Acts 15 (BEV)

1 Le ɣeyiɣi si me Paulo kple Barnaba nɔ Antioxia la, ame aɖewo tso Yudea va Antioxia dua me. Ame siawo va nɔ nu fiam Trɔ̃subɔla siwo trɔ zu kristotɔwo la be, ehiã vevie be woatso aʋa na wo abe ale si Yudatɔwo wɔnɛ ene, hafi woakpɔ ɖeɖe. 2 Paulo kple Barnaba melɔ̃ ɖe nya sia dzi kura o ale wohe nya kple nenem me siawo vevie. Mlɔeba la, Antioxia ha la ɖe hametɔ aɖewo kpe ɖe Paulo kple Barnaba ŋu heɖo wo ɖe Yerusalem be woayi aɖadzro nya sia me kple apostoloawo kple hamemegãwo anya woƒe susu le eŋu ava gblɔ na yewo. 3 Ha blibo la katã yi ɖaɖo ame dɔdɔawo ɖa va se ɖe Antioxia dua godo, eye woyi woƒe mɔzɔzɔ dzi. Le mɔa dzi la, ame dɔdɔawo tɔ ɖe Foenike kple Samaria du siwo le mɔa dzi la me eye wogblɔ ale si Mawu le dɔ wɔm le Trɔ̃subɔlawo dome la na xɔsetɔ siwo le afi ma. Nya sia do dzidzɔ blibo na ame sia ame si see. 4 Ame dɔdɔawo va ɖo Yerusalem eye wowɔ takpekpe kple apostoloawo kple hamemegãwo katã. Paulo kple Barnaba ƒo nu tso dɔ si wɔm Mawu le to wo dzi le teƒe vovovowo la ŋu na wo. 5 Ke enumake, ame siwo nye Farisitɔwo tsã hafi trɔ zu kristotɔwo la, tsi tre eye wogblɔ be ele be woatso aʋa na Trɔ̃subɔla siwo trɔ zu xɔsetɔwo katã eye woawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo katã hã dzi pɛpɛpɛ. 6 Nya sia na be apostoloawo kple hamemegãwo gaɖo ŋkeke be yewoabu tame le nya la ŋu nyuie. 7 Esi ŋkekea ɖo la wo katã wogava ƒo ƒu eye wodzro nya sia me ɣeyiɣi didi aɖe. Mlɔeba la, Petro tsi tre heƒo nu na wo gblɔ be, “Nɔvinyewo, miawo ŋutɔ mienya be anɔ abe ƒe aɖewo nye esi va yi ene la, Mawu tiam le mia dome eye wòɖom ɖa be magblɔ nyanyui la na Trɔ̃subɔlawo ale be woawo hã woaxɔ se azu kristotɔwo. 8 Mawu si nya amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe dzime la, xɔ wo hena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wo abe ale si wòna míawo hã ene. 9 Mede vovototo aɖeke mí kple woawo dome o elabena eɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖa tso xɔse me abe míawo ke ene. 10 Ke nɔvinyewo, nu ka ta miedi be miate Mawu kpɔ adi be yewoatsɔ agba kpekpe si míawo ŋutɔ kple mía tɔgbuitɔgbuiwo mete ŋu tsɔ o la da ɖe woawo dzi be