Deuteronomy 32 (BOECS)

1 Miɖo to, o, dziƒo kple anyigba!Miɖo to nye nyawo! 2 Nye nyawo adza ɖe mia dziabe tsi kple zãmu ene,abe tsidzadza ɖe gbe bɔbɔe dzi ene,abe gbafie le togbɛwo ŋu ene. 3 Maɖe gbeƒã Yehowa ƒe gãnyenyeŋutikɔkɔe gã ŋutɔ le eŋu! 4 Eyae nye Agakpe la.Eƒe dɔ de bliboeƒe wɔnawo katã nyo, eye wodze.Mawu wɔa nuteƒe, eye vɔ̃ mele eŋu o. 5 Ke Israel gblẽ: nu vɔ̃ blibae.Meganye Mawu tɔ o.Ezu dukɔ kɔlialiatɔ kple dzidzime gɔglɔ̃. 6 Nu siae nàwɔ ɖe Yehowa ŋua?O! Dukɔ si me abunɛtɔwo le.Ɖe menye Mawue nye fofowò oa?Menye eyae wɔ wò oa?Ɖe meɖo gɔwòme anyi,hena ŋusẽ wò oa? 7 Ɖo ŋku gbe aɖe gbe ʋĩi dzi!Bia fofowòwo kple amegãxoxowo,woagblɔ nya sia nya na wò. 8 Mawu, dziƒoʋĩtɔ la, ma xexea me ɖe dukɔwo domeena mawudɔla ɖeka dukɔ ɖe sia ɖebe wòanye dzikpɔla nɛ. 9 Ke mena mawudɔla aɖeke Israel o,elabena Israel nye Yehowa ŋutɔ tɔ! 10 Yehowa kpɔ eta le gbedadaƒoafi si gbemelãwo le xɔxlɔ̃m leeɖee tso lã wɔadãwo ƒe asi meabe eƒe ŋkuviwoe wònye ene. 11 Ekeke eƒe aʋala ɖe edziabe ale si hɔ̃ wɔna na viawo,kɔa wo ɖe eƒe aʋalã dzi,abe ale si Yehowa wɔna na viawo ene! 12 Yehowa ɖeka koe nɔ ekplɔmmawu bubu aɖeke mekpe ɖe eŋu o. 13 Etsɔ tonyigba nyonuwo nɛkpe ɖe anyigba sɔsɔe nyonuku ŋuena anyitsii tso agakpe meamii tso kpenyigba me! 14 Ena notsi kple lãeagbotsuwo kple gbɔ̃ damiwoBasantɔwo ƒe agbotsuwo kple gbɔ̃wo,Ena bli doku nyuitɔeEna wòno wain nyuitɔ. 15 Ke sẽe ko la, Yesurun ɖu nu ɖi ƒo,ɛ̃, ekpɔ lãme, da ami heklã.Tete wògbe nu le eƒe Mawu la gbɔeɖe asi le eƒe xɔxɔ ƒe Agakpe la ŋu. 16 Edo dɔmedzoe ŋutɔ ɖe woƒe dzromawuwo subɔsubɔ ta;eʋã ŋu ɖe eƒe dukɔ ta. 17 Israel sa vɔ na trɔ̃wo, siwo menye Mawu omawu siwo womesubɔ kpɔ o,mawu siwo meli tsã omawu siwo medzi ŋɔ na mia fofowo o. 18 Eɖe kɔ ɖa le Agakpe si wɔe la ŋuŋlɔ be be Mawue wɔ ye. 19 Yehowa kpɔ nu si wɔm Israel le;elé fu Israel ŋutɔŋutɔ.Via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo do vloe. 20 Eye wògblɔ be, “Magblẽ wò ɖinàkpɔ nu si adzɔ ɖe dziwò ɖa;ènye dzidzime si liaa kɔMawudzixɔse mele mewò o. 21 Wona meʋã ŋu woƒe legbawo ŋutɔ,legba siwo menye mawuwo kura o.Nye hã mana woaʋã ŋudukɔ si menye dukɔ o la.Mana miado dɔmedzoeɖe dukɔ si mesea nu gɔme o la ŋu. 22 Elabena nye dɔmedzoe do dzo aɖesi bina dea anyigba ƒe tume ke.Ebia anyigba kple eƒe nukuwo katã,eye wòtɔa dzo towo. 23 “Mali ke dzɔgbevɔ̃e ɖe edzimatee kple nye aŋutrɔ aƒu anyi. 24 Mana dɔwuame, ŋudza kple kudɔnana agbe navɔ le eŋu.Matsrɔ̃e! Madɔ lã wɔadãwo ɖa,woavuvui kple aɖu.Madɔ da aɖivɔ̃ siwo tana laɖe wo dome kple aɖi siamewo. 25 Futɔwo ƒe yiwo le dua godo,eye ŋɔdzi alé ame le xɔ me.Adzi ŋɔ na ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo,na vi nonowo kple amegãɖeɖiwo. 