Genesis 34 (BOECS)
1 Gbe ɖeka la, Dina, Lea ƒe vinyɔnu si wòdzi na Yakob la ɖi tsa be yeakpɔ ye xɔlɔ̃ ɖetugbi aɖewo ɖa. 2 Ke esi Fia Hamor, Hivitɔ ƒe viŋutsu, Sekem kpɔe la, elée hedɔ egbɔ sesẽtɔe. 3 Sekem lɔ̃ Dina si nye Yakob ƒe vinyɔnu vevie, eye wòdze agbagba be eya hã nalɔ̃ ye to enubeble me. 4 Sekem gblɔ na fofoa Hamor be, “Medi be maɖe ɖetugbi sia, eya ta ɖee nam.” 5 Nu si Sekem wɔ ɖe Dina ŋu la va ɖo Yakob ƒe to me. Esi via ŋutsuwo nɔ nyi kplɔm le gbedzi hafi wòse nya la ta la, mewɔ naneke tso nya la ŋu o va se ɖe esime via ŋutsuawo trɔ gbɔ. 6 Tete Sekem fofo, Hamor do go be yeaƒo nu kple Yakob. 7 Azɔ la, Yakob ƒe viŋutsuwo gbɔ tso gbedzi esime wose nya si dzɔ la. Vevesese kple dziku yɔ wo me, elabena Sekem wɔ ŋukpenanu le Israel esime wòdɔ Yakob ƒe vinyɔnu gbɔ sesẽtɔe, nu si mele be wòawɔ o. 8 Hamor gblɔ na Yakob be, “Vinye Sekem lɔ̃ viwò Dina ŋutɔ, eye wòdi vevie be wòazu ye srɔ̃. Meɖe kuku, ɖe mɔ nɛ wòaɖee. 9 Mina míaɖe srɔ̃ le mía nɔewo dome; mitsɔ miaƒe vinyɔnuwo na mí, eye míawo hã míatsɔ míaƒe vinyɔnuwo na mi miaɖe. 10 Miate ŋu atsi mía dome; anyigba la li faa na mi. Minɔ edzi, mitsa asi le edzi, eye miakpɔ viɖe le edzi.” 11 Emegbe la, Sekem gblɔ na Dina fofo kple nɔvia ŋutsuwo be, “Meɖe kuku, mive nunye, eye miana Dina nazu srɔ̃nye. Mana nu sia nu si miabia la mi. 12 Tabianu alo nunana ka ke miabia la, mana mi; mina wòazu srɔ̃nye ko!” 13 Yakob ƒe viŋutsuwo ble Sekem kple Hamor; wowɔ nu madzɔmadzɔ sia ɖe nu si Sekem wɔ ɖe wo nɔvinyɔnu Dina ŋu ta. 14 Wogblɔ be, “Míate ŋui gbeɖe o, elabena mietso aʋa o. Anye ŋukpe na mía nɔvinyɔnu la be wòaɖe bolobolotɔ. 15 Nu si míawɔ lae nye be ne miaƒe ŋutsuwo dometɔ ɖe sia ɖe atso aʋa la, 16 ekema miaɖe míaƒe nyɔnuwo, eye míaƒe ŋutsuwo hã aɖe miaƒe nyɔnuwo, míanɔ mia gbɔ, eye míawɔ ɖeka kpli mi, míazu dukɔ ɖeka. 17 “Ne mielɔ̃ ɖe edzi eye wotso aʋa na mi o la, ekema míaxɔ mía nɔvinyɔnu la, eye míaʋu le mia gbɔ.” 18 Nya sia trɔ na Hamor kple Via ŋutsu Sekem. 19 Ɖekakpui la, ame si nye bubume wu ame bubuawo katã le fofoa ƒe aƒe me la wɔ ɖe ɖoɖo si wowɔ la dzi enumake, elabena elɔ̃ Yakob ƒe vinyɔnu la. 20 Ale Hamor kple Sekem wɔ takpekpe kple dua me ŋutsuwo katã le dua ƒe agbo nu, eye wòtsɔ nya la ɖo wo ŋkume. 