Ezekiel 12 (BOECS)

1 Yehowa ƒe gbe va nam be, 2 “Ame vi, èle dukɔ dzeaglã aɖe me. Ŋku li na ameawo be woakpɔ nu, gake womekpɔa nu o, to li na wo be woase nu, gake womesea nu o, elabena wonye aglãdzelawo. 3 “Eya ta ame vi, ƒo ƒu wò nuwo hena aboyomeyiyi. Le ŋkeke me, esi ameawo le kpɔwòm la, dze mɔ tso afi si nèle, nàyi teƒe bubu. Ɖewohĩ woase egɔme togbɔ be wonye aglãdzelawo hã. 4 Le ŋkeke me la, esime wole kpɔwòm la, ɖe wò nu siwo nètsɔ do agbae na aboyomeyiyi la ɖe go. Ekema le fiẽ me la, esi wole kpɔwòm la, dze mɔ abe ame siwo yina aboyo me ene. 5 Esi wole kpɔwòm la, ŋɔ gli la, eye nàtsɔ wò nuwo to gli ŋɔŋɔ la me. 6 Tsɔ wo ɖe wò abɔta le woƒe ŋkume, eye nàtsɔ wo adzoe ne blukɔ do. Tsyɔ nu mo ale be màkpɔ anyigba la o, elabena metsɔ wò wɔ dzesii na Israel ƒe aƒe la.” 7 Ale mewɔ nu si wòɖo nam. Le ŋkeke me la, metsɔ nye nuwo do agbae na aboyomeyiyi. Le fiẽ me la, meŋɔ gli la kple nye asiwo. Esi blukɔ do la, metsɔ nye nuwo ɖe abɔta, do goe le ameawo ŋkume. 8 Le ŋdi me la, Yehowa ƒe nya va nam be, 9 “Ame vi, ɖe Israel ƒe aƒe dzeaglã ma me tɔwo mebia wò be, ‘Nu ka wɔm nèle?’ o mahã. 10 “Gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: gbedeasi sia ku ɖe fiavi si le Yerusalem kple Israel ƒe aƒe blibo la me tɔ siwo le afi ma la ŋu.’ 11 Gblɔ na wo be, ‘Dzesie menye na mi.’“Nu si mewɔ la, nu ma woawɔ na wo. Woalé wo ayi aboyo mee. 12 “Fiavi si le wo dome la, atsɔ eƒe nuwo ɖe abɔta adzo ne blukɔ do, eye woaɖe do ɖe gli la me nɛ be wòado to eme. Atsɔ nu atsyɔ eƒe mo ale be mate ŋu akpɔ anyigba la o. 13 Maɖo nye ɖɔ nɛ, eye nye mɔ aɖee. Makplɔe ayi Babilonia, le Kaldeatɔwo ƒe anyigba dzi, gake makpɔ anyigba la o, eye wòaku ɖe afi ma. 14 Makaka ame siwo katã ƒo xlãe, eŋumewo kple eƒe aʋawɔlawo katã ɖe yawo nu, eye mati wo yome kple yi. 15 “Woanya be, nyee nye Yehowa, ne mekaka wo ɖe dukɔwo me kple anyigbawo dzi. 16 Ke maɖe wo dometɔ ʋɛ aɖewo tso yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ƒe asi me, ale be woaɖe gbeƒã woƒe ŋunyɔnuwɔnawo le dukɔ siwo me woayi. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa.” 17 Yehowa ƒe nya va nam be, 18 “Ame vi, nɔ ƒoƒom kpakpakpa ne èle wò abolo ɖum, eye nànɔ dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃ ne èle wò tsi nom. 19 Gblɔ na anyigba la dzi tɔwo be, ‘Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ tso ame siwo le Yerusalem dua me kple Israel ƒe anyigba dzi la ŋu. Woaɖu woƒe nu le dzimaɖeɖi me, eye woano woƒe tsi le dziɖeleameƒo me, elabena woaɖe nu siwo katã le anyigba la dzi ɖa le ame siwo katã le afi ma la ƒe ŋutasẽnuwo wɔwɔ ta. 20 Du siwo me ameawo le la azu aƒedo, eye anyigba la azu gbegbe. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.’ ” 21 Yehowa ƒe nya va nam be, 22 “Ame vi, nu kae nye lododo sia si le mia si le Israel ƒe anyigba dzi be, ‘Ŋkekeawo le yiyim, eye ŋutega ɖe sia ɖe nye dzodzro.’ 23 Gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Matsi lododo sia nu, eye womagadoe azɔ le Israel o.’ Gblɔ na wo be, ‘Ŋkeke siwo me ŋutega ɖe sia ɖe nava eme la gogo. 24 Elabena aʋatsoŋutegawo alo alakpanukaka la, maganɔ anyi le Israelviwo dome o. 25 Ke nye Yehowa magblɔ nya si magblɔ, eye wòava eme enumake. Elabena le miaƒe ŋkekewo me la, mana nya sia nya si megblɔ ɖe mi aglãdzelawo ŋu la nava eme; nenemae Aƒetɔ Yehowa gblɔ.’ ” 26 Yehowa ƒe nya va nam be, 27 “Ame vi, Israel ƒe aƒe la le gbɔgblɔm be, ‘Ŋutega si wòkpɔna la ava eme le ƒe geɖewo megbe, eye wògblɔa nya ɖi tso ɣeyiɣi didi aɖe si gbɔna la ŋu.’ 28 “Eya ta gblɔ na wo be, Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Nye nyawo dometɔ aɖeke magahe ɖe megbe azɔ o. Nya sia nya si megblɔ la ava eme.’ Aƒetɔ Yehowa Ŋusẽkatãtɔ lae gblɔe.”

