Hebrews 4 (BEV)

1 Eya ta esi eƒe dzudzɔmeyiyi ƒe ŋugbedodo gali na mi ta la, mina míakpɔ nyuie be metsi mia dometɔ aɖeke ŋuti o. 2 Elabena wogblɔ nyanyui la na mi abe alesi ke wogblɔe na woawo hã ene. Gake nya si wose la, meɖe vi na wo o elabena ame siwo see la mexɔe se o. 3 Azɔ, mí ame siwo xɔe se la ge ɖe dzudzɔ ma me abe ale si Mawu ŋutɔ gblɔe ene be,“Eya ta meka atam le nye dziku me be, womage ɖe nye dzudzɔƒe la me akpɔ o.” Ke hã la ewu eƒe dɔ la nu tso xexeame ƒe gɔmedzedzea me ke. 4 Elabena eƒo nu tso ŋkeke adrea gbe ŋu le teƒe aɖe gblɔ be, “Eye le ŋkeke adrelia dzi la Mawu dzudzɔ eɖokui tso eƒe dɔwɔnawo katã me.” 5 Le nya sia ke me la egagblɔ be “Womage ɖe nye dzudzɔƒe la me gbeɖe o.” 6 Edze ƒã be ame aɖewo age ɖe dzudzɔ ma me godoo, gake ame siwo wo gblɔ nyanyui la na do ŋgɔ la mete ŋu geɖe eme o le woƒe tosesẽ ta. 7 Eya ta Mawu gaɖo ŋkeke bubu anyi si wòyɔ be “Egbe.” Ewɔ esia ɣeyiɣi geɖee megbe esi woƒo nu na David abe ale si míegblɔe va yi ene be,“Egbe ne miese eƒe gbe la, migasẽ miaƒe dziwo me o.” 8 Elabena nenye ɖe Yosua kplɔ wo yi dzudzɔ la mee la, anye ne Mawu magaƒo nu tso ŋkeke bubu aɖeke ŋu emegbe o. 9 Ekema dzudzɔ si woyɔna be Sabat dzudzɔ la li godoo na Mawu ƒe amewo. 10 Ame sia ame si ge ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la, me la dzudzɔna tso eya ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔwo me, abe ale si Mawu hã dzudzɔe ene. 11 Eya ta mina be míadze agbagba ɖe sia ɖe be míage ɖe dzudzɔ ma, me eye be ame aɖeke magatsi mɔta to tomaɖomaɖo me abe ŋgɔdoawo ene. 12 Elabena Mawu ƒe nya la le agbe le dɔ wɔm. Eɖana wu hɛ nuevee ɖe sia ɖe, eƒona ɖe ame yina ɖe eme ke, hemaa luvɔ kple gbɔgbɔ me, maa ƒunukpeƒewo kple ƒutomemiwo dome, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu tamesusuwo kple dzimedidiwo. 13 Neneke mele nuwɔwɔ blibo la me si le ɣaɣla ɖe Mawu o. Woklo nu le nu sia nu dzi eye wòle ƒeƒle le Mawu, ame si míava na akɔntae la ƒe ŋkume. 14 Eya ta esi Osɔfogã, Mawu Vi Yesu, le mía, si, ame si yi dziƒo ta la, mina míalé xɔse si me míeʋu la me ɖe asi sesĩe. 15 Elabena menye Osɔfogã si mate ŋu ase veve kpli mí le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo me lae le mía si o, ke boŋ Osɔfogã si le mía si la, wotee kpɔ le mɔ sia mɔ nu abe míawo ke ene, ɖe koe nu vɔ̃ mele eya ŋu o. 16 Eya ta mi na míate va Mawu ƒe amenuveve fiazikpui la gbɔ kple dzideƒo, be wòakpɔ nublanui na mí eye wòave mía nu akpe ɖe mía ŋu le le míaƒe xaxaɣiwo.

