Revelation 21 (BEV)

1 Eye mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye, elabena dziƒo gbãtɔ kple anyigba gbãtɔ nu va yi eye atsiaƒu aɖeke hã megali o. 2 Mekpɔ Du Kɔkɔe la, si nye Yerusalem yeye la, le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ, eye woɖo atsyɔ̃ nɛ abe ŋugbetɔ si wowɔ leke na hena srɔ̃a ene. 3 Tete mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena, “Azɔ la, Mawu ƒe nɔƒe le amegbetɔwo dome, eye wòanɔ wo gbɔ. Woanye eƒe dukɔ, Mawu ŋutɔ anɔ wo gbɔ eye wòanye woƒe Mawu. 4 Atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkuwo dzi; ku loo, alo konyifafa alo avifafa alo vevesese maganɔ anyi o, elabena nuɖoanyi xoxoawo nu va yi.” 5 Ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la gblɔ bena, “Mele nuwo katã wɔm yeyee!” Tete wògblɔ be, “Ŋlɔ nu sia da ɖi, elabena nya siawo nye nya siwo dzi woaka ɖo eye wonye nyateƒenyawo hã.” 6 Eyi edzi gblɔ nam be, “Wowɔe vɔ. Nyee nye A kple Z, Gɔmedzedze kple Nuwuwu. Ame si tsikɔ le wuwum la, mana tsii wòano tso agbetsivudo la me, femaxee. 7 Ame si ɖu dzi la anyi nu siawo katã ƒe dome, eye manye eƒe Mawu eye eya hã anye vinye. 8 Gake vɔvɔ̃nɔtɔwo, dzimaxɔsetɔwo, ame vɔ̃ɖiwo, hlɔ̃dolawo, ahasiwɔlawo, akunyawɔlawo, Trɔ̃subɔlawo kple alakpatɔwo katã la, woƒe nɔƒe anye aŋɔdzota si le bibim ŋɔdzitɔe la me. Esiae nye ku evelia.” 9 Mawudɔla adre siwo lé kplu adre siwo me dɔvɔ̃ adre mamlɛawo le la dometɔ ɖeka va gblɔ nam be, “Va, ne mafia wò ŋugbetɔ la, esi nye Alẽvi la srɔ̃.” 10 Tete wòkɔm dzoe le Gbɔgbɔ la me, heyi ɖe to gã kɔkɔ aɖe dzi eye wòɖe Du Kɔkɔe, Yerusalem, si le ɖiɖim tso dziƒo Mawu gbɔ la fiam. 11 Ele keklẽm kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe eye eƒe keklẽ le abe kpexɔasi aɖe, abe yapiskpe ene eye eme kɔ keŋkeŋkeŋ abe kristalokpe ene. 12 Wotɔ kpɔ titri kɔkɔ aɖe ɖe eŋu, woɖe mɔnu wuieve siwo nu agbo le la ɖe glia me eye mawudɔla wuieve le agboawo nu. Woŋlɔ Israel ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe agboawo dzi. 13 Agbo etɔ̃ le ɣedzeƒe, etɔ̃ le anyiehe, etɔ̃ le dziehe eye etɔ̃ le ɣetoɖoƒe. 