1 Chronicles 16 (BOECS)

1 Ale wotsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la yi Agbadɔ si David tu nɛ la me. Israel kplɔlawo sa numevɔ kple akpedavɔ le Mawu ŋkume. 2 Esi David sa numevɔ kple akpedavɔ vɔ la, eyra ameawo le Yehowa ƒe ŋkɔ me 3 eye wòtsɔ abolo, lãkɔ kple waintsetsebolo na Israelvi ɖe sia ɖe, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. 4 Etia Levitɔ aɖewo be woanɔ nublaɖaka la ŋgɔ anɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la kafum, anɔ akpe dam nɛ eye woanɔ eƒe yayra biam ɖe amewo dzi madzudzɔmadzudzɔe. Ame siwo wode dɔ sia asi na la woe nye: 5 Asaf, ameawo ƒe kplɔla, eyae ƒoa gakogoe. Eƒe hadɔwɔlawoe nye: Zekaria, Yeiel, Semiramɔt, Yehiel, Matitia, Eliab, Benaya, Obed Edom kple Yeiel. Woawoe ƒoa saŋkuwo kple kasaŋkuwo. 6 Nunɔla Benaya kple Nunɔla Yahaziel kua kpẽ le nubablaɖaka la ŋgɔ gbe sia gbe. 7 Ɣe ma ɣie David dze hadzilawo ŋu dɔ wɔwɔ gɔme le Agbadɔ la me be woadzi akpedaha na Yehowa. Ame si nɔ hadzilawo nue nye Asaf. 8 Wodzi ha be: Mida akpe na YehowaMiyɔ eƒe ŋkɔ eye miɖe gbeƒã nusiwo wòwɔ la le dukɔwo dome. 9 Midzi ha nɛ, midzi kafukafuha nɛ,Miɖe gbeƒã eƒe nukunuwɔwɔwo; 10 Miƒo adegbe le eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu,mina ame siwo dia Yehowa laƒe dzi natso aseye. 11 Midi Yehowa, mibia eƒe ŋusẽ,Midi eƒe ŋkume ɖaa. 12 Miɖo ŋku nukunu siwo wòwɔ,eƒe dzesiwo kple eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo dzi. 13 O Israel, eƒe dɔla ƒe dzidzimeviwo,O Yakob ƒe viwo, ame siwo wòtia. 14 Eyae nye Yehowa, míaƒe Mawu!Eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ xɔ anyigba la katã dzi. 15 Eɖoa ŋku eƒe nubablakple se siwo wòde na dzidzime akpewo la dzi ɖaa, 16 Eƒe nu si wòbla kple Abraham,kple atam si wòka na Isak la dzi. 17 Eɖo kpe edzi na YakobAbe sedede ene eyena Israel abe nubabla mavɔ ene be: 18 “Wòe matsɔ Kanaanyigba la na,abe wò domenyinu ene!” 19 Esi wonye ame ʋɛ aɖewo ko,Womesɔ gbɔ o eye wonye amedzrowo le anyigba dzi la, 20 Esime wotsa tso dukɔ me yi dukɔ meTso fiaɖuƒe ɖeka me yi bubu me la, 21 Yehowa meɖe mɔ be ame aɖeke nate wo ɖe anyi oEka mo na fiawo le wo ta 22 Mawu gblɔ na fia mawo be,“Migaka asi nye amesiaminawo oeye migawɔ nuvevi nye nyagblɔɖilawo o.” 23 Oo, anyigba, midzi ha na Yehowa,Miɖe gbeƒã eƒe xɔxɔ le dukɔwo dome gbe sia gbe, 24 Miɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia le dukɔwo domekple eƒe nukudɔwo fia le anyigbadzitɔwo katã dome. 25 Elabena Yehowa lolo eye wòdze kafukafu ŋutɔ;ele be woavɔ̃e wu mawuwo katã. 26 Dukɔwo ƒe mawuwo nye legbawo.Ke Yehowae wɔ dziƒowo. 