1 Corinthians 1 (BOECS)

1 Nye, Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo, si woyɔ to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me la kple nɔvi, xɔsetɔ Sostene gbɔe agbalẽ sia tso, 2 Na Mawu ƒe hame si le Korinto, ame siwo ŋu wokɔ le Kristo Yesu me, eye woyɔ wo be woanɔ kɔkɔe la kple ame siwo katã le xexea me godoo siwo xɔ míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi se abe woƒe Aƒetɔ ene. 3 Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nanɔ kpli mi. 4 Meda akpe na nye Mawu ɖaa ɖe mia ta le Mawu ƒe amenuveve si wòna mi le Kristo Yesu me la ta. 5 Ena be míegbã go le nu sia nu me le nuƒoƒo kple nunya siaa me, 6 eye wòna woɖo kpe Kristo ƒe ɖaseɖiɖi dzi le mía me. 7 Azɔ la, gbɔgbɔmenunana aɖeke matsi mia nu o, eye mianɔ lalam vevie na Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la. 8 Ana mianɔ tsitre sesĩe va se ɖe nuwuwu, eye woakpɔ mi mokakamanɔŋutɔwoe le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi. 9 Mawu ame si yɔ mi be miabɔ ha kple via Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la, nuteƒewɔlae wònye. 10 Nɔviwo, mele kuku ɖem na mi le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be miadzudzɔ nyahehe vivivo le mia nɔewo dome. Mina nusɔsɔ blibo nanɔ mia me ale be mama kukluiwo nagava mia dome o. Meɖe kuku na mi be miawɔ ɖeka le susu kple ɖoɖowo wɔwɔ me. 11 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, mia nɔvi siwo le Kloe ƒe aƒe me la dometɔ aɖewo fi tofi nam be nyahehe kple dzre sɔŋ ko dzi miele. 12 Mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, “Nye la, Paulo tɔ menye”; bubu be, “Apoloe nye nye amegã”; ame aɖewo hã be, “Kefa ƒe ame menye”; Gawu la, ame aɖewo hã be, “Nye koe nye Kristo yomedzela vavã.” 13 Miaƒe nuwɔna sia na wòle dzedzem abe ɖe Kristo ma ɖe akpa vovovowo me ene. Ke medi be mabia mi se be nye Paulo ye ku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta hã? Alo wode mawutsi ta na mia dometɔ aɖe le nye ŋkɔ dzia? 14 Edzɔ dzi nam ŋutɔ eye meda akpe na Mawu vevie be Krispo kple Gayo ɖeɖe koe nye ame siwo nye ŋutɔ mede mawutsi ta na le mia dome. 15 Eya ta mia dometɔ aɖeke mate ŋu agblɔ be wode mawutsi ta na ye le nye ŋkɔ me o. 16 (Ɛ̃, meɖo ŋku edzi be mede mawutsi ta na Stefano kple eƒe aƒemetɔwo hã. Le woawo megbe la, nyemegade mawutsi ta na ame bubu aɖeke kura o.) 17 Yesu Kristo meɖom ɖa be mava de mawutsi ta na amewo o, ke boŋ be magblɔ nyanyui la. Ke hã la, nye nyagbɔgblɔ la meɖea kpe tututu o elabena ne mele mawunya gblɔm la, nyemeɖea ami ɖe nye nyawo o elabena nyemedi be matɔtɔ ŋusẽ blibo si le Yesu ƒe atitsogaŋunya la me kple amegbetɔwo ƒe nunya o. 18 Menya nyuie be, ne ame siwo le mɔ tram eye wole bubum la se be Yesu ku be yeaɖe wo la, aɖi bometsinya na wo. Ke nya sia nye Mawu ƒe ŋusẽ na mí ame siwo le ɖeɖe kpɔm 19 elabena Mawu ŋutɔ gblɔ be,“Magblẽ nunyalawo ƒe nunya me;eye maɖe gɔmeselawo ƒe nugɔmesese ɖa.” 20 Ekema afi ka nunyalawo le? Afi kae agbalẽnyalawo le? Afi kae xexe sia me ƒe anukutsyɔlawo le? Ɖe Mawu mewɔ xexe sia me nunya wòzu bometsitsi oa? 21 Esi xexea me metsɔ eya ŋutɔ ƒe nunya dze si Mawu le Mawu ƒe nunya me o ŋuti la, edze Mawu ŋu be yeato gbeƒãɖeɖe bometsinya me axɔ ame siwo axɔ ase la. 22 Yudatɔwo dia nukunu kple dzesiwo eye Grikitɔwo dia xexemenunya, 23 ke míawo ya míeɖea gbeƒã Kristo, ame si woklã ɖe ati ŋuti, nu si nye nukikli na Yudatɔwo kple bometsinya na ame siwo menye Yudatɔwo o, 24 ke hena ame siwo Mawu yɔ la, Yudatɔwo kple Grikitɔwo siaa la, Kristoe nye Mawu ƒe ŋusẽ kple nunya. 25 Elabena Mawu ƒe bometsinya xɔ asi wu amewo ƒe nunya eye Mawu ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ sesẽ wu amewo ƒe ŋusẽ. 26 Nɔviwo, ne mielé ŋku ɖe mia nɔewo dome la, miakpɔe be mí ame siwo le Kristo yome la, dometɔ ʋɛ aɖewo koe nye amegãwo alo ame ŋkutatɔwo. 27 Ke Mawu tia xexemebometsinuwo be wòatsɔ ado ŋukpe nunyalawoe. Mawu tia xexemegbɔdzɔgbɔdzɔnuwo be woado ŋukpe nu sesẽwo. 28 Mawu tia xexemenu maɖinuwo, nu siwo wodo ŋunyɔe kple nu siwo mele ɖeke me o, be wòatsɔ aɖi gbɔ nu si nye nanee, 29 ale be ame aɖeke mate ŋu aƒo adegbe le eŋu le Mawu ƒe ŋkume o. 30 Ke eya ŋutɔ gbɔ wòtso miele Yesu Kristo me, ame si zu nunya, dzɔdzɔenyenye, kɔkɔenyenye kple ɖeɖe si tso Mawu gbɔ la na mi. 31 Eya ta abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Ne ame aɖe aƒo adegbe la, nèƒoe le nu si Aƒetɔ la wɔ la ko ŋu.”