21 Hamor kple Sekem gblɔ be, “Ameawo nye mía xɔlɔ̃wo. Mina míana woatsi afi sia, anɔ mía dome, eye woawɔ woƒe dɔ, elabena míaƒe anyigba lolo; woakpɔ teƒe le edzi, woaɖe srɔ̃ tso mía dome, eye míawo hã míaɖe wo viwo. 22 Ke hafi esia nate ŋu ava eme la, nu ɖeka koe wobia; eyae nye be míaƒe ŋutsu ɖe sia ɖe natso aʋa abe woawo ene. 23 “Ne míewɔ esia la, ekema woƒe lãhawo, kesinɔnuwo kple dɔwɔlã siwo nye wo tɔ la azu mía tɔ, eye kesinɔnuwo ava míaƒe dukɔa me. Mina míalɔ̃ ɖe woƒe biabia sia dzi, ale be woanɔ mía dome.” 24 Ke Ŋutsu siwo katã va ƒo ƒu ɖe dua ƒe agbo nu la, ɖo to Hamor kple via Sekem eye wolɔ̃, wotso aʋa na wo katã. 25 Ke le ŋkeke etɔ̃ megbe esi abia le wo vem la, Yakob ƒe viŋutsu eve, Simeon kple Levi siwo nye Dina nɔviwo la tsɔ woƒe yiwo, ge ɖe dua me, eye wowu ŋutsu ɖe sia ɖe. 26 Wowu Hamor kple Sekem hã, eye wokplɔ Dina tso Sekem ƒe aƒe me hetrɔ yi wo nɔƒe. 27 Emegbe Yakob ƒe viwo katã yi dua me, eye woha nuwo le dua me ɖe esi wogblẽ wo nɔvinyɔnu la ta. 28 Wolé woƒe alẽwo, nyiwo kple tedziwo kpakple nu siwo katã dzi woƒe asi su le dua me kple woƒe agblewo me la hã. 29 Wokplɔ woƒe nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa dzoe, eye woha kesinɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi. 30 Yakob gblɔ na Levi kple Simeon be, “Miena medze agɔ le anyigba sia dzi tɔwo katã, Kanaantɔwo kple Perizitɔwo siaa dzi. Míesɔ gbɔ o, eya ta ne woho aʋa ɖe mía ŋu la, woafiti mí, eye woawu mí katã.” 31 Woɖo eŋu be, “Ɖe wònyo be Sekem nabu mía nɔvinyɔnu la abe gbolo enea?”
In Other Versions
Genesis 34 in the ANGEFD
Genesis 34 in the ANTPNG2D
Genesis 34 in the AS21
Genesis 34 in the BAGH
Genesis 34 in the BBPNG
Genesis 34 in the BBT1E
Genesis 34 in the BDS
Genesis 34 in the BEV
Genesis 34 in the BHAD
Genesis 34 in the BIB
Genesis 34 in the BLPT
Genesis 34 in the BNT
Genesis 34 in the BNTABOOT
Genesis 34 in the BNTLV
Genesis 34 in the BOATCB
Genesis 34 in the BOATCB2
Genesis 34 in the BOBCV
Genesis 34 in the BOCNT
Genesis 34 in the BOGWICC
Genesis 34 in the BOHCB
Genesis 34 in the BOHCV
Genesis 34 in the BOHLNT
Genesis 34 in the BOHNTLTAL
Genesis 34 in the BOICB
Genesis 34 in the BOILNTAP
Genesis 34 in the BOITCV
Genesis 34 in the BOKCV
Genesis 34 in the BOKCV2
Genesis 34 in the BOKHWOG
Genesis 34 in the BOKSSV
Genesis 34 in the BOLCB
Genesis 34 in the BOLCB2
Genesis 34 in the BOMCV
Genesis 34 in the BONAV
Genesis 34 in the BONCB
Genesis 34 in the BONLT
Genesis 34 in the BONUT2
Genesis 34 in the BOPLNT
Genesis 34 in the BOSCB
Genesis 34 in the BOSNC
Genesis 34 in the BOTLNT
Genesis 34 in the BOVCB
Genesis 34 in the BOYCB
Genesis 34 in the BPBB
Genesis 34 in the BPH
Genesis 34 in the BSB
Genesis 34 in the CCB
Genesis 34 in the CUV
Genesis 34 in the CUVS
Genesis 34 in the DBT
Genesis 34 in the DGDNT
Genesis 34 in the DHNT
Genesis 34 in the DNT
Genesis 34 in the ELBE