27 Atsyɔ̃ kple gãnyenye le eŋgɔ eye ŋusẽkple ŋutikɔkɔe le eƒe kɔkɔeƒe la me. 28 O mi dukɔwo ƒe ƒomewo,mitsɔ bubu kple ŋusẽ na Yehowa. 29 Ɛ̃, mitsɔ ŋutikɔkɔe si dze eƒe ŋkɔ la nɛ.Mido ɖe eŋkume kple nunana.Misubɔ Yehowa le eƒe kɔkɔenyenye ƒe atyɔ̃ me. 30 Mi anyigbawo katã, midzo nyanyanya le eŋkume.Eɖo xexea gɔme anyi goŋgoŋgoŋ, mate ŋu aʋã o. 31 Dziƒowo, mitso aseye, anyigba nedzɔ dzi.Wonegblɔ le dukɔwo dome be,“Yehowae le fia ɖum.” 32 Atsiaƒu kple emenuwo katã neɖe gbeeye gbegbe kple emenuwo katã netso aseye! 33 Ekema avemetiwo katã adzi haWoadzi ha kple dzidzɔ le Yehowa ŋkume,Elabena egbɔna be yeadrɔ̃ ʋɔnu anyigba. 34 Mida akpe na Yehowa elabena eƒe dɔme nyoEye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. 35 Mido ɣli be, “Oo Mawu, mia Ɖela, ɖe mí,Ƒo mía nu ƒu eye nàɖe mí tso dukɔwo ƒe asi me.Be míada akpe na wò ŋkɔ kɔkɔe la,Be míadzɔ dzi le wò kafukafu me.” 36 Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu laTso mavɔ me yi mavɔ me.Tete ameawo katã xɔ ɖe edzi be, “Amen, mikafu Yehowa.” 37 David tia Asaf kple nɔvia Levitɔwo be woawɔ subɔsubɔdɔ ɣe sia ɣi le Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ eye woawɔ nu sia nu si hiã na wɔwɔ la gbe sia gbe. 38 Ame siwo wode dɔ sia asi na la, woe nye: Obed Edom, Yedutun ƒe vi, Hosa kple wo nɔvi blaade-vɔ-enyi, ame siwo nye agbonudzɔlawo. 39 Wogawɔa Yehowa ƒe Agbadɔ xoxo si nɔ Gibeon to la dzi la ŋu dɔ. David gble Nunɔla Zadok kple Nunɔla bubuawo ɖi be woasubɔ Yehowa le afi ma. 40 Wosa numevɔ na Yehowa ŋdi sia ŋdi, fiẽ sia fiẽ le numevɔsamlekpui la dzi abe ale si Yehowa ɖo na Israel ene. 41 David gatia Heman kple Yedutun kple ame bubu aɖewo, ame siwo ŋkɔwo wode dzesi la be woada akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve si li ɖaa la ta. 42 Heman kple Yedutun kua woƒe kpẽwo eye woƒoa woƒe gakogoewo kpena ɖe hadzidzi ŋu eye kafukafu dea dzi na Yehowa bobobo. Wotia Yedutun ƒe viwo wozu agbonudzɔlawo. 43 Esi aseyetsotso la wu enu eye ame sia ame trɔ yi eƒe aƒe me la, David hã trɔ yi eƒe aƒe me eye wòyra eƒe aƒemetɔwo.