26 Maka eƒe amewo ahlẽale be ame aɖeke magaɖo ŋku wo dzi gɔ̃ hã o. 27 Ke mebu eŋu hekpɔ be,Nye futɔwo aƒo adegbe be,‘Míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽe ɖu Israel dzi;Menye Yehowae wɔ esia o!’ ” 28 Israel nye abunɛdukɔ aɖebometsitsi ɖe nunya le tagbɔ nɛ. 29 O! Nunyalawo woanye hafianye ne woase nu gɔme;anye ne woanya nutso nu si me woɖo tae la ŋu! 30 Aleke wɔ futɔ ɖeka pɛanya wo dometɔ akpe ɖekaeye futɔ eve ko nanya akpe ewo?Ne menye woƒe Agakpee ɖe asi le wo ŋu,eye Yehowa ŋutɔe tsrɔ̃ wo o? 31 Ke dukɔ bubuawo ƒe agakpemele abe míaƒe Agakpe la ene o;gbedodoɖa na woƒe mawuwonye nu dzodzro ko! 32 Woƒe wainkawo nye Sodom wainkawoeye Gomora gblewo me wotso.Woƒe waintsetse nye aɖi,eye wo me tsi vena. 33 Woƒe wainwo nye da ƒe aɖiwokple ƒli ƒe veve. 34 Ke Israel nye dukɔ tɔxɛ;metre enu abe kpe xɔasiwo eneɖe nye nudzraɖoƒe. 35 Tɔnyee nye hlɔ̃biabia.Ɣeyiɣi hena nye tohehe eƒe futɔwo ɖowoƒe afɔwo ada;elabena woƒe tsɔtsrɔ̃ɣi ɖo! 36 Yehowa axɔ na eƒe dukɔ,ne ekpɔ be ŋusẽ vɔ le eŋu.Ave ame siwo subɔnɛ la nune ekpɔ be wɔna mele wo ŋu o. 37 Ekema Mawu abia be,Afi ka woƒe mawuwo le?Agakpe siwo wobu abe sitsoƒe ene ɖe? 38 Afi ka mawu siwo wosaa vɔ nakple lãmi kple wain le azɔ?Mina mawu siawo natsi tsitre,axɔ na wo! 39 Miekpɔ be nye koe nye Mawu oa?Mewua ame, eye menaa agbe ame.Medea abi ame ŋu, eye mewua abi.Ame aɖeke mate ŋu atsi tsitreƉe nu si mewɔ la ŋu o. 40 Zi ale si wònye nyeeNye Mawu gbagbe la la,Mekɔ asi dzi, ɖe adzɔgbe 41 be manyre nye yi dadzo la,Makpɔ be dzɔdzɔenyenye xɔ aƒe.Mabia hlɔ̃ nye futɔwoahe to na ame siwo lé fum. 42 Woƒe ʋu atsyɔ le aŋutrɔ ŋunye yi awu ame siwo katã tso ɖe ŋunye.Nyemakpɔ nublanui na ame siwo wɔa aʋa kplim o;abixɔlawo kple gamenɔlawo gɔ̃ hã aku. 43 Dukɔwo, mikafu Yehowa ƒe amewo,ehea to na eƒe amewo wulawo;ebiaa hlɔ̃ eƒe futɔwoetsɔa nu vɔ̃ kea eƒe amewo. 44 Mose kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu la, gblɔ ha sia me nyawo ale be Israelviwo nate ŋu ase wo. 45 Esi Mose wu Mawu ƒe seawo fiafia Israel dukɔ blibo la nu vɔ la, 46 egblɔ na wo be, “Mide ŋugble le se siwo katã mede na mi egbe la ŋuti, eye miade wo asi na mia viwo. 47 Se siawo menye nya ƒuƒluwo ko o. Woawoe nye miaƒe agbe! Ne miewɔ ɖe se siawo dzi la, mianɔ agbe didi, eye nuwo adze edzi na mi nyuie le anyigba si xɔ ge mieyina le Yɔdan tɔsisi la godo la dzi.” 48 Yehowa gblɔ na Mose gbe ma gbe ke be, 49 “Yi Nebo to la dzi le Abarim towo dome le Moabnyigba dzi le Yeriko kasa. Yi to la tame ke, eye nàkpɔ Kanaanyigba la, anyigba si mele tsɔtsɔm na Israelviwo la ɖa. 50 Ne èkpɔ anyigba la ɖa la, ele na wò be nàku, eye nàyi tɔgbuiwòwo gbɔ abe ale si nɔviwò Aron ku le Hor to la dzi, eye wòyi tɔgbuiawo gbɔe ene, 51 esi nèklo bubu le ŋunye le Israelviwo dome le Meriba Kades le Zin gbedzi la ta. 52 Àkpɔ anyigba si mele tsɔtsɔm na Israelviwo la ɖa tso adzɔge, gake màde anyigba la dzi o.”