In Other Versions

Ezekiel 12 in the ANGEFD

Ezekiel 12 in the ANTPNG2D

Ezekiel 12 in the AS21

Ezekiel 12 in the BAGH

Ezekiel 12 in the BBPNG

Ezekiel 12 in the BBT1E

Ezekiel 12 in the BDS

Ezekiel 12 in the BEV

Ezekiel 12 in the BHAD

Ezekiel 12 in the BIB

Ezekiel 12 in the BLPT

Ezekiel 12 in the BNT

Ezekiel 12 in the BNTABOOT

Ezekiel 12 in the BNTLV

Ezekiel 12 in the BOATCB

Ezekiel 12 in the BOATCB2

Ezekiel 12 in the BOBCV

Ezekiel 12 in the BOCNT

Ezekiel 12 in the BOGWICC

Ezekiel 12 in the BOHCB

Ezekiel 12 in the BOHCV

Ezekiel 12 in the BOHLNT

Ezekiel 12 in the BOHNTLTAL

Ezekiel 12 in the BOICB

Ezekiel 12 in the BOILNTAP

Ezekiel 12 in the BOITCV

Ezekiel 12 in the BOKCV

Ezekiel 12 in the BOKCV2

Ezekiel 12 in the BOKHWOG

Ezekiel 12 in the BOKSSV

Ezekiel 12 in the BOLCB

Ezekiel 12 in the BOLCB2

Ezekiel 12 in the BOMCV

Ezekiel 12 in the BONAV

Ezekiel 12 in the BONCB

Ezekiel 12 in the BONLT

Ezekiel 12 in the BONUT2

Ezekiel 12 in the BOPLNT

Ezekiel 12 in the BOSCB

Ezekiel 12 in the BOSNC

Ezekiel 12 in the BOTLNT

Ezekiel 12 in the BOVCB

Ezekiel 12 in the BOYCB

Ezekiel 12 in the BPBB

Ezekiel 12 in the BPH

Ezekiel 12 in the BSB

Ezekiel 12 in the CCB

Ezekiel 12 in the CUV

Ezekiel 12 in the CUVS

Ezekiel 12 in the DBT

Ezekiel 12 in the DGDNT

Ezekiel 12 in the DHNT

Ezekiel 12 in the DNT

Ezekiel 12 in the ELBE

Ezekiel 12 in the EMTV

Ezekiel 12 in the ESV

Ezekiel 12 in the FBV

Ezekiel 12 in the FEB

Ezekiel 12 in the GGMNT

Ezekiel 12 in the GNT

Ezekiel 12 in the HARY

Ezekiel 12 in the HNT

Ezekiel 12 in the IRVA

Ezekiel 12 in the IRVB

Ezekiel 12 in the IRVG

Ezekiel 12 in the IRVH

Ezekiel 12 in the IRVK

Ezekiel 12 in the IRVM

Ezekiel 12 in the IRVM2

Ezekiel 12 in the IRVO

Ezekiel 12 in the IRVP

Ezekiel 12 in the IRVT

Ezekiel 12 in the IRVT2

Ezekiel 12 in the IRVU

Ezekiel 12 in the ISVN

Ezekiel 12 in the JSNT

Ezekiel 12 in the KAPI

Ezekiel 12 in the KBT1ETNIK

Ezekiel 12 in the KBV

Ezekiel 12 in the KJV

