Acts 28 (BOECS)

1 Esi míekpɔ ɖeɖe megbe la, míeva nya be ƒukpo si woyɔna be Mɔlta la dzie míeva ɖo. 2 Ƒukpoa dzi tɔwo xɔ mí nyuie ŋutɔ. Esi tsi nɔ dzadzam eye vuvɔ nɔ wɔwɔm ta la, wodo dzo gã aɖe na mí be míaƒu. 3 Esi Paulo fɔ nake wuwlui aɖewo be yeade dzoa me ko la, da vɔ̃ɖi aɖe do tso nake la me, le dzoxɔxɔ la ta, eye wòbla ɖe Paulo ƒe alɔnu. 4 Nu sia wɔ nuku, eye wòdo vɔvɔ̃ na ame siwo nɔ afi ma ŋutɔ, ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame sia la, hlɔ̃dola vɔ̃ɖi aɖee wònye; togbɔ be metsi ƒu me ku o hã la, Mawu ƒe hlɔ̃biabia melɔ̃ be wòatsi agbe o.” 5 Ke Paulo ʋuʋu da la le alɔnu ɖe dzo bibi la me, eye naneke mewɔe o. 6 Ameawo nɔ mɔ kpɔm be Paulo ƒe abɔ ate, eye wòadze anyi aku, ke esi wolala ʋuu nya aɖeke medzɔ ɖe edzi o la, wotrɔ woƒe susuwo hegblɔ be Paulo la, Mawu aɖe koko wòanye. 7 Ƒukpo sia ƒe Mɔmefia ŋkɔe nye Publio, ame sia ƒe anyigba kple aƒe te ɖe ƒuta, afi si míeva ɖi go ɖo. Publio xɔ mí ɖe eya ŋutɔ ƒe aƒe me, hekpɔ mía dzi nyuie ŋkeke etɔ̃ sɔŋ. 8 Publio fofo ƒe lãme menɔ kɔkɔm tututu o, elabena asrã kple kpetadɔ nɔ fu ɖem nɛ. Paulo yi egbɔ, do gbe ɖa, heda asi ɖe edzi ale be eƒe lãme sẽ. 9 Enumake dɔnɔ siwo katã nɔ teƒea la va Paulo gbɔ, eye wòda gbe le wo katã ŋu. 10 Dzi dzɔ ƒukpoa dzi tɔwo ŋutɔ ale wotsɔ nunana ƒomevi geɖewo vɛ na mí, eye esi ɣeyiɣi de na mí be míadzo la, wodo agba na míaƒe tɔdziʋu la nyuie ŋutɔ kple nu siwo katã ava hiã mí le míaƒe mɔzɔzɔ la me. 11 Míenɔ Mɔlta ƒukpo la dzi ɣleti etɔ̃ hafi gadze mɔ. Míeɖo tɔdziʋu aɖe si woyɔna be Venɔviwo si tso Aleksandria, eye wòva tsi ƒukpoa dzi le vuvɔŋɔli la me. 12 Teƒe gbãtɔ si míetɔ ɖo lae nye Sirakusa, eye míenɔ afi ma ŋkeke etɔ̃. 13 Tso Sirakusa la, míeƒo xlã nu heyi Regio, eye tso afi ma la, ya aɖe ƒo ɖe mí tso anyigbeme gome, ale be le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Puteoli, afi si míedo go xɔsetɔ aɖewo le. 14 Xɔsetɔ siawo di tso mía si vevie be míanɔ yewo gbɔ vie, ale míelɔ̃, nɔ wo gbɔ ŋkeke adre. Tso Puteoli la, míeɖo ta Roma. 15 Esi xɔsetɔ siwo le Roma la se be míegbɔna la, wo dometɔ aɖewo va kpe mí le keke teƒe si woyɔna be Apioforo, eye wòdidi tso Roma gbɔ abe agbadroƒe blaenyi sɔŋ ene. Ame bubuwo hã va kpe mí le afi si woyɔna be, “Amedzrodzeƒe etɔ̃awo.” Teƒe sia hã didi tso Roma gbɔ abe agbadroƒe blaadre ene. Esi Paulo kpɔ xɔsetɔ siawo la, dzi dzɔe ŋutɔ; dzi ɖo eƒo, eye wòda akpe na Mawu. 16 Esi míeva ɖo Roma la, asrafowo ƒe amegã si ƒe kpɔkplɔ te Paulo nɔ la ɖe mɔ na Paulo be ate ŋu adze afi sia afi si eya ŋutɔ lɔ̃. Ke woɖe asrafo aɖe kpe ɖe eŋu be wòadzɔ eŋu ɣe sia ɣi. 17 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Paulo yɔ Yudatɔ siwo le Roma dua me la ƒo ƒu, eye wòƒo nu na wo gblɔ be, “Nɔvinyewo, edzɔ dzi nam be meva ɖo mia gbɔ afi sia. Medi be mianya be togbɔ be nyemewɔ naneke o, eye nyemeda le kɔnyinyi aɖeke dzi o hã la, Yudatɔ siwo le Yerusalem la lém, eye wotsɔm de asi na Roma dziɖuɖua ƒe ame dɔdɔ siwo le Yerusalem, be woadrɔ̃ ʋɔnum. 