Deuteronomy 29 (BOECS)

1 Mose gbugbɔ nubabla si Yehowa wɔ kple Israelviwo le Horeb to la dzi la gblɔ le Moab gbedzi. 2 Mose yɔ Israelviwo katã ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be: Miawo ŋutɔ miekpɔ nu siwo katã Yehowa wɔ Farao, eŋumewo kple anyigba blibo la le Egipte. 3 Miawo ŋutɔ miaƒe ŋkuwo kpɔ dɔvɔ̃wo, dzesi wɔnukuwo kple nukunu bubuawo, 4 gake va se ɖe egbe la, Yehowa mena dzi nyanu mi be miase nu gɔme o, mena ŋku mi be miakpɔ nu o, eye mena to mi be miase nu o! 5 Ekplɔ mi to gbedzi ƒe blaene sɔŋ, gake miaƒe awuwo medo xoxo o, eye miaƒe tokotawo te menyi o! 6 Nu si ta Yehowa mena mietɔ ɖe teƒe ɖeka be miaƒã bli na abolowɔwɔ alo miado waintiwo hena wain kple aha sesẽ o lae nye be miadze sii be Yehowa, miaƒe Mawu lae le mia dzi kpɔm. 7 Esi míeva ɖo afi sia la, Fia Sixɔn tso Hesbon kple Fia Ɔg tso Basan kpe aʋa kpli mí, ke míeɖu wo dzi; 8 míexɔ woƒe anyigba, eye míetsɔe na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã abe woƒe domenyinu ene, 9 eya ta milé nubabla sia me nyawo me ɖe asi, eye miawɔ wo dzi be, nu sia nu si miawɔ la nadze edzi na mi. 10 Mi katã, miele tsitre ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe ŋkume egbe. Miaƒe kplɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, ametsitsiawo kple Israel ƒe ŋutsuwo katã, 11 vidzĩwo, mia srɔ̃wo, miaƒe amedzrowo, nakefɔlawo kple tsikulawo katã mietsi tsitre ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume egbea. 12 Miele tsitre ɖe afi sia be miawɔ nubabla kple Yehowa, miaƒe Mawu la, eye miage ɖe nubabla si wòle wɔwɔm kpli mi egbe la me. 13 Edi be yeali ke mi egbe abe yeƒe dukɔ ene, eye yeaka ɖe edzi na mi be yee nye miaƒe Mawu, abe ale si wòdo ŋugbee na mia tɔgbuiwo, Abraham, Isak kple Yakob ene. 14 Mele nubabla sia wɔm kpli mi, ame siwo le tsitre ɖe afi sia egbe la ɖeɖe ko o, 15 ke boŋ ele ewɔm kple Israel ƒe dzidzimevi siwo ava dzɔ hã. 16 Eme kɔ ƒãa be, mieɖo ŋku ale si mienɔ Egiptenyigba dzi, ale si miedzoe kple ale si mieto futɔwo ƒe anyigba dzi la dzi. 17 Miekpɔ woƒe mawu ɖigbɔ̃ siwo wowɔ kple ati, kpe, klosalo kple sika. 18 Gbe si gbe mia dometɔ aɖe, ŋutsu alo nyɔnu, ƒome aɖe alo Israel ƒe to aɖe atrɔ tso Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ be yeasubɔ dukɔ bubuawo ƒe mawu siawo la, gbe ma gbe la, ame ma anɔ abe ati aɖe si ƒe ke ave ɖihaɖiha, eye wòanɔ abe aɖi ene. 19 Ne ame sia tɔgbi se atamkaka sia, evɔ wòhegblɔ yayranyawo kɔ ɖe eɖokui dzi, eye wòbu le eƒe susu me be, “Manɔ dedie togbɔ be melé nye mɔ tsɔ hã” la, esia ahe gbegblẽ ava anyigba si wode tsii kple esi le ƒuƒui la siaa dzi. 20 Yehowa makpɔ nublanui na ame o! Eƒe dɔmedzoe kple ŋuʋaʋã abi dzo ɖe ame ma ŋu, eye fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la adze ame ma dzi, aɖi eŋu, eye Yehowa atutu eƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te. 21 Yehowa aɖe ame ma ɖe vovo tso Israelviwo ƒe towo katã gbɔ, eye wòakɔ Segbalẽ sia me fiƒode ɖe ame siwo katã mazɔ ɖe nubabla sia nu o la dzi. 22 Ekema mia viwo kple miaƒe dzidzimevi siwo ava dzɔ kple amedzro siwo atso didiƒewo la akpɔ ale si Yehowa ana anyigba la maganyo nukuwo o kple dɔléle siwo wòaɖo ɖe anyigba la dzi. 23 Woakpɔe be anyigba blibo la trɔ zu aŋɔ kple dze kple anyigba fiafia si dzi nuku mele o, eye ati aɖeke memie ɖe edzi hã o, abe Sodom kple Gomora kple Adma kple Zeboyim, du siwo Yehowa tsrɔ̃ le eƒe dɔmedzoe me ene. 24 Amewo abia be, “Nu ka ta Yehowa wɔ anyigba sia alea ɖo? Nu ka ta wòdo dɔmedzoe nenema gbegbe ɖo?” 25 Woagblɔ na wo be, “Elabena anyigba la dzi tɔwo gbe nubabla si Yehowa, woƒe tɔgbuiwo ƒe Mawu la wɔ kpli wo esi wòkplɔ wo dzoe le Egipte la dzi wɔwɔ, 26 elabena wosubɔ mawu bubuwo, eye nuwɔna sia tsi tsitre ɖe Mawu ƒe se la ŋu. 27 Eya ta Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe anyigba sia ŋu sesĩe nenema, ale eƒe fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la ɖi wo ŋu. 28 Yehowa ɖe wo ɖa kple dɔmedzoe tso woƒe anyigba dzi, eye wòtsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba bubu dzi, afi si wole va se ɖe egbe.” 29 Nu ɣaɣlawo nye Yehowa, mía Mawu tɔ; ke nu siwo wòɖe fia mí la nye míawo kple mía viwo tɔ tegbee, ale be míawɔ se sia me nyawo katã dzi.