14 Woɖo gɔmeɖokpe wuiene na dua ƒe gliwo eye woŋlɔ Alẽvi la ƒe apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi. 15 Mawudɔla si ƒo nu kplim la lé sikanu dzidzenu ɖe asi be yeadzidzi du la, eƒe agbowo kple eƒe gliwo. 16 Wotso du la ale be eƒe kekeme kple didime siaa sɔ. Edzidze du la eye wòkpɔ be eƒe didime, kekeme kple kɔkɔme katã nye dzidzeme ɖeka si nye kilometa akpe eve kple alafa eve. 17 Edzidze gli la ƒe titrime, eye le amegbetɔ ƒe dzidzeka si mawudɔla la lé la nu la, titrime la le meta blaade-vɔ-atɔ̃. 18 Wotsɔ yapiskpexɔasi ɖo gli lae eye wotsɔ sika si me kɔ abe ahuhõe ene la tso du lae. 19 Wotsɔ kpexɔasi vovovowo ɖo atsyɔ̃ na du la ƒe gɔmeɖokpee. Yapiskpe nye fli gbãtɔ, wotsɔ safirekpe ɖo fli eveliae, fli etɔ̃lia nye kalkedonikpe, fli enelia nye emeraldkpe, 20 woɖo fli atɔ̃lia kple sardonixkpe, fli adelia nye karneliakpe, adrelia nye krisolitekpe, enyilia nye berilkpe, asiekelia nye topazkpe, ewoliae nye krisoprasekpe, wuiɖekɛliae nye yakintkpe eye wuieveliae nye ametistkpe. 21 Agbo wuieveawo nye kpexɔasi wuieve eye wowɔ agbo ɖe sia ɖe kple kpexɔasi ɖeka. Wowɔ du mɔ gã la kple sika akuakua eye eme dza abe ahuhɔ̃e ene. 22 Nyemekpɔ gbedoxɔ aɖeke le du la me o, elabena Aƒetɔ Mawu Ŋusẽkatãtɔ kple Alẽvi lae nye eƒe gbedoxɔ. 23 Du la mehiã ɣe alo ɣleti be woanae kekeli o, elabena Mawu ƒe Ŋutikɔkɔe naa kekelii eye Alẽvi lae nye eƒe akaɖi. 24 Dukɔwo azɔ le eƒe kekeli nu eye anyigbadzifiawo atsɔ woƒe atsyɔ̃ age ɖe emee. 25 Eƒe agbowo anɔ ʋuʋu ɖi ɖaa elabena zã mado le afi ma o. 26 Woatsɔ dukɔwo ƒe ŋutikɔkɔe kple bubu ava emee. 27 Nu makɔmakɔ aɖeke mage ɖe eme gbeɖe o, nenema kee nye ŋukpenanuwɔlawo kple ameblelawo hã, ke ame siwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe Alẽvi la ƒe agbagbalẽ la me koe age ɖe eme.

