Acts 6 (BEV)
        
        
          1 Esime xɔsetɔawo ƒe xexlẽme va nɔ dzidzim ɖe edzi atraɖii ta la, liʋiliʋĩlilĩ aɖewo va nɔ ta dom ɖa le wo dome. Wo dometɔ siwo nye Helatɔwo la gblɔ bena ameŋkumekpɔkpɔ le ta dom ɖa le nuɖuɖumama me, elabena womenaa nuɖuɖu Helatɔ siwo nye ahosiwo la wòdea Hebritɔ siwo hã nye ahosiwo la tɔ nu o. 2 Le esia ta la, Apostolo wuieveawo ƒo xɔsetɔwo katã nu ƒu hewɔ takpekpe aɖe. Apostoloawo doe ɖe hamea gbɔ be,  3 “Nɔviwo, mele be míawo míatsɔ nuɖuɖudzikpɔkpɔ awɔ míaƒe dɔ o. Míaƒe dɔe nye be míagblɔ mawunya. Eya ta mitsa ŋku le mia ɖokuiwo dome, miatia mia dometɔ adre siwo sea nu gɔme, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ wo me fũ eye ame sia ame kpɔ ŋudzedze le wo ŋu. Ne mietia ame siawo la ekema míatsɔ nuɖuɖudzikpɔdɔ sia ade wo si koŋ, 4 ale be míawo la míakpɔ ɣeyiɣi awɔ míaƒe dɔ si nye gbedodoɖa, mawunyagbɔgblɔ kple nufiafia amewo.”  5 Nya sia me kɔ na hamea katã eya ta wotia ame adreawo. Ame siwo wotia woe nye Stefano, ame si ƒe xɔse de to eye wòyɔ fũ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. Filipo, Prokoro kple Nikano, bubuwoe nye Timon, Parmena kple Nikolas tso Antioxia ame si nye trɔ̃subɔla si va zu Yudatɔ. 6 Esi wotia ame adre siawo vɔ la wokplɔ wo va apostoloawo gbɔe eye wodo gbe ɖa ɖe wo ta heda asi ɖe wo dzi, yra wo.  7 Le esia megbe la apostoloawo kple xɔsetɔ bubuawo gblɔ mawunya le teƒeteƒewo eye Yesu yomedzelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi fũ le Yerusalem, nenema ke Yudatɔwo ƒe Osɔfo geɖewo gɔ̃ hã trɔ zu kristotɔwo.  8 Stefano ame si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũ eye eƒe xɔse de to blibo la wɔ nukunu geɖewo le amewo dome.  9 Ke gbe ɖeka la, Stefano do go Yudatɔwo ƒe xɔsehabɔbɔ tɔxɛ aɖe si woyɔna be, “Ablɔɖeviwo” la, me tɔwo eye ame siawo de asi nyahehe me kplii vevie. Sẽ ko la, Yudatɔ bubu siwo tso Kirene, Aleksandria le Egipte kple Kilikia kpakple Asia la va kpe ɖe “Ablɔɖeviawo” ŋu le nyaa hehe me. 10 Gake wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖu Stefano dzi o, le eƒe nunya kple gbɔgbɔ si le eme la ta.  11 Le esia ta woyi ɖakpɔ gbevu aɖewo be woava ɖi aʋatsoɖase le Stefano ŋu be eƒo fi de Mose kple Mawu ŋutɔ gɔ̃ hã.  12 Nya sia sese na be dua me tɔ geɖewo dze agbo vevie. Wotso ɖe Stefano ŋu eye Yudatɔwo ƒe amegãwo kple agbalẽfialawo lée hekplɔe yi ɖe dumemegãwo gbɔe. 13 Aʋatsoɖaseɖila siawo gaɖi ɖase ɖe eŋu le takpekpea me be, yewo ŋutɔ yewose Stefano wònɔ fewu ɖum le Yerusalem gbedoxɔ la kple Mose ƒe sewo ŋu.  14 Woyi dzi gblɔ be, “Míese Stefano gblɔ be, Yesu Nazaretitɔ sia, ava gbã gbedoxɔ la eye wòaɖe Mose ƒe sewo katã ɖa.” 15 Esi nu siawo nɔ edzi yim la, ame siwo katã nɔ takpekpea me la kpɔ be Stefano ƒe mo trɔ nɔ keklẽm abe mawudɔla tɔ ene.
        
