Mark 1 (BOECS)

1 Yesu Kristo, si nye Mawu ƒe Vi la, ƒe nyanyui la ƒe gɔmedzedzee nye esi. 2 Abe ale si woŋlɔe ɖi le Nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ me ene be,“Madɔ nye dɔla ɖe ŋgɔwò bewòadzra wò mɔ la ɖo, 3 ame si ƒe gbe le ɖiɖim le gbea dzi be,‘Midzra Yehowa ƒe mɔ ɖo,miwɔ eƒe mɔtatawo woanɔ dzɔdzɔe nɛ.’ ” 4 Yohanes Mawutsidetanamelae nye dɔla sia. Enɔ gbedzi, eye wònɔ mawunya gblɔm be amewo nede tsi ta; ne wòafia be wotrɔ dzi me, ale be wòatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo. 5 Ame geɖe ŋutɔ tso Yerusalem kple Yudea nutowo me yi gbea dzi be yewoakpɔ Yohanes, eye yewoase gbedeasi si wòtsɔ vɛ la. Esi ame siawo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me nɛ vɔ la, ede mawutsi ta na wo le Yɔdan tɔsisi la me. 6 Wotɔ awu si Yohanes do la kple kposɔfu, eye wòtsɔ lãgbalẽlidziblaka bla awua dzii. Eƒe nuɖuɖu koe nye ʋetsuviwo kple gbemenyitsi. 7 Egblɔ na eƒe nyaselawo be, “Ame aɖe gbɔna kpuie, si de ŋgɔ wum sãa, nyemedze be mabɔbɔ atu eƒe atokotaŋuka gɔ̃ hã o. 8 Nye la, tsi ko metsɔ de mawutsi ta na mi, gake eya adee na mi kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la!” 9 Ɣe ma ɣi la, Yesu tso Nazaret le Galilea va Yohanes gbɔ, eye Yohanes de mawutsi ta nɛ le Yɔdan tɔsisi la me. 10 Esi Yesu nɔ dodom tso tsia me la, ekpɔ be dziƒowo nu ʋu, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si nɔ akpakpa ƒe nɔnɔme me la nɔ ɖiɖim ɖe edzi. 11 Gbe aɖe hã ɖi tso dziƒo be, “Wòe nye vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze le.” 12 Enumake Gbɔgbɔ Kɔkɔe la do dui wòyi gbedzi. 13 Enɔ gbea dzi ŋkeke blaene, eye Satan va tee kpɔ. Enɔ lã wɔadãwo dome, eye mawudɔlawo va do ŋusẽe to subɔsubɔ me. 14 Esi Fia Herod lé Yohanes de gaxɔ me vɔ megbe la, Yesu yi Galilea be yeagblɔ Mawu ƒe nyanyui la. 15 Eɖe gbeƒã be, “Ɣeyiɣi la de azɔ! mawufiaɖuƒe la gogo! Mitrɔ dzi me ne mianɔ agbe ɖe nyanyui la ƒe ɖoɖowo nu.” 16 Gbe ɖeka esi Yesu ɖi tsa to Galilea ƒuta va yina la, ekpɔ Simɔn kple nɔvia Andrea wonɔ asabu dam ɖe ƒua me, elabena ɖɔkplɔlawo wonye. 17 Yesu yɔ wo hegblɔ na wo be, “Miva dze yonyeme ne mawɔ mi miazu amewo ɖelawo.” 18 Enumake wogblẽ woƒe asabu ɖi hedze eyome. 19 Esi wozɔ ƒuta la yina sẽe la, Yesu gakpɔ Zebedeo ƒe viŋutsuwo, Yakobo kple nɔvia Yohanes hã wonɔ ʋu me nɔ woƒe ɖɔwo sam. 20 Eyɔ woawo hã be woadze ye yome, ale wogblẽ wo fofo Zebedeo kple ɖɔkplɔlawo ɖe ʋua me hedze Yesu yome enumake. 