Revelation 1 (BOECS)
1 Esia nye Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia si Mawu nae be wòaɖe afia eƒe dɔlawo tso nu si ava dzɔ kpuie la ŋuti. Edɔ eƒe mawudɔla ɖa be wòaɖe nu siawo afia Yohanes, ame si nye eƒe dɔla. 2 Yohanes ɖi ɖase le nu siwo katã wòkpɔ la ŋu, nu siwo nye Mawu ƒe nya kple ɖaseɖiɖi tso Yesu Kristo ŋu la. 3 Woayra ame si xlẽ nyagblɔɖi sia me nyawo, woayra ame siwo see, eye wotsɔ emenyawo de woƒe dzi me la, elabena ɣeyiɣi la tu aƒe. 4 Agbalẽ sia tso Yohanes gbɔ na hame adre siwo le Asia nuto me: Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, ame si nɔ anyi, eye wòli, eye wògale vava ge la gbɔ kple gbɔgbɔ adre siwo le eƒe fiazikpui la ŋgɔ 5 kple Yesu Kristo, ame si nye ɖaseɖila anukwaretɔ, ame gbãtɔ si fɔ tso ku me, eye wònye anyigbadzifiawo dzi ɖula la gbɔ na mi. Eya ame si lɔ̃ mí, eye wòɖe mí tso míaƒe nu vɔ̃wo me to eƒe ʋu me, 6 eya ame si wɔ mí be míanye fiaɖuƒe kple nunɔla siwo asubɔ eƒe Mawu kple Fofoa, eya tɔ nanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen. 7 “Kpɔ ɖa, Egbɔna; lilikpowo aƒo xlãe,”eye “ŋku ɖe sia ɖe akpɔe.Ɛ̃, ame siwo tɔ akplɔe gɔ̃ hã akpɔe.”Ne eva do la, dukɔ siwo katã le anyigba dzi la “afa avi kple ɣli le eya amea ta.”Ɛ̃, Amen. Neva eme nenema! 8 “Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu, ame si nɔ anyi, eye wòli, eye wògale vava ge, ame si nye Ŋusẽkatãtɔ.” Aƒetɔ Mawue gblɔe. 9 Nye, mia nɔvi Yohanes, ame si kpe fu kpli mi le Aƒetɔ la ta lae le agbalẽ sia ŋlɔm na mi. Nye hã mekpɔ gome le dzidodo si Mawu nana la me, eye miakpɔ gome le eƒe fiaɖuƒe la hã me! Menɔ Patmo Ƒukpo dzi. Woɖe aboyom yi afi ma le Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ŋuti ɖaseɖiɖi ta. 10 Esime menɔ gbɔgbɔ me le Aƒetɔ la ƒe ŋkekea dzi la, mese gbe sesẽ aɖe le megbenye abe kpẽ ƒe ɖiɖi ene. 11 Enɔ gbɔgblɔm be, “Ŋlɔ nu sia nu si nèkpɔ la da ɖi, eye nàɖo agbalẽ la ɖe hame adre siwo le Efeso, Smirna, Pergamo, Tiatira, Sardis, Filadelfia kple Laodikea.” 12 Esi metrɔ be makpɔ ame si nɔ nu ƒom la, kasia mekpɔ sikakaɖiti adre. 13 Ame aɖe tsi tsitre ɖe wo dome si ɖi Amegbetɔ Vi la. Edo awu ʋlaya aɖe, eye wòtsɔ sikalidziblaka aɖe bla akɔta. 14 Eƒe taɖa fu tititi abe alẽfu alo ɖetifu ene. Eƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖewo ene. 15 Eƒe afɔwo biã hẽe abe akɔbli si wode kpodzo me ene, eye eƒe gbe le abe tɔsisi geɖewo ƒe hoowɔwɔ ene. 16 Elé ɣletivi adre ɖe nuɖusi, eye yi ɖaɖɛ nuevee do go tso eƒe nu me. Eƒe mo nɔ keklẽm abe ɣe ƒe keklẽ ene. 17 Esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu abe ame kuku ene. Tete wòtsɔ eƒe nuɖusi da ɖe dzinye, eye wògblɔ be, “Mègavɔ̃ o. Nyee nye Gɔmedzedze kple Nuwuwu. 18 Nyee nye Ame si le agbe; meku kpɔ, gake kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Eye ku kple tsiẽƒe ƒe safuiwo le asinye. 19 “Eya ta ŋlɔ nu siwo nèkpɔ fifia kple nu siwo le vava ge emegbe la. 20 Nu ɣaɣla si le ɣletivi adre siwo nèkpɔ melé ɖe nuɖusi kple sikakaɖiti adreawo me lae nye esi: Ɣletivi adreawo nye hame adreawo ƒe mawudɔlawo, eye sikakaɖiti adreawo nye hame adreawo.
