Matthew 13 (BEV)

1 Gbe ma gbe Yesu do go tso aƒea me yi ɖanɔ anyi ɖe ƒua nu. 2 Ameha gã aɖe gaƒo ƒu ɖe eŋu ale gbegbe be ege ɖe ʋu aɖe me eye wòyi ɖe ƒua dzi vie bɔbɔ nɔ anyi ke ameha la tɔ ɖe ƒua ta. 3 Egblɔ nya geɖewo na wo to lododo me be, “Agbledela aɖe yi nuku wu ge. 4 Esi wònɔ nukua wum la, ɖewo ge ɖe mɔ to eye xeviwo va fɔ wo mi. 5 Ɖewo hã ge ɖe kpenyigba dzi afi si ke sue aɖe ko nɔ, nuku siawo tsi vlɔvlɔvlɔ, 6 gake esi ŋdɔ ʋu ɖe wo dzi la, woyrɔ eye woku elabena woƒe kewo mede to o. 7 Nuku bubuwo ge ɖe ŋu me, eye ŋu vu tsyɔ wo dzi woku. 8 Ke nuku aɖewo hã ge ɖe anyigba nyuitɔ la dzi, eye womie tsi hetse ku geɖewo, ɖewo tse blaetɔ̃, bubuwo tse blaade eye ɖewo hã tse alafa. 9 Ne tosenu li na mi la, mise nya siawo.” 10 Eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ va biae bena, “Nu ka ta ɣesiaɣi ko nènɔa nu fiam amewo to Lododo me ɖo?” 11 Eɖe eme na wo bena woawo nusrɔ̃lawo koe wona mɔnukpɔkpɔ be woanya nu si dziƒofiaɖuƒe la nye, ke womene mɔnukpɔkpɔ sia ame bubuwo o. 12 Ame si si nu le la, eyae woana nui ale be nu si le esi la nasɔ gbɔ ɖe dzi, ke ame si si nu mele o la, sue si le esi hã la woaxɔe le esi woatsi asi ƒuƒlu 13 Nu sia tae metsɔa lododo fia nu amewoe ɖo be, tɔgbɔ be woanɔ nua kpɔm hã la womakpɔe adze sii o, eye woanɔ esem gake womase egɔme o. 14 “Nya sia wu nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyagblɔɖi sia nu bena, ‘Wosea nya, ke womesea egɔme o, wokpɔa nu, ke womedzea si nu si wokpɔ la o! 15 Elabena woƒe dziwo ku atri hedo kpeɖi, woƒe towo hã tri, eye woŋe aɖaba ƒu nu siwo wokpɔ la dzi, 16 elabena womekpɔa nu alo sea nu gɔme ale be woagatrɔ ɖe Mawu ŋu eye mada gbe le wo ŋu o,’ ke woyra miawo ya ƒe ŋkuwo kple towo, elabena wokpɔa nu eye wodzea sii, wosea nya eye wosea egɔme. 17 Mawuvɔ̃la geɖewo kple nyagblɔɖila geɖewo di vevie bena yewoakpɔ nu siwo kpɔm miele eye yewoase nya siwo sem miele gake womete ŋui o. 18 “Lo si medo tso nukuwula ŋuti la ƒe gɔmeɖeɖee nye si! 19 Anyigba alo mɔto afi si nuku aɖewo ge ɖo la, nye ame aɖe ƒe dzi. Ame sia sea nyanyui la tso mawufiaɖuƒe la ŋuti gake mesea egɔme o, ale Satana vana eye woɖea nyanyui la le eƒe dzi me. 20 Kpenyigba lae nye ame si sea nyanyui la eye eƒe dzi xɔnɛ kple dzidzɔ, 21 gake dzi sia meli ke o, ale be mawunya la meƒoa ke ɖe to o, ale le ɣeyiɣi ʋee aɖe ko megbe nenye be fukpekpe kple yometiti va la, eƒe xɔse nu tsina eye wòdea megbe. 