In Other Versions

Deuteronomy 32 in the ANGEFD

Deuteronomy 32 in the ANTPNG2D

Deuteronomy 32 in the AS21

Deuteronomy 32 in the BAGH

Deuteronomy 32 in the BBPNG

Deuteronomy 32 in the BBT1E

Deuteronomy 32 in the BDS

Deuteronomy 32 in the BEV

Deuteronomy 32 in the BHAD

Deuteronomy 32 in the BIB

Deuteronomy 32 in the BLPT

Deuteronomy 32 in the BNT

Deuteronomy 32 in the BNTABOOT

Deuteronomy 32 in the BNTLV

Deuteronomy 32 in the BOATCB

Deuteronomy 32 in the BOATCB2

Deuteronomy 32 in the BOBCV

Deuteronomy 32 in the BOCNT

Deuteronomy 32 in the BOGWICC

Deuteronomy 32 in the BOHCB

Deuteronomy 32 in the BOHCV

Deuteronomy 32 in the BOHLNT

Deuteronomy 32 in the BOHNTLTAL

Deuteronomy 32 in the BOICB

Deuteronomy 32 in the BOILNTAP

Deuteronomy 32 in the BOITCV

Deuteronomy 32 in the BOKCV

Deuteronomy 32 in the BOKCV2

Deuteronomy 32 in the BOKHWOG

Deuteronomy 32 in the BOKSSV

Deuteronomy 32 in the BOLCB

Deuteronomy 32 in the BOLCB2

Deuteronomy 32 in the BOMCV

Deuteronomy 32 in the BONAV

Deuteronomy 32 in the BONCB

Deuteronomy 32 in the BONLT

Deuteronomy 32 in the BONUT2

Deuteronomy 32 in the BOPLNT

Deuteronomy 32 in the BOSCB

Deuteronomy 32 in the BOSNC

Deuteronomy 32 in the BOTLNT

Deuteronomy 32 in the BOVCB

Deuteronomy 32 in the BOYCB

Deuteronomy 32 in the BPBB

Deuteronomy 32 in the BPH

Deuteronomy 32 in the BSB

Deuteronomy 32 in the CCB

Deuteronomy 32 in the CUV

Deuteronomy 32 in the CUVS

Deuteronomy 32 in the DBT

Deuteronomy 32 in the DGDNT

Deuteronomy 32 in the DHNT

Deuteronomy 32 in the DNT

Deuteronomy 32 in the ELBE

Deuteronomy 32 in the EMTV

Deuteronomy 32 in the ESV

Deuteronomy 32 in the FBV

Deuteronomy 32 in the FEB

Deuteronomy 32 in the GGMNT

Deuteronomy 32 in the GNT

Deuteronomy 32 in the HARY

Deuteronomy 32 in the HNT

Deuteronomy 32 in the IRVA

Deuteronomy 32 in the IRVB

Deuteronomy 32 in the IRVG

Deuteronomy 32 in the IRVH

Deuteronomy 32 in the IRVK

Deuteronomy 32 in the IRVM

Deuteronomy 32 in the IRVM2

Deuteronomy 32 in the IRVO

Deuteronomy 32 in the IRVP

Deuteronomy 32 in the IRVT

Deuteronomy 32 in the IRVT2

Deuteronomy 32 in the IRVU

Deuteronomy 32 in the ISVN

Deuteronomy 32 in the JSNT

Deuteronomy 32 in the KAPI

Deuteronomy 32 in the KBT1ETNIK

Deuteronomy 32 in the KBV

Deuteronomy 32 in the KJV