Ezekiel 12 in the KNFD

Ezekiel 12 in the LBA

Ezekiel 12 in the LBLA

Ezekiel 12 in the LNT

Ezekiel 12 in the LSV

Ezekiel 12 in the MAAL

Ezekiel 12 in the MBV

Ezekiel 12 in the MBV2

Ezekiel 12 in the MHNT

Ezekiel 12 in the MKNFD

Ezekiel 12 in the MNG

Ezekiel 12 in the MNT

Ezekiel 12 in the MNT2

Ezekiel 12 in the MRS1T

Ezekiel 12 in the NAA

Ezekiel 12 in the NASB

Ezekiel 12 in the NBLA

Ezekiel 12 in the NBS

Ezekiel 12 in the NBVTP

Ezekiel 12 in the NET2

Ezekiel 12 in the NIV11

Ezekiel 12 in the NNT

Ezekiel 12 in the NNT2

Ezekiel 12 in the NNT3

Ezekiel 12 in the PDDPT

Ezekiel 12 in the PFNT

Ezekiel 12 in the RMNT

Ezekiel 12 in the SBIAS

Ezekiel 12 in the SBIBS

Ezekiel 12 in the SBIBS2

Ezekiel 12 in the SBICS

Ezekiel 12 in the SBIDS

Ezekiel 12 in the SBIGS

Ezekiel 12 in the SBIHS

Ezekiel 12 in the SBIIS

Ezekiel 12 in the SBIIS2

Ezekiel 12 in the SBIIS3

Ezekiel 12 in the SBIKS

Ezekiel 12 in the SBIKS2

Ezekiel 12 in the SBIMS

Ezekiel 12 in the SBIOS

Ezekiel 12 in the SBIPS

Ezekiel 12 in the SBISS

Ezekiel 12 in the SBITS

Ezekiel 12 in the SBITS2

Ezekiel 12 in the SBITS3

Ezekiel 12 in the SBITS4

Ezekiel 12 in the SBIUS

Ezekiel 12 in the SBIVS

Ezekiel 12 in the SBT

Ezekiel 12 in the SBT1E

Ezekiel 12 in the SCHL

Ezekiel 12 in the SNT

Ezekiel 12 in the SUSU

Ezekiel 12 in the SUSU2

Ezekiel 12 in the SYNO

Ezekiel 12 in the TBIAOTANT

Ezekiel 12 in the TBT1E

Ezekiel 12 in the TBT1E2

Ezekiel 12 in the TFTIP

Ezekiel 12 in the TFTU

Ezekiel 12 in the TGNTATF3T

Ezekiel 12 in the THAI

Ezekiel 12 in the TNFD

Ezekiel 12 in the TNT

Ezekiel 12 in the TNTIK

Ezekiel 12 in the TNTIL

Ezekiel 12 in the TNTIN

Ezekiel 12 in the TNTIP

Ezekiel 12 in the TNTIZ

Ezekiel 12 in the TOMA

Ezekiel 12 in the TTENT

Ezekiel 12 in the UBG

Ezekiel 12 in the UGV

Ezekiel 12 in the UGV2

Ezekiel 12 in the UGV3

Ezekiel 12 in the VBL

Ezekiel 12 in the VDCC

Ezekiel 12 in the YALU

Ezekiel 12 in the YAPE

Ezekiel 12 in the YBVTP

Ezekiel 12 in the ZBP