In Other Versions

1 Chronicles 16 in the ANGEFD

1 Chronicles 16 in the ANTPNG2D

1 Chronicles 16 in the AS21

1 Chronicles 16 in the BAGH

1 Chronicles 16 in the BBPNG

1 Chronicles 16 in the BBT1E

1 Chronicles 16 in the BDS

1 Chronicles 16 in the BEV

1 Chronicles 16 in the BHAD

1 Chronicles 16 in the BIB

1 Chronicles 16 in the BLPT

1 Chronicles 16 in the BNT

1 Chronicles 16 in the BNTABOOT

1 Chronicles 16 in the BNTLV

1 Chronicles 16 in the BOATCB

1 Chronicles 16 in the BOATCB2

1 Chronicles 16 in the BOBCV

1 Chronicles 16 in the BOCNT

1 Chronicles 16 in the BOGWICC

1 Chronicles 16 in the BOHCB

1 Chronicles 16 in the BOHCV

1 Chronicles 16 in the BOHLNT

1 Chronicles 16 in the BOHNTLTAL

1 Chronicles 16 in the BOICB

1 Chronicles 16 in the BOILNTAP

1 Chronicles 16 in the BOITCV

1 Chronicles 16 in the BOKCV

1 Chronicles 16 in the BOKCV2

1 Chronicles 16 in the BOKHWOG

1 Chronicles 16 in the BOKSSV

1 Chronicles 16 in the BOLCB

1 Chronicles 16 in the BOLCB2

1 Chronicles 16 in the BOMCV

1 Chronicles 16 in the BONAV

1 Chronicles 16 in the BONCB

1 Chronicles 16 in the BONLT

1 Chronicles 16 in the BONUT2

1 Chronicles 16 in the BOPLNT

1 Chronicles 16 in the BOSCB

1 Chronicles 16 in the BOSNC

1 Chronicles 16 in the BOTLNT

1 Chronicles 16 in the BOVCB

1 Chronicles 16 in the BOYCB

1 Chronicles 16 in the BPBB

1 Chronicles 16 in the BPH

1 Chronicles 16 in the BSB

1 Chronicles 16 in the CCB

1 Chronicles 16 in the CUV

1 Chronicles 16 in the CUVS

1 Chronicles 16 in the DBT

1 Chronicles 16 in the DGDNT

1 Chronicles 16 in the DHNT

1 Chronicles 16 in the DNT

1 Chronicles 16 in the ELBE

1 Chronicles 16 in the EMTV

1 Chronicles 16 in the ESV

1 Chronicles 16 in the FBV

1 Chronicles 16 in the FEB

1 Chronicles 16 in the GGMNT

1 Chronicles 16 in the GNT

1 Chronicles 16 in the HARY

1 Chronicles 16 in the HNT

1 Chronicles 16 in the IRVA

1 Chronicles 16 in the IRVB

1 Chronicles 16 in the IRVG

1 Chronicles 16 in the IRVH

1 Chronicles 16 in the IRVK

1 Chronicles 16 in the IRVM

1 Chronicles 16 in the IRVM2

1 Chronicles 16 in the IRVO

1 Chronicles 16 in the IRVP

1 Chronicles 16 in the IRVT

1 Chronicles 16 in the IRVT2

1 Chronicles 16 in the IRVU

1 Chronicles 16 in the ISVN

1 Chronicles 16 in the JSNT

1 Chronicles 16 in the KAPI

1 Chronicles 16 in the KBT1ETNIK

1 Chronicles 16 in the KBV

1 Chronicles 16 in the KJV

1 Chronicles 16 in the KNFD

1 Chronicles 16 in the LBA

1 Chronicles 16 in the LBLA

1 Chronicles 16 in the LNT

1 Chronicles 16 in the LSV

1 Chronicles 16 in the MAAL

1 Chronicles 16 in the MBV

1 Chronicles 16 in the MBV2

1 Chronicles 16 in the MHNT

1 Chronicles 16 in the MKNFD

1 Chronicles 16 in the MNG

1 Chronicles 16 in the MNT

1 Chronicles 16 in the MNT2

1 Chronicles 16 in the MRS1T

1 Chronicles 16 in the NAA

1 Chronicles 16 in the NASB

1 Chronicles 16 in the NBLA

1 Chronicles 16 in the NBS

1 Chronicles 16 in the NBVTP

1 Chronicles 16 in the NET2

1 Chronicles 16 in the NIV11

1 Chronicles 16 in the NNT

1 Chronicles 16 in the NNT2

1 Chronicles 16 in the NNT3

1 Chronicles 16 in the PDDPT

1 Chronicles 16 in the PFNT

1 Chronicles 16 in the RMNT

1 Chronicles 16 in the SBIAS

1 Chronicles 16 in the SBIBS

1 Chronicles 16 in the SBIBS2

1 Chronicles 16 in the SBICS

1 Chronicles 16 in the SBIDS

1 Chronicles 16 in the SBIGS

1 Chronicles 16 in the SBIHS

1 Chronicles 16 in the SBIIS

1 Chronicles 16 in the SBIIS2

1 Chronicles 16 in the SBIIS3

1 Chronicles 16 in the SBIKS

1 Chronicles 16 in the SBIKS2

1 Chronicles 16 in the SBIMS

1 Chronicles 16 in the SBIOS

1 Chronicles 16 in the SBIPS

1 Chronicles 16 in the SBISS

1 Chronicles 16 in the SBITS

1 Chronicles 16 in the SBITS2

1 Chronicles 16 in the SBITS3

1 Chronicles 16 in the SBITS4

1 Chronicles 16 in the SBIUS

1 Chronicles 16 in the SBIVS

1 Chronicles 16 in the SBT

1 Chronicles 16 in the SBT1E

1 Chronicles 16 in the SCHL

1 Chronicles 16 in the SNT

1 Chronicles 16 in the SUSU

1 Chronicles 16 in the SUSU2

1 Chronicles 16 in the SYNO

1 Chronicles 16 in the TBIAOTANT

1 Chronicles 16 in the TBT1E

1 Chronicles 16 in the TBT1E2

1 Chronicles 16 in the TFTIP

1 Chronicles 16 in the TFTU

1 Chronicles 16 in the TGNTATF3T

1 Chronicles 16 in the THAI

1 Chronicles 16 in the TNFD

1 Chronicles 16 in the TNT

1 Chronicles 16 in the TNTIK

1 Chronicles 16 in the TNTIL

1 Chronicles 16 in the TNTIN

1 Chronicles 16 in the TNTIP

1 Chronicles 16 in the TNTIZ

1 Chronicles 16 in the TOMA

1 Chronicles 16 in the TTENT

1 Chronicles 16 in the UBG

1 Chronicles 16 in the UGV

1 Chronicles 16 in the UGV2

1 Chronicles 16 in the UGV3

1 Chronicles 16 in the VBL

1 Chronicles 16 in the VDCC

1 Chronicles 16 in the YALU

1 Chronicles 16 in the YAPE

1 Chronicles 16 in the YBVTP

1 Chronicles 16 in the ZBP