Mark 5 (BEV)

1 Wotso ƒu la eye woge ɖe Gadaratɔwo ƒe nuto me. 2 Esi Yesu ɖi go tso ʋua me la ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le do go tso yɔdoawo me va kpee. 3 Ame sia ƒe nɔƒe nye ameɖibɔ me eye ame aɖeke magate ŋu ablae o alo ade gakɔsɔkɔsɔ gɔ̃ hãe o. 4 Elabena zi geɖe wodea gakɔsɔkɔsɔ eƒe asiwo kple afɔwo, ke etsona wo keŋkeŋ. Ame aɖeke mesesẽ wui ale woalée wòadze kɔ anyi o. 5 Le ŋkeke kple zã me siaa la enɔa tsatsam le yɔdowo dome kple togbɛwo dzi nɔa ɣli dom henɔa eɖokui sim kple kpe ɖaɖɛwo. 6 Ame sia kpɔ Yesu xoxoxo esi wònɔ tsia dzi gbɔna, eya ta esi wò ɖi go ko la, eƒu du va tui hedze klo ɖe eŋkume. 7 Edo ɣli kple gbe sesĩe be, “Nya ka le nye kple wò dome? Wò Yesu, Mawu dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi? Le Mawu ta megawɔ funyafunya aɖekem o.” 8 Elabena Yesu nɔ gbɔgblɔm nɛ bena, “Do go le ŋutsu sia me, wò gbɔgbɔ vɔ̃” 9 Yesu bia gbɔgbɔ vɔ̃a be, “Ŋkɔwò ɖe?” Eye wòɖo eŋu nɛ be, “Ŋkɔnye enye Legio alo Aʋakɔ, elabena mí ame geɖewo le ame sia me.” 10 Azɔ gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu vevie be wòaganya yewo ayi du didi aɖeke me o. 11 Eva eme be aƒehawo ƒe ha aɖe nɔ nu ɖum le togbɛ si te ɖe taa ŋu la dzi. 12 Gbɔgbɔ vɔ̃awo gblɔ na Yesu be, “Míeɖe kuku nya mí ɖo ɖe ha mawo me.” 13 Yesu na mɔ wo be woayi, eye gbɔgbɔ makɔmakɔ siawo do go le aɖaʋatɔa me enumake yi ɖage ɖe hawo me. Esia wɔe be hawo katã ƒu du sesĩe, yi ɖanyrɔ̃ wo ɖokuiwo ɖe ƒua me doo heno tsi ku. 14 Hakplɔviawo si dzo eye esi wonɔ yiyim la, wokaka nyaa ɖe duwo kple kɔƒewo me. Esia wɔa be ame sia ame yi be ye ŋutɔ yeakpɔ nu si dzɔ la. 15 Le esia ta eteƒe medidi o ko ameha gã aɖe va ƒo zi ɖe afi si Yesu le, gake esi wokpɔ aɖaʋatɔa wòdo awu nyuie heɖo ame me nɔ anyi kpoo la, vɔvɔ̃ ɖo wo katã. 16 Ame siwo va kpɔ nu si dzɔ ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ tɔa kple hawo dzi la hã gayi ɖagblɔe na ame bubuwo, 17 ale amewo gava fũ eye woɖe kuku na Yesu be wòadzo le yewo ƒe nutowo me ne yewoakpɔ vovo. 18 Le esia ta Yesu gagbugbɔ ge ɖe ʋua me be yeadzo. Tete ŋutsu si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo le la ɖe kuku nɛ be yeayi kplii. 19 Gake egblɔ nɛ bena, “Yi aƒe me le nɔviwòwo gbɔ, eye nàgblɔ nu gã siwo Mawu wɔ na wò kple ale si wòkpɔ nublanui na wò la na wo.” 20 Amea dze mɔ eye wòtsa le du ewo siwo le nutoa me la me henɔ gbeƒã ɖem nu gã siwo Yesu wɔ nɛ la na ame sia ame eye eƒe nya la wɔ nuku na ameawo ŋutɔ. 21 Esi Yesu va ɖi go ɖe ƒua ƒe go evelia dzi la, ameha gã aɖe ƒo zi ɖe eŋu. 22 Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe dzikpɔla aɖe si ŋkɔe nye Yairo la va dze klo ɖe ekɔme, 23 eye wòɖe kuku nɛ vevie be wòava da gbe le ye vinyɔnuvi sue si dze dɔ la ŋu na ye. Egblɔ na Yesu be, “Vinye la ɖo kudo nu vɔ eya ta meɖe kuku va da asi ɖe edzi be wòagbɔ agbe.” 24 Yesu tso kpla dze eyome eye ameha gã aɖe kplɔ wo ɖo. 25 Nyɔnu aɖe nɔ ameawo dome si nɔ ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ. 