In Other Versions

1 Corinthians 1 in the ANGEFD

1 Corinthians 1 in the ANTPNG2D

1 Corinthians 1 in the AS21

1 Corinthians 1 in the BAGH

1 Corinthians 1 in the BBPNG

1 Corinthians 1 in the BBT1E

1 Corinthians 1 in the BDS

1 Corinthians 1 in the BEV

1 Corinthians 1 in the BHAD

1 Corinthians 1 in the BIB

1 Corinthians 1 in the BLPT

1 Corinthians 1 in the BNT

1 Corinthians 1 in the BNTABOOT

1 Corinthians 1 in the BNTLV

1 Corinthians 1 in the BOATCB

1 Corinthians 1 in the BOATCB2

1 Corinthians 1 in the BOBCV

1 Corinthians 1 in the BOCNT

1 Corinthians 1 in the BOGWICC

1 Corinthians 1 in the BOHCB

1 Corinthians 1 in the BOHCV

1 Corinthians 1 in the BOHLNT

1 Corinthians 1 in the BOHNTLTAL

1 Corinthians 1 in the BOICB

1 Corinthians 1 in the BOILNTAP

1 Corinthians 1 in the BOITCV

1 Corinthians 1 in the BOKCV

1 Corinthians 1 in the BOKCV2

1 Corinthians 1 in the BOKHWOG

1 Corinthians 1 in the BOKSSV

1 Corinthians 1 in the BOLCB

1 Corinthians 1 in the BOLCB2

1 Corinthians 1 in the BOMCV

1 Corinthians 1 in the BONAV

1 Corinthians 1 in the BONCB

1 Corinthians 1 in the BONLT

1 Corinthians 1 in the BONUT2

1 Corinthians 1 in the BOPLNT

1 Corinthians 1 in the BOSCB

1 Corinthians 1 in the BOSNC

1 Corinthians 1 in the BOTLNT

1 Corinthians 1 in the BOVCB

1 Corinthians 1 in the BOYCB

1 Corinthians 1 in the BPBB

1 Corinthians 1 in the BPH

1 Corinthians 1 in the BSB

1 Corinthians 1 in the CCB

1 Corinthians 1 in the CUV

1 Corinthians 1 in the CUVS

1 Corinthians 1 in the DBT

1 Corinthians 1 in the DGDNT

1 Corinthians 1 in the DHNT

1 Corinthians 1 in the DNT

1 Corinthians 1 in the ELBE

1 Corinthians 1 in the EMTV

1 Corinthians 1 in the ESV

1 Corinthians 1 in the FBV

1 Corinthians 1 in the FEB

1 Corinthians 1 in the GGMNT

1 Corinthians 1 in the GNT

1 Corinthians 1 in the HARY

1 Corinthians 1 in the HNT

1 Corinthians 1 in the IRVA

1 Corinthians 1 in the IRVB

1 Corinthians 1 in the IRVG

1 Corinthians 1 in the IRVH

1 Corinthians 1 in the IRVK

1 Corinthians 1 in the IRVM

1 Corinthians 1 in the IRVM2

1 Corinthians 1 in the IRVO

1 Corinthians 1 in the IRVP

1 Corinthians 1 in the IRVT

1 Corinthians 1 in the IRVT2

1 Corinthians 1 in the IRVU

1 Corinthians 1 in the ISVN

1 Corinthians 1 in the JSNT

1 Corinthians 1 in the KAPI

1 Corinthians 1 in the KBT1ETNIK

1 Corinthians 1 in the KBV

1 Corinthians 1 in the KJV