18 Esi míeyi ʋɔnua la, Roma dziɖuɖua ƒe ame dɔdɔwo mekpɔ vodada aɖeke le ŋunye o, eya ta wodi be yewoaɖe asi le ŋunye, elabena wokpɔ be nyemedze na ku abe ale si Yudatɔwo ƒe amegãwo dii ene o. 19 Ke esi mekpɔ be Yudatɔwo mekpɔ dzidzɔ le ale si wodrɔ̃ ʋɔnua ŋu o, eye wotsi tsitsre ɖe nyametsotsoa ŋu vevie ta la, nye hã megblɔ na ʋɔnua be metsɔ nye nya de asi na Kaisaro le Roma be wòadrɔ̃ ʋɔnum. 20 Nya sia tae meyɔ mi vɛ, be makpɔ mi, eye maƒo nu kpli mi ɖo; elabena Israel ƒe mɔkpɔkpɔ la ta woblam kple kɔsɔkɔsɔ sia ɖo.” 21 Ameawo ɖo eŋu na Paulo be, “Míawo la, ame aɖeke megagblɔ wò nya aɖeke na mí kpɔ loo alo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe mí tso Yudea le ŋuwò kpɔ o. Nɔvi Kristotɔ siwo tso Yerusalem va hã dometɔ aɖeke megblɔ nya aɖeke na mí tso ŋuwò kpɔ o. 22 Ke míadi be nàɖe wò xɔse la me na mí nyuie, elabena nu si míenya koe nye be, ame aɖeke media Kristotɔwo ƒe nya le teƒe aɖeke o.” 23 Ale woɖo ŋkeke bubu na takpekpe, eye esi ŋkekea ɖo la, ame geɖewo va ƒo ƒu ɖe Paulo ƒe aƒe me. Paulo ɖe mawunya me na wo tsitotsito, le mawufiaɖuƒe la kple Yesu Kristo ŋu, tso Mose ƒe se la kple nyagblɔɖiawo me. Wonɔ takpekpea me tso ŋdi va se ɖe fiẽ ke. 24 Paulo ƒe nyawo sɔ to me na ame aɖewo, eye wotrɔ zu Kristotɔwo; ke ame aɖewo mexɔe se o. 25 Wodzro nyawo me le wo ɖokuiwo me ʋuu hafi kaka dzo. Ke nya si tsi to me na wo, eye wòɖe fu na wo dometɔ geɖewo lae nye esi Paulo gblɔ na wo be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nya si wògblɔ to Nyagblɔɖila Yesaya dzi la le eme tututu be, 26 “ ‘Yi dukɔ sia gbɔ, eye nàgblɔ be,“Miaƒe towo ase nyawo, gake miase wo gɔme o.Miaƒe ŋkuwo akpɔ nu, gake miele si dze gee o.” 27 Elabena miaƒe dziwo ku atri,miaƒe towo sẽ, eye miesea nu o,eye miemiã miaƒe ŋkuwo.Ne menye nenema o la, miakpɔ nu, kple miaƒe ŋkuwo,ase nu kple miaƒe towo,ase nu gɔme kple miaƒe dziwo,eye miatrɔ ɖe ŋunye, eye mada dɔ na mi.’ 28 “Eya ta medi be mianya be Mawu ƒe ɖeɖedɔ sia ɖo ame siwo menye Yudatɔwo o gbɔ, eye woaɖo toe.” [ 29 Esi wògblɔ esia la Yudatɔwo dzo, eye nyahehe geɖe ɖo wo dome.] 30 Ke Paulo nɔ afi ma ƒe eve sɔŋ le xɔ si ta wòxe fe ɖo la me, eye ame geɖewo va nɔ ekpɔm ɖa le eƒe aƒe me. 31 Enɔ gbeƒã ɖem mawufiaɖuƒe la, nɔ nu fiam le Aƒetɔ Yesu Kristo ŋuti dzideƒotɔe, eye ame aɖeke mexea mɔ nɛ le esiawo katã wɔwɔ me o.

