Romans 8 (BEV)

1 Eya ta azɔ la, fɔbubu aɖeke megale ame siwo nye Yesu Kristo tɔ la lalam o. 2 Elabena Gbɔgbɔ si naa agbe ƒe ŋusẽ si le menye to Yesu Kristo me la, ɖem tso nu vɔ̃ kple ku sime. 3 Womeɖea mí tso nu vɔ̃ ƒe asime to Mawu ƒe seawo nyanya me o, elabena míewɔa seawo dzi o, eye míate ŋu awɔ wo dzi hã o. Ke Mawu wɔ ɖoɖo bubu aɖe ŋudɔ be yeaɖe mí. Eɖo eya ŋutɔ via ɖa wònɔ ŋutilã me abe míawo ke ene, ke nu vɔ̃ le míawo ya ƒe ŋutilã ŋu. Eɖe nu vɔ̃ ƒe ŋusẽ si wòkpɔ ɖe mía dzi la ɖa to eɖokuitsɔtsɔ sa vɔe ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta me. 4 Eya ta azɔ la, míate ŋu awɔ Mawu ƒe sewo dzi ne míedze Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yome eye míegaɖoa to nu vɔ̃ ƒe gbɔgbɔ si le mía me la o. 5 Ame siwo ɖea mɔ woƒe nu vɔ̃wo ƒe dzodzrowo ɖua wo dzi la, nɔa agbe ko be yewoadze yewo ɖokuiwo ŋu, ke ame siwo dzea Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yome la, dzea sii be yewole nu siwo dzea Mawu ŋu la wɔm. 6 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yomedzedze kplɔa mí yia agbe kple ŋutifafa me, ke nu vɔ̃ ƒe dzɔdzɔme xoxoa yomedzedze kplɔa ame yia ku me, 7 elabena míaƒe nu vɔ̃ ƒe dzɔdzɔme xoxoa tsia tsitre ɖe Mawu ŋu. Dzɔdzɔme sia mewɔ Mawu ƒe sewo dzi kpɔ o, eye mawɔe hã o. 8 Eya ta ame siwo gale woƒe nu vɔ̃ ƒe dzɔdzɔme xoxoa te kokoko eye wodina be yewoadze dzodzro vɔ̃ɖiwo yome la, mate ŋu adze Mawu ŋu akpɔ o. 9 Ke miawo miele nenema o. Ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mia me la, ekema miele miaƒe dzɔdzɔme yeye la te. Miɖo ŋku edzi be ame sia ame si me Kristo ƒe Gbɔgbɔ mele o la, ame ma menye kristotɔ o. 10 Ke, togbɔ be Yesu Kristo le agbe le mia me hã la, miaƒe ŋutilã aku le nu vɔ̃ ta ke miaƒe gbɔgbɔ ya anɔ agbe elabena Kristo ve enu. 11 Eye ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ si fɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le agbe le mia me la, ana miaƒe ŋutilã kukuawo naganɔ agbe le miaƒe ku megbe to Gbɔgbɔ Kɔkɔe ma ke si le agbe le mia me la dzi. 12 Eya ta, nɔvi lɔlɔ̃awo, se aɖeke mebla mi be miawɔ nu si miaƒe nu vɔ̃ ƒe dzɔdzɔme xoxoa di tso mia si be miawɔ o. 13 Elabena ne miaganɔ eyome kokoko la, miabu eye miatsrɔ̃, ke ne