In Other Versions

Revelation 21 in the ANGEFD

Revelation 21 in the ANTPNG2D

Revelation 21 in the AS21

Revelation 21 in the BAGH

Revelation 21 in the BBPNG

Revelation 21 in the BBT1E

Revelation 21 in the BDS

Revelation 21 in the BHAD

Revelation 21 in the BIB

Revelation 21 in the BLPT

Revelation 21 in the BNT

Revelation 21 in the BNTABOOT

Revelation 21 in the BNTLV

Revelation 21 in the BOATCB

Revelation 21 in the BOATCB2

Revelation 21 in the BOBCV

Revelation 21 in the BOCNT

Revelation 21 in the BOECS

Revelation 21 in the BOGWICC

Revelation 21 in the BOHCB

Revelation 21 in the BOHCV

Revelation 21 in the BOHLNT

Revelation 21 in the BOHNTLTAL

Revelation 21 in the BOICB

Revelation 21 in the BOILNTAP

Revelation 21 in the BOITCV

Revelation 21 in the BOKCV

Revelation 21 in the BOKCV2

Revelation 21 in the BOKHWOG

Revelation 21 in the BOKSSV

Revelation 21 in the BOLCB

Revelation 21 in the BOLCB2

Revelation 21 in the BOMCV

Revelation 21 in the BONAV

Revelation 21 in the BONCB

Revelation 21 in the BONLT

Revelation 21 in the BONUT2

Revelation 21 in the BOPLNT

Revelation 21 in the BOSCB

Revelation 21 in the BOSNC

Revelation 21 in the BOTLNT

Revelation 21 in the BOVCB

Revelation 21 in the BOYCB

Revelation 21 in the BPBB

Revelation 21 in the BPH

Revelation 21 in the BSB

Revelation 21 in the CCB

Revelation 21 in the CUV

Revelation 21 in the CUVS

Revelation 21 in the DBT

Revelation 21 in the DGDNT

Revelation 21 in the DHNT

Revelation 21 in the DNT

Revelation 21 in the ELBE

Revelation 21 in the EMTV

Revelation 21 in the ESV

Revelation 21 in the FBV

Revelation 21 in the FEB

Revelation 21 in the GGMNT

Revelation 21 in the GNT

Revelation 21 in the HARY

Revelation 21 in the HNT

Revelation 21 in the IRVA

Revelation 21 in the IRVB

Revelation 21 in the IRVG

Revelation 21 in the IRVH

Revelation 21 in the IRVK

Revelation 21 in the IRVM

Revelation 21 in the IRVM2

Revelation 21 in the IRVO

Revelation 21 in the IRVP

Revelation 21 in the IRVT

Revelation 21 in the IRVT2

Revelation 21 in the IRVU

Revelation 21 in the ISVN

Revelation 21 in the JSNT

Revelation 21 in the KAPI

Revelation 21 in the KBT1ETNIK

Revelation 21 in the KBV

Revelation 21 in the KJV

Revelation 21 in the KNFD

Revelation 21 in the LBA

Revelation 21 in the LBLA

Revelation 21 in the LNT

Revelation 21 in the LSV

Revelation 21 in the MAAL

Revelation 21 in the MBV

Revelation 21 in the MBV2

Revelation 21 in the MHNT

Revelation 21 in the MKNFD

Revelation 21 in the MNG

Revelation 21 in the MNT

Revelation 21 in the MNT2

Revelation 21 in the MRS1T

Revelation 21 in the NAA

Revelation 21 in the NASB

Revelation 21 in the NBLA

Revelation 21 in the NBS

Revelation 21 in the NBVTP

Revelation 21 in the NET2

Revelation 21 in the NIV11

Revelation 21 in the NNT

Revelation 21 in the NNT2

Revelation 21 in the NNT3

Revelation 21 in the PDDPT

Revelation 21 in the PFNT

Revelation 21 in the RMNT

Revelation 21 in the SBIAS

Revelation 21 in the SBIBS

Revelation 21 in the SBIBS2

Revelation 21 in the SBICS

Revelation 21 in the SBIDS

Revelation 21 in the SBIGS

Revelation 21 in the SBIHS

Revelation 21 in the SBIIS

Revelation 21 in the SBIIS2

Revelation 21 in the SBIIS3

Revelation 21 in the SBIKS

Revelation 21 in the SBIKS2

Revelation 21 in the SBIMS

Revelation 21 in the SBIOS

Revelation 21 in the SBIPS

Revelation 21 in the SBISS

Revelation 21 in the SBITS

Revelation 21 in the SBITS2

Revelation 21 in the SBITS3

Revelation 21 in the SBITS4

Revelation 21 in the SBIUS

Revelation 21 in the SBIVS

Revelation 21 in the SBT

Revelation 21 in the SBT1E

Revelation 21 in the SCHL

Revelation 21 in the SNT

Revelation 21 in the SUSU

Revelation 21 in the SUSU2

Revelation 21 in the SYNO

Revelation 21 in the TBIAOTANT

Revelation 21 in the TBT1E

Revelation 21 in the TBT1E2

Revelation 21 in the TFTIP

Revelation 21 in the TFTU

Revelation 21 in the TGNTATF3T

Revelation 21 in the THAI

Revelation 21 in the TNFD

Revelation 21 in the TNT

Revelation 21 in the TNTIK

Revelation 21 in the TNTIL

Revelation 21 in the TNTIN

Revelation 21 in the TNTIP

Revelation 21 in the TNTIZ

Revelation 21 in the TOMA

Revelation 21 in the TTENT

Revelation 21 in the UBG

Revelation 21 in the UGV

Revelation 21 in the UGV2

Revelation 21 in the UGV3

Revelation 21 in the VBL

Revelation 21 in the VDCC

Revelation 21 in the YALU

Revelation 21 in the YAPE

Revelation 21 in the YBVTP

Revelation 21 in the ZBP