22 Anyigba si dzi yɔ kple ŋuve lae nye ame si sea mawunya la gake dzitsitsi ɖe xexemenuwo kple kesinɔnuwo ŋu hea eƒe susu ɖa tso mawunya la gbɔ, eya ta metsea ku aɖeke na Mawu o. 23 Anyigba nyui lae nye ame si ƒe dzi sea mawunya la eye wòsea egɔme, eye eya hã yina ɖakplɔa ame blaetɔ̃, blaade alo alafa ɖeka bubu gɔ̃ hã vana dziƒofiaɖuƒea mee.” 24 Lo bubu si Yesu gado hãe nye esi, “Dziƒofiaɖuƒe la le abe ame si ƒã bli ɖe eƒe agble me ene 25 ke esi wòmlɔ anyi le zã me la, eƒe futɔ va ƒã gbeku vɔ̃wo ɖe bliawo dome. 26 Esi bliawo de asi tsitsi me la, gbeku vɔ̃awo hã tsi kpli wo. 27 “Agblea dzi kpɔlawo va agbletɔ la gbɔ va biae be, ‘Aƒetɔ, alo menye nuku nyui nèƒã ɖe wò abɔ me oa? Afi ka gbeku vɔ̃ siawo tso?’ 28 “Agbletɔ la ɖo eŋu na wo bena, ‘Futɔ aɖe kokokoe wɔ nenem nu sia.’“Agbledzikpɔlawo biae bena, ‘Ekema miho gbeku vɔ̃awo ƒu gbe mahã?’ 29 “Eɖo eŋu na wo bena, ‘Gbeɖe, migawɔe o, ne miebe yewoaho gbeku vɔ̃awo la, miaho blia hã. 30 Eya ta mina wo katã natsi aduadu va se ɖe nuŋeɣi, ekema mana nuŋelawo naho gbekuawo atɔ dzo wo, eye woatsɔ bli la akɔ ɖe nye ava me!’ ” 31 Lo bubu si wògado na wo lae nye esi: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe ʋuti ƒe ku si nye atikutsetse suetɔ kekeake si wodo ɖe anyigba tume ene. 32 Togbɔ be enye atiku suetɔ wu le atikuwo dome hã la, ne etsi la, eva zua ati gã si ƒoa atiwo katã ta, eye xeviwo va wɔa atɔ ɖe eme hekpɔa gbɔdzɔe.” 33 Yesu yi edzi kple lododo bubu be: “Dziƒofiaɖuƒe la ɖi nyɔnu si le yevubolo wɔm. Ekua yevubolowɔ la ɖe sinu eye wòtsɔa nuʋãnu dea eme henyemanɛ va se ɖe esime yevubolomɔ la hona.” 34 Yesu wɔa lododo ŋutidɔ zi geɖe nenye be wòle nu ƒom na amewo, ne ele nu ƒom na wo la, edoa lo ɖeka teti na wo kokoko. 35 Elabena wogblɔ nya ɖi bena, “Maƒo nu to lododowo me eye maɖe nu ɣaɣla siwo li tso gɔmedzedzea me ke la gɔme.” 36 Azɔ egblẽ ameha la ɖe kpɔa godo eye wòga ɖe aƒea me. Eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ bena, “Ɖe lo si nèdo tso bligble kple gbeku vɔ̃wo ŋuti me na mi.” 37 Egblɔ na wo bena, “Enyo, maɖe egɔme na mi. Nyee nye agbledela si ƒã bli ɖe nye agble me. 38 Agble lae nye xexeame, eye bli lae nye ame si le mawufiaɖuƒe la me, ke gbeku vɔ̃ɖia woe nye dzimaxesetɔwo. 