John 12 (BEV)
1 Esusɔ ŋkeke ade woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la. Yesu va ɖo Betania si nye Lazaro, ame si wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ƒe du me. 2 Woɖo kplɔ̃ gɔ̃ aɖe na Yesu le afi sia eye Marta subɔ Yesu le kplɔ̃a ŋu. Lazaro hã nɔ kplɔ̃a ŋu kple Yesu. 3 Esi wonɔ nu ɖum la, Maria tsɔ amiʋeʋẽ xɔasi aɖe vɛ eye wosii na Yesu ƒe afɔwo eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu afɔawoe. Amia ƒe ʋeʋẽ lilili la xɔ aƒe blibo la me. 4 Esi Yuda Iskariɔt, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, ame si va fia Yesu yomemɔ emegbe la, kpɔ nu sia la, egblɔ bena, 5 “Nu ka ta wòle be woagblẽ amiʋeʋẽ xɔasi sia? Ɖe wòle be woadzrae atsɔ ga la ana ame dahewo.” 6 Menye ɖe Yuda Iskariɔt le ame dahewo nu vem tae wògblɔ esia o, ke boŋ be enye fiafitɔ eye eya kee kpɔa nusrɔ̃lawo ƒe ga dzi tae. 7 Tete Yesu gblɔ be “Miɖe asi le eŋu, elabena ewɔ esia dzra ɖo ɖi na nye ɖigbe. 8 Ame dahewo le mia dome ɖaa, gake nyemanɔ mia dome ɖaa o.” 9 Esi Yerusalemtɔwo se be Yesu va ɖo wo dome la woʋli vevie bena yewoakpɔe, eye yewoakpɔ Lazaro, ame si gagbɔ agbe tso ku me hã. 10 Eya ta Osɔfogãwo wɔ ɖoɖo be yewoawu Lazaro hã, 11 elabena eya amea tae Yudatɔ geɖewo dzo le woƒe kplɔlawo gbɔ yi Yesu gbɔ eye woxɔ edzi se. 12 Le ŋufɔke la, eɖi le Yerusalem dua katã me be Yesu le mɔ dzi gbɔna. Ame geɖewo siwo va Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuƒe la hã see ale woyi be yewoaɖakpee. 13 Woŋe deʋayawo kple atilɔwo ɖe asi eye wonɔ ɣli dom nɔ aseye tsom be, “Hosana! Woayra Israel ƒe fia la! Woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me!” 14 Yesu nɔ tedzivi aɖe dzi eye esia fia be nyagblɔɖi si woŋlɔ ɖi be, 15 “Mègavɔ̃ o, Zion nyɔnu. Wò fia do tedzivi gbɔna le ɖokuibɔbɔ me!” la va eme tututu. 16 Yesu ƒe nusrɔ̃lawo menya bena Yesu wu nyagblɔɖi sia nu le ɣemaɣi o, gake esi wòtrɔ dzo yi dziƒo le ŋutikɔkɔe me la, eƒe nusrɔ̃lawo kpɔ dze sii bena, nyagblɔɖi geɖe siwo woŋlɔ ɖe mawunya me la va eme wokpɔ. 17 Ame siwo nɔ eteƒe hafi Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la gblɔ ale si nua katã va emee la na ame bubuwo. 18 Le nukunu si wòwɔ wose ta la, amewo ƒo zi be yewoaɖakpɔe. 19 Ale Farisitɔwo gblɔ na wo nɔewo be, “Mikpɔ ɖa, míedɔ̃, xexeame katãe nye ma kplɔe ɖo hoo!” 20 Griktɔ alo Helatɔ aɖewo hã nɔ ame siwo va Yerusalem dua me be yewoaɖu ŋutitotoŋkekea la dome. 21 Ame siawo va Filipo si tso Betsaida gbɔ eye wogblɔ nɛ bena, “Aƒetɔ, mieɖe kuku miedi be miakpɔ Yesu.” 22 Filipo hã yi ɖagblɔe na Andrea ale eya kple Andrea woyi Yesu gbɔ yi ɖagblɔ ameawo ƒe didi nɛ. 23 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Gaƒoƒo la de woakɔ Amegbetɔvi la ŋu. 24 Le nyateƒe me, mele egblɔm na mi be ne bliku la mege ɖe anyigba eye wòku o la ekema eya ɖeka tsi anyi, gake ne eku la etsea ku geɖe. 25 Nenye be ame aɖe tsi dzi ɖe eƒe agbe ŋu le xexe sia me la, abui, ke ame si tsɔ eƒe agbe na le tanye la, adzrae ɖo ɖi na agbe mavɔ la. 26 “Nenye be ame aɖe di be yeazu nye nusrɔ̃la la, nedze yonyeme, elabena ele na nye subɔvi ɖe