Ezekiel 14 (BOECS)

1 Israel ƒe ametsitsi aɖewo va gbɔnye, eye wonɔ anyi ɖe nye ŋkume. 2 Tete Yehowa ƒe nya va nam be, 3 “Ame vi, ame siawo li legbawo ɖe woƒe dzi me, eye woɖi afɔklinu vɔ̃ɖiwo ɖe woƒe ŋkume. Ɖe mana woabia gbem mahã? 4 Eya ta gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ne Israelvi aɖe li legbawo ɖe eƒe dzi me, tsɔ afɔklinu vɔ̃ɖi da ɖe eƒe ŋkume, eye wòyi nyagblɔɖila aɖe gbɔ la, nye, Yehowa, ŋutɔ maɖo nya la ŋu nɛ le eya ŋutɔ ƒe legbawo ƒe agbɔsɔsɔ nu. 5 Mawɔ alea ale be magbugbɔ Israel ƒe ame siwo katã gblẽm ɖi le woƒe legbawo ta la ƒe dziwo axɔ.’ 6 “Eya ta gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi; mitrɔ dzi me! Miɖe asi le miaƒe legbawo ŋu, eye miagbe nu le miaƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ gbɔ!’ 7 “ ‘Ne Israelvi alo amedzro aɖe si le Israel gbe nu le gbɔnye, eye wòɖo legbawo ɖe eƒe dzi me hetsɔ afɔklinu vɔ̃ɖi aɖe ɖo eƒe ŋkume hafi yi nyagblɔɖila aɖe gbɔ be yeabia nyae tso ŋunye la, nye Yehowa ŋutɔ, maɖo nya la ŋu nɛ. 8 Matɔ ŋku ame ma, mawɔe wòanye kpɔɖeŋu kple nyatoto, eye maɖee ɖa le nye amewo dome. Ekema mianyae be, nyee nye Yehowa.’ 9 “ ‘Eye ne woflu nyagblɔɖila la be wòagblɔ nya ɖi la, nye Yehowae aflu nyagblɔɖila ma, makɔ nye asi dzi ɖe eŋu, eye matsrɔ̃e le nye amewo dome le Israel. 10 Ame sia ame atsɔ eƒe vodada, nyagblɔɖila la kple ame siwo bia gbee siaa, woanye vodalawo. 11 Ekema Israelviwo magatra mɔ tso gbɔnye o, eye womagagblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo kple woƒe nu vɔ̃wo katã o. Woanye nye amewo eye nye hã manye woƒe Mawu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’ ” 12 Yehowa ƒe nya va nam be, 13 “Ame vi, ne dukɔ aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutinye, eye meto nyateƒe nam o la, makɔ nye asi dzi ɖe eŋu be maɖo asi eƒe nuɖuɖukpɔtsoƒe dzi; ekema dɔwuame ava edzi, eye mawu eƒe amewo kple eƒe lãwo, 14 nenye be ame etɔ̃ siawo, Noa, Daniel kple Hiob gɔ̃ hã anɔ wo dome. Woatsɔ woƒe dzɔdzɔenyenye aɖe woawo ŋutɔ ɖeɖe ko. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 15 “Alo ne meɖo lã wɔadãwo ɖa be woato anyigba ma dzi, eye wowu wo viwo katã, eye anyigba la zu gbegbe, ale be ame aɖeke magate ŋu ato edzi ayi o le lã wɔadãawo ta la, 16 Aƒetɔ Yehowa be yeta yeƒe agbe be ne ame etɔ̃ siawo anɔ wo dome gɔ̃ hã la, womate ŋu aɖe wo viŋutsuwo alo wo vinyɔnuwo o. Woawo ɖeɖe koe akpɔ ɖeɖe, ke anyigba la ya azu gbegbe. 17 “Alo ne meɖo yi ɖe anyigba ma dzi hegblɔ be, ‘Yi la nato anyigba la dzi,’ eye mewu eƒe amewo kple woƒe lãwo la, 18 Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, yeta ye ŋutɔ ƒe agbe be, ne ame etɔ̃ siawo nɔ anyigba la dzi gɔ̃ hã la, womate ŋu aɖe wo viŋutsuwo alo wo vinyɔnuwo o. Woawo ŋutɔ ko woaɖe. 19 “Alo ne meɖo dɔvɔ̃ ɖe anyigba ma dzi, eye meɖe nye dziku helĩhelĩ ɖe edzi to ʋukɔkɔɖi me hewu eƒe amewo kple woƒe lãwo la, 20 Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, yeta ye ŋutɔ yeƒe agbe be, ne Noa, Daniel kple Hiob anɔ anyigba la dzi gɔ̃ hã la, womate ŋu aɖe wo viŋutsuwo alo wo vinyɔnuwo o. Woawo ŋutɔ ɖokui ko woate ŋu aɖe kple woƒe dzɔdzɔenyenye. 21 “Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Aleke gbegbe wòagasẽ wu ne medɔ nye ʋɔnudɔdrɔ̃ dziŋɔ ene siawo, yi, dɔwuame, lã wɔadãwo kple dɔvɔ̃ ɖa ɖe Yerusalem ŋu be woawu eƒe amewo kple eƒe lãwo siaa! 22 Ke agbetsila aɖewo anɔ anyi anye viŋutsu kple vinyɔnu siwo woaɖe tso eme. Woaʋu le mia gbɔ, eye ne mekpɔ woƒe zɔzɔme kple nuwɔnawo la, miaƒe akɔ afa le dzɔgbevɔ̃e ɖe sia ɖe si mehe va Yerusalem dzi la ta. 23 Woafa akɔ na mi ne miekpɔ woƒe zɔzɔme kple woƒe nuwɔnawo, elabena mianya be nyemewɔ naneke dzodzro o.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”