In Other Versions
Revelation 1 in the ANGEFD
Revelation 1 in the ANTPNG2D
Revelation 1 in the AS21
Revelation 1 in the BAGH
Revelation 1 in the BBPNG
Revelation 1 in the BBT1E
Revelation 1 in the BDS
Revelation 1 in the BEV
Revelation 1 in the BHAD
Revelation 1 in the BIB
Revelation 1 in the BLPT
Revelation 1 in the BNT
Revelation 1 in the BNTABOOT
Revelation 1 in the BNTLV
Revelation 1 in the BOATCB
Revelation 1 in the BOATCB2
Revelation 1 in the BOBCV
Revelation 1 in the BOCNT
Revelation 1 in the BOGWICC
Revelation 1 in the BOHCB
Revelation 1 in the BOHCV
Revelation 1 in the BOHLNT
Revelation 1 in the BOHNTLTAL
Revelation 1 in the BOICB
Revelation 1 in the BOILNTAP
Revelation 1 in the BOITCV
Revelation 1 in the BOKCV
Revelation 1 in the BOKCV2
Revelation 1 in the BOKHWOG
Revelation 1 in the BOKSSV
Revelation 1 in the BOLCB
Revelation 1 in the BOLCB2
Revelation 1 in the BOMCV
Revelation 1 in the BONAV
Revelation 1 in the BONCB
Revelation 1 in the BONLT
Revelation 1 in the BONUT2
Revelation 1 in the BOPLNT
Revelation 1 in the BOSCB
Revelation 1 in the BOSNC
Revelation 1 in the BOTLNT
Revelation 1 in the BOVCB
Revelation 1 in the BOYCB
Revelation 1 in the BPBB
Revelation 1 in the BPH
Revelation 1 in the BSB
Revelation 1 in the CCB
Revelation 1 in the CUV
Revelation 1 in the CUVS
Revelation 1 in the DBT
Revelation 1 in the DGDNT
Revelation 1 in the DHNT
Revelation 1 in the DNT
Revelation 1 in the ELBE
Revelation 1 in the EMTV
Revelation 1 in the ESV
Revelation 1 in the FBV
Revelation 1 in the FEB
Revelation 1 in the GGMNT
Revelation 1 in the GNT
Revelation 1 in the HARY
Revelation 1 in the HNT
Revelation 1 in the IRVA
Revelation 1 in the IRVB
Revelation 1 in the IRVG
Revelation 1 in the IRVH
Revelation 1 in the IRVK
Revelation 1 in the IRVM
Revelation 1 in the IRVM2
Revelation 1 in the IRVO
Revelation 1 in the IRVP
Revelation 1 in the IRVT
Revelation 1 in the IRVT2
Revelation 1 in the IRVU
Revelation 1 in the ISVN
Revelation 1 in the JSNT
Revelation 1 in the KAPI
Revelation 1 in the KBT1ETNIK
Revelation 1 in the KBV
Revelation 1 in the KJV
Revelation 1 in the KNFD
Revelation 1 in the LBA
Revelation 1 in the LBLA
Revelation 1 in the LNT
Revelation 1 in the LSV
Revelation 1 in the MAAL
Revelation 1 in the MBV
Revelation 1 in the MBV2
Revelation 1 in the MHNT
Revelation 1 in the MKNFD
Revelation 1 in the MNG
Revelation 1 in the MNT
Revelation 1 in the MNT2
Revelation 1 in the MRS1T
Revelation 1 in the NAA
Revelation 1 in the NASB
Revelation 1 in the NBLA
Revelation 1 in the NBS
Revelation 1 in the NBVTP
Revelation 1 in the NET2
Revelation 1 in the NIV11
Revelation 1 in the NNT
Revelation 1 in the NNT2
Revelation 1 in the NNT3
Revelation 1 in the PDDPT
Revelation 1 in the PFNT
Revelation 1 in the RMNT
Revelation 1 in the SBIAS
Revelation 1 in the SBIBS
Revelation 1 in the SBIBS2
Revelation 1 in the SBICS
Revelation 1 in the SBIDS
Revelation 1 in the SBIGS
Revelation 1 in the SBIHS
Revelation 1 in the SBIIS
Revelation 1 in the SBIIS2
Revelation 1 in the SBIIS3
Revelation 1 in the SBIKS
Revelation 1 in the SBIKS2
Revelation 1 in the SBIMS
Revelation 1 in the SBIOS
Revelation 1 in the SBIPS
Revelation 1 in the SBISS
Revelation 1 in the SBITS
Revelation 1 in the SBITS2
Revelation 1 in the SBITS3
Revelation 1 in the SBITS4
Revelation 1 in the SBIUS
Revelation 1 in the SBIVS
Revelation 1 in the SBT
Revelation 1 in the SBT1E
Revelation 1 in the SCHL
Revelation 1 in the SNT
Revelation 1 in the SUSU
Revelation 1 in the SUSU2
Revelation 1 in the SYNO
Revelation 1 in the TBIAOTANT
Revelation 1 in the TBT1E
Revelation 1 in the TBT1E2
Revelation 1 in the TFTIP
Revelation 1 in the TFTU
Revelation 1 in the TGNTATF3T
Revelation 1 in the THAI
Revelation 1 in the TNFD
Revelation 1 in the TNT
Revelation 1 in the TNTIK
Revelation 1 in the TNTIL
Revelation 1 in the TNTIN
Revelation 1 in the TNTIP
Revelation 1 in the TNTIZ
Revelation 1 in the TOMA
Revelation 1 in the TTENT
Revelation 1 in the UBG
Revelation 1 in the UGV
Revelation 1 in the UGV2
Revelation 1 in the UGV3
Revelation 1 in the VBL
Revelation 1 in the VDCC
Revelation 1 in the YALU
Revelation 1 in the YAPE
Revelation 1 in the YBVTP
Revelation 1 in the ZBP