26 Nyɔnu sia kpe fu tsa le atikewɔla ge ɖewo dzi ƒe geɖewo eye wògblẽ ga geɖe hã be woada dɔa na ye gake mekpɔ dzidzedze o, dɔa ɖeko wòganyra ɖe edzi nɛ boŋ. 27 Ese nukunu geɖe siwo Yesu wɔ, eya ta eʋli eɖokui to ameha la dome hezɔ va Yesu megbe eye wòka asi eƒe awu ŋu. 28 Elabena exɔe se eye wògblɔ le eɖokui me be, “Nenye be mete ŋu ka asi eƒe awu ŋu teti ko la nye lãme asẽ.” 29 Vavã esi wòka asi Yesu ƒe awu ŋu teti ko la ʋu si nɔ dodom le eŋu la tɔ enumake eye wòse le eɖokui me hã be yehaya. 30 Yesu se le eƒe lãme enumake be dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ aɖe do le ye me, eya ta etrɔ kɔ hebia be, “Ame kae ka asi nye awu ŋu?” 31 Eƒe nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be, “Esi ame gbogbo siawo ƒo zi ɖe ŋuwò ɖe, ale ke wɔ nègale biabiam be ame kae ka asi ŋuwò?” 32 Gake Yesu ganɔ ŋku tsam kokoko be yeakpɔ ame si wɔ nenem nu sia. 33 Kasia nyɔnua do le ameawo dome kple vɔvɔ̃ kple dzodzonyanyanyã va dze klo ɖe Yesu ƒe afɔnu begblɔ nu si wòwɔ la nɛ. 34 Yesu gblɔ nɛ be, “Vinyenyɔnu, wò xɔse da gbe le ŋuwò, heyi le ŋutifafa me, wò dɔléle la vɔ keŋkeŋ.” 35 Esi Yesu nɔ nu ƒom na nyɔnu sia la amedɔdɔwo tso Yairo ƒeme va tui gblɔ nɛ be, “Viwò la ku xoxoxo eya ta mègaxa ɖe fu na Nufiala la be neva aƒea me o.” 36 Yesu se nya siwo wova gblɔ na Yairo ale wòde dzi ƒo nɛ gblɔ be, “Mègavɔ̃ o, xɔ dzinye se ko.” 37 Azɔ Yesu tia Petro, Yakobo kple Yohanes ko be woakplɔ ye ɖo ayi ɖe aƒea me. 38 Esi wòva ɖo aƒea ƒe agbonu la, Yesu kpɔ be zitɔtɔ gã aɖe nɔ teƒea elabena amewo nɔ avi fam henɔ ɣli dom hoo. 39 Ege ɖe aƒea me eye wòƒo nu na ameawo gblɔ be, “Nu ka ƒe avi fafa kple howɔwɔe nye sia? Ɖevia meku o, ke boŋ alɔ̃e wòdɔ!” 40 Ameawo koe ʋuu, le nya si wògblɔ la ta. Ke Yesu nya wo do goe le aƒea me. Azɔ ekplɔ ɖevia fofo, dada, kple nusrɔ̃la etɔ̃awo ɖe asi eye woge ɖe xɔ si me wotsɔ ɖevi la mlɔe la me. 41 Yesu lé ɖevia ƒe alɔnu eye wòdo ɣli gblɔ nɛ be “Talita kumi” si gɔme enye be, nyɔnuvi sue mele egblɔm na wò be, tsi tre. 42 Nyɔnuvi la ti kpo tso aba la dzi eye wòzɔ azɔli. Nyɔnuvi la xɔ ƒe wuieve. Le nyateƒe me la, gbɔgblɔ bu ɖe edzilawo. 43 Ke Yesu de se na wo vevie ŋutɔ be womegagblɔ nu si dzɔ la na ame aɖeke o. Azɔ ebia tso wo si be woadi nane na ɖevia wòaɖu.