21 Yesu kple ame siwo nɔ eŋu la va ɖo Kapernaum, eye woyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi. Yesu fia nu amewo le afi ma. 22 Ame siwo nɔ ƒuƒoƒea la ƒe mo wɔ yaa le Yesu ƒe nufiafia ŋuti, elabena efia nu wo kple kakaɖedzi blibo. Le nyateƒe me la, ale si wòfia nui la to vovo sãa tso ale si woƒe agbalẽfialawo fianɛ la gbɔ. 23 Ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ la hã nɔ ƒuƒoƒe la gbe ma gbe. Ame sia de asi ɣlidodo me be, 24 “Yesu Nazaretitɔ, nu ka ta nèle fu ɖem na mí ɖo? Ɖe nèva be yeatsrɔ̃ mía? Menya ame si nènye, wòe nye Mawu ƒe Vi Kɔkɔetɔ la.” 25 Yesu blu ɖe eta gblɔ be, “Zi ɖoɖoe, eye nàdo go le eme.” 26 Le Yesu ƒe gbeɖeɖea nu la, gbɔgbɔ vɔ̃ la do ɣli sesĩe, tsɔ amea xlã ɖe anyi ŋɔdzitɔe, eye wòdo go le eme. 27 Nuwɔna sia wɔ nuku na eteƒekpɔlawo ŋutɔ, eye woƒo nu le eŋu. Wobia wo nɔewo bena, nufiafia yeye kae nye esia? Etsɔ ŋusẽ dea se na gbɔgbɔ vɔ̃wo eye woɖoa toe. 28 Nu si Yesu wɔ la na be eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Galilea nutowo katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe. 29 Yesu kple eŋutimeawo do go le ƒuƒoƒe la, Yakobo kple Yohanes kpe ɖe wo ŋu eye woyi Simɔn kple Andrea ƒe aƒe me, 30 Ŋudza lé Simɔn lɔ̃xo, eye wònɔ dɔba dzi hafi wode, ale wogblɔe na Yesu. 31 Yesu yi dɔnɔ la ƒe aba gbɔ, elé eƒe alɔnu, eye wònɔ alinu. Dzoxɔxɔ sesẽ si nɔ nyɔnu la ƒe lãme la nu bɔbɔ enumake eye eƒe lãme sẽ. Ale wòtso yi ɖaɖa nu va ɖo wo kɔme. 32 Esi ɣe nɔ to ɖom la, wokplɔ dɔléla vovovowo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la va egbɔ le aƒe si me wònɔ la be wòada gbe le wo ŋu. 33 Kapernaum du blibo la katã kloe va ƒo ƒu ɖe ʋɔtrua nu be yewoakpɔ nu. 34 Yesu da gbe le dɔléla geɖewo ŋu, eye wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le ame aɖewo me fiẽ ma. Meɖe mɔ na gbɔgbɔ vɔ̃awo be woaƒo nu o, elabena wonya ame si wònye. 35 Le fɔŋli la, Yesu ɖeka do go, eye wòɖe eɖokui ɖe aga be yeado gbe ɖa. 36 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Simɔn kple ame bubuawo do go yi ɖadii. 37 Esi wokpɔe la, wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, ameha la le diwòm.” 38 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ele be míayi du bubuwo hã me be magblɔ nyanyui la na woawo hã, elabena esia ta meva ɖo.” 39 Ale wòzɔ mɔ tsa le Galilea nutowo katã me, henɔ mawunya gblɔm le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wònɔ ga ɖem ame siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo de gae la hã. 40 Gbe ɖeka la, anyidzela aɖe va dze klo ɖe Yesu ƒe akɔme, eye wòɖe kuku nɛ vevie be wòada gbe le ye ŋu. Egblɔ na Yesu be, “Ne èlɔ̃ la, na ŋutinye nakɔ.” 41 Anyidzela la ƒe nu wɔ nublanui na Yesu ŋutɔ, eya ta wòka asi eŋu hegblɔ nɛ be, “Mèlɔ̃, ŋutiwò nekɔ.” 42 Enumake anyidzela la ƒe lãme sẽ. 43 Yesu dɔe enumake kple sedede vevi sia be, 44 “Kpɔ egbɔ be mègblɔ nu sia na ame aɖeke o, ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò afia nunɔla la, eye nàna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene.” 45 Gake esi ŋutsu la dzo yina la, eɖe gbeƒã eƒe lãmesẽkpɔkpɔ la na amewo le mɔa dzi. Le esia ta ameha gã aɖe nye zi ɖe Yesu dzi, ale be megate ŋu yi du aɖeke me o, ke boŋ etsi gbea dzi. Ke le afi sia hã la, amewo tso teƒeteƒewo va egbɔ.