Genesis 34 in the EMTV
Genesis 34 in the ESV
Genesis 34 in the FBV
Genesis 34 in the FEB
Genesis 34 in the GGMNT
Genesis 34 in the GNT
Genesis 34 in the HARY
Genesis 34 in the HNT
Genesis 34 in the IRVA
Genesis 34 in the IRVB
Genesis 34 in the IRVG
Genesis 34 in the IRVH
Genesis 34 in the IRVK
Genesis 34 in the IRVM
Genesis 34 in the IRVM2
Genesis 34 in the IRVO
Genesis 34 in the IRVP
Genesis 34 in the IRVT
Genesis 34 in the IRVT2
Genesis 34 in the IRVU
Genesis 34 in the ISVN
Genesis 34 in the JSNT
Genesis 34 in the KAPI
Genesis 34 in the KBT1ETNIK
Genesis 34 in the KBV
Genesis 34 in the KJV
Genesis 34 in the KNFD
Genesis 34 in the LBA
Genesis 34 in the LBLA
Genesis 34 in the LNT
Genesis 34 in the LSV
Genesis 34 in the MAAL
Genesis 34 in the MBV
Genesis 34 in the MBV2
Genesis 34 in the MHNT
Genesis 34 in the MKNFD
Genesis 34 in the MNG
Genesis 34 in the MNT
Genesis 34 in the MNT2
Genesis 34 in the MRS1T
Genesis 34 in the NAA
Genesis 34 in the NASB
Genesis 34 in the NBLA
Genesis 34 in the NBS
Genesis 34 in the NBVTP
Genesis 34 in the NET2
Genesis 34 in the NIV11
Genesis 34 in the NNT
Genesis 34 in the NNT2
Genesis 34 in the NNT3
Genesis 34 in the PDDPT
Genesis 34 in the PFNT
Genesis 34 in the RMNT
Genesis 34 in the SBIAS
Genesis 34 in the SBIBS
Genesis 34 in the SBIBS2
Genesis 34 in the SBICS
Genesis 34 in the SBIDS
Genesis 34 in the SBIGS
Genesis 34 in the SBIHS
Genesis 34 in the SBIIS
Genesis 34 in the SBIIS2
Genesis 34 in the SBIIS3
Genesis 34 in the SBIKS
Genesis 34 in the SBIKS2
Genesis 34 in the SBIMS
Genesis 34 in the SBIOS
Genesis 34 in the SBIPS
Genesis 34 in the SBISS
Genesis 34 in the SBITS
Genesis 34 in the SBITS2
Genesis 34 in the SBITS3
Genesis 34 in the SBITS4
Genesis 34 in the SBIUS
Genesis 34 in the SBIVS
Genesis 34 in the SBT
Genesis 34 in the SBT1E
Genesis 34 in the SCHL
Genesis 34 in the SNT
Genesis 34 in the SUSU
Genesis 34 in the SUSU2
Genesis 34 in the SYNO
Genesis 34 in the TBIAOTANT
Genesis 34 in the TBT1E
Genesis 34 in the TBT1E2
Genesis 34 in the TFTIP
Genesis 34 in the TFTU
Genesis 34 in the TGNTATF3T
Genesis 34 in the THAI
Genesis 34 in the TNFD
Genesis 34 in the TNT
Genesis 34 in the TNTIK
Genesis 34 in the TNTIL
Genesis 34 in the TNTIN
Genesis 34 in the TNTIP
Genesis 34 in the TNTIZ
Genesis 34 in the TOMA
Genesis 34 in the TTENT
Genesis 34 in the UBG
Genesis 34 in the UGV
Genesis 34 in the UGV2
Genesis 34 in the UGV3
Genesis 34 in the VBL
Genesis 34 in the VDCC
Genesis 34 in the YALU
Genesis 34 in the YAPE
Genesis 34 in the YBVTP
Genesis 34 in the ZBP