In Other Versions

Mark 5 in the ANGEFD

Mark 5 in the ANTPNG2D

Mark 5 in the AS21

Mark 5 in the BAGH

Mark 5 in the BBPNG

Mark 5 in the BBT1E

Mark 5 in the BDS

Mark 5 in the BHAD

Mark 5 in the BIB

Mark 5 in the BLPT

Mark 5 in the BNT

Mark 5 in the BNTABOOT

Mark 5 in the BNTLV

Mark 5 in the BOATCB

Mark 5 in the BOATCB2

Mark 5 in the BOBCV

Mark 5 in the BOCNT

Mark 5 in the BOECS

Mark 5 in the BOGWICC

Mark 5 in the BOHCB

Mark 5 in the BOHCV

Mark 5 in the BOHLNT

Mark 5 in the BOHNTLTAL

Mark 5 in the BOICB

Mark 5 in the BOILNTAP

Mark 5 in the BOITCV

Mark 5 in the BOKCV

Mark 5 in the BOKCV2

Mark 5 in the BOKHWOG

Mark 5 in the BOKSSV

Mark 5 in the BOLCB

Mark 5 in the BOLCB2

Mark 5 in the BOMCV

Mark 5 in the BONAV

Mark 5 in the BONCB

Mark 5 in the BONLT

Mark 5 in the BONUT2

Mark 5 in the BOPLNT

Mark 5 in the BOSCB

Mark 5 in the BOSNC

Mark 5 in the BOTLNT

Mark 5 in the BOVCB

Mark 5 in the BOYCB

Mark 5 in the BPBB

Mark 5 in the BPH

Mark 5 in the BSB

Mark 5 in the CCB

Mark 5 in the CUV

Mark 5 in the CUVS

Mark 5 in the DBT

Mark 5 in the DGDNT

Mark 5 in the DHNT

Mark 5 in the DNT

Mark 5 in the ELBE

Mark 5 in the EMTV

Mark 5 in the ESV

Mark 5 in the FBV

Mark 5 in the FEB

Mark 5 in the GGMNT

Mark 5 in the GNT

Mark 5 in the HARY

Mark 5 in the HNT

Mark 5 in the IRVA

Mark 5 in the IRVB

Mark 5 in the IRVG

Mark 5 in the IRVH

Mark 5 in the IRVK

Mark 5 in the IRVM

Mark 5 in the IRVM2

Mark 5 in the IRVO

Mark 5 in the IRVP

Mark 5 in the IRVT

Mark 5 in the IRVT2

Mark 5 in the IRVU

Mark 5 in the ISVN

Mark 5 in the JSNT

Mark 5 in the KAPI

Mark 5 in the KBT1ETNIK

Mark 5 in the KBV

Mark 5 in the KJV

Mark 5 in the KNFD

Mark 5 in the LBA

Mark 5 in the LBLA

Mark 5 in the LNT

Mark 5 in the LSV

Mark 5 in the MAAL

Mark 5 in the MBV

Mark 5 in the MBV2

Mark 5 in the MHNT

Mark 5 in the MKNFD

Mark 5 in the MNG

Mark 5 in the MNT

Mark 5 in the MNT2

Mark 5 in the MRS1T

Mark 5 in the NAA

Mark 5 in the NASB

Mark 5 in the NBLA

Mark 5 in the NBS

Mark 5 in the NBVTP

Mark 5 in the NET2

Mark 5 in the NIV11

Mark 5 in the NNT

Mark 5 in the NNT2

Mark 5 in the NNT3

Mark 5 in the PDDPT

Mark 5 in the PFNT

Mark 5 in the RMNT

Mark 5 in the SBIAS

Mark 5 in the SBIBS

Mark 5 in the SBIBS2

Mark 5 in the SBICS

Mark 5 in the SBIDS

Mark 5 in the SBIGS

Mark 5 in the SBIHS

Mark 5 in the SBIIS

Mark 5 in the SBIIS2

Mark 5 in the SBIIS3

Mark 5 in the SBIKS

Mark 5 in the SBIKS2

Mark 5 in the SBIMS

Mark 5 in the SBIOS

Mark 5 in the SBIPS

Mark 5 in the SBISS

Mark 5 in the SBITS

Mark 5 in the SBITS2

Mark 5 in the SBITS3

Mark 5 in the SBITS4

Mark 5 in the SBIUS

Mark 5 in the SBIVS

Mark 5 in the SBT

Mark 5 in the SBT1E

Mark 5 in the SCHL

Mark 5 in the SNT

Mark 5 in the SUSU

Mark 5 in the SUSU2

Mark 5 in the SYNO

Mark 5 in the TBIAOTANT

Mark 5 in the TBT1E

Mark 5 in the TBT1E2

Mark 5 in the TFTIP

Mark 5 in the TFTU

Mark 5 in the TGNTATF3T

Mark 5 in the THAI

Mark 5 in the TNFD

Mark 5 in the TNT

Mark 5 in the TNTIK

Mark 5 in the TNTIL

Mark 5 in the TNTIN

Mark 5 in the TNTIP

Mark 5 in the TNTIZ

Mark 5 in the TOMA

Mark 5 in the TTENT

Mark 5 in the UBG

Mark 5 in the UGV

Mark 5 in the UGV2

Mark 5 in the UGV3

Mark 5 in the VBL

Mark 5 in the VDCC

Mark 5 in the YALU

Mark 5 in the YAPE

Mark 5 in the YBVTP

Mark 5 in the ZBP