In Other Versions

Acts 28 in the ANGEFD

Acts 28 in the ANTPNG2D

Acts 28 in the AS21

Acts 28 in the BAGH

Acts 28 in the BBPNG

Acts 28 in the BBT1E

Acts 28 in the BDS

Acts 28 in the BEV

Acts 28 in the BHAD

Acts 28 in the BIB

Acts 28 in the BLPT

Acts 28 in the BNT

Acts 28 in the BNTABOOT

Acts 28 in the BNTLV

Acts 28 in the BOATCB

Acts 28 in the BOATCB2

Acts 28 in the BOBCV

Acts 28 in the BOCNT

Acts 28 in the BOGWICC

Acts 28 in the BOHCB

Acts 28 in the BOHCV

Acts 28 in the BOHLNT

Acts 28 in the BOHNTLTAL

Acts 28 in the BOICB

Acts 28 in the BOILNTAP

Acts 28 in the BOITCV

Acts 28 in the BOKCV

Acts 28 in the BOKCV2

Acts 28 in the BOKHWOG

Acts 28 in the BOKSSV

Acts 28 in the BOLCB

Acts 28 in the BOLCB2

Acts 28 in the BOMCV

Acts 28 in the BONAV

Acts 28 in the BONCB

Acts 28 in the BONLT

Acts 28 in the BONUT2

Acts 28 in the BOPLNT

Acts 28 in the BOSCB

Acts 28 in the BOSNC

Acts 28 in the BOTLNT

Acts 28 in the BOVCB

Acts 28 in the BOYCB

Acts 28 in the BPBB

Acts 28 in the BPH

Acts 28 in the BSB

Acts 28 in the CCB

Acts 28 in the CUV

Acts 28 in the CUVS

Acts 28 in the DBT

Acts 28 in the DGDNT

Acts 28 in the DHNT

Acts 28 in the DNT

Acts 28 in the ELBE

Acts 28 in the EMTV

Acts 28 in the ESV

Acts 28 in the FBV

Acts 28 in the FEB

Acts 28 in the GGMNT

Acts 28 in the GNT

Acts 28 in the HARY

Acts 28 in the HNT

Acts 28 in the IRVA

Acts 28 in the IRVB

Acts 28 in the IRVG

Acts 28 in the IRVH

Acts 28 in the IRVK

Acts 28 in the IRVM

Acts 28 in the IRVM2

Acts 28 in the IRVO

Acts 28 in the IRVP

Acts 28 in the IRVT

Acts 28 in the IRVT2

Acts 28 in the IRVU

Acts 28 in the ISVN

Acts 28 in the JSNT

Acts 28 in the KAPI

Acts 28 in the KBT1ETNIK

Acts 28 in the KBV

Acts 28 in the KJV

Acts 28 in the KNFD

Acts 28 in the LBA

Acts 28 in the LBLA

Acts 28 in the LNT

Acts 28 in the LSV

Acts 28 in the MAAL

Acts 28 in the MBV

Acts 28 in the MBV2

Acts 28 in the MHNT

Acts 28 in the MKNFD

Acts 28 in the MNG

Acts 28 in the MNT

Acts 28 in the MNT2

Acts 28 in the MRS1T

Acts 28 in the NAA

Acts 28 in the NASB

Acts 28 in the NBLA

Acts 28 in the NBS

Acts 28 in the NBVTP

Acts 28 in the NET2

Acts 28 in the NIV11

Acts 28 in the NNT

Acts 28 in the NNT2

Acts 28 in the NNT3

Acts 28 in the PDDPT

Acts 28 in the PFNT

Acts 28 in the RMNT

Acts 28 in the SBIAS

Acts 28 in the SBIBS

Acts 28 in the SBIBS2

Acts 28 in the SBICS

Acts 28 in the SBIDS

Acts 28 in the SBIGS

Acts 28 in the SBIHS

Acts 28 in the SBIIS

Acts 28 in the SBIIS2

Acts 28 in the SBIIS3

Acts 28 in the SBIKS

Acts 28 in the SBIKS2

Acts 28 in the SBIMS

Acts 28 in the SBIOS

Acts 28 in the SBIPS

Acts 28 in the SBISS

Acts 28 in the SBITS

Acts 28 in the SBITS2

Acts 28 in the SBITS3

Acts 28 in the SBITS4

Acts 28 in the SBIUS

Acts 28 in the SBIVS

Acts 28 in the SBT

Acts 28 in the SBT1E

Acts 28 in the SCHL

Acts 28 in the SNT

Acts 28 in the SUSU

Acts 28 in the SUSU2

Acts 28 in the SYNO

Acts 28 in the TBIAOTANT

Acts 28 in the TBT1E

Acts 28 in the TBT1E2

Acts 28 in the TFTIP

Acts 28 in the TFTU

Acts 28 in the TGNTATF3T

Acts 28 in the THAI

Acts 28 in the TNFD

Acts 28 in the TNT

Acts 28 in the TNTIK

Acts 28 in the TNTIL

Acts 28 in the TNTIN

Acts 28 in the TNTIP

Acts 28 in the TNTIZ

Acts 28 in the TOMA

Acts 28 in the TTENT

Acts 28 in the UBG

Acts 28 in the UGV

Acts 28 in the UGV2

Acts 28 in the UGV3

Acts 28 in the VBL

Acts 28 in the VDCC

Acts 28 in the YALU

Acts 28 in the YAPE

Acts 28 in the YBVTP

Acts 28 in the ZBP