to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me, mieɖu miaƒe dzɔdzɔme xoxo vɔ̃ɖi la dzi la, mianɔ agbe. 14 Elabena ame siwo katã Mawu ƒe Gbɔgbɔ kplɔna la, ame mawoe nye Mawu viwo. 15 Eya ta mele be míanɔ abe kluvi vɔvɔ̃nɔtɔwo ene o, ke boŋ míawɔ nu abe Mawu ŋutɔ vi siwo wòxɔ ɖe eƒe ƒome la me eye míeyɔnɛ be, “Fofo, Fofo” ene. 16 Elabena eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒoa nu na mí le míaƒe dzi ƒe gogloƒe ke eye wògblɔna na mí be Mawu viwo míenye vavã. 17 Eye esi míenye viawo ta la míakpɔ gome le eƒe kesinɔnuwo me elabena nu siwo katã Mawu naa Via Yesu la, zu míawo hã tɔ azɔ. Ke ne míakpɔ gome le eƒe ŋutikɔkɔe me la, ele be míakpɔ gome le eƒe fukpekpe hã me. 18 Ke fu si míakpe fifia la, menye naneke si woatsɔ asɔ kple ŋutikɔkɔe si woana mí emegbe la kura o. 19 Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã tsɔ dzigbɔɖi kple mɔkpɔkpɔ le lalam na ŋkeke si gbɔna si dzi Mawu afɔ viawo ɖe tsitre. 20 Elabena nuwɔwɔ blibo la le teteɖeanyi gã aɖe me, nu si menye eƒe didi o ke boŋ ame si he gbegblẽ sia vɛ la ƒe lɔlɔ̃nu wònye kple mɔkpɔkpɔ 21 be nuwɔwɔ blibo la axɔ ablɔɖe tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye me age ɖe Mawu viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me. 22 Elabena míenyae be dzɔdzɔmenu siwo nye atiwo kple lãwo gɔ̃ hã kpea fu le dɔléle kple ku sime esime wole mɔ kpɔm na nya gã sia ƒe dzɔdzɔ. 23 Mí kristotɔwo gɔ̃ hã, togbɔ be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le mía me eye wònye ŋutikɔkɔe si le mía ŋgɔ ƒe ɖeɖefia na mí hã la, míawo hã míedina vevie be woaɖe mí tso vevesese kple fukpekpe me. Míawo hã míele mɔ kpɔm vevie na ŋkeke ma gbe sia gbe. Mawu ana nu siwo nye mía tɔ abe viawo ene la mí. Nu siawo dometɔ ɖekae nye ŋutilã yeye siwo ŋugbe wòdo na mí. Ŋutilã siawo magalé dɔ o eye womaku gbeɖe o. 24 Woɖe mí to xɔse me; xɔse gɔmee nye mɔkpɔkpɔ na nane si mele mía si o la kpɔkpɔ. Mahiã be ame si si nane le xoxo la, nakpɔ mɔ eye wòaxɔe se be yeakpɔ nu ma o. 25 Ke ne wòle be míaxɔ Mawu dzi ase le nu si medzɔ haɖe o gome la, dzixɔse sia fiaa mí be míalala kple dzigbɔɖi kpakple kakaɖedzi. 