Mark 1 (BEV)
1 Yesu Kristo, si nye Ɖela kple Mawu Vi la, ƒe nyanyui la ƒe gɔmedzedzee nye esi. 2 Abe ale si woŋlɔe ɖi le Yesaya ƒe agbalẽ me ene be, “Madɔ nye dɔla ɖe ŋgɔwò be wòadzra wò mɔ la ɖo, 3 ame si ƒe gbe le ɖiɖim le gbea dzi be, ‘Midzra Aƒetɔ la ƒe mɔ ɖo, miwɔ eƒe mɔtatawo woanɔ dzɔdzɔe nɛ.’ ” 4 Yohanes Mawutsidetanamelae nye dɔla sia. Enɔ gbedzi eye wòfia amewo be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ eye woade mawutsi ta na wo abe nugbegbe le woƒe nu vɔ̃wo gbɔ ƒe dzesi ene. Ena wonya be ne wodzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ eye wode mawutsi ta na wo la, Mawu atsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo. 5 Ame geɖe ŋutɔ tso Yerusalem kple Yudea nutowo me yi gbea dzi, be yewoakpɔ Yohanes eye yewoase gbedeasi si wòtsɔ vɛ. Esi ame siawo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me nɛ vɔ la, ede mawutsi ta na wo le Yɔdan tɔsisia me. 6 Wotɔ awu si Yohanes do la kple kposɔfu eye wòtsɔ lãgbalẽlidziblaka bla awua dzii. Eƒe nuɖuɖu koe nye ʋetsuviwo kple gbemenyitsi. 7 Egblɔ na eƒe nyaselawo be, “Ame aɖe gbɔna kpui esi de ŋgɔ wum sãa. Amea deŋgɔ ale gbegbe be nyemedze be mabɔbɔ atu eƒe atokota ŋu ka gɔ̃ hã o. 8 Nye la tsi koe metsɔ de mawutsi ta na mii gake eya ade mawutsi ta na mi kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la!” 9 Ɣemaɣi la, Yesu tso Nazaret le Galilea va Yohanes gbɔ eye Yohanes de mawutsi ta nɛ le Yɔdan tɔsisia me. 10 Esi Yesu nɔ go dom tso tsia me la, ekpɔ be dziƒowo nu ʋu eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe, si nɔ akpakpa ƒe nɔnɔme me la nɔ ɖiɖim ɖe edzi. 11 Gbe aɖe hã ɖi tso dziƒo be, “Woe nye Vinye lɔlɔ̃a si ŋu mekpɔa ŋudzedze blibo le.” 12 Enumake Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔe yi gbedzi; 13 enɔ gbea dzi ŋkeke blaene eye Abosam va tee kpɔ. Enɔ lã wɔadãwo dome ke mawudɔlawo va subɔe. 14 Esi Fia Herodes lé Yohanes de gaxɔ me vɔ megbe la, Yesu yi Galilea be yeagblɔ Mawu ƒe nyanyui la. 15 Eɖe gbeƒã be, “Ɣeyiɣi va ɖo mlɔeba! Mawufiaɖuƒe la gogo! Midzudzɔ nu vɔ̃ ne mianɔ agbe ɖe nyanyui la ƒe ɖoɖowo nu.” 16 Gbe ɖeka esi Yesu ɖi tsa to Galilea ƒuta va yina la, ekpɔ Simɔn kple nɔvia Andrea wonɔ asabu dam ɖe ƒua me elebena ɖɔkplɔlawoe wonye. 17 Yesu yɔ wo hegblɔ na wo be, “Miva dze yonyeme ne mawɔ mi miazu amewo ɖelawo.” 18 Enumake wogblẽ woƒe asabuwo ɖi hedze eyome. 19 Esi wozɔ ƒua ta yina sẽ la, Yesu gakpɔ Zebedeo viŋutsuwo, Yakobo kple Yohanes hã wonɔ ʋu me nɔ woƒe ɖɔwo sam. 20 Eyɔ woawo hã be woadze ye yome, ale wogblẽ wo fofo Zebedeo kple ɖɔkplɔviawo ɖi hekplɔ Yesu ɖo enumake. Yesu gblɔ nya eye wòyɔ dɔ dɔlélawo. 