In Other Versions

Deuteronomy 29 in the ANGEFD

Deuteronomy 29 in the ANTPNG2D

Deuteronomy 29 in the AS21

Deuteronomy 29 in the BAGH

Deuteronomy 29 in the BBPNG

Deuteronomy 29 in the BBT1E

Deuteronomy 29 in the BDS

Deuteronomy 29 in the BEV

Deuteronomy 29 in the BHAD

Deuteronomy 29 in the BIB

Deuteronomy 29 in the BLPT

Deuteronomy 29 in the BNT

Deuteronomy 29 in the BNTABOOT

Deuteronomy 29 in the BNTLV

Deuteronomy 29 in the BOATCB

Deuteronomy 29 in the BOATCB2

Deuteronomy 29 in the BOBCV

Deuteronomy 29 in the BOCNT

Deuteronomy 29 in the BOGWICC

Deuteronomy 29 in the BOHCB

Deuteronomy 29 in the BOHCV

Deuteronomy 29 in the BOHLNT

Deuteronomy 29 in the BOHNTLTAL

Deuteronomy 29 in the BOICB

Deuteronomy 29 in the BOILNTAP

Deuteronomy 29 in the BOITCV

Deuteronomy 29 in the BOKCV

Deuteronomy 29 in the BOKCV2

Deuteronomy 29 in the BOKHWOG

Deuteronomy 29 in the BOKSSV

Deuteronomy 29 in the BOLCB

Deuteronomy 29 in the BOLCB2

Deuteronomy 29 in the BOMCV

Deuteronomy 29 in the BONAV

Deuteronomy 29 in the BONCB

Deuteronomy 29 in the BONLT

Deuteronomy 29 in the BONUT2

Deuteronomy 29 in the BOPLNT

Deuteronomy 29 in the BOSCB

Deuteronomy 29 in the BOSNC

Deuteronomy 29 in the BOTLNT

Deuteronomy 29 in the BOVCB

Deuteronomy 29 in the BOYCB

Deuteronomy 29 in the BPBB

Deuteronomy 29 in the BPH

Deuteronomy 29 in the BSB

Deuteronomy 29 in the CCB

Deuteronomy 29 in the CUV

Deuteronomy 29 in the CUVS

Deuteronomy 29 in the DBT

Deuteronomy 29 in the DGDNT

Deuteronomy 29 in the DHNT

Deuteronomy 29 in the DNT

Deuteronomy 29 in the ELBE

Deuteronomy 29 in the EMTV

Deuteronomy 29 in the ESV

Deuteronomy 29 in the FBV

Deuteronomy 29 in the FEB

Deuteronomy 29 in the GGMNT

Deuteronomy 29 in the GNT

Deuteronomy 29 in the HARY

Deuteronomy 29 in the HNT

Deuteronomy 29 in the IRVA

Deuteronomy 29 in the IRVB

Deuteronomy 29 in the IRVG

Deuteronomy 29 in the IRVH

Deuteronomy 29 in the IRVK

Deuteronomy 29 in the IRVM

Deuteronomy 29 in the IRVM2

Deuteronomy 29 in the IRVO

Deuteronomy 29 in the IRVP

Deuteronomy 29 in the IRVT

Deuteronomy 29 in the IRVT2

Deuteronomy 29 in the IRVU

Deuteronomy 29 in the ISVN

Deuteronomy 29 in the JSNT

Deuteronomy 29 in the KAPI

Deuteronomy 29 in the KBT1ETNIK

Deuteronomy 29 in the KBV

Deuteronomy 29 in the KJV