woatsɔ mahã? 11 Ao, ɖe miexɔe se kpɔ be Aƒetɔ Yesu, si nye Mawu ƒe nunana la dzi koe ame sia ame ato akpɔ ɖeɖe oa?” 12 Le nuƒo sia megbe la ƒuƒoƒea zi ɖoɖoe eye nyahahe aɖeke megayi edzi o. Esia na mɔnu Paulo kple Barnaba be wogblɔ nukunu gã siwo Mawu wɔ to wo dzi le Trɔ̃subɔlawo dome la na wo. 13 Esi woawo hã ƒe gbe dze anyi la, Yakobo hã tsi tre heƒo nu gblɔ be, “Tɔnyetɔwo, miɖo tom. 14 Petro gblɔ ale si Mawu ŋutɔ tia amewo tso Trɔ̃subɔlawo dome bena woasubɔ ye ade bubu yeƒe ŋkɔ ŋuti la na mi. 15 Trɔsubɔla siwo trɔ zu Kristotɔ siawo ƒe nya sɔ kple nyagblɔɖila Amos ƒe nyagblɔɖi sia be 16 ‘Le nu siawo megbe la magatrɔ ava eye magatu David ƒe aƒe si mu dze anyi la, magagbugbɔ aɖo eƒe gli gbagbãwo eye mafɔ wo ɖe tsitre, 17 ale be ame susɔewo adi Aƒetɔ la kple Trɔ̃subɔla siwo ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la, Aƒetɔ la, ame si wɔa nu siawo katã lae gblɔe.’ 18 Esiae nye nu si Aƒetɔ, ame si ɖe eƒe ɖoɖo si wòwɔ tso gɔmedzedzea me fia mí la, gblɔ. 19 “Esia ta nye nyametsotsoe nye be, mehiã be míaɖe fu na ame siwo trɔ va Mawu gbɔ la o. 20 Ke ɖe ko míabia tso wo si be woadzudzɔ lã siwo wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo kple lã siwo tsi ʋu me la ɖuɖu eye hekpe ɖe esiawo ŋu la, woadzudzɔ ahasiwɔwɔ. 21 Elabena tso blema ke la, nu siawo nye kɔ na Yudatɔwo eye woƒoa nu le wo ŋu le Sabat sia Sabat dzi le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo.” 22 Azɔ la apostoloawo kple hamemegãwo katã va lɔ̃ ɖe edzi be yewoaɖe ame aɖewo woakplɔ Paulo kple Barnaba ɖo ayi Antioxia be woaɖagblɔ nu si dzi woɖo kpee la na hame si le afi ma. Wotia hamemegã eve be woayi. Woawoe nye Yuda si wogayɔna be Barsaba kple Sila. 23 Woŋlɔ agbalẽ de ame dɔdɔawo si eye emenyawo yi ale, “Mía nɔvi Trɔ̃subɔla siwo trɔ̃ zu xɔsetɔwo le Antioxa, Siria kple Kilikia, mixɔ gbedoname tso apostoloawo, hamemegãwo kple mia nɔvi siwo le Yerusalem la gbɔ. 24 “Míese be xɔsetɔ aɖe siwo tso mía gbɔ le afii la va mia dome eye wova gblɔ nya aɖewo, siwo ɖe fu na miaƒe susu eye woʋuʋu miaƒe xɔse kple ɖeɖekpɔkpɔ la na mi. Míedi be mianya be, menye míawoe dɔ ame siawo ɖo ɖe mi o. 25 Ke esi míawo hã