Acts 4 (BEV)

1 Esi Petro kple Yohane nɔ nu ƒom na ameawo alea la, Osɔfogãwo kple gbedoxɔŋudzɔlawo ƒe amegã kpakple Zadukitɔwo dometɔ aɖewo va do ɖe wo dzi. 2 Ale si Petro kple Yohanes nɔ gbeƒã ɖem be Yesu gagbɔ agbe tso ame kukuwo dome la nye nu si mevivi wo nu kura o. 3 Eya ta wolé Petro kple Yohanes, gake esi fiẽ ɖo xoxo ta la, wotsɔ wo ame evea de gaxɔ me be woadɔ afi ma ŋu nake. 4 Togbɔ be wòva me alea hã la, ame geɖe siwo se Petro kple Yohanes ƒe nyagbɔgblɔ gbe ma gbe la xɔe se hetrɔ dzime eye wozu xɔsetɔwo ale xɔsetɔwo katã ƒe xexlẽme va ɖo abe akpe atɔ̃ ene. 5 Le ŋufɔke la, Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo, agbalẽfialawo kple dumemegãwo kpe ta le Yerusalem. 6 Takpekpea me nɔla aɖewo nye Anas si nye Osɔfogã, Kayafa, Yohanes, Aleksandro kple Anas ƒe ƒometɔ aɖewo. 7 Wokplɔ Petro kple Yohanes va woƒe ŋkumee. Takpekpea me nɔlawo bia Petro kple Yohanes be, “Ame kae na ŋusẽ mi be miawɔ nu sia?” 8 Enumake Gbɔgbɔ Kɔkɔe la do ŋusẽ Petro eye wòɖo eŋu na wo be, 9 “Osɔfogã, bubutɔwo, kple dumemegãwo, nenye tekunɔ sia ƒe hayahaya tae miele gbe biam mí la, 10 ekema medi be mi kple Israeltɔwo katã mianya kɔtee be, to ŋusẽ tɔxɛ si le Yesu Kristo Nazaretitɔ la ƒe ŋkɔ mee ame sia kpɔ lamesẽ le. Yesu siae nye Mesia ame si miawo miewu, ke Mawu fɔe ɖe agbe tso ame kukuwo dome. Eya ƒe ŋusẽe na be dɔnɔ sia tsi tre ɖe mía dome fifi laa, eye eƒe lãme sẽ. 11 Mawunya gblɔe be, ‘Kpe si xɔtulawo gbe la eya kee trɔna zua dzogoedzikpe.’ 12 Yesu ɖeka pɛ ko dzie ame sia ame ato hafi akpɔ ɖeɖe. Ame aɖeke megali le xexeame godoo si ate ŋu axɔ na amegbetɔ aɖeke wu Yesu o.” 13 Ŋusẽ tɔxɛ si ɖo Petro kple Yohanes me be wote ŋu ɖo nyawo ŋu alea la, wɔ nuku na Takpekpea ŋutɔ, elabena wonya be Petro kple Yohanes menya agbalẽ o. Takpekpea kpɔe dze sii be, Yesu yomenɔnɔ tae wote ŋu kpɔ ŋusẽ sia. 14 Gawu la, esi wònye be dɔnɔ si ŋu woda gbe le hã nɔ tsitre ɖe wo dome ta la, ɖe ko wònɔ na Takpekpea me nɔlawo be woalɔ̃ be ŋusẽ aɖe le Petro kple Yohanes si vavã. 15 Le esia ta wona wokplɔ Petro kple Yohanes do goe le xɔa me ale be woate ŋu akpɔ mɔnu abu tame le nya la ŋu. 16 Azɔ Takpekpea me nɔlawo bia wo nɔewo be, “Nu ka tututue míawɔ ame eve siawo? Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be woda gbe le nuwɔametɔ sia ŋu vavã eye nukunu sia ɖi hoo le Yerusalem du bliboa me. 17 Gake hã ɖewohĩ míate ŋu axe mɔ na wo be woagakaka woƒe nya si gblɔm wole le Yesu kple ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋu ayi dzii o. Míayɔ wo ado vɔvɔ̃ na wo be ne wogakatse gblɔ nya tso Yesu ŋu la, manyo na wo kura o!” 18 Ale wogayɔ Petro kple Yohanes va wo dome eye wode se na wo vevie be yewomedi be