Romans 4 (BOECS)

1 Azɔ nu ka gblɔ ge míala tso mía tɔgbui Abraham, ame si ƒe ŋutinya míese le nya sia me la ŋuti? 2 Ne ele eme vavã be wotso afia na Abraham to eƒe dɔwɔwɔwo me la, ekema nane li si ŋuti wòaƒo adegbe le, gake menye le Mawu ŋkume o. 3 Nu ka Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ? “Abraham xɔ Mawu dzi se, eye wobui nɛ dzɔdzɔenyenyee.” 4 Azɔ ne ame aɖe wɔ dɔ la, ekema eƒe fetu menye nunana o, ke boŋ enye eƒe dɔdeasi. 5 Ke ne ame aɖe mewɔ dɔ o, gake wòxɔ Mawu, ame si tsoa afia na ame vɔ̃ɖi dzi se la, ekema woabu eƒe xɔse nɛ dzɔdzɔenyenyee. 6 David gblɔ nya sia ke esi wòƒo nu tso ame si Mawu bu ame dzɔdzɔe ƒe yayra ŋu dɔ wɔwɔ manɔmee be, 7 “Woayra ame siwowotsɔ woƒe dzidadawo ke wo,kple ame siwo wotsyɔ nu woƒe nu vɔ̃wo dzi la. 8 Woayra ŋutsusi ƒe nu vɔ̃ Aƒetɔ la mabu nɛ o la.” 9 Ɖe yayra sia nye aʋatsotsotɔwo ɖeɖe ko tɔ alo enye ame siwo menye aʋamatsomatsotɔwo hã tɔa? Míegblɔna be Mawu bu Abraham ƒe xɔse nɛ dzɔdzɔenyenyee. 10 Nu ka ta wobu Abraham ƒe xɔse nɛ dzɔdzɔenyenyee ɖo? Ɖe wobui nɛ dzɔdzɔenyenyee le eƒe aʋatsotso megbe alo do ŋgɔ na eƒe aʋatsotsoa? Menye le eƒe aʋatsotso megbe o, ke boŋ do ŋgɔ na eƒe aʋatsotso! 11 Exɔ aʋatsotso si nye eƒe dzɔdzɔenyenye ƒe nutrenu ƒe dzesi si wòxɔ la esime wometso aʋa nɛ o. Esia ta Abraham nye ame siwo katã xɔ se, gake wometso aʋa na wo o la fofo, be woabui na wo dzɔdzɔenyenyee. 12 Abraham ganye ame siwo katã wotso aʋa na la fofo, ame siwo mexɔ aʋatsotso ɖeɖe ko o, ke boŋ wonɔ agbe le xɔse me abe ale si mía fofo Abraham hã nɔ agbee hafi wotso aʋa nɛ ene. 13 Menye to se la mee Abraham kple eƒe dzidzimeviwo xɔ ŋugbedodo la le be anye xexea me ƒe domenyila o, ke boŋ to dzɔdzɔenyenye si tso xɔse mee. 14 Elabena ne ame siwo le agbe le se la nu nye domenyilawo la, ekema xɔse menye viɖenu o, eye ŋugbedodo la nye yakanu, 15 elabena se la hea dɔmedzoe vanɛ. Eye afi si se mele o la, nu vɔ̃ menɔa anyi o. 16 Eya ta ŋugbedodo la vana to xɔse me be wòanye amenuveve, eye wòanye Abraham ƒe dzidzimeviwo katã, menye ame siwo le se la te ɖeɖe ko o, ke boŋ ame siwo si xɔse le abe Abraham ene. Eyae nye mí katã fofo. 17 Abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ ene be: “Meɖo wò dukɔ geɖewo fofo.” Eyae nye mía fofo le Mawu ŋkume, ame si dzi wòxɔ se, Mawu, ame si naa agbe ame kukuwo, eye wòyɔa nu siwo meli o la abe ɖe woli ene. 18 Togbɔ be mɔkpɔkpɔ aɖeke megali o hã la, Abraham kpɔ mɔ le xɔse me, eye wòzu dukɔ geɖewo fofo, abe ale si wogblɔ nɛ ene be, “Nenema anye wò dzidzimeviwo.” 19 Megbɔdzɔ le xɔse me o, eya ta mebu be yeƒe ŋutilã ku, esi wòxɔ abe ƒe alafa ɖeka ene, eye Sara hã ƒe vidzidɔ ku na vidzidzi o. 20 Ke meke ɖi le Mawu ƒe ŋugbedodo la ŋuti le dzimaxɔse me o, ke boŋ edo ŋusẽ eƒe xɔse, eye wòtsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu, 21 eye wòka ɖe edzi blibo be Mawu ate ŋu awɔ nu sia nu si ŋugbe wòdo la. 22 Nu sia ta “wobui nɛ dzɔdzɔenyenyee” ɖo. 23 Gake menye eya ɖeɖe ta woŋlɔ ɖi be “wobui nɛ dzɔdzɔenyenyee” o, 24 ke míawo hã tae, mí ame siwo Mawu abui na dzɔdzɔenyenyee, mí ame siwo xɔa ame si fɔ Yesu, míaƒe Aƒetɔ la ɖe tsitre tso ame kukuwo dome dzi sena. 25 Eku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, eye wofɔe ɖe tsitre ɖe afiatsotso na mí ta.