miebu nya la ŋu eye mí katã míeɖo kpe nu si nye nyateƒea dzi vɔ la, míeɖoe be anye susu nyui aɖe ŋutɔ be míaɖe ame dɔdɔ eve siwo woakplɔ mía nɔvi lɔlɔ̃awo, Paulo kple Barnaba, ɖo ava mia gbɔ. 26 Ame dɔdɔ eve siawo nye Yuda kple Sila, ame siwo tsɔ woƒe agbe ke faa na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo. 27 Míeka ɖe dzi be ame siawo aƒo nu aɖo kpe nu si nye míaƒe susu le nya siwo le fu ɖem na míaƒe susuwo la dzi na mi. 28 Míekpɔe dze sii be enyo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kple míawo hã ŋu be menyo be míatsɔ agba gã aɖeke ada ɖe mia dzi wu nu vevi siawo ko o, 29 be miatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kpakple lã tsiʋumewo ɖuɖu eye miatsri ahasiwɔwɔ hã. Ne miekpɔ mia ɖokui dzi nyuie le nu siawo me la, ekema miewɔe nyuie. Minɔ anyi nyuie.” 30 Ame dɔdɔ eneawo dze mɔ ɖo ta Antioxia enumake. Esi wova ɖo la woƒo kristotɔwo katã nu ƒu eye wotsɔ gbedeasia ɖo woƒe ŋkume. 31 Esi woxlẽ agbalẽa eye wose emenyawo la, hame bliboa kpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe. 32 Hekpe ɖe agbalẽa ŋu la, Yuda kple Sila ame siwo nya Mawu ƒe nya nyuie la gaƒo nu geɖe na hamea hedo ŋusẽ woƒe xɔse. 33 Wonɔ Antioxia ŋkeke geɖe hafi wodo mɔ wo kple dzidzɔgbedoname tso Antioxia hamea gbɔ vɛ na Yerusalem hame si dɔ wo ɖa. 34 Ke enyo Sila ŋu be yeatsi afi ma. 35 Paulo kple Barnaba hã gatsi Antioxia hena kpekpeɖeŋu ame siwo nɔ mawunya gblɔm henɔ nu fiam amewo le afi ma. 36 Le ŋkeke aɖewo megbe la, Paulo doe ɖe Barnaba gbɔ be, “Na míagbugbɔ ayi aɖakpɔ nɔvi siwo le du siwo me míegblɔ Aƒetɔ la ƒe nya la le la, akpɔ ale si wole zɔzɔmii la ɖa.” 37 Barnaba lɔ̃, ke edi be yewoatsɔ Yohanes, si woyɔna be Marko la, akpe ɖe yewo ɖokui ŋu. 38 Ke le ale si Marko gblẽ wo ɖi le Pamfilia eye meyi dɔa dzi kple wo o ta la Paulo mebui be enyo be wòagayi kpli yewo o. 39 Nu sia he masɔmasɔ de Paul kple Barnaba dome ale gbegbe be wo dome ma. Barnaba kplɔ Marko ɖe asi eye woɖo tɔdziʋu yi Kipro. 40 Ke Paulo hã tsɔ Sila kpe ɖe eɖokui ŋu, eye nɔviawo tsɔ wo de asi na Aƒetɔ la ƒe amenuveve. 41 Woto Siria kple Kilikia nutowo me henɔ ŋusẽ dom hame siwo nɔ afi ma.