yewoagasee alo akpɔ wo woanɔ nu fiam tso Yesu ŋu le teƒe aɖeke kura o. 19 Ke Petro kple Yohanes ɖo eŋu gblɔ na wo be, “Miawo ŋutɔwo mibu eŋu kpɔ be enyo be míase amegbetɔ ƒe gbe agbe Mawu ƒe gbedziwɔwɔ hã? 20 Asesẽ na mí ŋutɔ be míadzudzɔ nuƒoƒo le nu wɔnuku siwo míekpɔ kɔtee be Yesu wɔ kple nya siwo wògblɔ la ŋu.” 21 Ke Takpekpea me nɔlawo gaklẽ ŋku do wo hede se na wo be woadzudzɔ nyawo gbɔgblɔ. Emegbe la woɖe asi le wo ŋu wodzo elabena womenya ale si tututu woawɔ ahe to na wo ale be zi matɔ le dua me o, elabena ame sia ame kloe le dua me nɔ Mawu kafum le nukunu gã si wòwɔ to Petro kple Yohanes dzi la ta. 22 Esia nye be woda gbe le ame si nye tekunɔ ƒe blaene sɔŋ la ŋu. 23 Esi woɖe asi le Petro kple Yohanes ŋu tete ko la, woti wo tɔ nusrɔ̃lawo bubuawo yii ɖagblɔ nu siwo katã dzɔ ɖe wo dzi la na wo. 24 Enumake wo katã woƒo ƒu do gbe ɖa gblɔ be,“O Aƒetɔ Mawu gã, wò ame si wɔ dziƒo, anyigba, atsiaƒu kple emenuwo katã, 25 wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒo nu to mía tɔgbui David dzi be, ‘Nu ka ta Trɔ̃subɔlawo do dziku ɖe Mawu ŋu eye dukɔwo hã le bablawo wɔm dzedzro ɖo? 26 Ẽ, anyigbadzifiawo wɔ ɖeka be yewoaho aʋa ɖe Mawu kple Mesia la ŋu!’ 27 “Nu sia tututue le dzɔdzɔm le mía dome egbe le Yerusalem du sia me! Elabena fia Herodes kple Pontio Pilato kple Trɔ̃subɔlawo katã kpakple Israelviwo gɔ̃ hã wɔ ɖeka hetsi tre ɖe viwò Yesu, wò dɔla kɔkɔe si dzi 28 nèda asi ɖo la ŋu. Ke nu si wò ŋutɔ nèɖo da ɖi le wò nunya kple ŋusẽ me xoxo la eya ko woate ŋu awɔ. 29 Azɔ mía Mawu, wò ŋutɔ se ale si wole kakam ɖe mía ŋui la ɖa! Na dzideƒo blibo mí wò subɔlawo be míate ŋu agblɔ wò nya kple 30 agbe eye na ŋusẽ mí be míate ŋu ada gbe le dɔnɔwo ŋu, awɔ nukunu gãwo le wò dɔla Kɔkɔe, Yesu, ƒe ŋkɔ me.” 31 Esi wodo gbe ɖa vɔ alea ko la xɔ si me wonɔ la ʋuʋu sesĩe eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ge ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe me ale be wogakpɔ ŋusẽ hegblɔ Mawu ƒe nya la kple dzideƒo gã blibo. 32 Xɔsetɔ siawo katã ƒe dziwo kple susuwo nɔ ɖeka. Wo dometɔ aɖeke mebuna be nu si le ye si la nye ye ɖeka ko tɔ o, ke boŋ womaa nuwo ɖe wo nɔewo dome. 33 Apostolowo kpɔ ŋusẽ gblɔ mawunya detowo heɖe gbeƒã Aƒetɔ Yesu ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome eye amenuveve gã le wo katã dzi. 34 Koɖoɖo aɖeke menɔ anyi o, elabena ame siwo si nuwo nɔ abe anyigba, xɔ kple bubuwo ene la dzra wo 35 hetsɔ ga la vɛ na apostoloawo wona wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe eƒe hiahiã nu. 36 Yosef, Levitɔ, ame si wodzi le Kipro eye apostoloawo yɔna hã be Barnaba, si gɔme woɖe be “Dzideƒovi” 37 dzra eƒe agble hetsɔ ga la katã vɛ na apostolawo.

