Romans 4 (BEV)

1 Azɔ nu ka gblɔ ge míala tso mía fofo Abraham, ame si ƒe nuteƒekpɔkpɔ ŋu míeke ɖo le nya sia me la ŋuti? 2 Ne ele eme vavã be wotso afia na Abraham to dɔwɔnawo me la, ekema nane li si ŋuti wòaƒo adegbe le gake menye le Mawu gbɔ o. 3 Nu ka mawunya gblɔ tso nu sia ŋuti? “Abraham xɔ Mawu dzi se eye wobui dzɔdzɔenyenyee nɛ.” 4 Azɔ ne ame aɖe wɔ dɔ la ekema eƒe fetu menye amenuvevenu o, ke boŋ wobui abe nu si dze nɛ ene. 5 Ke ne amea mewɔ dɔ aɖeke o, ke boŋ wòxɔ Mawu, ame si bua ame vɔ̃ɖi dzɔdzɔe la dzi se la, ekema eƒe xɔse le Mawu me wɔe ame dzɔdzɔe. 6 Fia David ƒo nu tso nu sia ŋu esi wòɖi ɖase le nu vɔ̃ wɔla aɖe si ƒe nu vɔ̃wo Mawu ɖe ɖa la ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ŋu be, 7 “Woayra ame siwo ƒe nu vɔ̃ wotsɔ ke wo kple ame siwo ƒe dzidada dzi wotsyɔ nui. 8 Woayra ŋutsu si ƒe nu vɔ̃ Aƒetɔ la magabu nɛ o.” 9 Azɔ la, biabia lae nye, ɖe wotsɔa yayra sia naa ame siwo xɔa Kristo dzi sena gake woléa Yudatɔwo ƒe sewo me ɖe asi loo alo ɖe wotsɔa yayra sia naa ame siwo meléa Yudatɔwo ƒe seawo me ɖe asi o, ke woxɔa Kristo dzi sena ya mahã? Enyo, Abrahma ɖe? Míegblɔna be Abraham xɔ yayra siawo to eƒe xɔse me. Ɖe wòxɔe to xɔse ɖeɖe ko mea? Alo, ɖe wòxɔe to eƒe Yudatɔwo ƒe seawo dzi wɔwɔ me hã? 10 Hafi nàɖo biabia ma ŋu la, ele be nàɖo biabia sia ŋu gbã. Ɣekaɣie Mawu tsɔ yayra sia na Abraham? Etsɔe nɛ hafi wòzu Yudatɔ. Esia gɔmee nye do ŋgɔ na eƒe Yudatɔwo ƒe aʋatsotso ƒe kɔnu la wɔwɔ. 11 Menye emegbe sãa hafi o; wotso aʋa nɛ esi Mawu do ŋugbe nɛ be yeayrae le eƒe xɔse ta. Aʋatsotso la nye dzesi be Abraham xɔ se xoxo, be Mawu hã xɔe xoxo eye wòɖi ɖase le eŋu be enye ame dzɔdzɔe le yeƒe ŋkume hafi wotso aʋa nɛ. Ale Abraham zu gbɔgbɔmefofo na ame siwo kpɔ ɖeɖe to xɔse me ke menye to Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ me o. Edze ƒãa be ame siwo mewɔa se siawo dzi o la kpɔa ɖeɖe to Mawu dzixɔse me. 12 Hekpe ɖe esia ŋu la, Abraham nye gbɔgbɔmefofo na Yudatɔ siwo wotso aʋa na. Woakpɔe kɔtee le Abraham ƒe kpɔɖeŋu me be menye aʋatsotsoe nana wokpɔa xɔxɔ o, elabena Mawu kpɔ ŋudzedze le Abraham ŋu to eƒe xɔse me hafi wova tso aʋa nɛ. 13 Ekema eme kɔ be Mawu medo ŋugbe be yeatsɔ anyigba la katã ana Abraham kple eƒe dzidzimeviwo le eƒe Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ ta o, ke boŋ le ale si wòxɔe se be Mawu awɔ eƒe ŋugbedodo dzi la ta. 14 Eya ta ne miegale gbɔgblɔm kokoko be Mawu ƒe yayra vana na ame siwo nye ame dzɔdzɔewo la, ekema ɖe miele gbɔgblɔm bena gɔmesese aɖeke mele Mawu ƒe ŋugbedodo na ame siwo xɔ se la me o, eye xɔse nye abunɛnu. 