1 Corinthians 1 in the KNFD

1 Corinthians 1 in the LBA

1 Corinthians 1 in the LBLA

1 Corinthians 1 in the LNT

1 Corinthians 1 in the LSV

1 Corinthians 1 in the MAAL

1 Corinthians 1 in the MBV

1 Corinthians 1 in the MBV2

1 Corinthians 1 in the MHNT

1 Corinthians 1 in the MKNFD

1 Corinthians 1 in the MNG

1 Corinthians 1 in the MNT

1 Corinthians 1 in the MNT2

1 Corinthians 1 in the MRS1T

1 Corinthians 1 in the NAA

1 Corinthians 1 in the NASB

1 Corinthians 1 in the NBLA

1 Corinthians 1 in the NBS

1 Corinthians 1 in the NBVTP

1 Corinthians 1 in the NET2

1 Corinthians 1 in the NIV11

1 Corinthians 1 in the NNT

1 Corinthians 1 in the NNT2

1 Corinthians 1 in the NNT3

1 Corinthians 1 in the PDDPT

1 Corinthians 1 in the PFNT

1 Corinthians 1 in the RMNT

1 Corinthians 1 in the SBIAS

1 Corinthians 1 in the SBIBS

1 Corinthians 1 in the SBIBS2

1 Corinthians 1 in the SBICS

1 Corinthians 1 in the SBIDS

1 Corinthians 1 in the SBIGS

1 Corinthians 1 in the SBIHS

1 Corinthians 1 in the SBIIS

1 Corinthians 1 in the SBIIS2

1 Corinthians 1 in the SBIIS3

1 Corinthians 1 in the SBIKS

1 Corinthians 1 in the SBIKS2

1 Corinthians 1 in the SBIMS

1 Corinthians 1 in the SBIOS

1 Corinthians 1 in the SBIPS

1 Corinthians 1 in the SBISS

1 Corinthians 1 in the SBITS

1 Corinthians 1 in the SBITS2

1 Corinthians 1 in the SBITS3

1 Corinthians 1 in the SBITS4

1 Corinthians 1 in the SBIUS

1 Corinthians 1 in the SBIVS

1 Corinthians 1 in the SBT

1 Corinthians 1 in the SBT1E

1 Corinthians 1 in the SCHL

1 Corinthians 1 in the SNT

1 Corinthians 1 in the SUSU

1 Corinthians 1 in the SUSU2

1 Corinthians 1 in the SYNO

1 Corinthians 1 in the TBIAOTANT

1 Corinthians 1 in the TBT1E

1 Corinthians 1 in the TBT1E2

1 Corinthians 1 in the TFTIP

1 Corinthians 1 in the TFTU

1 Corinthians 1 in the TGNTATF3T

1 Corinthians 1 in the THAI

1 Corinthians 1 in the TNFD

1 Corinthians 1 in the TNT

1 Corinthians 1 in the TNTIK

1 Corinthians 1 in the TNTIL

1 Corinthians 1 in the TNTIN

1 Corinthians 1 in the TNTIP

1 Corinthians 1 in the TNTIZ

1 Corinthians 1 in the TOMA

1 Corinthians 1 in the TTENT

1 Corinthians 1 in the UBG

1 Corinthians 1 in the UGV

1 Corinthians 1 in the UGV2

1 Corinthians 1 in the UGV3

1 Corinthians 1 in the VBL

1 Corinthians 1 in the VDCC

1 Corinthians 1 in the YALU

1 Corinthians 1 in the YAPE

1 Corinthians 1 in the YBVTP

1 Corinthians 1 in the ZBP