Revelation 1 (BEV)

1 Esia enye Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia si Mawu nae be woaɖe fia eƒe dɔlawo tso nu si ava dzɔ kpuie la ŋuti. Edɔ eƒe mawudɔla ɖa be wòaɖe nu siawo afia Yohanes ame si nye eƒe dɔla. 2 Yohanes ɖi ɖase le nu si wo katã wòkpɔ la ŋu, nu siwo nye Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ŋu ƒe ɖaseɖiɖi. 3 Woayra ame si xlẽ nyagblɔɖi sia me nyawo, woayra ame siwo see eye wòtsɔ emenyawo ɖe woƒe dzime elabena ɣeyiɣi la te tu aƒe. 4 Agbalẽ sia tso Yohanes gbɔ na hame adre siwo le Asia nutome: amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu ame si nɔ anyi, eye wòli eye wògale vava ge la gbɔ kple gbɔgbɔ adre siwo le eƒe fiazikpui la ŋgɔ, 5 kple Yesu Kristo, ame si nye ɖaseɖila anukwaretɔ, ame gbãtɔ si fɔ tso ku me eye wònye anyigbadzifiawo dziɖula la gbɔ na mi. Eya ame si lɔ̃ mí eye wòɖe mí tso míaƒe nu vɔ̃wo me to eƒe ʋu me, 6 eya ame si wɔ mí be míanye fiaɖuƒe kple Osɔfo siwo asubɔ eƒe Mawu kple Fofoa eya tɔ nanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen. 7 Kpɔ ɖa! Egbɔna; alilĩkpowo aƒo xlãe eye ŋku ɖe sia ɖe akpɔe. Ẽ, ame siwo tɔ akplɔe gɔ̃ hã akpɔe. Ne eva do la, dukɔwo afa avi kple ɣli le eya amea ta. Ẽ! Amen! Neva ame nenema! 8 “Nyee nye A kple Z, gɔmedzedze kple nuwuwu ame si nɔ anyi, eli eye wògale vava ge, ame si nye Ŋusẽkatãtɔ.” Aƒetɔ Mawue gblɔe. 9 Nye, mia nɔvi Yohanes, ame si kpe fu kpli mi le Aƒetɔ la ta lae le agbalẽ sia ŋlɔm na mi. Nye hã mekpɔ gome le dzidodo si Mawu nana la me eye miakpɔ gome le eƒe fiaɖuƒe la hã me!Menɔ Patmo Ƒukpo dzi. Woɖe aboyom yi afi ma le ale si megblɔ Mawu ƒe nya kple nu si menya tso Yesu Kristo ŋuti la ta. 10 Esime menɔ gbɔgbɔ me le Aƒetɔ la ƒe ŋkekea dzi la, mese gbe sesẽ aɖe le megbenye abe kpe ƒe ɖiɖi ene. 11 Enɔ gbɔgblɔm bena, “Nyee nye A kple Z, Gbãtɔ kple Mlɔetɔ” Emegbe mesee wògagblɔ be, “Ŋlɔ nu sia nu si nakpɔ la da ɖi eye naɖo agbalẽa ɖe hame adre siwo le Asia. Efeso, Smirna Pergamo, Tiatira, Sardes, Filadelfia kple Laodikea.” 12 Esi metrɔ be makpɔ ame si nɔ nu ƒom la, kasia mekpɔ sikakaɖiti adre. 13 Ame aɖe tsi tre ɖe wo dome, si ɖi Amegbetɔvi la. Edo awu ʋlaya aɖe eye wotsɔ sikalidziblanu aɖe bla akɔta. 14 Eƒe taɖa fu tititi abe alẽfu alo ɖetifu ene. Eƒe ŋkuwo le ɖaɖam abe dzoƒeaɖewo ene. 15 Eƒe afɔwo biã hẽ abe akɔbli si wode kpodzo me ene eye eƒe gbe le abe tɔsisi geɖewo ƒe howɔwɔ ene. 16 Elé ɣletivi adre ɖe nuɖusi eye yi ɖaɖe nuevee do go tso eƒe nu me. Eƒe mo le keklẽm abe ɣekeklẽ ene. 17 Esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔnu abe ame kuku ene. Tete wòtsɔ eƒe nuɖusi da ɖe dzinye eye wògblɔ bena, “Mègavɔ̃ o. Nyee nye Gbãtɔ kple Mlɔetɔ. 18 Nyee nye Ame si le agbe, meku kpɔ gake, kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi mavɔ me! Eye ku kple tsiẽƒe ƒe safuiwo le asinye. 19 “Eya ta ŋlɔ nu siwo nèkpɔ fifia kple nu siwo le vava ge emegbe. 20 Nu ɣaɣla si le ɣletivi adre siwo nèkpɔ melé ɖe ɖusi kple sikakaɖiti adreawo lae nye si. Ɣletivi adreawo nye hame adreawo ƒe mawudɔlawo eye sikakaɖiti adreawo nye hame adreawo.