sia ɖe be wòanɔ afi si mele. Eye ne edze yonyeme la, Fofo la ŋutɔ ade bubu eŋu. 27 “Nye gbɔgbɔ le nu xam vevie ŋutɔ. Ɖe mado gbe ɖa be, Fofo, ɖem tso fukpekpe siwo le ŋgɔnye la mea? Gbeɖe, mele be magblɔ nenema o, elabena esia tae meva xexeame ɖo. 28 Fofo, de ŋutikɔkɔe kple bubu wò ŋkɔ la ŋu.”Esi Yesu wu nya siawo nu ko la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo be, “Mewɔ esia xoxo eye magawɔe ake.” 29 Esi ameha la se gbe sia la, wo dometɔ aɖewo bu be dzie ɖe gbe, eye bubuwo hã gblɔ be mawudɔla aɖee ƒo nu nɛ. 30 Yesu gblɔ na wo bena, “Miawo tae gbe sia ɖi ɖo, menye nye tae o. 31 Xexeame ƒe Ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la ɖo edzi vɔ eye gaƒoƒoa hã su be woanya Satana, si nye xexeame dziɖula la ɖa. 32 Eye ne woklãm ɖe atitsoga ŋu vɔ megbe la, mahe amewo katã ɖe ɖokuinye ŋu.” 33 Yesu gblɔ nya sia bena yeatsɔ afia ku si ƒomevi ku ge yele. 34 Ameha la biae be; “Ɖe nèbe yele kuku gea? Míesee be ne Mesia la va la anɔ agbe tegbee. Nu ka tae nèbe woaklã Mesia la ɖe atitsoga ŋu? Mesia ka gblɔm nèle?” 35 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nye Kekeli agaklẽ na mi hena ɣeyiɣi sue aɖe ko. Mizɔ le Kekeli la me esi mɔnukpɔkpɔ gale mia si be viviti nagado ɖe mi o elabena ame si le zɔzɔm le viviti me la menya afi si yim wòle o. 36 Mixɔ Kekeli la dzi se zi ale si wole mia gbɔ be miazu kekeliviwo.” Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, edo go le ameawo dome yi ɖaɣla eɖokui. 37 Togbɔ be Yesu wɔ nukunu geɖe hã la, ame geɖewo mexɔ edzi se be eyae nye Mesia la o. 38 Nu sia tututu ŋutie nyagblɔɖila Yesaya ƒo nu tsoe be, “Aƒetɔ, ame kae axɔ mia dzi ase? Ame kae axɔ Mawu ƒe nukunu gã siwo wowɔ la dzi ase?” 39 Yesaya gagblɔ bena, 40 “Mawu na bena ame siawo ƒe gbɔgbɔmeŋkuwo gbã eye wòna bena woƒe dziwo ku atri, bena womagase nu, akpɔ nu alo atrɔ ɖe Mawu gbɔ be woada gbe le wo ŋu o.” 41 Yesaya ƒe nya siawo katã ku ɖe Yesu ŋu elabena Yesaya kpɔ ŋutega aɖe si me woɖe Mesia la ƒe ŋutikɔkɔe fiae le. 42 Togbɔ be Yudatɔwo ƒe dumemegã geɖewo xɔe se be Yesue nye Mesia la hã la, wonɔ vɔvɔ̃m na Farisitɔwo elabena ne wogblɔ le dutoƒo be Yesue nye Mesia la la, woaɖe wo le hame. Esia tae wogbe be yewomaʋu Yesu me o, 43 elabena wolɔ̃ amegbetɔ ƒe bubu wu Mawu ƒe bubu. 44 Yesu do ɣli gblɔ na ameha la be, “Ne miexɔ dzinye se la, ekema Mawu dzie ma miexɔ se. 45 Elabena ne miekpɔm la, ekema ame si dɔm ɖa lae ma miekpɔ. 46 Nye la Kekelie menye va xexeame, ame siwo katã xɔ dzinye se la, magazɔ viviti me o. 47 Ne ame aɖe se nye nyawo ke mewɔ ɖe wo dzi o la; nyemadrɔ̃ ʋɔnui o, elabena menye ʋɔnu drɔ̃ gee meva o ke boŋ ɖe meva be maɖe xexeame tso tsɔtsrɔ̃ me. 48 Gake ame siwo mexɔm o, eye womewɔ ɖe nye nyawo dzi o la, woadrɔ̃ ʋɔnu wo le nuwuwuŋkekea dzi eye nya siwo gblɔm mele fifia lae woatsɔ adrɔ̃ ʋɔnu woe. 49 Elabena nya siwo katã megblɔna la menye nye ŋutɔ nye nyawo o, ke boŋ wonye gbedeasi si mexɔ tso Fofo la gbɔ na mi. 50 Menyae kɔtee be eƒe nyawo katã akplɔ ame ayi agbe mavɔ mee, eya ta megblɔa nya sia nya si wògblɔ nam be magblɔ na mi la na mi.”