15 Nya la ƒe nyateƒe lae nye esi : Ne míedi be míaxɔ Mawu ƒe yayra kple ɖeɖe to eƒe sewo dzi wɔwɔ me la, nu si dzɔna koe nye míedoa dɔmedzoe nɛ elabena míetea ŋu wɔa seawo dzi o. Mɔ ɖeka si ko dzi míate ŋu ato avo tso sedzidada me koe nye se aɖeke manɔ anyi si dzi míada o! 16 Eya ta wonaa Mawu ƒe yayrawo mí to xɔse me abe nunana fexexemanɔŋu ene. Kakaɖedzi li be míaxɔ nunana siawo ne míelé Yudatɔwo ƒe kɔnyinyiwo me ɖe asi loo alo míelé wo me ɖe asi o, ne xɔse le mía si abe Abraham ene ko. Elabena Abraham nye mí katã fofo le xɔse ƒe nya gome. 17 Nu siae Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la le fiafiam esi wògblɔ be Mawu wɔ Abraham dukɔ geɖewo fofo. Mawu axɔ ame sia ame tso dukɔ ɖe sia ɖe me, ne amewo axɔ Mawu dzi ase abe Abraham ene. Ŋugbedodo sia tso Mawu ŋutɔ gbɔ, ame si naa ame kukuwo tsia tsitre eye wòƒoa nu tso nya siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la ŋu kple kakaɖedzi abe ɖe nuawo va eme xoxo ene. 18 Eya ta esi Mawu gblɔ na Abraham be yeana viŋutsuvii, ame si ƒe dzidzimeviwo asɔ gbɔ eye woazu dukɔ gã aɖe la, Abraham xɔ Mawu dzi se togbɔ be ŋugbdodo ma tɔgbi mate ŋu ava eme hafi o hã. 19 Esi eƒe xɔse tri akɔ ta la, metsi dzi be yetsi akpa na viŋutsuvidzidzi o, le esime wòxɔ ƒe alafa ɖeka, srɔ̃a Sara hã xɔ ƒe blaasieke eye wòtsi akpa na vidzidzi. 20 Ke Abraham meke ɖi kura o. Exɔ Mawu dzi se elabena eƒe xɔse gali ke ɖe edzi eye wòkafu Mawu ɖe eƒe yayra ta hafi nu si ŋugbe wodo nɛ la va eme gɔ̃ hã. 21 Eka ɖe edzi vevie be Mawu ate ŋu awɔ nu sia nu si ŋugbe wòdo. 22 Le Abraham ƒe xɔse ta la, Mawu tsɔ eƒe nu vɔ̃wo katã kee. 23 Nya wɔnuku sia be woɖe Abraham le eƒe xɔse ta la, menye viɖe na Abraham ɖeɖe ko o. 24 Enye viɖe na míawo hã eye wònye kakaɖedzi na mí be Mawu axɔ míawo hã to mɔ ma ke si dzi wòto xɔ Abraham ne míawo hã míaxɔ Mawu, ame si na Yesu tsi tsitre tso ame kukuwo dome la, ƒe ŋugbedodowo dzi se. 25 Eku ɖe míaƒe nu vɔ̃ wo ta eye wògatsi tsitre be yealé avu le míawo kple Mawu dome eye wòna Mawu ƒe amenuveve la yɔ mía me.