Deuteronomy 32 in the KNFD

Deuteronomy 32 in the LBA

Deuteronomy 32 in the LBLA

Deuteronomy 32 in the LNT

Deuteronomy 32 in the LSV

Deuteronomy 32 in the MAAL

Deuteronomy 32 in the MBV

Deuteronomy 32 in the MBV2

Deuteronomy 32 in the MHNT

Deuteronomy 32 in the MKNFD

Deuteronomy 32 in the MNG

Deuteronomy 32 in the MNT

Deuteronomy 32 in the MNT2

Deuteronomy 32 in the MRS1T

Deuteronomy 32 in the NAA

Deuteronomy 32 in the NASB

Deuteronomy 32 in the NBLA

Deuteronomy 32 in the NBS

Deuteronomy 32 in the NBVTP

Deuteronomy 32 in the NET2

Deuteronomy 32 in the NIV11

Deuteronomy 32 in the NNT

Deuteronomy 32 in the NNT2

Deuteronomy 32 in the NNT3

Deuteronomy 32 in the PDDPT

Deuteronomy 32 in the PFNT

Deuteronomy 32 in the RMNT

Deuteronomy 32 in the SBIAS

Deuteronomy 32 in the SBIBS

Deuteronomy 32 in the SBIBS2

Deuteronomy 32 in the SBICS

Deuteronomy 32 in the SBIDS

Deuteronomy 32 in the SBIGS

Deuteronomy 32 in the SBIHS

Deuteronomy 32 in the SBIIS

Deuteronomy 32 in the SBIIS2

Deuteronomy 32 in the SBIIS3

Deuteronomy 32 in the SBIKS

Deuteronomy 32 in the SBIKS2

Deuteronomy 32 in the SBIMS

Deuteronomy 32 in the SBIOS

Deuteronomy 32 in the SBIPS

Deuteronomy 32 in the SBISS

Deuteronomy 32 in the SBITS

Deuteronomy 32 in the SBITS2

Deuteronomy 32 in the SBITS3

Deuteronomy 32 in the SBITS4

Deuteronomy 32 in the SBIUS

Deuteronomy 32 in the SBIVS

Deuteronomy 32 in the SBT

Deuteronomy 32 in the SBT1E

Deuteronomy 32 in the SCHL

Deuteronomy 32 in the SNT

Deuteronomy 32 in the SUSU

Deuteronomy 32 in the SUSU2

Deuteronomy 32 in the SYNO

Deuteronomy 32 in the TBIAOTANT

Deuteronomy 32 in the TBT1E

Deuteronomy 32 in the TBT1E2

Deuteronomy 32 in the TFTIP

Deuteronomy 32 in the TFTU

Deuteronomy 32 in the TGNTATF3T

Deuteronomy 32 in the THAI

Deuteronomy 32 in the TNFD

Deuteronomy 32 in the TNT

Deuteronomy 32 in the TNTIK

Deuteronomy 32 in the TNTIL

Deuteronomy 32 in the TNTIN

Deuteronomy 32 in the TNTIP

Deuteronomy 32 in the TNTIZ

Deuteronomy 32 in the TOMA

Deuteronomy 32 in the TTENT

Deuteronomy 32 in the UBG

Deuteronomy 32 in the UGV

Deuteronomy 32 in the UGV2

Deuteronomy 32 in the UGV3

Deuteronomy 32 in the VBL

Deuteronomy 32 in the VDCC

Deuteronomy 32 in the YALU

Deuteronomy 32 in the YAPE

Deuteronomy 32 in the YBVTP

Deuteronomy 32 in the ZBP