Acts 4 (BOECS)

1 Esi Petro kple Yohanes wonɔ nu ƒom na ameawo alea la, nunɔlawo kple gbedoxɔŋudzɔlawo ƒe amegã kple Zadukitɔwo dometɔ aɖewo va do ɖe wo dzi. 2 Petro kple Yohanes wonɔ gbeƒã ɖem be Yesu gagbɔ agbe tso ame kukuwo dome si fia be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖe li. Enye nu si medzɔ dzi na wo kuraa o. 3 Eya ta wolé Petro kple Yohanes, gake esi fiẽ ɖo xoxo ta la, wokplɔ wo ame eve la de gaxɔ me be woadɔ afi ma ŋu nake. 4 Togbɔ be edzɔ alea hã la, ame geɖe siwo se Petro kple Yohanes ƒe nyagbɔgblɔ gbe ma gbe la xɔe se hetrɔ dzi me, eye wozu xɔsetɔwo. Ale xɔsetɔwo katã ƒe xexlẽme anɔ abe akpe atɔ̃ ene. 5 Esi ŋu ke la, dziɖulawo, amegãwo kple agbalẽfialawo kpe ta le Yerusalem. 6 Takpekpea me nɔla aɖewo nye Anas si nye nunɔlagã, Kayafa, Yohanes, Aleksandro kple nunɔlagã ƒe ƒometɔ aɖewo. 7 Wokplɔ Petro kple Yohanes va woƒe ŋkumee. Takpekpea me nɔlawo bia Petro kple Yohanes be, “Ame ka ƒe mɔɖeɖe alo ŋkɔ mee miewɔ nu sia?” 8 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la do ŋusẽ Petro, eye wòɖo eŋu na wo be, “Dziɖulawo kple dumegãwo! 9 Ne miele gbe biam mí egbe ku ɖe dɔmenyo si míewɔ na tekunɔ sia ta be míagblɔ ale si wòwɔ haya la, 10 ekema minyae kɔtɛe, mi kple Israeltɔwo katã, be le Yesu Kristo Nazaretitɔ, ame si miawo mieklã ɖe ati ŋuti, ame si Mawu fɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ƒe ŋkɔ mee ame si le tsitre ɖe mia ŋkume la kpɔ dɔyɔyɔ le. 11 Eyae nye,“ ‘Kpe si mi xɔtulawo miegbe la,eya kee trɔ zu dzogoedzikpe.’ 12 Yesu ɖeka pɛ ko dzi ame sia ame ato hafi akpɔ xɔxɔ, elabena ŋkɔ bubu aɖeke mele dziƒoa te si wona amegbetɔwo, esi me wòle be míakpɔ xɔxɔ la le o.” 13 Esi takpekpea kpɔ Petro kple Yohanes ƒe dzideƒo, evɔ wonye ame gbɔlo siwo menya agbalẽ o la, woƒe mo wɔ yaa, eye wode dzesii be ame siawo nɔ Yesu ŋu va yi. 14 Gawu la, esi wònye be tekunɔ si ŋu woda gbe le hã nɔ tsitre ɖe wo dome ta la, nya aɖeke megale wo si woagblɔ o. 15 Le esia ta la, wona wokplɔ Petro kple Yohanes do goe le xɔa me, ale be woate ŋu akpɔ mɔnu ade adaŋu le wo ŋu. 16 Azɔ Takpekpea me nɔlawo bia wo nɔewo be, “Nu ka tututu míawɔ ame eve siawo? Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be woda gbe le tekunɔ sia ŋu vavã eye nukunu sia ɖi hoo le Yerusalem du blibo la me eye míate ŋu asẽ nu o. 17 Gake be womegakaka woƒe nya si gblɔm wole o la, mina míayɔ wo agbe na wo be womekpɔ mɔ agagblɔ nya alo afia nu ame aɖeke le Yesu ƒe ŋkɔ me o.” 18 Ale wogayɔ Petro kple Yohanes va wo dome, eye wode se na wo vevie be