39 Futɔ si ƒã gbeku vɔ̃wo ɖe blia me lae nye Satana, nuŋeɣi lae nye xexeame ƒe nuwuwu, eye nuŋelawoe nye mawudɔlawo. 40 “Le alobalo sia me la, woɖe gbeku vɔ̃ɖiawo ɖe aga eye wotɔ dzo wo, nenema ke wòanɔ le xexeame ƒe nuwuwu. 41 Madɔ nye dɔlawo ɖa eye woaƒo ame vɔ̃ɖiwo kple nuɖianuwo katã nu ƒu, aɖe wo ɖa le mawufiaɖuƒe la me, 42 woatsɔ wo aƒu gbe ɖe kpodzo me eye woafia kolikoli. Afi sia avifafa kple aɖukliɖuɖu ade dzi le bobobo. 43 Ke ame dzɔdzɔewo aklẽ abe ɣe ene le wo Fofo ƒe Fiaɖuƒe la me. Ame si tosenu li na la nese nya siawo. 44 “Dziƒofiaɖuƒea le abe kesinɔnu aɖe si ŋu ame aɖe va ke ɖo le anyigba aɖe me ene. Eye le dzidzɔ si wòkpɔ le kesinɔnu sia ŋuti ta la, edzra nu sia nu si le esi bena yeakpɔ ga atsɔ ƒle anyigba sia kple kesinɔnua katã. 45 “Megale egblɔm na mi be, dziƒofiaɖuƒe la ɖi dzonusitsala si le dzonu nyuiwo dim be yeaƒle adzra. 46 Eva kpɔ dzonu aɖe si xɔ asi ŋutɔ eya ta eyi ɖadzra nu siwo katã le esi la eye wòƒle dzonu sia. 47 “Dziƒofiaɖuƒe la ga sɔ kple tɔƒodela aɖe si da asabu ɖe tɔme, eye wòɖe lã vovovowo, ɖuɖuawo kple maɖumaɖuawo siaa. 48 Esi wòhe asabua va gotae la, enɔ anyi tia lã ɖuɖuawo ɖe afi ɖeka, ke esiwo womeɖuna o la, etsɔ wo ƒu gbe. 49 Alea tututu wòanɔ le xexeame ƒe nuwuwu hã, mawudɔlawo ava ma ame vɔ̃ɖiwo ɖa tso ame dzɔdzɔewo gbɔ 50 woatsɔ ame vɔ̃ɖiwo aƒu gbe ɖe dzo mavɔ me, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu geɖe anɔ.” 51 Azɔ ebia nusrɔ̃lawo be, “Miese nya siawo gɔmea?” Woɖo eŋu be: “Ẽ, miese wo gɔme.” 52 Ale wòɖo eŋu na wo bena, “Eya ta sefiala ɖe sia ɖe si wofia nui tso dziƒofiaɖuƒe la ŋuti la, le abe aƒetɔ aɖe si ɖe eƒe kesinɔnu yeye kple xoxoa siaa do goe tso eƒe nudzraɖoƒe ene.” 53 Esi Yesu wu Lo siawo dodo nu la, edzo le afi ma, 54 etrɔ yi fofoawo de, eye wòfia nu le woƒe ƒuƒoƒe, ke ewɔ nuku na wo ŋutɔ. Wobia be, “Afi ka ame sia xɔ nunya kple nukunu gã siwo wɔm wòle tsoe mahã? 55 “Ɖe menye esiae nye atikpala la ƒe viŋutsu oa? Ɖe menye dadaa ŋkɔe nye Maria eye nɔviaŋutsuwoe nye Yakobo, Yosef, Simɔn kple Yuda oa? 56 Ɖe nɔvianyɔnuwo katã mele mía dome oa? Ekema afi ka gɔ̃e ŋutsu sia kpɔ nu siawo katã tsoe?” 57 Ale wokpɔ nuɖiaɖia le eŋu. Ke Yesu gblɔ na wo be, “Wodea bubu nyagblɔɖila ŋu le afi sia afi negbe le eya ŋutɔ ƒe dume kple eya ŋutɔ ƒe aƒeme ko.” 58 Ale mewɔ nukunu geɖewo le afi ma o le woƒe dzimaxɔse ta.