In Other Versions

Ezekiel 14 in the ANGEFD

Ezekiel 14 in the ANTPNG2D

Ezekiel 14 in the AS21

Ezekiel 14 in the BAGH

Ezekiel 14 in the BBPNG

Ezekiel 14 in the BBT1E

Ezekiel 14 in the BDS

Ezekiel 14 in the BEV

Ezekiel 14 in the BHAD

Ezekiel 14 in the BIB

Ezekiel 14 in the BLPT

Ezekiel 14 in the BNT

Ezekiel 14 in the BNTABOOT

Ezekiel 14 in the BNTLV

Ezekiel 14 in the BOATCB

Ezekiel 14 in the BOATCB2

Ezekiel 14 in the BOBCV

Ezekiel 14 in the BOCNT

Ezekiel 14 in the BOGWICC

Ezekiel 14 in the BOHCB

Ezekiel 14 in the BOHCV

Ezekiel 14 in the BOHLNT

Ezekiel 14 in the BOHNTLTAL

Ezekiel 14 in the BOICB

Ezekiel 14 in the BOILNTAP

Ezekiel 14 in the BOITCV

Ezekiel 14 in the BOKCV

Ezekiel 14 in the BOKCV2

Ezekiel 14 in the BOKHWOG

Ezekiel 14 in the BOKSSV

Ezekiel 14 in the BOLCB

Ezekiel 14 in the BOLCB2

Ezekiel 14 in the BOMCV

Ezekiel 14 in the BONAV

Ezekiel 14 in the BONCB

Ezekiel 14 in the BONLT

Ezekiel 14 in the BONUT2

Ezekiel 14 in the BOPLNT

Ezekiel 14 in the BOSCB

Ezekiel 14 in the BOSNC

Ezekiel 14 in the BOTLNT

Ezekiel 14 in the BOVCB

Ezekiel 14 in the BOYCB

Ezekiel 14 in the BPBB

Ezekiel 14 in the BPH

Ezekiel 14 in the BSB

Ezekiel 14 in the CCB

Ezekiel 14 in the CUV

Ezekiel 14 in the CUVS

Ezekiel 14 in the DBT

Ezekiel 14 in the DGDNT

Ezekiel 14 in the DHNT

Ezekiel 14 in the DNT

Ezekiel 14 in the ELBE

Ezekiel 14 in the EMTV

Ezekiel 14 in the ESV

Ezekiel 14 in the FBV

Ezekiel 14 in the FEB

Ezekiel 14 in the GGMNT

Ezekiel 14 in the GNT

Ezekiel 14 in the HARY

Ezekiel 14 in the HNT

Ezekiel 14 in the IRVA

Ezekiel 14 in the IRVB

Ezekiel 14 in the IRVG

Ezekiel 14 in the IRVH

Ezekiel 14 in the IRVK

Ezekiel 14 in the IRVM

Ezekiel 14 in the IRVM2

Ezekiel 14 in the IRVO

Ezekiel 14 in the IRVP

Ezekiel 14 in the IRVT

Ezekiel 14 in the IRVT2

Ezekiel 14 in the IRVU

Ezekiel 14 in the ISVN

Ezekiel 14 in the JSNT

Ezekiel 14 in the KAPI

Ezekiel 14 in the KBT1ETNIK

Ezekiel 14 in the KBV

Ezekiel 14 in the KJV

