Romans 8 (BOECS)

1 Eya ta azɔ la, fɔbubu aɖeke megali na ame siwo le Kristo Yesu me la o, 2 elabena to Yesu Kristo me la, Gbɔgbɔ si naa agbe la ɖem tso nu vɔ̃ kple ku ƒe se la si me. 3 Elabena nu si se la mete ŋu wɔ o esi wògbɔdzɔ to ŋutilã me la, Mawu wɔe to Via si wòɖo ɖa le nu vɔ̃ ŋutilã ƒe nɔnɔme me la dzi, eye wòtsɔ eɖokui sa vɔe ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, eye wòbu fɔ nu vɔ̃ le ŋutilã me, 4 be woawu se la ƒe dzɔdzɔenyenye nu le mí ame siwo mezɔna ɖe ŋutilã nu o, negbe le Gbɔgbɔ nu ko la me. 5 Ame siwo zɔna le ŋutilã nu la ƒe susuwo nɔa ŋutilã ƒe nudzodzrowo ŋuti; gake ame siwo zɔna le Gbɔgbɔ la nu la ƒe susuwo nɔa Gbɔgbɔ la ƒe nudzodzrowo ŋu. 6 Elabena susu si ŋutilã la kplɔna la nye ku, ke susu si Gbɔgbɔ la kplɔna la nye agbe kple ŋutifafa. 7 Susu si ŋutilã la kplɔna la nye adika na Mawu, elabena mebɔbɔa eɖokui ɖe Mawu ƒe seawo te o, eye mate ŋui hã o. 8 Eya ta ame siwo gale agbe le ŋutilã nu la mate ŋu adze Mawu ŋu o. 9 Ke miawo la, mienɔa agbe le ŋutilã nu o, ke boŋ mienɔa agbe le Gbɔgbɔ la nu, ne ele eme be Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mia me. Eye ne Kristo ƒe Gbɔgbɔ mele ame aɖe me o la, eya amea menye Kristo tɔ o. 10 Ke ne Kristo le mia me la, miaƒe ŋutilã ku le nu vɔ̃ ta, gake Gbɔgbɔ la nye agbe le dzɔdzɔenyenye ŋuti. 11 Eye ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ si fɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le agbe le mia me la, ekema ame si fɔ Kristo ɖe tsitre la agbɔ agbe miaƒe ŋutilã siwo kuna la to eƒe Gbɔgbɔ si le agbe le mia me la dzi. 12 Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, míenyi fe, gake menye ŋutilã si míenyi fe le, be míanɔ agbe le ŋutilã nu o. 13 Elabena ne miegale agbe le ŋutilã nu la, miaku; gake ne mietsɔ Gbɔgbɔ la ɖu ŋutilã ƒe nuwɔwɔwo dzi la, mianɔ agbe. 14 Elabena ame siwo Mawu ƒe Gbɔgbɔ kplɔna la, ame mawoe nye Mawu viwo. 15 Elabena Gbɔgbɔ si miexɔ la mewɔ mi mienye kluviwo, be miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke boŋ Gbɔgbɔ si miexɔ la na vinyenye ƒe ŋusẽ mi, esime míedo ɣli be, “Abba, Fofo.” 16 Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ la ŋu be Mawu viwo míenye. 17 Azɔ esi míenye viawo ta la, míezu eƒe kesinɔnuwo ƒe domenyilawo, Mawu ƒe domenyilawo kple ame siwo anyi dome kple Kristo, ne ele alea be míekpe fu kplii, be míakpɔ gome kplii le eƒe ŋutikɔkɔe me. 18 Mebuna be fukpekpe siwo me tom míele fifia la mate ŋu asɔ kple ŋutikɔkɔe si wole ɖeɖe ge afia le mía me la o. 19 Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã tsɔ dzigbɔɖi kple mɔkpɔkpɔ le Mawu viwo ƒe ɖeɖefia la lalam. 