In Other Versions

Hebrews 4 in the ANGEFD

Hebrews 4 in the ANTPNG2D

Hebrews 4 in the AS21

Hebrews 4 in the BAGH

Hebrews 4 in the BBPNG

Hebrews 4 in the BBT1E

Hebrews 4 in the BDS

Hebrews 4 in the BHAD

Hebrews 4 in the BIB

Hebrews 4 in the BLPT

Hebrews 4 in the BNT

Hebrews 4 in the BNTABOOT

Hebrews 4 in the BNTLV

Hebrews 4 in the BOATCB

Hebrews 4 in the BOATCB2

Hebrews 4 in the BOBCV

Hebrews 4 in the BOCNT

Hebrews 4 in the BOECS

Hebrews 4 in the BOGWICC

Hebrews 4 in the BOHCB

Hebrews 4 in the BOHCV

Hebrews 4 in the BOHLNT

Hebrews 4 in the BOHNTLTAL

Hebrews 4 in the BOICB

Hebrews 4 in the BOILNTAP

Hebrews 4 in the BOITCV

Hebrews 4 in the BOKCV

Hebrews 4 in the BOKCV2

Hebrews 4 in the BOKHWOG

Hebrews 4 in the BOKSSV

Hebrews 4 in the BOLCB

Hebrews 4 in the BOLCB2

Hebrews 4 in the BOMCV

Hebrews 4 in the BONAV

Hebrews 4 in the BONCB

Hebrews 4 in the BONLT

Hebrews 4 in the BONUT2

Hebrews 4 in the BOPLNT

Hebrews 4 in the BOSCB

Hebrews 4 in the BOSNC

Hebrews 4 in the BOTLNT

Hebrews 4 in the BOVCB

Hebrews 4 in the BOYCB

Hebrews 4 in the BPBB

Hebrews 4 in the BPH

Hebrews 4 in the BSB

Hebrews 4 in the CCB

Hebrews 4 in the CUV

Hebrews 4 in the CUVS

Hebrews 4 in the DBT

Hebrews 4 in the DGDNT

Hebrews 4 in the DHNT

Hebrews 4 in the DNT

Hebrews 4 in the ELBE

Hebrews 4 in the EMTV

Hebrews 4 in the ESV

Hebrews 4 in the FBV

Hebrews 4 in the FEB

Hebrews 4 in the GGMNT

Hebrews 4 in the GNT

Hebrews 4 in the HARY

Hebrews 4 in the HNT

Hebrews 4 in the IRVA

Hebrews 4 in the IRVB

Hebrews 4 in the IRVG

Hebrews 4 in the IRVH

Hebrews 4 in the IRVK

Hebrews 4 in the IRVM

Hebrews 4 in the IRVM2

Hebrews 4 in the IRVO

Hebrews 4 in the IRVP

Hebrews 4 in the IRVT

Hebrews 4 in the IRVT2

Hebrews 4 in the IRVU

Hebrews 4 in the ISVN

Hebrews 4 in the JSNT

Hebrews 4 in the KAPI

Hebrews 4 in the KBT1ETNIK

Hebrews 4 in the KBV

Hebrews 4 in the KJV

Hebrews 4 in the KNFD

Hebrews 4 in the LBA

Hebrews 4 in the LBLA

Hebrews 4 in the LNT

Hebrews 4 in the LSV

Hebrews 4 in the MAAL

Hebrews 4 in the MBV

Hebrews 4 in the MBV2

Hebrews 4 in the MHNT

Hebrews 4 in the MKNFD

Hebrews 4 in the MNG

Hebrews 4 in the MNT

Hebrews 4 in the MNT2

Hebrews 4 in the MRS1T

Hebrews 4 in the NAA

Hebrews 4 in the NASB

Hebrews 4 in the NBLA

Hebrews 4 in the NBS

Hebrews 4 in the NBVTP

Hebrews 4 in the NET2

Hebrews 4 in the NIV11

Hebrews 4 in the NNT

Hebrews 4 in the NNT2

Hebrews 4 in the NNT3

Hebrews 4 in the PDDPT

Hebrews 4 in the PFNT

Hebrews 4 in the RMNT

Hebrews 4 in the SBIAS

Hebrews 4 in the SBIBS

Hebrews 4 in the SBIBS2

Hebrews 4 in the SBICS

Hebrews 4 in the SBIDS

Hebrews 4 in the SBIGS

Hebrews 4 in the SBIHS

Hebrews 4 in the SBIIS

Hebrews 4 in the SBIIS2

Hebrews 4 in the SBIIS3

Hebrews 4 in the SBIKS

Hebrews 4 in the SBIKS2

Hebrews 4 in the SBIMS

Hebrews 4 in the SBIOS

Hebrews 4 in the SBIPS

Hebrews 4 in the SBISS

Hebrews 4 in the SBITS

Hebrews 4 in the SBITS2

Hebrews 4 in the SBITS3

Hebrews 4 in the SBITS4

Hebrews 4 in the SBIUS

Hebrews 4 in the SBIVS

Hebrews 4 in the SBT

Hebrews 4 in the SBT1E

Hebrews 4 in the SCHL

Hebrews 4 in the SNT

Hebrews 4 in the SUSU

Hebrews 4 in the SUSU2

Hebrews 4 in the SYNO

Hebrews 4 in the TBIAOTANT

Hebrews 4 in the TBT1E

Hebrews 4 in the TBT1E2

Hebrews 4 in the TFTIP

Hebrews 4 in the TFTU

Hebrews 4 in the TGNTATF3T

Hebrews 4 in the THAI

Hebrews 4 in the TNFD

Hebrews 4 in the TNT

Hebrews 4 in the TNTIK

Hebrews 4 in the TNTIL

Hebrews 4 in the TNTIN

Hebrews 4 in the TNTIP

Hebrews 4 in the TNTIZ

Hebrews 4 in the TOMA

Hebrews 4 in the TTENT

Hebrews 4 in the UBG

Hebrews 4 in the UGV

Hebrews 4 in the UGV2

Hebrews 4 in the UGV3

Hebrews 4 in the VBL

Hebrews 4 in the VDCC

Hebrews 4 in the YALU

Hebrews 4 in the YAPE

Hebrews 4 in the YBVTP

Hebrews 4 in the ZBP