̃wo, ahatsunonowo, nuɖuɖu vivivo, aglotutu vɔ̃wo kple Trɔ̃subɔsubɔ ŋunyɔtɔ. 4 Ewɔ moya na wo be miedo ɖi ɖe ŋunyɔnu ƒe tɔɖɔɖɔ sia me kpli wo o, eya ta woli kɔ dzudzu ɖe mia dzi gleglegle. 5 Ke hã la, ele na wo be woana akɔnta ame si le klalo be wòadrɔ̃ ʋɔnu agbagbeawo kple kukuawo. 6 Susu sia tae wogblɔ nyanyui la na ame siwo ku va yi xoxo la hã, ale be, togbɔ be, le woƒe agbenɔnɔ le anyigbadzi me woto ʋɔnudɔdrɔ̃ si me amegbetɔ ɖe sia ɖe tona hã la, woate ŋu ava Mawu ƒe agbe la gbɔ le gbɔgbɔ me. 7 Nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. Eya ta minɔ mo xexi eye miɖu mia ɖokui dzi, ale be miate ŋu ado gbe ɖa. 8 Ƒo nuwo katã ta la, milɔ̃ mia nɔewo vevie, elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ ƒe agbɔsɔsɔ dzi. 9 Mixɔ mia nɔewo ɖe miaƒe aƒewo me liʋiliʋĩlilĩmanɔmee. 10 Mia dome ame sia ame natsɔ eƒe gbɔgbɔmenunana asubɔ ame bubuwoe, eye miama Mawu ƒe amenuveve la anukwaretɔe le mɔ vovovowo nu. 11 Ne ame aɖe le nu ƒom la, neƒoe abe Mawu gbɔe nyawo tso ene. Ne ame aɖe le subɔsubɔm la, newɔe kple ŋusẽ si Mawu nɛ la katã ale be le nuwo katã me la woakafu Mawu to Yesu Kristo dzi. Eya tɔe nye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen. 12 Nɔvi veviwo, migana fuwɔme ƒe dodokpɔ si me tom miele la nawɔ nuku na mi abe nane si medzɔ kpɔ o lae le mia dzi vam ene o. 13 Ke mikpɔ dzidzɔ be mienye fukpekpe siwo me Kristo to la ƒe gomekpɔlawo, ale be miaƒe dzidzɔ nagba go ne woɖe eƒe ŋutikɔkɔe fia. 14 Ne wodzu mi le Kristo ƒe ŋkɔ ta la, woayra mi, elabena ŋutikɔkɔe ƒe Gbɔgbɔ sinye Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le mia dzi. 15 Ne miekpe fu la, migakpee abe hlɔ̃dola, fiafitɔ alo nu tovo wɔla aɖe loo, alo ame si dea nu ame bubuwo ƒe nya me la ene o. 16 Gake ne mia dometɔ aɖe akpe fu elabena enye kristotɔ la, ŋu megakpee o, ke boŋ neda akpe na Mawu be woyɔ ŋkɔ sia ɖe eŋu. 17 Elabena ɣeyiɣi de be ʋɔnudɔdrɔ̃ nadze egɔme tso Mawu ƒe ƒomea me; ke ne edze gɔme tso mía dzi la, ekema ale ke woahanɔ na ame siwo meɖo to Mawu ƒe nyanyui la o? 18 Eye “Nenye be bebli hafi dzɔdzɔetɔ akpɔ ɖeɖe la, ekema ale ke nɔge wòle na mawumavɔ̃lawo kple nu vɔ̃ wɔlawo?” 19 Eya ta, ame siwo kpea fu le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu la, netsɔ wo ɖokui de asi na wo Wɔla nuteƒetɔ la eye woayi nyuiwɔwɔ dzi.