In Other Versions

Revelation 1 in the ANGEFD

Revelation 1 in the ANTPNG2D

Revelation 1 in the AS21

Revelation 1 in the BAGH

Revelation 1 in the BBPNG

Revelation 1 in the BBT1E

Revelation 1 in the BDS

Revelation 1 in the BHAD

Revelation 1 in the BIB

Revelation 1 in the BLPT

Revelation 1 in the BNT

Revelation 1 in the BNTABOOT

Revelation 1 in the BNTLV

Revelation 1 in the BOATCB

Revelation 1 in the BOATCB2

Revelation 1 in the BOBCV

Revelation 1 in the BOCNT

Revelation 1 in the BOECS

Revelation 1 in the BOGWICC

Revelation 1 in the BOHCB

Revelation 1 in the BOHCV

Revelation 1 in the BOHLNT

Revelation 1 in the BOHNTLTAL

Revelation 1 in the BOICB

Revelation 1 in the BOILNTAP

Revelation 1 in the BOITCV

Revelation 1 in the BOKCV

Revelation 1 in the BOKCV2

Revelation 1 in the BOKHWOG

Revelation 1 in the BOKSSV

Revelation 1 in the BOLCB

Revelation 1 in the BOLCB2

Revelation 1 in the BOMCV

Revelation 1 in the BONAV

Revelation 1 in the BONCB

Revelation 1 in the BONLT

Revelation 1 in the BONUT2

Revelation 1 in the BOPLNT

Revelation 1 in the BOSCB

Revelation 1 in the BOSNC

Revelation 1 in the BOTLNT

Revelation 1 in the BOVCB

Revelation 1 in the BOYCB

Revelation 1 in the BPBB

Revelation 1 in the BPH

Revelation 1 in the BSB

Revelation 1 in the CCB

Revelation 1 in the CUV

Revelation 1 in the CUVS

Revelation 1 in the DBT

Revelation 1 in the DGDNT

Revelation 1 in the DHNT

Revelation 1 in the DNT

Revelation 1 in the ELBE

Revelation 1 in the EMTV

Revelation 1 in the ESV

Revelation 1 in the FBV

Revelation 1 in the FEB

Revelation 1 in the GGMNT

Revelation 1 in the GNT

Revelation 1 in the HARY

Revelation 1 in the HNT

Revelation 1 in the IRVA

Revelation 1 in the IRVB

Revelation 1 in the IRVG

Revelation 1 in the IRVH

Revelation 1 in the IRVK

Revelation 1 in the IRVM

Revelation 1 in the IRVM2

Revelation 1 in the IRVO

Revelation 1 in the IRVP

Revelation 1 in the IRVT

Revelation 1 in the IRVT2

Revelation 1 in the IRVU

Revelation 1 in the ISVN

Revelation 1 in the JSNT

Revelation 1 in the KAPI

Revelation 1 in the KBT1ETNIK

Revelation 1 in the KBV

Revelation 1 in the KJV

Revelation 1 in the KNFD

Revelation 1 in the LBA

Revelation 1 in the LBLA

Revelation 1 in the LNT

Revelation 1 in the LSV

Revelation 1 in the MAAL

Revelation 1 in the MBV

Revelation 1 in the MBV2

Revelation 1 in the MHNT

Revelation 1 in the MKNFD

Revelation 1 in the MNG

Revelation 1 in the MNT

Revelation 1 in the MNT2

Revelation 1 in the MRS1T

Revelation 1 in the NAA

Revelation 1 in the NASB

Revelation 1 in the NBLA

Revelation 1 in the NBS

Revelation 1 in the NBVTP

Revelation 1 in the NET2

Revelation 1 in the NIV11

Revelation 1 in the NNT

Revelation 1 in the NNT2

Revelation 1 in the NNT3

Revelation 1 in the PDDPT

Revelation 1 in the PFNT

Revelation 1 in the RMNT

Revelation 1 in the SBIAS

Revelation 1 in the SBIBS

Revelation 1 in the SBIBS2

Revelation 1 in the SBICS

Revelation 1 in the SBIDS

Revelation 1 in the SBIGS

Revelation 1 in the SBIHS

Revelation 1 in the SBIIS

Revelation 1 in the SBIIS2

Revelation 1 in the SBIIS3

Revelation 1 in the SBIKS

Revelation 1 in the SBIKS2

Revelation 1 in the SBIMS

Revelation 1 in the SBIOS

Revelation 1 in the SBIPS

Revelation 1 in the SBISS

Revelation 1 in the SBITS

Revelation 1 in the SBITS2

Revelation 1 in the SBITS3

Revelation 1 in the SBITS4

Revelation 1 in the SBIUS

Revelation 1 in the SBIVS

Revelation 1 in the SBT

Revelation 1 in the SBT1E

Revelation 1 in the SCHL

Revelation 1 in the SNT

Revelation 1 in the SUSU

Revelation 1 in the SUSU2

Revelation 1 in the SYNO

Revelation 1 in the TBIAOTANT

Revelation 1 in the TBT1E

Revelation 1 in the TBT1E2

Revelation 1 in the TFTIP

Revelation 1 in the TFTU

Revelation 1 in the TGNTATF3T

Revelation 1 in the THAI

Revelation 1 in the TNFD

Revelation 1 in the TNT

Revelation 1 in the TNTIK

Revelation 1 in the TNTIL

Revelation 1 in the TNTIN

Revelation 1 in the TNTIP

Revelation 1 in the TNTIZ

Revelation 1 in the TOMA

Revelation 1 in the TTENT

Revelation 1 in the UBG

Revelation 1 in the UGV

Revelation 1 in the UGV2

Revelation 1 in the UGV3

Revelation 1 in the VBL

Revelation 1 in the VDCC

Revelation 1 in the YALU

Revelation 1 in the YAPE

Revelation 1 in the YBVTP

Revelation 1 in the ZBP