In Other Versions

Acts 15 in the ANGEFD

Acts 15 in the ANTPNG2D

Acts 15 in the AS21

Acts 15 in the BAGH

Acts 15 in the BBPNG

Acts 15 in the BBT1E

Acts 15 in the BDS

Acts 15 in the BHAD

Acts 15 in the BIB

Acts 15 in the BLPT

Acts 15 in the BNT

Acts 15 in the BNTABOOT

Acts 15 in the BNTLV

Acts 15 in the BOATCB

Acts 15 in the BOATCB2

Acts 15 in the BOBCV

Acts 15 in the BOCNT

Acts 15 in the BOECS

Acts 15 in the BOGWICC

Acts 15 in the BOHCB

Acts 15 in the BOHCV

Acts 15 in the BOHLNT

Acts 15 in the BOHNTLTAL

Acts 15 in the BOICB

Acts 15 in the BOILNTAP

Acts 15 in the BOITCV

Acts 15 in the BOKCV

Acts 15 in the BOKCV2

Acts 15 in the BOKHWOG

Acts 15 in the BOKSSV

Acts 15 in the BOLCB

Acts 15 in the BOLCB2

Acts 15 in the BOMCV

Acts 15 in the BONAV

Acts 15 in the BONCB

Acts 15 in the BONLT

Acts 15 in the BONUT2

Acts 15 in the BOPLNT

Acts 15 in the BOSCB

Acts 15 in the BOSNC

Acts 15 in the BOTLNT

Acts 15 in the BOVCB

Acts 15 in the BOYCB

Acts 15 in the BPBB

Acts 15 in the BPH

Acts 15 in the BSB

Acts 15 in the CCB

Acts 15 in the CUV

Acts 15 in the CUVS

Acts 15 in the DBT

Acts 15 in the DGDNT

Acts 15 in the DHNT

Acts 15 in the DNT

Acts 15 in the ELBE

Acts 15 in the EMTV

Acts 15 in the ESV

Acts 15 in the FBV

Acts 15 in the FEB

Acts 15 in the GGMNT

Acts 15 in the GNT

Acts 15 in the HARY

Acts 15 in the HNT

Acts 15 in the IRVA

Acts 15 in the IRVB

Acts 15 in the IRVG

Acts 15 in the IRVH

Acts 15 in the IRVK

Acts 15 in the IRVM

Acts 15 in the IRVM2

Acts 15 in the IRVO

Acts 15 in the IRVP

Acts 15 in the IRVT

Acts 15 in the IRVT2

Acts 15 in the IRVU

Acts 15 in the ISVN

Acts 15 in the JSNT

Acts 15 in the KAPI

Acts 15 in the KBT1ETNIK

Acts 15 in the KBV

Acts 15 in the KJV

Acts 15 in the KNFD

Acts 15 in the LBA

Acts 15 in the LBLA

Acts 15 in the LNT

Acts 15 in the LSV

Acts 15 in the MAAL

Acts 15 in the MBV

Acts 15 in the MBV2

Acts 15 in the MHNT

Acts 15 in the MKNFD

Acts 15 in the MNG

Acts 15 in the MNT

Acts 15 in the MNT2

Acts 15 in the MRS1T

Acts 15 in the NAA

Acts 15 in the NASB

Acts 15 in the NBLA

Acts 15 in the NBS

Acts 15 in the NBVTP

Acts 15 in the NET2

Acts 15 in the NIV11

Acts 15 in the NNT

Acts 15 in the NNT2

Acts 15 in the NNT3

Acts 15 in the PDDPT

Acts 15 in the PFNT

Acts 15 in the RMNT

Acts 15 in the SBIAS

Acts 15 in the SBIBS

Acts 15 in the SBIBS2

Acts 15 in the SBICS

Acts 15 in the SBIDS

Acts 15 in the SBIGS

Acts 15 in the SBIHS

Acts 15 in the SBIIS

Acts 15 in the SBIIS2

Acts 15 in the SBIIS3

Acts 15 in the SBIKS

Acts 15 in the SBIKS2

Acts 15 in the SBIMS

Acts 15 in the SBIOS

Acts 15 in the SBIPS

Acts 15 in the SBISS

Acts 15 in the SBITS

Acts 15 in the SBITS2

Acts 15 in the SBITS3

Acts 15 in the SBITS4

Acts 15 in the SBIUS

Acts 15 in the SBIVS

Acts 15 in the SBT

Acts 15 in the SBT1E

Acts 15 in the SCHL

Acts 15 in the SNT

Acts 15 in the SUSU

Acts 15 in the SUSU2

Acts 15 in the SYNO

Acts 15 in the TBIAOTANT

Acts 15 in the TBT1E

Acts 15 in the TBT1E2

Acts 15 in the TFTIP

Acts 15 in the TFTU

Acts 15 in the TGNTATF3T

Acts 15 in the THAI

Acts 15 in the TNFD

Acts 15 in the TNT

Acts 15 in the TNTIK

Acts 15 in the TNTIL

Acts 15 in the TNTIN

Acts 15 in the TNTIP

Acts 15 in the TNTIZ

Acts 15 in the TOMA

Acts 15 in the TTENT

Acts 15 in the UBG

Acts 15 in the UGV

Acts 15 in the UGV2

Acts 15 in the UGV3

Acts 15 in the VBL

Acts 15 in the VDCC

Acts 15 in the YALU

Acts 15 in the YAPE

Acts 15 in the YBVTP

Acts 15 in the ZBP