26 Nenema ke to míaƒe xɔse me la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kpena ɖe mía ŋu le míaƒe gbe sia gbe ƒe xaxawo kple gbedodoɖawo me. Elabena míenyaa nu si míabia to gbedodoɖa me gɔ̃ hã loo alo ale si miado gbe ɖae o. Ke Gbɔgbɔ Kɔkɔe la doa gbe ɖa ɖe mía ta kple seselelãme si tɔgbi ŋu womate ŋu aƒo nu le o. 27 Eye Fofo la, ame si nyaa dziwo katã me la, nyaa nu si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le gbɔgblɔm esime wòɖea kuku ɖe mía ta le nu siwo sɔ ɖe Mawu ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu dzi la ta. 28 Ke míenyae bena le nuwo katã me la, Mawu wɔa nu hena ame siwo lɔ̃nɛ la ƒe nyui, ame siwo woyɔ le eƒe tameɖoɖo ɖi nu. 29 Elabena ame siwo Mawu nya ɖi la, woawo kee wòɖo ɖi be woanɔ Via ƒe nɔnɔme me be wòanye ŋgɔgbevi le nɔviawo dome. 30 Ame siwo wòtia da ɖi la, woawo ke hãe wòyɔ, ame siwo wòyɔ la, woawoe wòtso afia na eye ame siwo wòtso afia na la, woawo ŋutie wòkɔ. 31 Nu ka gɔ̃ míate ŋu agblɔ tso nu wɔnuku siawo tɔgbi ŋu? Ne Mawu le mía dzi la, ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe mía ŋu? 32 Esi Mawu meve nu le Via gɔ̃ hã ŋu o, ke boŋ wòtsɔe na ɖe mí katã ta la, ɖe matsɔ nu bubu ɖe sia ɖe hã ana mí oa? 33 Ame kae ate ŋu atsɔ nya ɖe mí ame siwo Mawu tia na eɖokui la ŋu? 34 Ekema ame kae abu fɔ mí? Ɖe Kristo awɔ esia? Ao! Elabena eyae nye ame si ku ɖe mía ta eye wògatsi tsitre na mí; ebɔbɔ nɔ Mawu ƒe ɖusime eye wòle kuku ɖem ɖe mía ta le dziƒo. 35 Ame kae ama mí ɖa tso Kristo ƒe lɔlɔ̃ gbɔ? Fuwɔame loo alo xaxa? Yometiti loo alo dɔwuamea? Amamanɔnɔ, loo dzɔgbevɔ̃e loo alo yia? 36 Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Le tawò míeɖoa ku ƒe xaxawo me le ŋkeke blibo la me, wobua mía abe alẽ siwo wokplɔ yina wuwu ge la ene.” 37 Ao, le nu siawo katã me míeɖu dzi ʋuu, wòglo to ame si lɔ̃ mí la me. 38 Elabena medze sii be naneke mate ŋu ama mí ɖa tso Kristo ƒe lɔlɔ̃ la gbɔ o. Ku mate ŋui o, agbe hã mate ŋui o. Mawudɔlawo mawɔe o, eye tsĩeƒe ŋutɔ ƒe ŋusẽ katã gɔ̃ hã mate ŋu aɖe mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ la gbɔ o. Míaƒe egbe ƒe vɔvɔ̃wo kple míaƒe etsɔ ƒe dzimaɖeɖiwo 39 alo kɔkɔƒe, alo gogloƒe alo nuwɔwɔ bubu aɖeke gɔ̃ hã mate ŋu ama mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ si le Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ, me la gbɔ o.