Ezekiel 14 in the KNFD

Ezekiel 14 in the LBA

Ezekiel 14 in the LBLA

Ezekiel 14 in the LNT

Ezekiel 14 in the LSV

Ezekiel 14 in the MAAL

Ezekiel 14 in the MBV

Ezekiel 14 in the MBV2

Ezekiel 14 in the MHNT

Ezekiel 14 in the MKNFD

Ezekiel 14 in the MNG

Ezekiel 14 in the MNT

Ezekiel 14 in the MNT2

Ezekiel 14 in the MRS1T

Ezekiel 14 in the NAA

Ezekiel 14 in the NASB

Ezekiel 14 in the NBLA

Ezekiel 14 in the NBS

Ezekiel 14 in the NBVTP

Ezekiel 14 in the NET2

Ezekiel 14 in the NIV11

Ezekiel 14 in the NNT

Ezekiel 14 in the NNT2

Ezekiel 14 in the NNT3

Ezekiel 14 in the PDDPT

Ezekiel 14 in the PFNT

Ezekiel 14 in the RMNT

Ezekiel 14 in the SBIAS

Ezekiel 14 in the SBIBS

Ezekiel 14 in the SBIBS2

Ezekiel 14 in the SBICS

Ezekiel 14 in the SBIDS

Ezekiel 14 in the SBIGS

Ezekiel 14 in the SBIHS

Ezekiel 14 in the SBIIS

Ezekiel 14 in the SBIIS2

Ezekiel 14 in the SBIIS3

Ezekiel 14 in the SBIKS

Ezekiel 14 in the SBIKS2

Ezekiel 14 in the SBIMS

Ezekiel 14 in the SBIOS

Ezekiel 14 in the SBIPS

Ezekiel 14 in the SBISS

Ezekiel 14 in the SBITS

Ezekiel 14 in the SBITS2

Ezekiel 14 in the SBITS3

Ezekiel 14 in the SBITS4

Ezekiel 14 in the SBIUS

Ezekiel 14 in the SBIVS

Ezekiel 14 in the SBT

Ezekiel 14 in the SBT1E

Ezekiel 14 in the SCHL

Ezekiel 14 in the SNT

Ezekiel 14 in the SUSU

Ezekiel 14 in the SUSU2

Ezekiel 14 in the SYNO

Ezekiel 14 in the TBIAOTANT

Ezekiel 14 in the TBT1E

Ezekiel 14 in the TBT1E2

Ezekiel 14 in the TFTIP

Ezekiel 14 in the TFTU

Ezekiel 14 in the TGNTATF3T

Ezekiel 14 in the THAI

Ezekiel 14 in the TNFD

Ezekiel 14 in the TNT

Ezekiel 14 in the TNTIK

Ezekiel 14 in the TNTIL

Ezekiel 14 in the TNTIN

Ezekiel 14 in the TNTIP

Ezekiel 14 in the TNTIZ

Ezekiel 14 in the TOMA

Ezekiel 14 in the TTENT

Ezekiel 14 in the UBG

Ezekiel 14 in the UGV

Ezekiel 14 in the UGV2

Ezekiel 14 in the UGV3

Ezekiel 14 in the VBL

Ezekiel 14 in the VDCC

Ezekiel 14 in the YALU

Ezekiel 14 in the YAPE

Ezekiel 14 in the YBVTP

Ezekiel 14 in the ZBP