In Other Versions

Mark 1 in the ANGEFD

Mark 1 in the ANTPNG2D

Mark 1 in the AS21

Mark 1 in the BAGH

Mark 1 in the BBPNG

Mark 1 in the BBT1E

Mark 1 in the BDS

Mark 1 in the BEV

Mark 1 in the BHAD

Mark 1 in the BIB

Mark 1 in the BLPT

Mark 1 in the BNT

Mark 1 in the BNTABOOT

Mark 1 in the BNTLV

Mark 1 in the BOATCB

Mark 1 in the BOATCB2

Mark 1 in the BOBCV

Mark 1 in the BOCNT

Mark 1 in the BOGWICC

Mark 1 in the BOHCB

Mark 1 in the BOHCV

Mark 1 in the BOHLNT

Mark 1 in the BOHNTLTAL

Mark 1 in the BOICB

Mark 1 in the BOILNTAP

Mark 1 in the BOITCV

Mark 1 in the BOKCV

Mark 1 in the BOKCV2

Mark 1 in the BOKHWOG

Mark 1 in the BOKSSV

Mark 1 in the BOLCB

Mark 1 in the BOLCB2

Mark 1 in the BOMCV

Mark 1 in the BONAV

Mark 1 in the BONCB

Mark 1 in the BONLT

Mark 1 in the BONUT2

Mark 1 in the BOPLNT

Mark 1 in the BOSCB

Mark 1 in the BOSNC

Mark 1 in the BOTLNT

Mark 1 in the BOVCB

Mark 1 in the BOYCB

Mark 1 in the BPBB

Mark 1 in the BPH

Mark 1 in the BSB

Mark 1 in the CCB

Mark 1 in the CUV

Mark 1 in the CUVS

Mark 1 in the DBT

Mark 1 in the DGDNT

Mark 1 in the DHNT

Mark 1 in the DNT

Mark 1 in the ELBE

Mark 1 in the EMTV

Mark 1 in the ESV

Mark 1 in the FBV

Mark 1 in the FEB

Mark 1 in the GGMNT

Mark 1 in the GNT

Mark 1 in the HARY

Mark 1 in the HNT

Mark 1 in the IRVA

Mark 1 in the IRVB

Mark 1 in the IRVG

Mark 1 in the IRVH

Mark 1 in the IRVK

Mark 1 in the IRVM

Mark 1 in the IRVM2

Mark 1 in the IRVO

Mark 1 in the IRVP

Mark 1 in the IRVT

Mark 1 in the IRVT2

Mark 1 in the IRVU

Mark 1 in the ISVN

Mark 1 in the JSNT

Mark 1 in the KAPI

Mark 1 in the KBT1ETNIK

Mark 1 in the KBV

Mark 1 in the KJV

Mark 1 in the KNFD

Mark 1 in the LBA

Mark 1 in the LBLA

Mark 1 in the LNT

Mark 1 in the LSV

Mark 1 in the MAAL

Mark 1 in the MBV

Mark 1 in the MBV2

Mark 1 in the MHNT

Mark 1 in the MKNFD

Mark 1 in the MNG

Mark 1 in the MNT

Mark 1 in the MNT2

Mark 1 in the MRS1T

Mark 1 in the NAA

Mark 1 in the NASB

Mark 1 in the NBLA

Mark 1 in the NBS

Mark 1 in the NBVTP

Mark 1 in the NET2

Mark 1 in the NIV11

Mark 1 in the NNT

Mark 1 in the NNT2

Mark 1 in the NNT3

Mark 1 in the PDDPT

Mark 1 in the PFNT

Mark 1 in the RMNT

Mark 1 in the SBIAS

Mark 1 in the SBIBS

Mark 1 in the SBIBS2

Mark 1 in the SBICS

Mark 1 in the SBIDS

Mark 1 in the SBIGS

Mark 1 in the SBIHS

Mark 1 in the SBIIS

Mark 1 in the SBIIS2

Mark 1 in the SBIIS3

Mark 1 in the SBIKS

Mark 1 in the SBIKS2

Mark 1 in the SBIMS

Mark 1 in the SBIOS

Mark 1 in the SBIPS

Mark 1 in the SBISS

Mark 1 in the SBITS

Mark 1 in the SBITS2

Mark 1 in the SBITS3

Mark 1 in the SBITS4

Mark 1 in the SBIUS

Mark 1 in the SBIVS

Mark 1 in the SBT

Mark 1 in the SBT1E

Mark 1 in the SCHL

Mark 1 in the SNT

Mark 1 in the SUSU

Mark 1 in the SUSU2

Mark 1 in the SYNO

Mark 1 in the TBIAOTANT

Mark 1 in the TBT1E

Mark 1 in the TBT1E2

Mark 1 in the TFTIP

Mark 1 in the TFTU

Mark 1 in the TGNTATF3T

Mark 1 in the THAI

Mark 1 in the TNFD

Mark 1 in the TNT

Mark 1 in the TNTIK

Mark 1 in the TNTIL

Mark 1 in the TNTIN

Mark 1 in the TNTIP

Mark 1 in the TNTIZ

Mark 1 in the TOMA

Mark 1 in the TTENT

Mark 1 in the UBG

Mark 1 in the UGV

Mark 1 in the UGV2

Mark 1 in the UGV3

Mark 1 in the VBL

Mark 1 in the VDCC

Mark 1 in the YALU

Mark 1 in the YAPE

Mark 1 in the YBVTP

Mark 1 in the ZBP