Revelation 11 (BEV)

1 Wotsɔ aƒla si le abe nudzidzenu ene la nam eye wogblɔ nam be, “Yi, nàdzidze Mawu ƒe gbedoxɔ la kple vɔsamlekpui la eye nàxlẽ mawusubɔ la siwo le afi ma. 2 Ke ɖe xɔxɔnu gotatɔ le eme mègadzidzee o, elabena wotsɔe na Helatɔwo. Woanya avuzi le du kɔkɔe la dzi ɣleti blaene-vɔ-ene sɔŋ, 3 mana ŋusẽ nye ɖasefo eveawo eye woata akpanya agblɔ nya ɖi hena ŋkeke akpe ɖeka alafa eve blaade.” 4 Esiawoe nye amiti eve kple akaɖiti eve siwo le tsitre ɖe anyigba la ƒe Aƒetɔ la ŋkume. 5 Ne ame aɖe dze agbagba be yeawɔ nuvevi wo la, dzo dona le woƒe nume hefiaa woƒe futɔwo. Aleae ame si di be yeawɔ nuvevi wo la akui. 6 Ŋutsu siawo la, ŋusẽ le wo si be woatu dziŋgɔlĩ ale be tsi magadza le ɣeyiɣi si me wole nya gblɔm ɖi o, ŋusẽ le wo si be woatrɔ tsiwo woazu ʋu eye woada dɔvɔ̃ ƒomevi vovovowo ɖe anyigba dzi zigbɔzi ale si wolɔ̃. 7 Azɔ ne wowu woƒe ɖaseɖiɖi nu la, lã si ado tso ʋe globo la me la, ava wɔ avu kpli wo, aɖu wo dzi eye wòawu wo. 8 Woƒe ŋutilã kukuawo amlɔ du gã la ƒe mɔtatawo dzi, du gã si wona ŋkɔe le nyamenya nu be Sodom kple Egipte, afi si woklã woƒe Aƒetɔ ɖe ati ŋu le. 9 Hena ŋkeke etɔ̃ kple afã la, amewo tso ƒome ɖe sia ɖe, to ɖe sia ɖe, gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe kple dukɔ ɖe sia ɖe me akpɔ woƒe ŋutilã kukuawo, eye woagbe be yewomaɖi wo o. 10 Anyigbadzinɔlawo akpɔ dziɖuɖudzidzɔ ɖe wo dzi eye woaɖu azã, aɖo nunanawo ɖe wo nɔewo elabena nyagblɔɖila eve siawo wɔ funyafunya anyigbadzinɔlawo. 11 Ke le ŋkeke etɔ̃ kple afã la megbe la, agbegbɔgbɔ tso Mawu gbɔ ge ɖe ame kukuawo me, wotsi tsitre eye ŋɔdzi gã aɖe lé ame siwo kpɔ wo. 12 Tete wose gbe gã aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Va dzime le afii.” Ale woyi dziƒo le alilĩkpowo me esi woƒe futɔwo flɔ ŋku ɖe wo dzi. 13 Le gaƒoƒo ma ke me la, anyigba Ʋuʋu ŋɔdzitɔe eye du la ƒe mama ewolia dometɔ ɖeka mu dze anyi; ame akpe adre tsrɔ̃ le anyigbaʋuʋu la me. Ke ŋɔdzi lé agbetsilawo eye wotsɔ ŋutikɔkɔe na dziƒo Mawu la. 14 Babaadodo evelia nu va yi ke etɔ̃lia gbɔna kpuie. 15 Mawudɔla adrelia ku eƒe kpẽ eye gbe sesẽ aɖewo ɖi le dziƒonutowo me bena, “Xexeame ƒe fiaɖuƒe la zu míaƒe Aƒetɔ kple eƒe Kristo la ƒe fiaɖuƒe, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me.” 16 Eye amegaxoxo blaeve-vɔ-eneawo, ame siwo nɔ woƒe fiazikpuiwo dzi le Mawu ŋkume la tsyɔ mo anyi eye wosubɔ Mawu, 17 le gbɔgblɔm bena, “O Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, míeda akpe na wò, wò ame si li fifia eye nènɔ anyi kpɔ elabena exɔ wò ŋusẽ triakɔ la eye nèdze dziɖuɖu gɔme. 18 Dukɔwo le nyanyram eye wò dziku ɖiɖi va. Ɣeyiɣi de be woadrɔ̃ ʋɔnu kukuawo eye woatu fe na wò dɔla, nyagblɔɖilawo, wò amekɔkɔeawo kple ame siwo dea bubu wò ŋku ŋuti, ame gblɔewo kple ame gãwo siaa. Nenema ke míeda akpe na wò be nètsrɔ̃ ame siwo tsrɔ̃ anyigba la.” 19 Emegbe woʋu Mawu ƒe gbedoxɔ le dziƒo eye wokpɔ Mawu ƒe nubablaɖaka le eƒe gbedoxɔ me. Tete dzi ke dzo, dzi ɖe gbe, sokpewo ge, anyigba ʋuʋu eye kpetsi gã aɖe dza.