In Other Versions

Matthew 13 in the ANGEFD

Matthew 13 in the ANTPNG2D

Matthew 13 in the AS21

Matthew 13 in the BAGH

Matthew 13 in the BBPNG

Matthew 13 in the BBT1E

Matthew 13 in the BDS

Matthew 13 in the BHAD

Matthew 13 in the BIB

Matthew 13 in the BLPT

Matthew 13 in the BNT

Matthew 13 in the BNTABOOT

Matthew 13 in the BNTLV

Matthew 13 in the BOATCB

Matthew 13 in the BOATCB2

Matthew 13 in the BOBCV

Matthew 13 in the BOCNT

Matthew 13 in the BOECS

Matthew 13 in the BOGWICC

Matthew 13 in the BOHCB

Matthew 13 in the BOHCV

Matthew 13 in the BOHLNT

Matthew 13 in the BOHNTLTAL

Matthew 13 in the BOICB

Matthew 13 in the BOILNTAP

Matthew 13 in the BOITCV

Matthew 13 in the BOKCV

Matthew 13 in the BOKCV2

Matthew 13 in the BOKHWOG

Matthew 13 in the BOKSSV

Matthew 13 in the BOLCB

Matthew 13 in the BOLCB2

Matthew 13 in the BOMCV

Matthew 13 in the BONAV

Matthew 13 in the BONCB

Matthew 13 in the BONLT

Matthew 13 in the BONUT2

Matthew 13 in the BOPLNT

Matthew 13 in the BOSCB

Matthew 13 in the BOSNC

Matthew 13 in the BOTLNT

Matthew 13 in the BOVCB

Matthew 13 in the BOYCB

Matthew 13 in the BPBB

Matthew 13 in the BPH

Matthew 13 in the BSB

Matthew 13 in the CCB

Matthew 13 in the CUV

Matthew 13 in the CUVS

Matthew 13 in the DBT

Matthew 13 in the DGDNT

Matthew 13 in the DHNT

Matthew 13 in the DNT

Matthew 13 in the ELBE

Matthew 13 in the EMTV

Matthew 13 in the ESV

Matthew 13 in the FBV

Matthew 13 in the FEB

Matthew 13 in the GGMNT

Matthew 13 in the GNT

Matthew 13 in the HARY

Matthew 13 in the HNT

Matthew 13 in the IRVA

Matthew 13 in the IRVB

Matthew 13 in the IRVG

Matthew 13 in the IRVH

Matthew 13 in the IRVK

Matthew 13 in the IRVM

Matthew 13 in the IRVM2

Matthew 13 in the IRVO

Matthew 13 in the IRVP

Matthew 13 in the IRVT

Matthew 13 in the IRVT2

Matthew 13 in the IRVU

Matthew 13 in the ISVN

Matthew 13 in the JSNT

Matthew 13 in the KAPI

Matthew 13 in the KBT1ETNIK

Matthew 13 in the KBV

Matthew 13 in the KJV

Matthew 13 in the KNFD

Matthew 13 in the LBA

Matthew 13 in the LBLA

Matthew 13 in the LNT

Matthew 13 in the LSV

Matthew 13 in the MAAL

Matthew 13 in the MBV

Matthew 13 in the MBV2

Matthew 13 in the MHNT

Matthew 13 in the MKNFD

Matthew 13 in the MNG

Matthew 13 in the MNT

Matthew 13 in the MNT2

Matthew 13 in the MRS1T

Matthew 13 in the NAA

Matthew 13 in the NASB

Matthew 13 in the NBLA

Matthew 13 in the NBS

Matthew 13 in the NBVTP

Matthew 13 in the NET2

Matthew 13 in the NIV11

Matthew 13 in the NNT

Matthew 13 in the NNT2

Matthew 13 in the NNT3

Matthew 13 in the PDDPT

Matthew 13 in the PFNT

Matthew 13 in the RMNT

Matthew 13 in the SBIAS

Matthew 13 in the SBIBS

Matthew 13 in the SBIBS2

Matthew 13 in the SBICS

Matthew 13 in the SBIDS

Matthew 13 in the SBIGS

Matthew 13 in the SBIHS

Matthew 13 in the SBIIS

Matthew 13 in the SBIIS2

Matthew 13 in the SBIIS3

Matthew 13 in the SBIKS

Matthew 13 in the SBIKS2

Matthew 13 in the SBIMS

Matthew 13 in the SBIOS

Matthew 13 in the SBIPS

Matthew 13 in the SBISS

Matthew 13 in the SBITS

Matthew 13 in the SBITS2

Matthew 13 in the SBITS3

Matthew 13 in the SBITS4

Matthew 13 in the SBIUS

Matthew 13 in the SBIVS

Matthew 13 in the SBT

Matthew 13 in the SBT1E

Matthew 13 in the SCHL

Matthew 13 in the SNT

Matthew 13 in the SUSU

Matthew 13 in the SUSU2

Matthew 13 in the SYNO

Matthew 13 in the TBIAOTANT

Matthew 13 in the TBT1E

Matthew 13 in the TBT1E2

Matthew 13 in the TFTIP

Matthew 13 in the TFTU

Matthew 13 in the TGNTATF3T

Matthew 13 in the THAI

Matthew 13 in the TNFD

Matthew 13 in the TNT

Matthew 13 in the TNTIK

Matthew 13 in the TNTIL

Matthew 13 in the TNTIN

Matthew 13 in the TNTIP

Matthew 13 in the TNTIZ

Matthew 13 in the TOMA

Matthew 13 in the TTENT

Matthew 13 in the UBG

Matthew 13 in the UGV

Matthew 13 in the UGV2

Matthew 13 in the UGV3

Matthew 13 in the VBL

Matthew 13 in the VDCC

Matthew 13 in the YALU

Matthew 13 in the YAPE

Matthew 13 in the YBVTP

Matthew 13 in the ZBP