In Other Versions

Romans 4 in the ANGEFD

Romans 4 in the ANTPNG2D

Romans 4 in the AS21

Romans 4 in the BAGH

Romans 4 in the BBPNG

Romans 4 in the BBT1E

Romans 4 in the BDS

Romans 4 in the BEV

Romans 4 in the BHAD

Romans 4 in the BIB

Romans 4 in the BLPT

Romans 4 in the BNT

Romans 4 in the BNTABOOT

Romans 4 in the BNTLV

Romans 4 in the BOATCB

Romans 4 in the BOATCB2

Romans 4 in the BOBCV

Romans 4 in the BOCNT

Romans 4 in the BOGWICC

Romans 4 in the BOHCB

Romans 4 in the BOHCV

Romans 4 in the BOHLNT

Romans 4 in the BOHNTLTAL

Romans 4 in the BOICB

Romans 4 in the BOILNTAP

Romans 4 in the BOITCV

Romans 4 in the BOKCV

Romans 4 in the BOKCV2

Romans 4 in the BOKHWOG

Romans 4 in the BOKSSV

Romans 4 in the BOLCB

Romans 4 in the BOLCB2

Romans 4 in the BOMCV

Romans 4 in the BONAV

Romans 4 in the BONCB

Romans 4 in the BONLT

Romans 4 in the BONUT2

Romans 4 in the BOPLNT

Romans 4 in the BOSCB

Romans 4 in the BOSNC

Romans 4 in the BOTLNT

Romans 4 in the BOVCB

Romans 4 in the BOYCB

Romans 4 in the BPBB

Romans 4 in the BPH

Romans 4 in the BSB

Romans 4 in the CCB

Romans 4 in the CUV

Romans 4 in the CUVS

Romans 4 in the DBT

Romans 4 in the DGDNT

Romans 4 in the DHNT

Romans 4 in the DNT

Romans 4 in the ELBE

Romans 4 in the EMTV

Romans 4 in the ESV

Romans 4 in the FBV

Romans 4 in the FEB

Romans 4 in the GGMNT

Romans 4 in the GNT

Romans 4 in the HARY

Romans 4 in the HNT

Romans 4 in the IRVA

Romans 4 in the IRVB

Romans 4 in the IRVG

Romans 4 in the IRVH

Romans 4 in the IRVK

Romans 4 in the IRVM

Romans 4 in the IRVM2

Romans 4 in the IRVO

Romans 4 in the IRVP

Romans 4 in the IRVT

Romans 4 in the IRVT2

Romans 4 in the IRVU

Romans 4 in the ISVN

Romans 4 in the JSNT

Romans 4 in the KAPI

Romans 4 in the KBT1ETNIK

Romans 4 in the KBV

Romans 4 in the KJV

Romans 4 in the KNFD

Romans 4 in the LBA

Romans 4 in the LBLA

Romans 4 in the LNT

Romans 4 in the LSV

Romans 4 in the MAAL

Romans 4 in the MBV

Romans 4 in the MBV2

Romans 4 in the MHNT

Romans 4 in the MKNFD

Romans 4 in the MNG

Romans 4 in the MNT

Romans 4 in the MNT2

Romans 4 in the MRS1T

Romans 4 in the NAA

Romans 4 in the NASB

Romans 4 in the NBLA

Romans 4 in the NBS

Romans 4 in the NBVTP

Romans 4 in the NET2

Romans 4 in the NIV11

Romans 4 in the NNT

Romans 4 in the NNT2

Romans 4 in the NNT3

Romans 4 in the PDDPT

Romans 4 in the PFNT

Romans 4 in the RMNT

Romans 4 in the SBIAS

Romans 4 in the SBIBS

Romans 4 in the SBIBS2

Romans 4 in the SBICS

Romans 4 in the SBIDS

Romans 4 in the SBIGS

Romans 4 in the SBIHS

Romans 4 in the SBIIS

Romans 4 in the SBIIS2

Romans 4 in the SBIIS3

Romans 4 in the SBIKS

Romans 4 in the SBIKS2

Romans 4 in the SBIMS

Romans 4 in the SBIOS

Romans 4 in the SBIPS

Romans 4 in the SBISS

Romans 4 in the SBITS

Romans 4 in the SBITS2

Romans 4 in the SBITS3

Romans 4 in the SBITS4

Romans 4 in the SBIUS

Romans 4 in the SBIVS

Romans 4 in the SBT

Romans 4 in the SBT1E

Romans 4 in the SCHL

Romans 4 in the SNT

Romans 4 in the SUSU

Romans 4 in the SUSU2

Romans 4 in the SYNO

Romans 4 in the TBIAOTANT

Romans 4 in the TBT1E

Romans 4 in the TBT1E2

Romans 4 in the TFTIP

Romans 4 in the TFTU

Romans 4 in the TGNTATF3T

Romans 4 in the THAI

Romans 4 in the TNFD

Romans 4 in the TNT

Romans 4 in the TNTIK

Romans 4 in the TNTIL

Romans 4 in the TNTIN

Romans 4 in the TNTIP

Romans 4 in the TNTIZ

Romans 4 in the TOMA

Romans 4 in the TTENT

Romans 4 in the UBG

Romans 4 in the UGV

Romans 4 in the UGV2

Romans 4 in the UGV3

Romans 4 in the VBL

Romans 4 in the VDCC

Romans 4 in the YALU

Romans 4 in the YAPE

Romans 4 in the YBVTP

Romans 4 in the ZBP