21 Yesu kple ame siwo nɔ eŋu la va ɖo Kapernaum le Memleɖa si nye Yudatɔwo ƒe Sabat ŋkeke dzi. Woyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe eye Yesu fia nu amewo le afi ma. 22 Ame siwo nɔ ƒuƒoƒea la ƒe mo wɔ yaa le Yesu ƒe nufiafia ŋuti elabena efia nu wo kple tɔnyenye alo kakadedzi blibo. Le nyateƒe me la, ale si wòfia nui la to vovo sãa tso ale si ame bubuwo fianɛ la gbɔ. 23 Ame aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ la hã nɔ ƒuƒoƒea le ɣemaɣi me. Ame sia de asi ɣlidodo me be, 24 “Yesu Nazaretitɔ, nu ka tae nèle fu ɖem na mí gbɔgbɔ vɔ̃wo? Ɖe nèva be yeatsrɔ̃ mía? Menya ame si nènye, wòe nye Mawu Vi Kɔkɔetɔ la.” 25 Yesu blu ɖe eta gblɔ be, “Zi ɖoɖoe eye nàdo go le eme.” 26 Le Yesu ƒe nya nu la, gbɔgbɔ vɔ̃ la do ɣli sesĩe, tsɔ amea xlã ɖe anyi ŋɔdzitɔe eye wòdo go le eme. 27 Nuwɔna sia wɔ nuku na eteƒekpɔlawo ŋutɔ, eye woƒo nu le eŋu. 28 Nu si Yesu wɔ la na be eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Galilea nutoa katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe. 29 Yesu kple eŋutimeawo do go le ƒuƒoƒea eye woyi Simɔn kple Andrea ƒeme, 30 Simɔn lɔ̃xo nɔ aba dzi nɔ ŋudza sesẽ aɖe lém hafi wode, ale wogblɔe na Yesu. 31 Yesu yi dɔnɔa ƒe aba gbɔ, elé eƒe alɔnu eye wònɔ alinu. Enumake ŋudza sesẽ la do le edzi eye wòfɔ yi ɖa ɖa nu na wo woɖu. 32 Esi ɣe nɔ to ɖom la, wokplɔ dɔ ƒomevi vovovo lélawo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la va egbɔ le aƒe si me wònɔ la, be wòada gbe le wo ŋu. 33 Kapernaum du bliboa katã kloe hã va ƒo ƒu ɖe teƒea be yewoakpɔ nu. 34 Yesu da gbe le dɔléla ge ɖewo ŋu eye wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le ame aɖewo me fĩe ma. Me ɖe mɔ na gbɔgbɔ vɔ̃awo be woa ƒo nu ya o, elabena wonya ame si wònye. 35 Le fɔŋli la, Yesu ɖeka do go eye wòɖe eɖokui ɖe aga be yeado gbe ɖa. 36 Le ɣeyi ɣi a ɖe megbe la, Simɔn kple ame bubuawo do go yi ɖadii. 37 Esi wokpɔe la, wogblɔ nɛ bena, “Aƒetɔ, ame ge ɖe le diwòm.” 38 Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Ele be míayi du bubuwo hã me, be magblɔ nye gbedeasi la na woawo hã elabena esia tae meve ɖo.” 39 Ale wòzɔ mɔ tsa le Galilea nutowo katã me, henɔ mawunya gblɔm le woƒe ƒuƒoƒewo eye wònɔ ga ɖem ame siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo de gae la hã. 40 Gbe ɖeka, anyidzela aɖe va dze klo ɖe Yesu ƒe akɔme eye wòɖe kuku nɛ vevie be wòada gbe le ye ŋu. Egblɔ na Yesu be, “Ne èlɔ̃ la, na nye ŋuti nakɔ.” 41 Anyidzela la ƒe nu wɔ nublanui na Yesu ŋutɔ, eya ta wòka asi eŋu hegblɔ nɛ be, “Mèlɔ̃, eya ta wò ŋuti nakɔ.” 42 Enumake anyidzela la ƒe lãme sẽ. 43 Yesu dɔe ɖa enumake kple sedede vevi sia be, 44 “Kpɔ egbɔ be mègblɔ nu sia na ame aɖeke o. Ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò afia Osɔfo la eye nàna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene.” 45 Gake esi ŋutsua dzo yina la, eɖe gbe ƒã eƒe lãmesẽkpɔkpɔ la na amewo le mɔa dzi. Le esia ta ameha gã aɖe nye zi ɖe Yesu dzi ale be megate ŋu yi du aɖeke me o, ke boŋ etsi gbea dzi. Ke le afi sia hã la, amewo tso teƒe teƒewo va egbɔ.