In Other Versions

Romans 4 in the ANGEFD

Romans 4 in the ANTPNG2D

Romans 4 in the AS21

Romans 4 in the BAGH

Romans 4 in the BBPNG

Romans 4 in the BBT1E

Romans 4 in the BDS

Romans 4 in the BHAD

Romans 4 in the BIB

Romans 4 in the BLPT

Romans 4 in the BNT

Romans 4 in the BNTABOOT

Romans 4 in the BNTLV

Romans 4 in the BOATCB

Romans 4 in the BOATCB2

Romans 4 in the BOBCV

Romans 4 in the BOCNT

Romans 4 in the BOECS

Romans 4 in the BOGWICC

Romans 4 in the BOHCB

Romans 4 in the BOHCV

Romans 4 in the BOHLNT

Romans 4 in the BOHNTLTAL

Romans 4 in the BOICB

Romans 4 in the BOILNTAP

Romans 4 in the BOITCV

Romans 4 in the BOKCV

Romans 4 in the BOKCV2

Romans 4 in the BOKHWOG

Romans 4 in the BOKSSV

Romans 4 in the BOLCB

Romans 4 in the BOLCB2

Romans 4 in the BOMCV

Romans 4 in the BONAV

Romans 4 in the BONCB

Romans 4 in the BONLT

Romans 4 in the BONUT2

Romans 4 in the BOPLNT

Romans 4 in the BOSCB

Romans 4 in the BOSNC

Romans 4 in the BOTLNT

Romans 4 in the BOVCB

Romans 4 in the BOYCB

Romans 4 in the BPBB

Romans 4 in the BPH

Romans 4 in the BSB

Romans 4 in the CCB

Romans 4 in the CUV

Romans 4 in the CUVS

Romans 4 in the DBT

Romans 4 in the DGDNT

Romans 4 in the DHNT

Romans 4 in the DNT

Romans 4 in the ELBE

Romans 4 in the EMTV

Romans 4 in the ESV

Romans 4 in the FBV

Romans 4 in the FEB

Romans 4 in the GGMNT

Romans 4 in the GNT

Romans 4 in the HARY

Romans 4 in the HNT

Romans 4 in the IRVA

Romans 4 in the IRVB

Romans 4 in the IRVG

Romans 4 in the IRVH

Romans 4 in the IRVK

Romans 4 in the IRVM

Romans 4 in the IRVM2

Romans 4 in the IRVO

Romans 4 in the IRVP

Romans 4 in the IRVT

Romans 4 in the IRVT2

Romans 4 in the IRVU

Romans 4 in the ISVN

Romans 4 in the JSNT

Romans 4 in the KAPI

Romans 4 in the KBT1ETNIK

Romans 4 in the KBV

Romans 4 in the KJV

Romans 4 in the KNFD

Romans 4 in the LBA

Romans 4 in the LBLA

Romans 4 in the LNT

Romans 4 in the LSV

Romans 4 in the MAAL

Romans 4 in the MBV

Romans 4 in the MBV2

Romans 4 in the MHNT

Romans 4 in the MKNFD

Romans 4 in the MNG

Romans 4 in the MNT

Romans 4 in the MNT2

Romans 4 in the MRS1T

Romans 4 in the NAA

Romans 4 in the NASB

Romans 4 in the NBLA

Romans 4 in the NBS

Romans 4 in the NBVTP

Romans 4 in the NET2

Romans 4 in the NIV11

Romans 4 in the NNT

Romans 4 in the NNT2

Romans 4 in the NNT3

Romans 4 in the PDDPT

Romans 4 in the PFNT

Romans 4 in the RMNT

Romans 4 in the SBIAS

Romans 4 in the SBIBS

Romans 4 in the SBIBS2

Romans 4 in the SBICS

Romans 4 in the SBIDS

Romans 4 in the SBIGS

Romans 4 in the SBIHS

Romans 4 in the SBIIS

Romans 4 in the SBIIS2

Romans 4 in the SBIIS3

Romans 4 in the SBIKS

Romans 4 in the SBIKS2

Romans 4 in the SBIMS

Romans 4 in the SBIOS

Romans 4 in the SBIPS

Romans 4 in the SBISS

Romans 4 in the SBITS

Romans 4 in the SBITS2

Romans 4 in the SBITS3

Romans 4 in the SBITS4

Romans 4 in the SBIUS

Romans 4 in the SBIVS

Romans 4 in the SBT

Romans 4 in the SBT1E

Romans 4 in the SCHL

Romans 4 in the SNT

Romans 4 in the SUSU

Romans 4 in the SUSU2

Romans 4 in the SYNO

Romans 4 in the TBIAOTANT

Romans 4 in the TBT1E

Romans 4 in the TBT1E2

Romans 4 in the TFTIP

Romans 4 in the TFTU

Romans 4 in the TGNTATF3T

Romans 4 in the THAI

Romans 4 in the TNFD

Romans 4 in the TNT

Romans 4 in the TNTIK

Romans 4 in the TNTIL

Romans 4 in the TNTIN

Romans 4 in the TNTIP

Romans 4 in the TNTIZ

Romans 4 in the TOMA

Romans 4 in the TTENT

Romans 4 in the UBG

Romans 4 in the UGV

Romans 4 in the UGV2

Romans 4 in the UGV3

Romans 4 in the VBL

Romans 4 in the VDCC

Romans 4 in the YALU

Romans 4 in the YAPE

Romans 4 in the YBVTP

Romans 4 in the ZBP