        
          In Other Versions
        
        
  
    Acts 6 in the ANGEFD
  
  
    Acts 6 in the ANTPNG2D
  
  
    Acts 6 in the AS21
  
  
    Acts 6 in the BAGH
  
  
    Acts 6 in the BBPNG
  
  
    Acts 6 in the BBT1E
  
  
    Acts 6 in the BDS
  
  
    Acts 6 in the BHAD
  
  
    Acts 6 in the BIB
  
  
    Acts 6 in the BLPT
  
  
    Acts 6 in the BNT
  
  
    Acts 6 in the BNTABOOT
  
  
    Acts 6 in the BNTLV
  
  
    Acts 6 in the BOATCB
  
  
    Acts 6 in the BOATCB2
  
  
    Acts 6 in the BOBCV
  
  
    Acts 6 in the BOCNT
  
  
    Acts 6 in the BOECS
  
  
    Acts 6 in the BOGWICC
  
  
    Acts 6 in the BOHCB
  
  
    Acts 6 in the BOHCV
  
  
    Acts 6 in the BOHLNT
  
  
    Acts 6 in the BOHNTLTAL
  
  
    Acts 6 in the BOICB
  
  
    Acts 6 in the BOILNTAP
  
  
    Acts 6 in the BOITCV
  
  
    Acts 6 in the BOKCV
  
  
    Acts 6 in the BOKCV2
  
  
    Acts 6 in the BOKHWOG
  
  
    Acts 6 in the BOKSSV
  
  
    Acts 6 in the BOLCB
  
  
    Acts 6 in the BOLCB2
  
  
    Acts 6 in the BOMCV
  
  
    Acts 6 in the BONAV
  
  
    Acts 6 in the BONCB
  
  
    Acts 6 in the BONLT
  
  
    Acts 6 in the BONUT2
  
  
    Acts 6 in the BOPLNT
  
  
    Acts 6 in the BOSCB
  
  
    Acts 6 in the BOSNC
  
  
    Acts 6 in the BOTLNT
  
  
    Acts 6 in the BOVCB
  
  
    Acts 6 in the BOYCB
  
  
    Acts 6 in the BPBB
  
  
    Acts 6 in the BPH
  
  
    Acts 6 in the BSB
  
  
    Acts 6 in the CCB
  
  
    Acts 6 in the CUV
  
  
    Acts 6 in the CUVS
  
  
    Acts 6 in the DBT
  
  
    Acts 6 in the DGDNT
  
  
    Acts 6 in the DHNT
  
  
    Acts 6 in the DNT
  
  
    Acts 6 in the ELBE
  
  
    Acts 6 in the EMTV
  
  
    Acts 6 in the ESV
  
  
    Acts 6 in the FBV
  
  
    Acts 6 in the FEB
  
  
    Acts 6 in the GGMNT
  
  
    Acts 6 in the GNT
  
  
    Acts 6 in the HARY
  
  
    Acts 6 in the HNT
  
  
    Acts 6 in the IRVA
  
  
    Acts 6 in the IRVB
  
  
    Acts 6 in the IRVG
  
  
    Acts 6 in the IRVH
  
  
    Acts 6 in the IRVK
  
  
    Acts 6 in the IRVM
  
  
    Acts 6 in the IRVM2
  
  
    Acts 6 in the IRVO
  
  
    Acts 6 in the IRVP
  
  
    Acts 6 in the IRVT
  
  
    Acts 6 in the IRVT2
  
  
    Acts 6 in the IRVU
  
  
    Acts 6 in the ISVN
  
  
    Acts 6 in the JSNT
  
  
    Acts 6 in the KAPI
  
  
    Acts 6 in the KBT1ETNIK
  
  
    Acts 6 in the KBV
  
  
    Acts 6 in the KJV
  
  