20 Elabena nuwɔwɔ la le gbegblẽ me, nu si menye eƒe didi o, ke boŋ ame si he gbegblẽ sia vɛ la ƒe lɔlɔ̃nu wònye kple mɔkpɔkpɔ, 21 be nuwɔwɔ la axɔ ablɔɖe tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye me age ɖe Mawu viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me. 22 Elabena míenya be nuwɔwɔ blibo la katã le veve sem abe fuɖuame ene va se ɖe fifi. 23 Gake menye eya ɖeɖe koe o, ke boŋ mí ame siwo xɔ Gbɔgbɔ ƒe ŋgɔgbenu la, míawo hã míele ŋeŋem le mía ɖokuiwo me hele vinyenye si nye míaƒe ŋutilã ƒe ɖeɖekpɔkpɔ la lalam. 24 Elabena woɖe mí to mɔkpɔkpɔ sia me. Gake mɔkpɔkpɔ si kpɔa nu kple ŋku la menye mɔkpɔkpɔ wònye o. Ame kae kpɔa mɔ na nu si su esi xoxo mahã? 25 Gake ne míele mɔ kpɔm na nu si mesu mía si haɖeke o la, míelalanɛ le dzigbɔɖi me. 26 Nenema ke Gbɔgbɔ la kpena ɖe mía ŋu le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ me. Elabena míenyaa nu si ta míado gbe ɖa ɖo gɔ̃ hã o, gake Gbɔgbɔ la ŋutɔ xɔa nya ɖe akɔ ɖe mía nu le ŋeŋe manyagblɔ aɖe me. 27 Ke ame si dzroa míaƒe dziwo me la nyaa nu si Gbɔgbɔ la le didim, elabena Gbɔgbɔ la xɔa nya ɖe akɔ na Mawu ƒe amewo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me. 28 Ke míenya be le nuwo katã me la, Mawu wɔa nu hena ame siwo lɔ̃nɛ la ƒe nyui, ame siwo woyɔ le eƒe tameɖoɖo ɖi nu. 29 Elabena ame siwo Mawu nya ɖi la, woawo ke wòɖo ɖi be woanɔ Via ƒe nɔnɔme me, be wòanye ŋgɔgbevi le nɔviawo dome. 30 Eye ame siwo wòɖo ɖi la, woawo ke hã wòyɔ; ame siwo wòyɔ la, woawo wòtso afia na, eye ame siwo wòtso afia na la, woawo ŋuti wòkɔ. 31 Nu ka gɔ̃ míagblɔ tso nu siawo ŋu? Ne Mawu le mía dzi la, ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe mía ŋu? 32 Ame si meve eya ŋutɔ Via nu o, ke boŋ wòtsɔe na ɖe mí katã ta la, ɖe matsɔ nu bubu ɖe sia ɖe hã ana mí oa? 33 Ame kae ate ŋu atsɔ nya ɖe mí ame siwo Mawu tia na eɖokui la ŋu? Mawue nye afiatsola. 34 Ekema ame kae abu fɔ mí? Ame aɖeke mabu fɔ mí o. Kristo Yesue nye ame si ku; ke nu si gawu lae nye be eyae wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wònɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime, eye wòle kuku ɖem ɖe mía ta le dziƒo. 35 Nu kae ama mí ɖa tso Kristo ƒe lɔlɔ̃ gbɔ? Fuwɔame loo alo xaxa? Yometiti loo alo dɔwuamea? Amamanɔnɔ loo, dzɔgbevɔ̃e loo, alo yia? 36 Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be,“Le tawò míeɖoa ku ƒe xaxawo me le ŋkeke blibo la me;wobua mí abe alẽ siwo wokplɔ yina wuwu ge la ene.” 37 Gake le nu siawo katã me la, míeɖu dzi glo le ame si lɔ̃ mí la me. 38 Elabena menyae keŋ be eɖanye ku o, eɖanye agbe o; eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye gbɔgbɔ vɔ̃wo o; eɖanye nu siwo li fifia o, eɖanye nu siwo le vava ge o, eɖanye ŋusẽwo o, 39 eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe o, alo nuwɔwɔ bubu aɖe o, womate ŋu ama mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ si le Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ me la gbɔ o.