yewomedi be yewoagasee alo akpɔ wo woanɔ nu fiam tso Yesu ŋu le teƒe aɖeke kura o. 19 Ke Petro kple Yohanes ɖo eŋu gblɔ na wo be, “Miawo ŋutɔwo mibu eŋu kpɔ be enyo le Mawu gbɔ be míase amegbetɔ ƒe gbe, agbe eya Mawu ƒe gbedziwɔwɔ hã? 20 Asesẽ na mí ŋutɔ be míadzudzɔ nuƒoƒo le nu siwo míekpɔ kple esiwo míese la ŋu o.” 21 Esi takpekpea me nɔlawo gaklẽ ŋku de wo hede se na wo vevie la, wona wodzo. Ʋɔnua menya tohehe si tututu woatsɔ na wo o, elabena ameawo katã nɔ Mawu kafum le nu si dzɔ la ta. 22 Elabena tekunɔ si ŋuti woda gbe le nukunutɔe la xɔ ƒe wu blaeve gɔ̃ hã. 23 Esi woɖe asi le Petro kple Yohanes ŋu teti ko la, woti wo tɔ nusrɔ̃lawo bubuawo yii ɖagblɔ nu siwo katã nunɔlagãwo kple amegãwo gblɔ la na wo. 24 Enumake wo katã woƒo ƒu do gbe ɖa na Mawu hegblɔ be, “O Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ, wò ame si wɔ dziƒo, anyigba, atsiaƒu kple nu siwo katã le eme. 25 ȃo nu to Gbɔgbɔ kɔkɔe la dzi, to mía fofo David, wò dɔla dzi be,“ ‘Nu ka ta dukɔwo do dziku ɖe Mawu ŋu,eye amewo le bablawo wɔm dzodzro ɖo? 26 Ɛ̃, Anyigbadzifiawo wɔ ɖeka,eye dziɖulawo bla nu ɖe Aƒetɔ lakple eƒe Amesiamina la ŋu.’ 27 Elabena vavã, Fia Herod kple Pontio Pilato kple ame siwo menye Yudatɔwo o la katã kple Israelviwo gɔ̃ hã le du sia me wɔ ɖeka hetsi tsitre ɖe Viwò Yesu, wò dɔla kɔkɔe si nèsi ami na la ŋu. 28 Ke nu si wò ŋutɔ nèɖo da ɖi le wò nunya kple ŋusẽ me xoxo la ko ate ŋu adzɔ. 29 Azɔ míaƒe Mawu, wò ŋutɔ se ale si wole kakam ɖe mía ŋue la ɖa! Na dzideƒo blibo mí wò subɔlawo be míate ŋu agblɔ wò nya la kple dzideƒo. 30 Do wò asi ɖa be míate ŋu ada gbe le dɔnɔwo ŋu, awɔ nukunu gãwo le wò dɔla Kɔkɔe, Yesu, ƒe ŋkɔ me.” 31 Esi wodo gbe ɖa vɔ alea la, xɔ si me wonɔ la ʋuʋu sesĩe. Wo katã yɔ fũu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, eye wogblɔ Mawu ƒe nya la kple dzideƒo gã blibo. 32 Xɔsetɔ siawo katã ƒe dziwo kple susuwo nɔ ɖeka. Wo dometɔ aɖeke mebuna be nu si le ye si la nye ye ɖeka ko tɔ o, ke boŋ womaa nuwo ɖe wo nɔewo dome. 33 Apostolowo kpɔ ŋusẽ gblɔ mawunya detowo, heɖe gbeƒã Aƒetɔ Yesu ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome, eye amenuveve gã le wo katã dzi. 34 Hiãtɔ aɖeke menɔ wo dome o, elabena enuenu ame siwo si anyigbawo alo aƒewo nɔ la tsɔ wo dzra, eye ga home si wokpɔ la, 35 wotsɔnɛ va dana ɖe apostoloawo ƒe afɔ nu eye womanɛ na amewo le woƒe hiahiã nu. 36 Yosef, Levitɔ, ame si wodzi le Kipro, eye apostoloawo yɔna hã be Barnabas (si gɔmee nye “dzideƒovi la”), 37 dzra eƒe agble hetsɔ ga la katã vɛ na apostoloawo.