Deuteronomy 29 in the KNFD

Deuteronomy 29 in the LBA

Deuteronomy 29 in the LBLA

Deuteronomy 29 in the LNT

Deuteronomy 29 in the LSV

Deuteronomy 29 in the MAAL

Deuteronomy 29 in the MBV

Deuteronomy 29 in the MBV2

Deuteronomy 29 in the MHNT

Deuteronomy 29 in the MKNFD

Deuteronomy 29 in the MNG

Deuteronomy 29 in the MNT

Deuteronomy 29 in the MNT2

Deuteronomy 29 in the MRS1T

Deuteronomy 29 in the NAA

Deuteronomy 29 in the NASB

Deuteronomy 29 in the NBLA

Deuteronomy 29 in the NBS

Deuteronomy 29 in the NBVTP

Deuteronomy 29 in the NET2

Deuteronomy 29 in the NIV11

Deuteronomy 29 in the NNT

Deuteronomy 29 in the NNT2

Deuteronomy 29 in the NNT3

Deuteronomy 29 in the PDDPT

Deuteronomy 29 in the PFNT

Deuteronomy 29 in the RMNT

Deuteronomy 29 in the SBIAS

Deuteronomy 29 in the SBIBS

Deuteronomy 29 in the SBIBS2

Deuteronomy 29 in the SBICS

Deuteronomy 29 in the SBIDS

Deuteronomy 29 in the SBIGS

Deuteronomy 29 in the SBIHS

Deuteronomy 29 in the SBIIS

Deuteronomy 29 in the SBIIS2

Deuteronomy 29 in the SBIIS3

Deuteronomy 29 in the SBIKS

Deuteronomy 29 in the SBIKS2

Deuteronomy 29 in the SBIMS

Deuteronomy 29 in the SBIOS

Deuteronomy 29 in the SBIPS

Deuteronomy 29 in the SBISS

Deuteronomy 29 in the SBITS

Deuteronomy 29 in the SBITS2

Deuteronomy 29 in the SBITS3

Deuteronomy 29 in the SBITS4

Deuteronomy 29 in the SBIUS

Deuteronomy 29 in the SBIVS

Deuteronomy 29 in the SBT

Deuteronomy 29 in the SBT1E

Deuteronomy 29 in the SCHL

Deuteronomy 29 in the SNT

Deuteronomy 29 in the SUSU

Deuteronomy 29 in the SUSU2

Deuteronomy 29 in the SYNO

Deuteronomy 29 in the TBIAOTANT

Deuteronomy 29 in the TBT1E

Deuteronomy 29 in the TBT1E2

Deuteronomy 29 in the TFTIP

Deuteronomy 29 in the TFTU

Deuteronomy 29 in the TGNTATF3T

Deuteronomy 29 in the THAI

Deuteronomy 29 in the TNFD

Deuteronomy 29 in the TNT

Deuteronomy 29 in the TNTIK

Deuteronomy 29 in the TNTIL

Deuteronomy 29 in the TNTIN

Deuteronomy 29 in the TNTIP

Deuteronomy 29 in the TNTIZ

Deuteronomy 29 in the TOMA

Deuteronomy 29 in the TTENT

Deuteronomy 29 in the UBG

Deuteronomy 29 in the UGV

Deuteronomy 29 in the UGV2

Deuteronomy 29 in the UGV3

Deuteronomy 29 in the VBL

Deuteronomy 29 in the VDCC

Deuteronomy 29 in the YALU

Deuteronomy 29 in the YAPE

Deuteronomy 29 in the YBVTP

Deuteronomy 29 in the ZBP