In Other Versions

Revelation 11 in the ANGEFD

Revelation 11 in the ANTPNG2D

Revelation 11 in the AS21

Revelation 11 in the BAGH

Revelation 11 in the BBPNG

Revelation 11 in the BBT1E

Revelation 11 in the BDS

Revelation 11 in the BHAD

Revelation 11 in the BIB

Revelation 11 in the BLPT

Revelation 11 in the BNT

Revelation 11 in the BNTABOOT

Revelation 11 in the BNTLV

Revelation 11 in the BOATCB

Revelation 11 in the BOATCB2

Revelation 11 in the BOBCV

Revelation 11 in the BOCNT

Revelation 11 in the BOECS

Revelation 11 in the BOGWICC

Revelation 11 in the BOHCB

Revelation 11 in the BOHCV

Revelation 11 in the BOHLNT

Revelation 11 in the BOHNTLTAL

Revelation 11 in the BOICB

Revelation 11 in the BOILNTAP

Revelation 11 in the BOITCV

Revelation 11 in the BOKCV

Revelation 11 in the BOKCV2

Revelation 11 in the BOKHWOG

Revelation 11 in the BOKSSV

Revelation 11 in the BOLCB

Revelation 11 in the BOLCB2

Revelation 11 in the BOMCV

Revelation 11 in the BONAV

Revelation 11 in the BONCB

Revelation 11 in the BONLT

Revelation 11 in the BONUT2

Revelation 11 in the BOPLNT

Revelation 11 in the BOSCB

Revelation 11 in the BOSNC

Revelation 11 in the BOTLNT

Revelation 11 in the BOVCB

Revelation 11 in the BOYCB

Revelation 11 in the BPBB

Revelation 11 in the BPH

Revelation 11 in the BSB

Revelation 11 in the CCB

Revelation 11 in the CUV

Revelation 11 in the CUVS

Revelation 11 in the DBT

Revelation 11 in the DGDNT

Revelation 11 in the DHNT

Revelation 11 in the DNT

Revelation 11 in the ELBE

Revelation 11 in the EMTV

Revelation 11 in the ESV

Revelation 11 in the FBV

Revelation 11 in the FEB

Revelation 11 in the GGMNT

Revelation 11 in the GNT

Revelation 11 in the HARY

Revelation 11 in the HNT

Revelation 11 in the IRVA

Revelation 11 in the IRVB

Revelation 11 in the IRVG

Revelation 11 in the IRVH

Revelation 11 in the IRVK

Revelation 11 in the IRVM

Revelation 11 in the IRVM2

Revelation 11 in the IRVO

Revelation 11 in the IRVP

Revelation 11 in the IRVT

Revelation 11 in the IRVT2

Revelation 11 in the IRVU

Revelation 11 in the ISVN

Revelation 11 in the JSNT

Revelation 11 in the KAPI

Revelation 11 in the KBT1ETNIK

Revelation 11 in the KBV

Revelation 11 in the KJV

Revelation 11 in the KNFD

Revelation 11 in the LBA

Revelation 11 in the LBLA

Revelation 11 in the LNT

Revelation 11 in the LSV

Revelation 11 in the MAAL

Revelation 11 in the MBV

Revelation 11 in the MBV2

Revelation 11 in the MHNT

Revelation 11 in the MKNFD

Revelation 11 in the MNG

Revelation 11 in the MNT

Revelation 11 in the MNT2

Revelation 11 in the MRS1T

Revelation 11 in the NAA

Revelation 11 in the NASB

Revelation 11 in the NBLA

Revelation 11 in the NBS

Revelation 11 in the NBVTP

Revelation 11 in the NET2

Revelation 11 in the NIV11

Revelation 11 in the NNT

Revelation 11 in the NNT2

Revelation 11 in the NNT3

Revelation 11 in the PDDPT

Revelation 11 in the PFNT

Revelation 11 in the RMNT

Revelation 11 in the SBIAS

Revelation 11 in the SBIBS

Revelation 11 in the SBIBS2

Revelation 11 in the SBICS

Revelation 11 in the SBIDS

Revelation 11 in the SBIGS

Revelation 11 in the SBIHS

Revelation 11 in the SBIIS

Revelation 11 in the SBIIS2

Revelation 11 in the SBIIS3

Revelation 11 in the SBIKS

Revelation 11 in the SBIKS2

Revelation 11 in the SBIMS

Revelation 11 in the SBIOS

Revelation 11 in the SBIPS

Revelation 11 in the SBISS

Revelation 11 in the SBITS

Revelation 11 in the SBITS2

Revelation 11 in the SBITS3

Revelation 11 in the SBITS4

Revelation 11 in the SBIUS

Revelation 11 in the SBIVS

Revelation 11 in the SBT

Revelation 11 in the SBT1E

Revelation 11 in the SCHL

Revelation 11 in the SNT

Revelation 11 in the SUSU

Revelation 11 in the SUSU2

Revelation 11 in the SYNO

Revelation 11 in the TBIAOTANT

Revelation 11 in the TBT1E

Revelation 11 in the TBT1E2

Revelation 11 in the TFTIP

Revelation 11 in the TFTU

Revelation 11 in the TGNTATF3T

Revelation 11 in the THAI

Revelation 11 in the TNFD

Revelation 11 in the TNT

Revelation 11 in the TNTIK

Revelation 11 in the TNTIL

Revelation 11 in the TNTIN

Revelation 11 in the TNTIP

Revelation 11 in the TNTIZ

Revelation 11 in the TOMA

Revelation 11 in the TTENT

Revelation 11 in the UBG

Revelation 11 in the UGV

Revelation 11 in the UGV2

Revelation 11 in the UGV3

Revelation 11 in the VBL

Revelation 11 in the VDCC

Revelation 11 in the YALU

Revelation 11 in the YAPE

Revelation 11 in the YBVTP

Revelation 11 in the ZBP