In Other Versions

Romans 8 in the ANGEFD

Romans 8 in the ANTPNG2D

Romans 8 in the AS21

Romans 8 in the BAGH

Romans 8 in the BBPNG

Romans 8 in the BBT1E

Romans 8 in the BDS

Romans 8 in the BHAD

Romans 8 in the BIB

Romans 8 in the BLPT

Romans 8 in the BNT

Romans 8 in the BNTABOOT

Romans 8 in the BNTLV

Romans 8 in the BOATCB

Romans 8 in the BOATCB2

Romans 8 in the BOBCV

Romans 8 in the BOCNT

Romans 8 in the BOECS

Romans 8 in the BOGWICC

Romans 8 in the BOHCB

Romans 8 in the BOHCV

Romans 8 in the BOHLNT

Romans 8 in the BOHNTLTAL

Romans 8 in the BOICB

Romans 8 in the BOILNTAP

Romans 8 in the BOITCV

Romans 8 in the BOKCV

Romans 8 in the BOKCV2

Romans 8 in the BOKHWOG

Romans 8 in the BOKSSV

Romans 8 in the BOLCB

Romans 8 in the BOLCB2

Romans 8 in the BOMCV

Romans 8 in the BONAV

Romans 8 in the BONCB

Romans 8 in the BONLT

Romans 8 in the BONUT2

Romans 8 in the BOPLNT

Romans 8 in the BOSCB

Romans 8 in the BOSNC

Romans 8 in the BOTLNT

Romans 8 in the BOVCB

Romans 8 in the BOYCB

Romans 8 in the BPBB

Romans 8 in the BPH

Romans 8 in the BSB

Romans 8 in the CCB

Romans 8 in the CUV

Romans 8 in the CUVS

Romans 8 in the DBT

Romans 8 in the DGDNT

Romans 8 in the DHNT

Romans 8 in the DNT

Romans 8 in the ELBE

Romans 8 in the EMTV

Romans 8 in the ESV

Romans 8 in the FBV

Romans 8 in the FEB

Romans 8 in the GGMNT

Romans 8 in the GNT

Romans 8 in the HARY

Romans 8 in the HNT

Romans 8 in the IRVA

Romans 8 in the IRVB

Romans 8 in the IRVG

Romans 8 in the IRVH

Romans 8 in the IRVK

Romans 8 in the IRVM

Romans 8 in the IRVM2

Romans 8 in the IRVO

Romans 8 in the IRVP

Romans 8 in the IRVT

Romans 8 in the IRVT2

Romans 8 in the IRVU

Romans 8 in the ISVN

Romans 8 in the JSNT

Romans 8 in the KAPI

Romans 8 in the KBT1ETNIK

Romans 8 in the KBV

Romans 8 in the KJV

Romans 8 in the KNFD

Romans 8 in the LBA

Romans 8 in the LBLA

Romans 8 in the LNT

Romans 8 in the LSV

Romans 8 in the MAAL

Romans 8 in the MBV

Romans 8 in the MBV2

Romans 8 in the MHNT

Romans 8 in the MKNFD

Romans 8 in the MNG

Romans 8 in the MNT

Romans 8 in the MNT2

Romans 8 in the MRS1T

Romans 8 in the NAA

Romans 8 in the NASB

Romans 8 in the NBLA

Romans 8 in the NBS

Romans 8 in the NBVTP

Romans 8 in the NET2

Romans 8 in the NIV11

Romans 8 in the NNT

Romans 8 in the NNT2

Romans 8 in the NNT3

Romans 8 in the PDDPT

Romans 8 in the PFNT

Romans 8 in the RMNT

Romans 8 in the SBIAS

Romans 8 in the SBIBS

Romans 8 in the SBIBS2

Romans 8 in the SBICS

Romans 8 in the SBIDS

Romans 8 in the SBIGS

Romans 8 in the SBIHS

Romans 8 in the SBIIS

Romans 8 in the SBIIS2

Romans 8 in the SBIIS3

Romans 8 in the SBIKS

Romans 8 in the SBIKS2

Romans 8 in the SBIMS

Romans 8 in the SBIOS

Romans 8 in the SBIPS

Romans 8 in the SBISS

Romans 8 in the SBITS

Romans 8 in the SBITS2

Romans 8 in the SBITS3

Romans 8 in the SBITS4

Romans 8 in the SBIUS

Romans 8 in the SBIVS

Romans 8 in the SBT

Romans 8 in the SBT1E

Romans 8 in the SCHL

Romans 8 in the SNT

Romans 8 in the SUSU

Romans 8 in the SUSU2

Romans 8 in the SYNO

Romans 8 in the TBIAOTANT

Romans 8 in the TBT1E

Romans 8 in the TBT1E2

Romans 8 in the TFTIP

Romans 8 in the TFTU

Romans 8 in the TGNTATF3T

Romans 8 in the THAI

Romans 8 in the TNFD

Romans 8 in the TNT

Romans 8 in the TNTIK

Romans 8 in the TNTIL

Romans 8 in the TNTIN

Romans 8 in the TNTIP

Romans 8 in the TNTIZ

Romans 8 in the TOMA

Romans 8 in the TTENT

Romans 8 in the UBG

Romans 8 in the UGV

Romans 8 in the UGV2

Romans 8 in the UGV3

Romans 8 in the VBL

Romans 8 in the VDCC

Romans 8 in the YALU

Romans 8 in the YAPE

Romans 8 in the YBVTP

Romans 8 in the ZBP