In Other Versions

1 Peter 4 in the ANGEFD

1 Peter 4 in the ANTPNG2D

1 Peter 4 in the AS21

1 Peter 4 in the BAGH

1 Peter 4 in the BBPNG

1 Peter 4 in the BBT1E

1 Peter 4 in the BDS

1 Peter 4 in the BHAD

1 Peter 4 in the BIB

1 Peter 4 in the BLPT

1 Peter 4 in the BNT

1 Peter 4 in the BNTABOOT

1 Peter 4 in the BNTLV

1 Peter 4 in the BOATCB

1 Peter 4 in the BOATCB2

1 Peter 4 in the BOBCV

1 Peter 4 in the BOCNT

1 Peter 4 in the BOECS

1 Peter 4 in the BOGWICC

1 Peter 4 in the BOHCB

1 Peter 4 in the BOHCV

1 Peter 4 in the BOHLNT

1 Peter 4 in the BOHNTLTAL

1 Peter 4 in the BOICB

1 Peter 4 in the BOILNTAP

1 Peter 4 in the BOITCV

1 Peter 4 in the BOKCV

1 Peter 4 in the BOKCV2

1 Peter 4 in the BOKHWOG

1 Peter 4 in the BOKSSV

1 Peter 4 in the BOLCB

1 Peter 4 in the BOLCB2

1 Peter 4 in the BOMCV

1 Peter 4 in the BONAV

1 Peter 4 in the BONCB

1 Peter 4 in the BONLT

1 Peter 4 in the BONUT2

1 Peter 4 in the BOPLNT

1 Peter 4 in the BOSCB

1 Peter 4 in the BOSNC

1 Peter 4 in the BOTLNT

1 Peter 4 in the BOVCB

1 Peter 4 in the BOYCB

1 Peter 4 in the BPBB

1 Peter 4 in the BPH

1 Peter 4 in the BSB

1 Peter 4 in the CCB

1 Peter 4 in the CUV

1 Peter 4 in the CUVS

1 Peter 4 in the DBT

1 Peter 4 in the DGDNT

1 Peter 4 in the DHNT

1 Peter 4 in the DNT

1 Peter 4 in the ELBE

1 Peter 4 in the EMTV

1 Peter 4 in the ESV

1 Peter 4 in the FBV

1 Peter 4 in the FEB

1 Peter 4 in the GGMNT

1 Peter 4 in the GNT

1 Peter 4 in the HARY

1 Peter 4 in the HNT

1 Peter 4 in the IRVA

1 Peter 4 in the IRVB

1 Peter 4 in the IRVG

1 Peter 4 in the IRVH

1 Peter 4 in the IRVK

1 Peter 4 in the IRVM

1 Peter 4 in the IRVM2

1 Peter 4 in the IRVO

1 Peter 4 in the IRVP

1 Peter 4 in the IRVT

1 Peter 4 in the IRVT2

1 Peter 4 in the IRVU

1 Peter 4 in the ISVN

1 Peter 4 in the JSNT

1 Peter 4 in the KAPI

1 Peter 4 in the KBT1ETNIK

1 Peter 4 in the KBV

1 Peter 4 in the KJV

1 Peter 4 in the KNFD

1 Peter 4 in the LBA

1 Peter 4 in the LBLA

1 Peter 4 in the LNT

1 Peter 4 in the LSV

1 Peter 4 in the MAAL

1 Peter 4 in the MBV

1 Peter 4 in the MBV2

1 Peter 4 in the MHNT

1 Peter 4 in the MKNFD

1 Peter 4 in the MNG

1 Peter 4 in the MNT

1 Peter 4 in the MNT2

1 Peter 4 in the MRS1T

1 Peter 4 in the NAA

1 Peter 4 in the NASB

1 Peter 4 in the NBLA

1 Peter 4 in the NBS

1 Peter 4 in the NBVTP

1 Peter 4 in the NET2

1 Peter 4 in the NIV11

1 Peter 4 in the NNT

1 Peter 4 in the NNT2

1 Peter 4 in the NNT3

1 Peter 4 in the PDDPT

1 Peter 4 in the PFNT

1 Peter 4 in the RMNT

1 Peter 4 in the SBIAS

1 Peter 4 in the SBIBS

1 Peter 4 in the SBIBS2

1 Peter 4 in the SBICS

1 Peter 4 in the SBIDS

1 Peter 4 in the SBIGS

1 Peter 4 in the SBIHS

1 Peter 4 in the SBIIS

1 Peter 4 in the SBIIS2

1 Peter 4 in the SBIIS3

1 Peter 4 in the SBIKS

1 Peter 4 in the SBIKS2

1 Peter 4 in the SBIMS

1 Peter 4 in the SBIOS

1 Peter 4 in the SBIPS

1 Peter 4 in the SBISS

1 Peter 4 in the SBITS

1 Peter 4 in the SBITS2

1 Peter 4 in the SBITS3

1 Peter 4 in the SBITS4

1 Peter 4 in the SBIUS

1 Peter 4 in the SBIVS

1 Peter 4 in the SBT

1 Peter 4 in the SBT1E

1 Peter 4 in the SCHL

1 Peter 4 in the SNT

1 Peter 4 in the SUSU

1 Peter 4 in the SUSU2

1 Peter 4 in the SYNO

1 Peter 4 in the TBIAOTANT

1 Peter 4 in the TBT1E

1 Peter 4 in the TBT1E2

1 Peter 4 in the TFTIP

1 Peter 4 in the TFTU

1 Peter 4 in the TGNTATF3T

1 Peter 4 in the THAI

1 Peter 4 in the TNFD

1 Peter 4 in the TNT

1 Peter 4 in the TNTIK

1 Peter 4 in the TNTIL

1 Peter 4 in the TNTIN

1 Peter 4 in the TNTIP

1 Peter 4 in the TNTIZ

1 Peter 4 in the TOMA

1 Peter 4 in the TTENT

1 Peter 4 in the UBG

1 Peter 4 in the UGV

1 Peter 4 in the UGV2

1 Peter 4 in the UGV3

1 Peter 4 in the VBL

1 Peter 4 in the VDCC

1 Peter 4 in the YALU

1 Peter 4 in the YAPE

1 Peter 4 in the YBVTP

1 Peter 4 in the ZBP