In Other Versions

Acts 4 in the ANGEFD

Acts 4 in the ANTPNG2D

Acts 4 in the AS21

Acts 4 in the BAGH

Acts 4 in the BBPNG

Acts 4 in the BBT1E

Acts 4 in the BDS

Acts 4 in the BEV

Acts 4 in the BHAD

Acts 4 in the BIB

Acts 4 in the BLPT

Acts 4 in the BNT

Acts 4 in the BNTABOOT

Acts 4 in the BNTLV

Acts 4 in the BOATCB

Acts 4 in the BOATCB2

Acts 4 in the BOBCV

Acts 4 in the BOCNT

Acts 4 in the BOGWICC

Acts 4 in the BOHCB

Acts 4 in the BOHCV

Acts 4 in the BOHLNT

Acts 4 in the BOHNTLTAL

Acts 4 in the BOICB

Acts 4 in the BOILNTAP

Acts 4 in the BOITCV

Acts 4 in the BOKCV

Acts 4 in the BOKCV2

Acts 4 in the BOKHWOG

Acts 4 in the BOKSSV

Acts 4 in the BOLCB

Acts 4 in the BOLCB2

Acts 4 in the BOMCV

Acts 4 in the BONAV

Acts 4 in the BONCB

Acts 4 in the BONLT

Acts 4 in the BONUT2

Acts 4 in the BOPLNT

Acts 4 in the BOSCB

Acts 4 in the BOSNC

Acts 4 in the BOTLNT

Acts 4 in the BOVCB

Acts 4 in the BOYCB

Acts 4 in the BPBB

Acts 4 in the BPH

Acts 4 in the BSB

Acts 4 in the CCB

Acts 4 in the CUV

Acts 4 in the CUVS

Acts 4 in the DBT

Acts 4 in the DGDNT

Acts 4 in the DHNT

Acts 4 in the DNT

Acts 4 in the ELBE

Acts 4 in the EMTV

Acts 4 in the ESV

Acts 4 in the FBV

Acts 4 in the FEB

Acts 4 in the GGMNT

Acts 4 in the GNT

Acts 4 in the HARY

Acts 4 in the HNT

Acts 4 in the IRVA

Acts 4 in the IRVB

Acts 4 in the IRVG

Acts 4 in the IRVH

Acts 4 in the IRVK

Acts 4 in the IRVM

Acts 4 in the IRVM2

Acts 4 in the IRVO

Acts 4 in the IRVP

Acts 4 in the IRVT

Acts 4 in the IRVT2

Acts 4 in the IRVU

Acts 4 in the ISVN

Acts 4 in the JSNT

Acts 4 in the KAPI

Acts 4 in the KBT1ETNIK

Acts 4 in the KBV

Acts 4 in the KJV

Acts 4 in the KNFD

Acts 4 in the LBA

Acts 4 in the LBLA

Acts 4 in the LNT

Acts 4 in the LSV

Acts 4 in the MAAL

Acts 4 in the MBV

Acts 4 in the MBV2

Acts 4 in the MHNT

Acts 4 in the MKNFD

Acts 4 in the MNG

Acts 4 in the MNT

Acts 4 in the MNT2

Acts 4 in the MRS1T

Acts 4 in the NAA

Acts 4 in the NASB

Acts 4 in the NBLA

Acts 4 in the NBS

Acts 4 in the NBVTP

Acts 4 in the NET2

Acts 4 in the NIV11

Acts 4 in the NNT

Acts 4 in the NNT2

Acts 4 in the NNT3

Acts 4 in the PDDPT

Acts 4 in the PFNT

Acts 4 in the RMNT

Acts 4 in the SBIAS

Acts 4 in the SBIBS

Acts 4 in the SBIBS2

Acts 4 in the SBICS

Acts 4 in the SBIDS

Acts 4 in the SBIGS

Acts 4 in the SBIHS

Acts 4 in the SBIIS

Acts 4 in the SBIIS2

Acts 4 in the SBIIS3

Acts 4 in the SBIKS

Acts 4 in the SBIKS2

Acts 4 in the SBIMS

Acts 4 in the SBIOS

Acts 4 in the SBIPS

Acts 4 in the SBISS

Acts 4 in the SBITS

Acts 4 in the SBITS2

Acts 4 in the SBITS3

Acts 4 in the SBITS4

Acts 4 in the SBIUS

Acts 4 in the SBIVS

Acts 4 in the SBT

Acts 4 in the SBT1E

Acts 4 in the SCHL

Acts 4 in the SNT

Acts 4 in the SUSU

Acts 4 in the SUSU2

Acts 4 in the SYNO

Acts 4 in the TBIAOTANT

Acts 4 in the TBT1E

Acts 4 in the TBT1E2

Acts 4 in the TFTIP

Acts 4 in the TFTU

Acts 4 in the TGNTATF3T

Acts 4 in the THAI

Acts 4 in the TNFD

Acts 4 in the TNT

Acts 4 in the TNTIK

Acts 4 in the TNTIL

Acts 4 in the TNTIN

Acts 4 in the TNTIP

Acts 4 in the TNTIZ

Acts 4 in the TOMA

Acts 4 in the TTENT

Acts 4 in the UBG

Acts 4 in the UGV

Acts 4 in the UGV2

Acts 4 in the UGV3

Acts 4 in the VBL

Acts 4 in the VDCC

Acts 4 in the YALU

Acts 4 in the YAPE

Acts 4 in the YBVTP

Acts 4 in the ZBP