In Other Versions

Romans 8 in the ANGEFD

Romans 8 in the ANTPNG2D

Romans 8 in the AS21

Romans 8 in the BAGH

Romans 8 in the BBPNG

Romans 8 in the BBT1E

Romans 8 in the BDS

Romans 8 in the BEV

Romans 8 in the BHAD

Romans 8 in the BIB

Romans 8 in the BLPT

Romans 8 in the BNT

Romans 8 in the BNTABOOT

Romans 8 in the BNTLV

Romans 8 in the BOATCB

Romans 8 in the BOATCB2

Romans 8 in the BOBCV

Romans 8 in the BOCNT

Romans 8 in the BOGWICC

Romans 8 in the BOHCB

Romans 8 in the BOHCV

Romans 8 in the BOHLNT

Romans 8 in the BOHNTLTAL

Romans 8 in the BOICB

Romans 8 in the BOILNTAP

Romans 8 in the BOITCV

Romans 8 in the BOKCV

Romans 8 in the BOKCV2

Romans 8 in the BOKHWOG

Romans 8 in the BOKSSV

Romans 8 in the BOLCB

Romans 8 in the BOLCB2

Romans 8 in the BOMCV

Romans 8 in the BONAV

Romans 8 in the BONCB

Romans 8 in the BONLT

Romans 8 in the BONUT2

Romans 8 in the BOPLNT

Romans 8 in the BOSCB

Romans 8 in the BOSNC

Romans 8 in the BOTLNT

Romans 8 in the BOVCB

Romans 8 in the BOYCB

Romans 8 in the BPBB

Romans 8 in the BPH

Romans 8 in the BSB

Romans 8 in the CCB

Romans 8 in the CUV

Romans 8 in the CUVS

Romans 8 in the DBT

Romans 8 in the DGDNT

Romans 8 in the DHNT

Romans 8 in the DNT

Romans 8 in the ELBE

Romans 8 in the EMTV

Romans 8 in the ESV

Romans 8 in the FBV

Romans 8 in the FEB

Romans 8 in the GGMNT

Romans 8 in the GNT

Romans 8 in the HARY

Romans 8 in the HNT

Romans 8 in the IRVA

Romans 8 in the IRVB

Romans 8 in the IRVG

Romans 8 in the IRVH

Romans 8 in the IRVK

Romans 8 in the IRVM

Romans 8 in the IRVM2

Romans 8 in the IRVO

Romans 8 in the IRVP

Romans 8 in the IRVT

Romans 8 in the IRVT2

Romans 8 in the IRVU

Romans 8 in the ISVN

Romans 8 in the JSNT

Romans 8 in the KAPI

Romans 8 in the KBT1ETNIK

Romans 8 in the KBV

Romans 8 in the KJV

Romans 8 in the KNFD

Romans 8 in the LBA

Romans 8 in the LBLA

Romans 8 in the LNT

Romans 8 in the LSV

Romans 8 in the MAAL

Romans 8 in the MBV

Romans 8 in the MBV2

Romans 8 in the MHNT

Romans 8 in the MKNFD

Romans 8 in the MNG

Romans 8 in the MNT

Romans 8 in the MNT2

Romans 8 in the MRS1T

Romans 8 in the NAA

Romans 8 in the NASB

Romans 8 in the NBLA

Romans 8 in the NBS

Romans 8 in the NBVTP

Romans 8 in the NET2

Romans 8 in the NIV11

Romans 8 in the NNT

Romans 8 in the NNT2

Romans 8 in the NNT3

Romans 8 in the PDDPT

Romans 8 in the PFNT

Romans 8 in the RMNT

Romans 8 in the SBIAS

Romans 8 in the SBIBS

Romans 8 in the SBIBS2

Romans 8 in the SBICS

Romans 8 in the SBIDS

Romans 8 in the SBIGS

Romans 8 in the SBIHS

Romans 8 in the SBIIS

Romans 8 in the SBIIS2

Romans 8 in the SBIIS3

Romans 8 in the SBIKS

Romans 8 in the SBIKS2

Romans 8 in the SBIMS

Romans 8 in the SBIOS

Romans 8 in the SBIPS

Romans 8 in the SBISS

Romans 8 in the SBITS

Romans 8 in the SBITS2

Romans 8 in the SBITS3

Romans 8 in the SBITS4

Romans 8 in the SBIUS

Romans 8 in the SBIVS

Romans 8 in the SBT

Romans 8 in the SBT1E

Romans 8 in the SCHL

Romans 8 in the SNT

Romans 8 in the SUSU

Romans 8 in the SUSU2

Romans 8 in the SYNO

Romans 8 in the TBIAOTANT

Romans 8 in the TBT1E

Romans 8 in the TBT1E2

Romans 8 in the TFTIP

Romans 8 in the TFTU

Romans 8 in the TGNTATF3T

Romans 8 in the THAI

Romans 8 in the TNFD

Romans 8 in the TNT

Romans 8 in the TNTIK

Romans 8 in the TNTIL

Romans 8 in the TNTIN

Romans 8 in the TNTIP

Romans 8 in the TNTIZ

Romans 8 in the TOMA

Romans 8 in the TTENT

Romans 8 in the UBG

Romans 8 in the UGV

Romans 8 in the UGV2

Romans 8 in the UGV3

Romans 8 in the VBL

Romans 8 in the VDCC

Romans 8 in the YALU

Romans 8 in the YAPE

Romans 8 in the YBVTP

Romans 8 in the ZBP