    Acts 6 in the KNFD
  
  
    Acts 6 in the LBA
  
  
    Acts 6 in the LBLA
  
  
    Acts 6 in the LNT
  
  
    Acts 6 in the LSV
  
  
    Acts 6 in the MAAL
  
  
    Acts 6 in the MBV
  
  
    Acts 6 in the MBV2
  
  
    Acts 6 in the MHNT
  
  
    Acts 6 in the MKNFD
  
  
    Acts 6 in the MNG
  
  
    Acts 6 in the MNT
  
  
    Acts 6 in the MNT2
  
  
    Acts 6 in the MRS1T
  
  
    Acts 6 in the NAA
  
  
    Acts 6 in the NASB
  
  
    Acts 6 in the NBLA
  
  
    Acts 6 in the NBS
  
  
    Acts 6 in the NBVTP
  
  
    Acts 6 in the NET2
  
  
    Acts 6 in the NIV11
  
  
    Acts 6 in the NNT
  
  
    Acts 6 in the NNT2
  
  
    Acts 6 in the NNT3
  
  
    Acts 6 in the PDDPT
  
  
    Acts 6 in the PFNT
  
  
    Acts 6 in the RMNT
  
  
    Acts 6 in the SBIAS
  
  
    Acts 6 in the SBIBS
  
  
    Acts 6 in the SBIBS2
  
  
    Acts 6 in the SBICS
  
  
    Acts 6 in the SBIDS
  
  
    Acts 6 in the SBIGS
  
  
    Acts 6 in the SBIHS
  
  
    Acts 6 in the SBIIS
  
  
    Acts 6 in the SBIIS2
  
  
    Acts 6 in the SBIIS3
  
  
    Acts 6 in the SBIKS
  
  
    Acts 6 in the SBIKS2
  
  
    Acts 6 in the SBIMS
  
  
    Acts 6 in the SBIOS
  
  
    Acts 6 in the SBIPS
  
  
    Acts 6 in the SBISS
  
  
    Acts 6 in the SBITS
  
  
    Acts 6 in the SBITS2
  
  
    Acts 6 in the SBITS3
  
  
    Acts 6 in the SBITS4
  
  
    Acts 6 in the SBIUS
  
  
    Acts 6 in the SBIVS
  
  
    Acts 6 in the SBT
  
  
    Acts 6 in the SBT1E
  
  
    Acts 6 in the SCHL
  
  
    Acts 6 in the SNT
  
  
    Acts 6 in the SUSU
  
  
    Acts 6 in the SUSU2
  
  
    Acts 6 in the SYNO
  
  
    Acts 6 in the TBIAOTANT
  
  
    Acts 6 in the TBT1E
  
  
    Acts 6 in the TBT1E2
  
  
    Acts 6 in the TFTIP
  
  
    Acts 6 in the TFTU
  
  
    Acts 6 in the TGNTATF3T
  
  
    Acts 6 in the THAI
  
  
    Acts 6 in the TNFD
  
  
    Acts 6 in the TNT
  
  
    Acts 6 in the TNTIK
  
  
    Acts 6 in the TNTIL
  
  
    Acts 6 in the TNTIN
  
  
    Acts 6 in the TNTIP
  
  
    Acts 6 in the TNTIZ
  
  
    Acts 6 in the TOMA
  
  
    Acts 6 in the TTENT
  
  
    Acts 6 in the UBG
  
  
    Acts 6 in the UGV
  
  
    Acts 6 in the UGV2
  
  
    Acts 6 in the UGV3
  
  
    Acts 6 in the VBL
  
  
    Acts 6 in the VDCC
  
  
    Acts 6 in the YALU
  
  
    Acts 6 in the YAPE
  
  
    Acts 6 in the YBVTP
  
  
    Acts 6 in the ZBP