In Other Versions

Acts 4 in the ANGEFD

Acts 4 in the ANTPNG2D

Acts 4 in the AS21

Acts 4 in the BAGH

Acts 4 in the BBPNG

Acts 4 in the BBT1E

Acts 4 in the BDS

Acts 4 in the BHAD

Acts 4 in the BIB

Acts 4 in the BLPT

Acts 4 in the BNT

Acts 4 in the BNTABOOT

Acts 4 in the BNTLV

Acts 4 in the BOATCB

Acts 4 in the BOATCB2

Acts 4 in the BOBCV

Acts 4 in the BOCNT

Acts 4 in the BOECS

Acts 4 in the BOGWICC

Acts 4 in the BOHCB

Acts 4 in the BOHCV

Acts 4 in the BOHLNT

Acts 4 in the BOHNTLTAL

Acts 4 in the BOICB

Acts 4 in the BOILNTAP

Acts 4 in the BOITCV

Acts 4 in the BOKCV

Acts 4 in the BOKCV2

Acts 4 in the BOKHWOG

Acts 4 in the BOKSSV

Acts 4 in the BOLCB

Acts 4 in the BOLCB2

Acts 4 in the BOMCV

Acts 4 in the BONAV

Acts 4 in the BONCB

Acts 4 in the BONLT

Acts 4 in the BONUT2

Acts 4 in the BOPLNT

Acts 4 in the BOSCB

Acts 4 in the BOSNC

Acts 4 in the BOTLNT

Acts 4 in the BOVCB

Acts 4 in the BOYCB

Acts 4 in the BPBB

Acts 4 in the BPH

Acts 4 in the BSB

Acts 4 in the CCB

Acts 4 in the CUV

Acts 4 in the CUVS

Acts 4 in the DBT

Acts 4 in the DGDNT

Acts 4 in the DHNT

Acts 4 in the DNT

Acts 4 in the ELBE

Acts 4 in the EMTV

Acts 4 in the ESV

Acts 4 in the FBV

Acts 4 in the FEB

Acts 4 in the GGMNT

Acts 4 in the GNT

Acts 4 in the HARY

Acts 4 in the HNT

Acts 4 in the IRVA

Acts 4 in the IRVB

Acts 4 in the IRVG

Acts 4 in the IRVH

Acts 4 in the IRVK

Acts 4 in the IRVM

Acts 4 in the IRVM2

Acts 4 in the IRVO

Acts 4 in the IRVP

Acts 4 in the IRVT

Acts 4 in the IRVT2

Acts 4 in the IRVU

Acts 4 in the ISVN

Acts 4 in the JSNT

Acts 4 in the KAPI

Acts 4 in the KBT1ETNIK

Acts 4 in the KBV

Acts 4 in the KJV

Acts 4 in the KNFD

Acts 4 in the LBA

Acts 4 in the LBLA

Acts 4 in the LNT

Acts 4 in the LSV

Acts 4 in the MAAL

Acts 4 in the MBV

Acts 4 in the MBV2

Acts 4 in the MHNT

Acts 4 in the MKNFD

Acts 4 in the MNG

Acts 4 in the MNT

Acts 4 in the MNT2

Acts 4 in the MRS1T

Acts 4 in the NAA

Acts 4 in the NASB

Acts 4 in the NBLA

Acts 4 in the NBS

Acts 4 in the NBVTP

Acts 4 in the NET2

Acts 4 in the NIV11

Acts 4 in the NNT

Acts 4 in the NNT2

Acts 4 in the NNT3

Acts 4 in the PDDPT

Acts 4 in the PFNT

Acts 4 in the RMNT

Acts 4 in the SBIAS

Acts 4 in the SBIBS

Acts 4 in the SBIBS2

Acts 4 in the SBICS

Acts 4 in the SBIDS

Acts 4 in the SBIGS

Acts 4 in the SBIHS

Acts 4 in the SBIIS

Acts 4 in the SBIIS2

Acts 4 in the SBIIS3

Acts 4 in the SBIKS

Acts 4 in the SBIKS2

Acts 4 in the SBIMS

Acts 4 in the SBIOS

Acts 4 in the SBIPS

Acts 4 in the SBISS

Acts 4 in the SBITS

Acts 4 in the SBITS2

Acts 4 in the SBITS3

Acts 4 in the SBITS4

Acts 4 in the SBIUS

Acts 4 in the SBIVS

Acts 4 in the SBT

Acts 4 in the SBT1E

Acts 4 in the SCHL

Acts 4 in the SNT

Acts 4 in the SUSU

Acts 4 in the SUSU2

Acts 4 in the SYNO

Acts 4 in the TBIAOTANT

Acts 4 in the TBT1E

Acts 4 in the TBT1E2

Acts 4 in the TFTIP

Acts 4 in the TFTU

Acts 4 in the TGNTATF3T

Acts 4 in the THAI

Acts 4 in the TNFD

Acts 4 in the TNT

Acts 4 in the TNTIK

Acts 4 in the TNTIL

Acts 4 in the TNTIN

Acts 4 in the TNTIP

Acts 4 in the TNTIZ

Acts 4 in the TOMA

Acts 4 in the TTENT

Acts 4 in the UBG

Acts 4 in the UGV

Acts 4 in the UGV2

Acts 4 in the UGV3

Acts 4 in the VBL

Acts 4 in the VDCC

Acts 4 in the YALU

Acts 4 in the YAPE

Acts 4 in the YBVTP

Acts 4 in the ZBP